Biblia Gbalẽ 48 Lia—Galatiatɔwo
Eŋlɔla: Paulo
Afi Si Wòŋlɔe Le: Korinto alo Siria si le Antioxia
Ƒe Si Me Wòwu Eŋɔŋlɔ Nu: Ƒe 50–52 M.Ŋ. lɔƒo
EDZE abe Galatia hameawo, siwo Paulo yɔ le Galatiatɔwo 1:2 la lɔ Antioxia si le Pisidia, Ikonio, Listra, kple Derbe—siwo le teƒe vovovowo, gake wo katã le Roma nuto sia me—la ɖe eme ene. Dɔwɔwɔwo, ta 13 kple 14, gblɔ be le Paulo ƒe duta nya nyui gbɔgblɔ mɔzɔzɔ gbãtɔ me la, woa kple Barnaba woto nuto sia me, eye ɣemaɣie woɖo Galatia hameawo. Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o siaa nɔ hame siawo me, eye ɖikeke mele eme o be, Celttɔwo alo Gaultɔwo hã nɔ wo dome. Paulo ƒe mɔzɔzɔ yi Yerusalem le ƒe 46 M.Ŋ. me lɔƒo megbe teti ye.—Dɔw. 12:25.
2 Le ƒe 49 M.Ŋ. me la, Paulo kple Sila dze Paulo ƒe duta nya nyui gbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia gɔme le Galatia nutoa me, eye esia wɔe be “hameawo yi edzi sẽ ŋu le xɔse me, eye woƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi tso ŋkeke yi ŋkeke.” (Dɔw. 16:5; 15:40, 41; 16:1, 2) Ke hã, le woƒe dzodzo megbe teti ko la, aʋatsonufialawo va tra ɖe hamea me, siwo nye Yuda subɔsubɔ dzi delawo, siwo ƒoe ɖe Galatia hameawo me tɔ aɖewo nu woxɔe se be aʋatsotso kple Mose ƒe Sea dzi wɔwɔ gakpɔtɔ nɔ vevie na Kristotɔ vavãwo. Ɣemaɣi la, Paulo zɔ mɔ to Misia nutoawo me va ɖo keke Makedonia kple Hela, eye mlɔeba wòva ɖo Korinto, afi si wònɔ nɔviawo gbɔ le wu ƒe ɖeka kple afã. Azɔ le ƒe 52 M.Ŋ. me la, eto Efeso ɖo ta Siria si nɔ Antioxia, afi si wònɔ, eye wòɖo afi ma le ƒe ma ke me.—Dɔw. 16:8, 11, 12; 17:15; 18:1, 11, 18-22.
3 Afi kae Paulo nɔ esime wòŋlɔ agbalẽ na Galatiatɔwo, eye ɣekaɣie wòŋlɔe? Ðikeke mele eme o be, eŋlɔe enumake esime nyatakaka va ɖo egbɔ ku ɖe Yuda subɔsubɔ dzi delawo ŋu. Ate ŋu anye Korinto, Efeso, alo Siria si le Antioxia. Ate ŋu anye eƒe Korinto nɔnɔ ƒe ɖeka kple afã, le ƒe 50-52 M.Ŋ. mee, elabena axɔ ɣeyiɣi aɖe hafi nyatakaka si tso Galatia la naɖo egbɔ le afi ma. Kakaɖedzi meli be anye Efeso ye wòŋlɔe le o, elabena ɣeyiɣi kpui aɖe koe wònɔ afi ma esime wòzɔ mɔ trɔ gbɔna. Ke hã, enɔ Siria si le Antioxia, afi si koŋ wònɔna la “vie,” ɖewohĩ le ƒe 52 M.Ŋ. ƒe dzomeŋɔli, eye esi wònye kadodo nɔ du sia kple Asia Sue dome bɔbɔe ta la, anye be ese Yuda subɔsubɔ dzi delawo ƒe nuwɔnawo ŋu nya, eye wòŋlɔ agbalẽ na Galatia hameawo esime wònɔ Siria si le Antioxia.—Dɔw. 18:23.
4 Agbalẽa gblɔ tso Paulo ŋu be enye “apostolo, menye tso amegbetɔwo gbɔ alo to ame aɖe dzi o, ke boŋ to Yesu Kristo kple Mawu Fofo la . . . dzi.” Eɖe nu geɖe hã ɖe go fia tso Paulo ƒe agbenɔnɔ kple apostolonyenye ŋu, heɖo kpe edzi be, abe apostolo ene la, ewɔ dɔ aduadu kple apostolo bubu siwo nɔ Yerusalem, eye ezã eƒe ŋusẽ tsɔ ɖɔ apostolo bubu, si nye Petro, ɖo gɔ̃ hã.—Gal. 1:1, 13-24; 2:1-14.
5 Nya kawoe ɖo kpe edzi be kakaɖedzi le Galatiatɔwo ƒe agbalẽa me nyawo ŋu, eye be edze anɔ agbalẽ siwo dzi woda asi ɖo la dome? Irenaeus, Clement si tso Aleksandria, Tertullian, kple Origen yɔ Galatiatɔwo ƒe agbalẽa ŋkɔ le woƒe nuŋlɔɖiwo me. Gawu la, wotsɔe kpe ɖe Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ vevi siwo gbɔna la ŋu: Sinaitic, Alexandrine, Vatican No. 1209, Codex Ephraemi Syri rescriptus, Codex Bezae, kple Chester Beatty Papyrus No. 2 (P46). Gawu la, emenyawo wɔ ɖeka kple Hela Ŋɔŋlɔawo me gbalẽ bubuawo, kpakple Hebri Ŋɔŋlɔawo, siwo me wòyɔ nya tsoe enuenu, la bliboe.
6 Le Paulo ƒe agbalẽ sia, si me nyawo ŋu ŋusẽ le, eye woɖoa ame ƒe dzi gbɔ, si wòŋlɔ na “Galatia hameawo,” me la, eɖo kpe edzi (1) be yenye apostolo vavã (si Yuda subɔsubɔ dzi delawo di be yewoado vloe) eye (2) be Kristo Yesu dzi xɔxɔse ye nana wotsoa afia na ame be ele dzɔdzɔe, ke menye Mose ƒe Sea ƒe dɔwɔwɔwo ye o, eye be le esia ta la, aʋatsotso mehiã na Kristotɔwo o. Togbɔ be zi geɖe la, Paulo dina be ame aɖe naŋlɔ yeƒe agbalẽawo na ye hã la, eya ‘ŋutɔe tsɔ eƒe asi ŋlɔ’ nu ɖo ɖe Galatiatɔwo ‘kple ŋɔŋlɔdzesi gãgãwo.’ (6:11) Agbalẽa me nyawo nɔ vevie ŋutɔ na Paulo kple Galatiatɔawo siaa. Agbalẽa te gbe ɖe ŋudzedzekpɔkpɔɖeɖefia ɖe ablɔɖe si Kristotɔwo to Yesu Kristo dzi kpɔ la ŋu.
NU SI TAE VIÐE LE EŊU
14 Galatiatɔwo ƒe agbalẽa ɖee fia be, Paulo nye ame si ti Kristotɔwo yome tsã kutɔkutɔe, gake wòva zu apostolo dovevienu le dukɔwo dome, eye wònɔa klalo ɣesiaɣi be yeaʋli ye nɔviwo ƒe nyonyo ta. (1:13-16, 23; 5:7-12) Paulo to eƒe nuwɔna dzi ɖee fia be, ele be dzikpɔla nakpɔ kuxiwo gbɔ kaba, eye wòatsɔ nya siwo me susu le kpakple Ŋɔŋlɔawo atsi alakpanyawo nu.—1:6-9; 3:1-6.
15 Agbalẽa ɖe vi na hame siwo nɔ Galatia nutoawo me, elabena ekpe ɖe wo ŋu wokpɔe dze sii be, ablɔɖe le yewo si le Kristo me, eye wotsi tsitre ɖe ame siwo nɔ afɔ baɖam na nya nyuia la ŋu. Ena eme kɔ ƒãa be, xɔsee nana wobua ame be ele dzɔdzɔe, eye be aʋatsotso megahiã hafi ame nakpɔ ɖeɖe o. (2:16; 3:8; 5:6) Asiɖeɖe le nu siawo, siwo dea mama Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo dome, ŋu na wova ƒo ƒu zu hame ɖeka. Mele be woazã ablɔɖe si su wo si tso Mose ƒe Se la me wòazu mɔnunana ŋutilã ƒe nudzodzrowo o, elabena gɔmeɖosea gakpɔtɔ li be: “Ele be nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” Se sia gakplɔa Kristotɔwo egbea hã.—5:14.
16 Paulo ƒe agbalẽa kpe ɖe Galatiatɔwo ŋu be wose nufiafia geɖe gɔme, eye wòzã kpɔɖeŋu sẽŋu geɖe tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Eɖe Yesaya 54:1-6 me nyawo gɔme, hegblɔ be Yehowa ƒe nyɔnu lae nye “dziƒo Yerusalem.” Eɖe “kpɔɖeŋuwɔwɔfia” si ku ɖe Hagar kple Sara ŋu gɔme, heɖee fia be Mawu ƒe ŋugbedodowo ƒe domenyilawoe nye ame siwo Kristo na ablɔɖee, ke menye ame siwo gakpɔtɔ nye kluviwo na Mose ƒe Se la o. (Gal. 4:21-26; 1 Mose 16:1-4, 15; 21:1-3, 8-13) Ena eme kɔ nyuie be, Mose ƒe Se ƒe nubabla la meɖe Abraham ƒe nubabla la ɖa o, ke boŋ ɖe wotsɔe kpe ɖe eŋu. Eɖe eme hã be, ɣeyiɣi ƒe dometsotso si nɔ nubabla eve mawo dome ye nye ƒe 430 sɔŋ, si nye ɣeyiɣi aɖe si le vevie ŋutɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu me. (Gal. 3:17, 18, 23, 24) Wodzra nuŋlɔɖi siawo ɖo ɖi, bene woatu Kristotɔ siwo li egbea la ƒe xɔse ɖo.
17 Vevietɔ wu la, Galatiatɔwo ƒe agbalẽa ɖe ame si Fiaɖuƒea ƒe Dzidzimevia, si nyagblɔɖilawo nɔ mɔ kpɔm na nye, la fia. “Ke wogblɔ ŋugbedodoawo na Abraham kple eƒe dzidzimevi . . . si nye Kristo.” Eɖee fia be woxɔa ame siwo va zua Mawu ƒe viwo to Kristo Yesu dzi xɔxɔse me la bene woazu dzidzimevia ƒe hadomenyilawo. “Ne Kristo tɔe mienye la, ekema Abraham ƒe dzidzimee mienye vavã, domenyilawo le ŋugbedodo aɖe nu.” (3:16, 29) Ele be Fiaɖuƒea ƒe domenyila siawo kple ame siwo le kutri kum kpe ɖe wo ŋu la nawɔ ɖe aɖaŋu nyui si woɖo le Galatiatɔwo ƒe agbalẽa me la dzi, be: ‘Minɔ te sesĩe ɖe ablɔɖe si ta Kristo na ablɔɖe mi ɖo la me!’ ‘Migadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o, elabena ne ɖeɖi mete mía ŋu o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi.’ ‘Miwɔ nyui na amewo katã, vevietɔ na ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me.’—5:1; 6:9, 10.
18 Mlɔeba la, nuxlɔ̃ame sẽŋu aɖe li, si nye be ame siwo katã kplɔ ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo ɖo la, “womanyi Mawu ƒe fiaɖuƒe la dome o.” Eya ta mina mí katã míaɖe asi le xexea ƒe ɖiƒoƒo kple dzrewɔwɔwo ŋu keŋkeŋ, eye míatrɔ míaƒe dziwo ɖe gbɔgbɔ ƒe kutsetse, si nye “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa, ɖokuidziɖuɖu” la ŋu bliboe.—5:19-23.