INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 1/15 axa 4-7
  • De Asixɔxɔ Agbe Vavã la Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • De Asixɔxɔ Agbe Vavã la Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔ si Ðo Ta “Agbe Vavã la” Me
  • Ele Be Agbe si Míele Fifia Nanɔ Vevie na Mí
  • Ʋu Ŋuti Se Vevi La
  • Asixɔxɔ Dede Agbe Vavã la Ŋu
  • Bu Agbe abe Alesi Mawu Bunɛ Ene
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • De Asixɔxɔ Nunana Si Nye Agbe Ŋu
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • De Asixɔxɔ Si Dze Wò Nunana Si Nye Agbe Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Ðe Nèbua Agbe Nu Xɔasii Abe Ale Si Mawu Bunɛ Enea?
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 1/15 axa 4-7

De Asixɔxɔ Agbe Vavã la Ŋu

AGBE la katãe nye sia? Biblia ɖee fia be agbe le ŋgɔ esi wòde dzi ƒo na mí be ‘míaƒe asi nasu agbe vavã la dzi.’ (Timoteo I, 6:17-19) Ne menye agbe si míele fifiae nye agbe vavã la o ɖe, ke kae?

Nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpui si le etame la fia be eyae nye “agbe mavɔ” si dzi wòle be Mawuvɔ̃la ƒe asi nasu sesĩe. (Timoteo I 6:12) Le ame akpa gãtɔ gome la, woanɔ agbe le anyigba dzi tegbee. Mɔnukpɔkpɔ nɔ Adam, si nye ŋutsu gbãtɔ si be wòanɔ agbe le paradisonyigba dzi tegbee. (Mose I, 1:26, 27) Ne eɖu “sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati” ko hafi wòaku. (Mose I, 2:17) Gake esi Adam kple srɔ̃a Xawa tsɔ totitri ɖu ati ma ƒe tsetse ta la, Mawu tso kufia na wo. Woku le Mawu ƒe ŋkume ‘le gbesigbe woɖui’ dzi eye wodze dagbadagba gɔme ɖo ta woƒe ku le ŋutilã me. Woƒe agbenɔnɔ meganyo abe alesi wònɔ na wo tsã ene o.

Mɔ si Ðo Ta “Agbe Vavã la” Me

Be ameƒomea nate ŋu akpɔ “agbe vavã la” ta la, Yehowa Mawu wɔ ɖoɖo aɖe be yeatsɔ aɖe woe. Mina míade ŋugble le mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe sue aɖe ŋu be míate ŋu ase ɖoɖo sia gɔme nyuie. Mɔ̃awo katã gblẽ eye woɖea fu na dɔwɔlawo elabena dɔwɔla gbãtɔ si nɔ afima ƒe aɖewo do ŋgɔ la mewɔ ezazã ƒe mɔfiagbalẽ ŋudɔ o eye wògblẽ mɔ̃awo keŋ. Mɔ̃ siwo li koe dɔwɔla siwo li fifia ate ŋu atsɔ wɔ dɔe alesi woate ŋui. Mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒea tɔ di be yeadzra mɔ̃awo ɖo be wòakpe ɖe eƒe dɔwɔlawo ŋu, eye ele ga si hiã la dzram ɖo ɖe eŋu.

‘Mɔ̃a zãla’ gbãtɔ, Adam, mede asixɔxɔ agbe si wonɛ ŋu o. Eyata etsɔ agbe madeblibo si sɔ kple mɔ̃ gbegblẽ la dzi viawoe. (Romatɔwo 5:12) Abe mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒea ƒe dɔwɔla yeye siwo mete ŋu dzra mɔ̃a ɖo o ene la, Adam ƒe dzidzimeviwo ƒe asi mete ŋu su agbe vavã la dzi le wo ɖokui si o. (Psalmo 49:8) Be Yehowa naɖɔ nɔnɔme sia si dze abe ɖe wɔna megale eŋu o ene ɖo la, edɔ eƒe Tenuvi ɖo ɖe anyigba dzi be wòagbugbɔ agbe mavɔ aƒle na ameƒomea. (Luka 1:35; Petro I, 1:18, 19) Mawu ƒe Tenuvi, Yesu Kristo, ku vɔsaku ɖe ameƒomea ta tsɔ na ga si hiã lae—agbe si sɔ kple esi Adam bu. (Mateo 20:28; Petro I, 2:22) Vɔsa xɔasi sia na Yehowa kpɔ nusi dzi wòanɔ te ɖo atsɔ agbe vavã la ana azɔ.

Yesu ƒe tafevɔsa ana ameƒomea me tɔ toɖolawo nanɔ agbe le paradisonyigba dzi tegbee. (Psalmo 37:29) Wokeke mɔkpɔkpɔ sia ɖe enu na amesiwo atsi agbe le “Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” si woyɔ be Harmagedon me. (Nyaɖeɖefia 16:14-16) Aɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa le anyigba dzi. (Psalmo 37:9-11) Woafɔ amesiwo le Mawu ƒe ŋkuɖodzi me gake woku do ŋgɔ na ɣeyiɣi ma la ɖe tsitre ava Paradiso si wogaɖo anyi le anyigba dzi la me eye woase vivi le agbe vavã si wodzra ɖo ɖi na amesiwo katã aɖo to Mawu la me.—Yohanes 5:28, 29.

Ele Be Agbe si Míele Fifia Nanɔ Vevie na Mí

Esia mefia be míate ŋu agbe bubudede agbe si míele fifia ƒe kɔkɔenyenye ŋu wòasɔ o. Ðe mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒea tɔ azã ɣeyiɣi kple ga adzra mɔ̃a ɖo na dɔwɔla si meléa be nɛ o laa? Ðe dɔtɔa matsɔ mɔ̃ si wòdzra ɖo ade asi na amesi do vevie lé be na mɔ̃ xoxotɔa boŋ oa?

Agbe nye nunana xɔasi tso Yehowa gbɔ. Esi wònye dɔmenyotɔ si gbɔ agbe ma tso ta la, edi be míade asixɔxɔ eŋu. (Psalmo 36:10; Yakobo 1:17) Esi Yesu nɔ nu ƒom tso alesi Yehowa tsɔ ɖe le eme na amewo le anyigba dzi ŋu la, egblɔ be: “Woxlẽ miaƒe taɖawo katã hã.” (Luka 12:7) Yehowa de se na Israel-viwo be woagawu ame o, si me ameɖokuimawumawu hã nɔ le dzɔdzɔme nu. (Mose II, 20:13) Esia kpena ɖe mía ŋu míebua ameɖokuiwuwu be enye tiatiawɔwɔ o.

Esi mawuvɔ̃lawo nya be Yehowa tsɔ ɖe le míaƒe nyonyo me ta la, wozãa Biblia me gɔmeɖosewo tsɔ daa egbegbe nuwɔnawo kpɔna. Le kpɔɖeŋu me, esi wobia tso Kristotɔ vavãwo si be ‘woakɔ wo ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena woawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me’ ta la, womenoa atama kple atike vɔ̃ɖi siwo blua susu na ame o.—Korintotɔwo II, 7:1.

Alesi amegbetɔwo ƒe agbe le vevie na Mawui la gadze le eƒe nuxlɔ̃ame be “dzi nyodɔme” nanɔ mía si eye míatsri agbegbegblẽnɔnɔ me. (Lododowo 14:30; Galatiatɔwo 5:19-21) Dzidzenu kɔkɔ siawo me léle ɖe asi kpɔa mía ta tso dzikudodo helĩhelĩ si gblẽa nu le ame ŋu kple nulɔdɔwo xɔxɔ me.

Alesi Yehowa ƒe amewo ƒe agbe le vevie nɛ la gadze le nuxlɔ̃ame si wòna wo be woatsri nutsuɖuɖu kple ahatsunono me. (Mose V, 21:18-21; Lododowo 23:20, 21) Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be ŋuklẽlawo kple ahatsunolawo manyi Mawu ƒe Fiaɖuƒe la dome o, si fia be womakpɔ agbe vavã la akpɔ o. (Korintotɔwo I, 6:9, 10; Petro I, 4:3) Yehowa tsɔ dzi si dem wòle ƒo na mí be míawɔ nu ɖe ŋku ŋu le nu fiam mí be eme nanyo na mía ŋutɔwo.—Yesaya 48:17.

Ne míewɔa Mawu ƒe dzidzenuwo dzi la, ke míeɖenɛ fiana be agbe si míele fifia la xɔ asi na mí. Nyateƒee, agbe vavã la le vevie gɔ̃ hã wu. Esi wònye agbe mavɔ ta la, ele vevie na Kristotɔ vavãwo wu agbe si wole fifia. Esi Yesu Kristo tsɔ eƒe agbe sa vɔe la, Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu tee wòbɔbɔ eɖokui ɖo. Toɖoɖo Fofoa nɔ vevie nɛ wu eƒe agbenɔnɔ le anyigba sia dzi. Afɔ si Yesu ɖe na wofɔe ɖe tsitre hetsɔ makumakunyenye nɛ le dziƒo. (Romatɔwo 6:9) Eƒe ku hã ana agbe mavɔ ameƒomea me tɔ toɖola siwo xɔ eƒe tafevɔsa dzi se.—Hebritɔwo 5:8, 9; 12:2.

Ʋu Ŋuti Se Vevi La

Eme kɔ be Yesu yomedzelawo ƒe susu sɔ kple etɔ. Wodi be yewoadze Mawu ŋu le nusianu me abe alesi pɛ Kristo wɔe ene. Esia nye nusiwo ta wogbea ʋudodo siwo ɖɔkta aɖewo gblɔna be enye agbeɖenu la dometɔ ɖeka. Mina míakpɔ alesi ame agbe ʋudodo atsɔ aɖee afia be yedea asixɔxɔ agbe vavã ŋu la ɖa.

Kristotɔ vavãwo dina be yewoanɔ agbe le Mawu ŋkume abe alesi Yesu Kristo dii ene, eye esia bia be woaɖo to Eyama bliboe. Mawu ƒe Nya de se na Kristo yomedzelawo be: “Miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ.” (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Nukata wotsɔ ʋu ŋuti se sia kpe ɖe se siwo wode na Kristotɔwo ŋu?

Se si wode na Israel-viwo bia be woatsri ʋu kura. (Mose III, 17:13, 14) Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te ya o. Gake wokpɔe be wode ʋumaɖumaɖuse do ŋgɔ na Se la; wodee na Noa do ŋgɔ le Tsiɖɔɖɔa megbe. (Mose I, 9:3, 4; Kolosetɔwo 2:13, 14) Se sia bla Noa si me anyigba dzi dukɔwo katã dzɔ tso la ƒe dzidzimeviwo katã. (Mose I, 10:32) Hekpe ɖe eŋu la, Mose ƒe Sea kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nusita Mawu lé ʋu ƒe kɔkɔenyenye me ɖe asi sesĩe la dze sii. Esi Mawu gbe na Israel-viwo be woagaɖu ʋu ƒomevi aɖeke o vɔ la, egblɔ be: “Agbe le ʋu la me, eye metsɔe na mi, bena woatsɔ alé avui, elabena agbe le eme.” (Mose III, 17:11) Mawu ɖe wòɖo ʋu ɖi koŋ be woatsɔe asa vɔ le vɔsamlekpuia dzi. Se si wòde le ʋu ƒe kɔkɔenyenye ŋu ɖee fia be ekpɔ ŋusẽ ɖe agbe siwo katã le anyigba dzi la dzi. (Xezekiel 18:4: Nyaɖeɖefia 4:11) Ne míebua míaƒe agbe abe alesi Yehowa bunɛ ene la, míakpɔe be menye mía tɔ wònye o, ke ɖeko Mawu tsɔe de asi na mí.

Alesi ko wotsɔ mɔ̃ aɖe de asi na dɔwɔla si le míaƒe kpɔɖeŋua mee ene la, nenema ke wotsɔ agbe si míele fifia de asi na míi. Ne wòhiã be nàdzra wò mɔ̃ ɖo eye edzraɖola aɖe gblɔ be yeatsɔ mɔ̃ ŋutinu siwo tututu woyɔ le ezazã ƒe mɔfiagbalẽa me be womenyo o adzrae ɖo la, nukae nàwɔ? Ðe màdo ta ɖe edzraɖola bubuwo gbɔ kpɔ be woazɔ ɖe mɔfiagbalẽa ƒe mɔfiafia dzi adzra mɔ̃a ɖo na wò oa? Amegbetɔ ƒe agbe le vevie hewɔ nuku boo wu mɔ̃. Mía Wɔla la de se ɖe ʋu tsɔtsɔ alé agbe ɖe tee ŋu le eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me si nye mɔfiagbalẽ si ana amegbetɔwo nanɔ agbe la me. (Mose V, 32:46, 47; Filipitɔwo 2:16) Ðe susu mele eme be míawɔ ɖe nusiwo agbalẽ ma di tso mía si la dzi oa?

Le nyateƒe me la, menye atikewɔwɔwo katã gbemee Kristotɔ dɔnɔ siwo biana be woada dɔ na yewo ʋumadomadoe le o. Dɔdada si ade bubu woƒe agbe ŋu ko dim wole—fifitɔ kple etsɔ me tɔ siaa. Ðɔkta siwo tsɔa dzideƒo dea bubu Kristotɔwo ƒe tenɔnɔ ŋu la ɖia ɖase le viɖe siwo wokpɔna tso dɔwɔwɔ na wo le alesi wodii nu me la ŋu. Amekola aɖe si doa ʋu na amewo vevie tsã la gblɔ be: “Gododo Yehowa Ðasefowo na gɔmesese yeyewo kura va su asinye.” Fifia edzea agbagba wɔa dɔ na amesiwo menye Ðasefowo o gɔ̃ hã ʋumadomadoe.

Asixɔxɔ Dede Agbe Vavã la Ŋu

Nukae nye gɔmesese yeye siwo su amekola sia si to dɔwɔwɔ na Yehowa Ðasefowo me? Ekpɔe azɔ be menye dɔnɔa ƒe ŋutilã ƒe akpa si dɔlélea le koe wòle be woawɔ dɔ na o, ke ameti bliboa katã hãe. Eyata ɖe mele be woaɖe mɔ na dɔnɔ wòabia be woawɔ atike nyuitɔ kekeake si akpɔ yeƒe ŋutilã me, gbɔgbɔ me, kple seselelãme ƒe nyonyo ta la na ye oa?

Le Kumiko si xɔ ƒe 15 gome la, ʋudodo atsɔ ada eƒe ʋumenugbagbeviɣidɔ wuame la nɛ la nye tiatia vloetɔ kekeake. Nusi agbagbadzedze be woadidi eƒe agbe ɖe edzi kwasiɖa ʋee aɖewo, ɣletiwo, alo ƒewo gɔ̃ hã to mɔ sia nu awɔ nɛ la made nusi wòagblẽ le eŋu mlɔeba la nu o. Esi wòtsɔ agbe si wòle fifia ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu va zu eƒe Ðasefo ta la, ede bubu agbe kple ʋu ƒe kɔkɔenyenye ŋu. Togbɔ be Kumiko fofo kple eƒometɔ bubuwo tsi tre ɖe eŋu vevie hã la, enɔ te sesĩe. Eƒe ɖɔkta biae ɣeaɖeɣi be: “Ne wò Mawu tsɔa vodadawo kena la, ɖe matsɔe ake wò ne èdo ʋu gɔ̃ hã oa?” Kumiko gbe ta nana eye wòlé eƒe dzixɔse siwo nɔ te ɖe Biblia dzi la me ɖe asi. Enɔ te maʋãmaʋãe eye ‘wòlé agbenya la ɖe asi sesĩe.’ (Filipitɔwo 2:16) Mamaa si nye dzimaxɔsetɔ la gblɔ be: “Kumiko gbe nugbegbe le eƒe xɔse gbɔ.” Eteƒe medidi o fofoa kple mamaa kpakple ɖɔkta siwo wɔa dɔ nɛ la ƒe nɔnɔme trɔ.

Xɔse sẽŋu si nɔ Kumiko si ɖe Yehowa Mawu si ate ŋu afɔe ɖe tsitre me la wɔ dɔ ɖe ame geɖe dzi. Esi wògale agbe la, eƒo koko na fofoa be: “Ne meku hã la, woafɔm ɖe tsitre le Paradiso me. Gake ne wotsrɔ̃ wò le Harmagedon me la, míagado go o. Eyata meɖe kuku srɔ̃ Biblia la.” Nya si fofoa nɔ gbɔgblɔm koe nye be: “Ne èhaya la, masrɔ̃e.” Gake esi Kumiko ƒe dɔlémafɔe la wui la, fofoa ŋlɔ agbalẽ kakɛ aɖe de eƒe aɖaka me be: “Kumiko, míado go le Paradiso me.” Le kunua megbe la, egblɔ na kuteƒea valawo be: “Medo ŋugbe na Kumiko be míado go le Paradiso me. Togbɔ be nyemexɔe se haɖe o le esi nyemesrɔ̃ nu geɖe o ta hã la, meɖoe kplikpaa be madzro eme tsitotsito. Meɖe kuku mikpe ɖe ŋunye.” Eƒe ƒomea me tɔ bubuwo hã dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme.

Kumiko de bubu vavã agbe ŋu eye edi be yeanɔ agbe. Nusiwo katã ɖɔktawo wɔ be woatsɔ akpɔ agbe si wòle fifia ta la dze eŋu ŋutɔ. Gake eɖee fia to wɔwɔ ɖe Wɔla la ƒe mɔfiamegbalẽa me nufiamewo dzi be, agbe vavã la xɔ asi na ye. Esia anye agbe mavɔ na ame miliɔn geɖe le paradisonyigba dzi. Ànɔ wo domea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe