INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Amesiame Avo
    Gbetakpɔxɔ—1999 | May 1
    • “Mawuviwo ƒe Ðeɖefia La”

      Yehowa bɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ te kple “mɔkpɔkpɔ” be gbeɖeka la, ablɔɖe agava su amegbetɔƒomea si to “mawuviwo” ƒe dɔwɔnawo me. Amekawoe nye ‘mawuvi’ siawo? Woawoe nye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo, amesiwo wodzi wonye nuvɔ̃ kple blibomademade ƒe kluviwo abe “[amegbetɔ] nuwɔwɔ” mamlɛawo ke ene. Le woƒe dzɔdzɔme nu la, ɖoƒe aɖeke meli na wo le Mawu ƒe xexeame katã ƒe ƒome si le kɔkɔe hede blibo la me o. Gake Yehowa wɔ nu ɖedzesi aɖe na wo. To Yesu Kristo ƒe tafevɔsa me la, Eɖe wo tso nuvɔ̃ ƒe kluvinyenye si ƒe dome wonyi la me hebu wo ‘ame dzɔdzɔewoe,’ alo amesiwo ŋu kɔ le gbɔgbɔ me. (Korintotɔwo I, 6:11) Eye wògaxɔ wo abe “mawuviwo” ene hekplɔ wo va eƒe xexeame katã ƒe ƒomea me.—Romatɔwo 8:14-17.

      Esi wonye Yehowa ƒe vi siwo wògbugbɔ xɔ ta la, mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe asu wo si. Woanye “fiawo kple nunɔlawo na míaƒe Mawu” akpe ɖe Yesu Kristo ŋu anye Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒe alo dziɖuɖua ƒe akpa aɖe ‘aɖu fia ɖe anyigba la dzi.’ (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1-4) Dziɖuɖu sia nye esi woɖo anyi ɖe ablɔɖe kple dzɔdzɔenyenye ƒe gɔmeɖosewo dzi sesĩe—menye ɖe ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ dzi o. (Yesaya 9:5, 6; 61:1-4) Apostolo Paulo gblɔ be Mawuvi siawo nye Yesu, amesi nye ‘Abraham ƒe dzidzime’ si ŋugbe wodo tso gbaɖegbe ke la hatiwo. (Galatiatɔwo 3:16, 26, 29) Eyata wowɔa akpa vevi aɖe le ŋugbe aɖe si Mawu do na exɔlɔ̃ Abraham ƒe emevava me. Ŋugbedodo ma ƒe akpa aɖee nye be “anyigba dzi dukɔwo katã ayra wo ɖokui” to Abraham ƒe dzidzimevi (alo, dzidzimeviwo) dzi.—Mose I, 22:18.

  • Amesiame Avo
    Gbetakpɔxɔ—1999 | May 1
    • Ɣekaɣie “mawuviwo ƒe ɖeɖefia la” adze egɔme? Eteƒe madidi kura o, Yehowa aɖe amesiwo katã nye Mawuviawo afia. Esia anye esime ‘vi’ siawo siwo wofɔ ɖe tsitre yi gbɔgbɔmenutowo me la akpe ɖe Yesu Kristo ŋu woaɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ kple ameteteɖeanyi ɖa le anyigba sia dzi le Mawu ƒe aʋa si nye Harmagedon me. (Daniel 2:44; 7:13, 14, 27; Nyaɖeɖefia 2:26, 27; 16:16; 17:14; 19:11-21) Kpeɖodzi geɖe ƒo xlã mí siwo ɖee fia be míele ‘ŋkeke mamlɛawo’ ƒe yɔyrɔe nu, esime ɣeyiɣi gbogbo si Mawu na ɖe aglãdzedze kple vɔ̃ɖinyenye si dona tsoa eme la awu enu.—Timoteo II, 3:1-5; Mateo 24:3-31.

  • Amesiame Avo
    Gbetakpɔxɔ—1999 | May 1
    • Esi nèle “mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam” la, àte ŋu atu kakaɖedzi si nɔ apostolo Paulo si ɖe Kristo ƒe ametakpɔkpɔ kple kpekpeɖeŋu ŋu la ɖo, ne edze abe fukpekpewo kple numadzɔmadzɔwɔwɔwo di be yeawu tsɔtsɔ na wò gɔ̃ hã. Esi Paulo ƒo nu tso mawuviwo ƒe ɖeɖefia la ŋu vɔ la, ebia be: “Amekae amã mí atso Kristo ƒe lɔlɔ̃ me mahã? Fukpekpe loo alo xaxa alo yometiti alo dɔwuame alo amamanɔnɔ alo ŋɔdzidodo alo yi mahã?” (Romatɔwo 8:35) Nyateƒee, ne míazã Rousseau ƒe nyawo la, Kristotɔ siwo nɔ anyi le Paulo ƒe ŋkekeawo me la gakpɔtɔ nɔ ameteteɖeanyi ƒe ŋusẽ ƒomevi vovovo ƒe “kɔsɔkɔsɔ me.” “Wowua [wo] ʋuu le ŋkeke bliboa katã me . . . abe alẽ, siwo woyina wuwu ge la ene.” (Romatɔwo 8:36) Ðe woɖe mɔ nusia te wo ɖe toa?

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe