-
Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒea?Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
-
-
7. Mawu Fiaɖuƒea ƒe sewo nyo sãsãsã wu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo tɔ
Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo dea se siwo wokpɔ be aɖe vi na yewo teviwo ahakpɔ wo ta. Nenema kee sewo li siwo dzi wòle be Mawu Fiaɖuƒea teviwo nawɔ ɖo. Mixlẽ 1 Korintotɔwo 6:9-11, eye miadzro biabia siawo me:
Aleke nèsusu be xexea me anɔ ne ame sia ame wɔa Mawu ƒe sewo dzi?a
Ðe nèsusu be esɔ be Yehowa di tso Fiaɖuƒea teviwo si be woawɔ ɖe se siawo dzia? Nu ka tae?
Nu kae ɖee fia be ame siwo mele se siawo dzi wɔm fifia o la ate ŋu atrɔ?—Kpɔ kpukpui 11 lia.
Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo dea se siwo ɖea vi na wo teviwo hekpɔa wo ta. Mawu Fiaɖuƒea ƒe sewo hã ɖea vi na eteviwo hekpɔa wo ta, gake wonyo sãsãsã wu amegbetɔwo ƒe sewo
-
-
Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Gbɔdɔdɔ Ŋu?Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
-
-
NUSƆSRƆ̃ 41
Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Gbɔdɔdɔ Ŋu?
Ekpea ŋu na ame geɖe be woaɖo dze tso gbɔdɔnyawo ŋu. Ke hã, ne Biblia le nu ƒom tso gbɔdɔdɔ ŋu la, egblɔa nyawo tẽe, gake le bubu mɔ nu. Nya siwo wògblɔ tso gbɔdɔdɔ ŋu la ɖea vi na mí. Eye aleae míakpɔ mɔ be wòanɔ hã. Elabena, Yehowae nye mía Wɔla, eya ta enya nu si aɖe vi na mí wu. Egblɔa nu si wòle be míawɔ be míadze ye ŋu kple ale si míawɔ akpɔ dzidzɔ le agbe me tegbee la na mí.
1. Nu kae nye Yehowa ƒe susu le gbɔdɔdɔ ŋu?
Gbɔdɔdɔ nye nunana tso Yehowa gbɔ. Edi be ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo la nase vivi na nunana sia. Menye ɖeko nunana sia wɔnɛ be atsu kple asiwo tea ŋu dzia vi ko evɔ o, ke eganye mɔ si dzi wotona ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo le dzɔdzɔme nu. Esia tae Mawu ƒe Nyaa gblɔ be, ‘Kpɔ dzidzɔ kple wò ɖekakpuimesrɔ̃’ ɖo. (Lododowo 5:18, 19) Yehowa di tso Kristotɔ srɔ̃tɔwo si be woawɔ nuteƒe na wo nɔewo. Ne wowɔe alea la, womawɔ ahasi gbeɖe o.—Xlẽ Hebritɔwo 13:4.
2. Nu kae nye gbɔdɔdɔ manɔsenu?
Biblia gblɔ na mí be ‘ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me la manyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.’ (1 Korintotɔwo 6:9, 10) Biblia ŋlɔla siwo ŋlɔ woƒe nyawo ɖe Helagbe me la zã Helagbe me nya por·neiʹa na gbɔdɔdɔ manɔsenu. Nu siwo nya ma fia ƒe ɖewoe nye (1) ame siwo meɖe wo nɔewo o ƒe gbɔdɔnuwɔnawo,a (2) ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ, kple (3) lãwo gbɔ dɔdɔ. Ne ‘míetsri gbɔdɔdɔ manɔsenu’ la, míaƒe nu dzea Yehowa ŋu eye eɖea vi na míawo ŋutɔwo hã.—1 Tesalonikatɔwo 4:3.
SRƆ̃ NU BUBUWO
Àkpɔ ale si nàte ŋu aƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu kple viɖe siwo nàkpɔ ne ènɔa agbe nyui.
3. Si le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu
Ŋutsu nuteƒewɔla aɖe si ŋkɔe nye Yosef dze agbagba vevie be yeanɔ agbe nyui ɣesiaɣi. Mixlẽ 1 Mose 39:1-12, eye miadzro biabia siawo me:
Nu ka tae Yosef si ɖo?—Kpɔ kpukpui 9 lia.
Èsusu be nu nyuitɔe nye ema Yosef wɔa? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?
Aleke sɔhɛ siwo li egbea ate ŋu asi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu abe ale si Yosef wɔe ene? Mikpɔ VIDEOA.
Yehowa di be mí katã míatsri gbɔdɔdɔ manɔsenu. Mixlẽ 1 Korintotɔwo 6:18, eye miadzro biabia siawo me:
Nɔnɔme kawoe ate ŋu awɔe be ame nava ƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me?
Aleke nàwɔ asi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu?
4. Àte ŋu aɖu tetekpɔwo dzi
Nu kae ate ŋu ana wòasesẽ na ame aɖe be wòaɖu gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe tetekpɔwo dzi? Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.
Esi nɔviŋutsu si le videoa me la kpɔe be yeƒe tamesusuwo kple nuwɔnawo ate ŋu awɔe be yemava wɔ nuteƒe na ye srɔ̃ o la, nu kae wòwɔ?
Ɣeaɖewoɣi la, avu kple kɔe wònyena na Kristotɔ wɔnuteƒewo gɔ̃ hã be woana woƒe tamesusuwo nanɔ dzadzɛ. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be màganɔ nu siwo anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃ ɖe mewò ŋu bum o? Mixlẽ Filipitɔwo 4:8, eye miadzro nyabiase siawo me:
Nu kawo tɔgbi ŋue wòle be míanɔ bubum?
Ne míexlẽa Biblia eye míewɔa geɖe le Yehowa subɔsubɔ me la, aleke nu siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe tetekpɔ dzi?
5. Yehowa ƒe sewo ɖea vi na mí
Yehowa nya nu si aɖe vi na mí wu. Egblɔa nu siwo míawɔ be míanɔ agbe dzadzɛ kple viɖe siwo míakpɔ ne míewɔe nenema la na mí. Mixlẽ Lododowo 7:7-27 alo mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia siwo gbɔna me.
Aleke wòdzɔe be ɖekakpuia va ge ɖe nɔnɔme aɖe si akplɔe ade tetekpɔ me la me?—Kpɔ Lododowo 7:8, 9 lia.
Le Lododowo 7:23, 26 ƒe nya nu la, gbɔdɔdɔ manɔsenu ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu vevie. Ne míenɔa agbe nyui la, kuxi kawoe míate ŋu aƒo asa na?
Aleke agbe dzadzɛ nɔnɔ ate ŋu awɔe be míakpɔ dzidzɔ le agbe me tegbee?
Ame aɖewo susuna be nya si Biblia gblɔ tso ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ŋu la le kpaɖii akpa. Gake Yehowa, lɔlɔ̃ ƒe Mawu la, di be ame sia ame nanɔ agbe tegbee le dzidzɔ me. Gake hafi míadze na esia la, ele be míawɔ ɖe eƒe sewo dzi. Mixlẽ 1 Korintotɔwo 6:9-11, eye miadzro biabia sia me:
Ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ koe nye nuwɔna siwo Mawu bua nu gbegblẽwoea?
Ehiã be mí katã míawɔ tɔtrɔwo be míaƒe nu nadze Mawu ŋu. Ðe tɔtrɔ siawo wɔwɔ ɖea via? Mixlẽ Psalmo 19:8, 11, eye miadzro biabia siawo me:
Le wò susu nu la, ɖe se siwo Yehowa de ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la dzi wɔwɔ sesẽ akpa? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?
Yehowa kpe ɖe ame geɖe ŋu wotrɔ woƒe agbenɔnɔ eye wova le eƒe sewo dzi wɔm. Ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwò
AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Ame eve ɖe sia ɖe ate ŋu adɔ kple wo nɔewo faa, ne wonya lɔ̃ wo nɔewo ko.”
Ne ame aɖe gblɔ nya ma la, nya kae nàgblɔ nɛ?
NU SIWO MÍESRƆ̃
Yehowa ƒe nunanae gbɔdɔdɔ nye eye ŋutsu kple srɔ̃a koe wòle be woakpɔ gome le eme.
Numetoto
Nuwɔna kawo tɔgbie nye gbɔdɔdɔ manɔsenu?
Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu?
Viɖe kawoe míakpɔ ne míewɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la dzi?
KU NU ME TSO NYATIA ŊU
Àkpɔ nu si tae Mawu di be ŋutsu kple nyɔnu siwo di be yewoanɔ anyi ɖekae la naɖe wo nɔewo la le nyati sia me.
“Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ŋutsu Kple Nyɔnu Ƒe Anyinɔnɔ Ðekae Srɔ̃maɖemaɖee Ŋu?” (Nyati sia le jw.org)
Esi Biblia gblɔ be ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ nye nu gbegblẽ la, esia mefia be míalé fu ame siwo wɔa nu mawo o.
“Ðe Ŋutsu Kple Ŋutsu Alo Nyɔnu Kple Nyɔnu Ƒe Gbɔdɔdɔ Nye Nu Gbegblẽa?” (Nyati sia le jw.org)
Le nyati sia me la, àkpɔ ale si Mawu ƒe se siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu la kpɔa mía ta.
“Ðe Gbɔdɔdɔ To Nu Me Nye Gbɔdɔdɔ Ŋutɔŋutɔa?” (Nyati sia le jw.org)
Le agbemeŋutinya si ƒe tanyae nye “Wode Bubu Ŋunye” me la, àkpɔ nu si ʋã ŋutsu aɖe si nye ŋutsugbɔdɔla tsã be wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ be yeadze Mawu ŋu.
“Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” (Gbetakpɔxɔ, April 1, 2011)
a Gbɔdɔnuwɔna siawo dometɔ aɖewoe nye, gbɔdɔdɔ si nye dzɔdzɔme tɔ, gbɔdɔdɔ to nu me, gbɔdɔdɔ to meƒi me, kple asilili ame bubu ƒe vidzinu ŋu ɖe gbɔdɔdɔ ƒe vivisese ta.
-
-
Nu Kae Nàwɔ Ne Èwɔ Nu Vɔ̃ Aɖe Si Nye Ŋkubiãnya?Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
-
-
Togbɔ be èlɔ̃ Yehowa vevie eye èdzea agbagba be yemawɔ nu si avee o hã la, àda vo alo àwɔ nu vɔ̃ ɣeaɖewoɣi. Gake nu vɔ̃ aɖewo ya nye ŋkubiãnya. (1 Korintotɔwo 6:9, 10) Ne edzɔ be èwɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya hã la, ɖo ŋku edzi be Yehowa galɔ̃ wò kokoko; edi be yeatsɔ wò nu vɔ̃wo ake wò ahakpe ɖe ŋuwò.
1. Nu kae wòle be míawɔ be Yehowa natsɔ míaƒe nu vɔ̃ ake mí?
Ne ame siwo lɔ̃ Yehowa la va de dzesii be yewowɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, etena ɖe wo dzi vevie. Gake ŋugbe si Yehowa do na eƒe amewo be, “Ne miaƒe nu vɔ̃wo biã helĩhelĩ hã la, woafu abe sno ene” la faa akɔ na wo. (Yesaya 1:18) Ne míetrɔ dzi me vavã la, Yehowa atsɔ míaƒe nu vɔ̃a ake mí keŋkeŋ. Nu kae wòfia be míatrɔ dzi me? Efia be nu vɔ̃ si míewɔ la nate ɖe mía dzi vevie, eye esia naʋã mí be míadzudzɔ nu gbegblẽa wɔwɔ eye míaɖe kuku na Yehowa be wòatsɔe ake mí. Eyome míadze agbagba vevie aɖɔ nɔnɔme manyomanyo alo nuŋububu gbegblẽ si kplɔ mí de nu vɔ̃a me la ɖo, eye míaku kutri anɔ agbe dzadzɛ abe ale si Yehowa di tso mía si ene.—Xlẽ Yesaya 55:6, 7.
2. Ne míewɔ nu vɔ̃ la, aleke Yehowa toa hamemetsitsiwo dzi kpena ɖe mía ŋu?
Ne míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, Yehowa bia tso mía si be ‘míayɔ hamemetsitsiwo’ eye míagblɔe na wo. (Xlẽ Yakobo 5:14, 15.) Hamemetsitsi siawo lɔ̃ Yehowa kple ame siwo subɔnɛ la siaa. Hamemetsitsiwo dze nyuie be woakpe ɖe mía ŋu míadzra mía kple Yehowa dome ɖo.—Galatiatɔwo 6:1.
Ne míewɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya la, nu kae hamemetsitsiwo awɔ atsɔ akpe ɖe mía ŋu? Hamemetsitsi eve alo etɔ̃ azã Ŋɔŋlɔawo atsɔ aɖo aɖaŋu na mí. Azɔ hã, woade dzi ƒo na mí eye woagblɔ nu siwo míawɔ be wòakpe ɖe mía ŋu be míagawɔ nu vɔ̃ ma ake o. Ne ame si wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la gbe dzimetɔtrɔ la, hamemetsitsiwo aɖee le haa me ale be wòagakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame bubuwo dzi o.
SRƆ̃ NU BUBUWO
Àsrɔ̃ nu siwo akpe ɖe ŋuwò nàgakpɔ ŋudzedze ɖe ale si Yehowa kpena ɖe mía ŋu ne míewɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya la ŋu geɖe wu.
3. Ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me la, ewɔnɛ be míedzraa mía kple Yehowa dome ɖo
Nu vɔ̃ ɖe sia ɖe si míewɔna la tena ɖe Yehowa dzi, eya ta esɔ be ne míewɔ nu vɔ̃ aɖe la, míaʋu eme nɛ. Mixlẽ Psalmo 32:1-5, eye miadzro biabia sia me:
Nu ka tae wònyo be míaʋu míaƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa, ke menye be míadze agbagba be míaɣlae o?
Ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa eye míebia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo hã gbɔ la, esia ana míakpɔ gbɔdzɔe. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia si gbɔna me.
Le videoa me la, aleke hamemetsitsiwo kpe ɖe Canon ŋu wòdzra eya kple Yehowa dome ɖo?
Ehiã be míagblɔ nu si tututu dzɔ la na hamemetsitsiwo eye míato nyateƒe; woƒe didie nye be yewoakpe ɖe mía ŋu. Mixlẽ Yakobo 5:16, eye miadzro biabia sia me:
Ne míeto nyateƒe na hamemetsitsiwo la, nu ka tae esia nana wònɔa bɔbɔe na wo be woakpe ɖe mía ŋu?
Ʋu wò nu vɔ̃a me, to nyateƒe na hamemetsitsiwo, eye nàlɔ̃ faa awɔ ɖe aɖaŋu ɖe sia ɖe si Yehowa aɖo na wò lɔlɔ̃tɔe la dzi
4. Yehowa kpɔa nublanui na ame siwo wɔ nu vɔ̃
Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ gã eye wògbe dzimetɔtrɔ la, woɖenɛ le haa me eye míegadea ha kplii o. Mixlẽ 1 Korintotɔwo 5:6, 11, eye miadzro nyabiase sia me:
Ale si ko amɔwɔʋãnu vi aɖe nana amɔwɔ blibo ʋãnae la, aleke hadede kple nu vɔ̃ wɔla matrɔdzime agblẽ nu le hamea ŋui?
Hamemetsitsiwo srɔ̃a Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ eye wodzea agbagba dia ame siwo woɖe le haa me hekpena ɖe wo ŋu be woatrɔ dzi me. Ame siwo woɖe le haa me la dometɔ geɖe gatrɔ va hamea me emegbe, elabe togbɔ be tohehea ve wo hã la, ekpe ɖe wo ŋu wonyɔ le wo ɖokuiwo me hetrɔ dzi me.—Psalmo 141:5.
• Mɔ ka nue ale si Yehowa wɔa nu ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ŋu la ɖenɛ fiana be enye Mawu lɔ̃ame si sea nu gɔme hekpɔa nublanui na ame?
5. Ne míetrɔ dzi me la, Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí
Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe si na míekpɔ ale si Yehowa sena le eɖokui me ne ame aɖe trɔ dzi me. Mixlẽ Luka 15:1-7, eye miadzro biabia sia me:
Nu kae kpɔɖeŋu sia fia wò tso Yehowa ŋu?
Mixlẽ Ezekiel 33:11, eye miadzro biabia sia me:
Nu vevi kae wòle be ame nawɔ atsɔ aɖee afia be yetrɔ dzi me vavã?
Ale si ko alẽkplɔla léa be na eƒe alẽwo nyuie la, Yehowa hã léa be na eƒe amewo lɔlɔ̃tɔe
AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Mele vɔvɔ̃m be ne meʋu nye nu vɔ̃a me na hamemetsitsiwo la, woava ɖem le haa me.”
Ne ame aɖe se le eɖokui me nenema la, nya kae nàgblɔ nɛ?
NU SIWO MÍESRƆ̃
Ne míewɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya gake míetrɔ dzi me vavã eye míeɖoe tso dzi blibo me be míadzudzɔ nu gbegblẽa wɔwɔ la, Yehowa atsɔe ake mí.
Numetoto
Nu ka tae wònyo be míaʋu míaƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa?
Nu kae wòle be míawɔ be Yehowa natsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí?
Ne míewɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya la, nu ka tae wòle be míabia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ?
KU NU ME TSO NYATIA ŊU
Le video sia me la, àkpɔ ale si Yehowa ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya 1:18 la fia ŋutsu aɖe.
Aleke hamemetsitsiwo dzea agbagba be yewoakpe ɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ gã ŋu?
Le nyati sia me la, àkpɔ ale si hamemetsitsiwo ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame siwo wɔ nu vɔ̃ eye wogbe dzimetɔtrɔ.
“Ale Si Hamemetsitsiwo Akpe Ðe Ame Siwo Woɖe Le Haa Me Ŋu” (Gbetakpɔxɔ, August 2024)
Le ŋutinya si ƒe tanyae nye “Ehiã Be Matrɔ Ava Yehowa Gbɔ” me la, àkpɔ nu si tae ŋutsu aɖe si do le nyateƒea me la va se le eɖokui me be Yehowa ŋutɔe gahe ye va eɖokui gbɔ.
“Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” (Gbetakpɔxɔ, April 1, 2012)
-