‘Woaɖe Ku Ða’
“Futɔ mamlɛtɔ, si woaɖe ɖa la, enye ku.”—KORINTOTƆWO I, 15:26.
1, 2. (a) Ame kukuwo ƒe mɔkpɔkpɔ ka ŋue apostolo Paulo ƒo nu tsoe? (b) Biabia si ku ɖe tsitretsitsia ŋu ka mee Paulo dzro?
“MEXƆ . . . ŋutilã ƒe tsitretsitsi kple agbe mavɔ dzi se.” Nenemae wogblɔ le Apostolowo ƒe Xɔsemeʋuʋu la me. Katolikotɔwo kple Protestanttɔwo tsɔa veviedodo gblɔnɛ eye womenya be esɔ kple Helatɔwo ƒe xexemenunya eye medo ƒome kple apostoloawo ƒe dzixɔse aɖeke o. Gake apostolo Paulo ya gbe Helatɔwo ƒe xexemenunya eye mexɔ luʋɔ makumaku dzi se o. Ke hã exɔ etsɔmegbenɔnɔ dzi se eye gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ bena: “Futɔ mamlɛtɔ, si woaɖe ɖa la, enye ku.” (Korintotɔwo I, 15:26) Nuka tututue ema fia na ameƒomea si me tɔwo kuna la?
2 Mina míagatrɔ ɖe Paulo ƒe numedzodzro le tsitretsitsia ŋu si woŋlɔ ɖe Korintotɔwo I, ta 15 me ŋu be míakpɔ ŋuɖoɖoa. Àɖo ŋku edzi be le kpukpui gbãtɔawo me la, Paulo na eme kɔ be tsitretsitsia nye Kristotɔwo ƒe nufiafia ƒe akpa vevi aɖe. Fifia eƒo nu tso biabia aɖe koŋ ŋu be: “Ke ɖewo ame aɖe agblɔ be: Aleke ame kukuwo le fɔfɔ ge ɖe tsitre mahã? Eye ŋutilã ka wole tsɔtsɔ ge adoe mahã?”—Korintotɔwo I, 15:35.
Ŋutilã Ka Tɔgbe?
3. Nukata ame aɖewo gbe tsitretsitsi la?
3 Esi Paulo fɔ biabia sia ɖe te la, ɖewohĩ eɖoe be yeatsɔ atsi tre ɖe Plato ƒe xexemenunya ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu. Plato fia nu be luʋɔ makumaku le amegbetɔ si si yia edzi nɔa agbe le ŋutilã ƒe ku megbe. Le amesiwo wotsɔ dzixɔse sia nyi tso ɖevime gome la, Kristotɔwo ƒe nufiafia la dze abe nusi mehiã o ene. Ne luʋɔa yia edzi nɔa agbe le ku megbe la, ke tsitretsitsi kae gahiã? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ewɔ na wo be susu mele tsitretsitsi ƒe nya la me o. Ne ŋutilã la nyunyɔ zu anyi ko la, aleke woawɔ agafɔe ɖe tsitre? Biblia ŋuti numeɖela Heinrich Meyer gblɔ be anɔ eme be nusi na Korintotɔ aɖewo tsi tre ɖe nya la ŋue nye “xexemenunya me nukpɔsusu si nye be manya wɔ be woagbugbɔ nu suesue siwo ƒoa ƒu wɔa ŋutilã la aƒo ƒu o.”
4, 5. (a) Nukata susu menɔ xɔsemanɔsitɔwo ƒe nyaawo me o? (b) Ðe kpɔɖeŋu si Paulo tsɔ “nuku gbɔlo” wɔ la me. (d) Ŋutilã ka ƒomeviwoe Mawu tsɔ naa amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre?
4 Paulo klo nu le woƒe nukpɔsusua ƒe toflokonyenye ŋu be: “Wò bometsila, nusi nèƒã la, magbɔ agbe o, negbe ɖeko wòaku hafi. Eye nusi nèƒãna la, menye nɔnɔme blibo, si le dzɔdzɔ ge lae nèƒã o, hafi nuku gbɔlo aɖe, eɖanye bli alo nu mamlɛawo dometɔ aɖe o. Ke Mawu na nɔnɔmee, alesi wòlɔ̃, eye nukuwo dome ɖesiaɖe la etsɔ nuku la ŋutɔ ƒe nɔnɔme nɛ.” (Korintotɔwo I, 15:36-38) Menye ŋutilã si nɔ amewo si esime wonɔ anyigba dzi lae Mawu afɔ ɖe tsitre o. Ke boŋ woagbugbɔ woƒe nɔnɔme awɔ.
5 Paulo tsɔ tsitretsitsia sɔ kple nuku ƒe miemie. Lu ƒe ku suesue la meɖi ati si ava do tso eme la le mɔ aɖeke nu kura o. The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Ne nuku te miemie la, elɔa tsi geɖe. Tsia naa tɔtrɔ geɖe yia edzi le nukua me. Ewɔnɛ hã be nusiwo le nukua me la nɔa tetem eye wòtoa nukua ƒe tsro me dona.” Efia be nukua kuna eye wòva zua numiemie si le tsitsim. “Mawu na nɔnɔmee” le gɔmesese sia nu be eɖo dzɔdzɔmese siwo kplɔa alesi wòatsii la ɖi, eye nuku ɖesiaɖe kple eƒe wɔwɔme le nukua ƒe nɔnɔme nu. (Mose I, 1:11) Le mɔ ma ke nu la, Kristotɔ amesiaminawo kuna gbã abe amegbetɔwo ene. Emegbe le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, egbɔa agbe wo le ŋutilã si nye yeye kura me. Paulo gblɔ na Filipitɔwo be, “Yesu Kristo . . . aɖuɖɔ míaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã.” (Filipitɔwo 3:20, 21; Korintotɔwo II, 5:1, 2) Wofɔa wo ɖe tsitre le gbɔgbɔŋutilã me eye wonɔa agbe le gbɔgbɔnutome.—Yohanes I, 3:2.
6. Nukata wòsɔ be míaxɔe ase be Mawu ate ŋu ana gbɔgbɔŋutilã siwo sɔ amesiwo wofɔ ɖe tsitre?
6 Ðe esia dzixɔxɔse sesẽ akpaa? Ao. Paulo ɖe eme be lãwo ƒe ŋutilã le hamehame. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ede vovototo mawudɔla siwo le dziƒo kple amegbetɔ siwo nye ŋutilã kple ʋu dome hegblɔ be: “Dziƒoŋutilãwo li, eye anyigba dzi ŋutilãwo hã li.” Vovototo geɖe le nuwɔwɔ siwo me agbe mele o hã dome. Paulo gblɔ be, “[vovototo] le ɣletivi kple ɣletivi dome le ŋutikɔkɔe gome,” eye egblɔ nya sia xoxoxo hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va nya nu tso dziƒonuwo abe ɣletivi blɔtɔ, ɣletivi gã dzĩwo, kple ɣletivi ɣiwo ene ŋu. Le esia ta ɖe mesɔ be míagblɔ be Mawu ate ŋu ana gbɔgbɔŋutilã si sɔ amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre oa?—Korintotɔwo I, 15:39-41.
7. Gɔmesese kae le magblẽmagblẽ ŋu? le makumakunyenye ŋu?
7 Azɔ Paulo gblɔ be: “Nenema ke ame kukuwo ƒe tsitretsitsi hã le: Woƒãa nu le gbegblẽ me, eye woafɔe ɖe tsitre le magblẽmagblẽ me.” (Korintotɔwo I, 15:42) Amegbetɔŋutilã ate ŋu agblẽ, ne ede blibo hã. Woate ŋu awui. Le kpɔɖeŋu me, Paulo gblɔ be Yesu si wofɔ ɖe tsitre la “megale tɔtrɔ ge ayi ɖe nyunyɔ me o.” (Dɔwɔwɔwo 13:34) Magava nɔ agbe le amegbetɔŋutilã si ate ŋu agblẽ, togbɔ be ede blibo hã la me o. Ŋutilã si Mawu naa amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre la mate ŋu agblẽ o—mate ŋu aku alo anyunyɔ o. Paulo yi edzi be: “Woƒãa nu le bubu makpɔmakpɔe me, eye woafɔe ɖe tsitre le ŋutikɔkɔe me: woƒãa nu le gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye woafɔe ɖe tsitre le ŋusẽ me. Woƒãa luʋɔŋutilã, eye woafɔ gbɔgbɔŋutilã ɖe tsitre.” (Korintotɔwo I, 15:43, 44) Paulo gagblɔ be: “Ele be . . . nu kuku sia nado makumaku.” Makumakunyenye fia agbe si nuwuwu meli na o si mate ŋu atsrɔ̃ o. (Korintotɔwo I, 15:53; Hebritɔwo 7:16) Le mɔ sia nu la, amesiwo woafɔ ɖe tsitre la ƒe ‘nɔnɔme anɔ abe dziƒotɔ,’ Yesu ƒe nɔnɔme ene, amesi na wònya wɔ be woafɔ wo ɖe tsitre.—Korintotɔwo I, 15:45-49.
8. (a) Aleke míewɔ nya be amesiwo woafɔ ɖe tsitre la anye ame mawo ke siwo wonye esime wonɔ agbe le anyigba dzi? (b) Nyagblɔɖi kawoe ava eme ne wofɔ amewo ɖe tsitre?
8 Togbɔ be amesiwo woafɔ ɖe tsitre la ƒe nɔnɔme atrɔ alea hã la, amesiwo wonye hafi ku la ke wokpɔtɔ nye. Woatsɔ nusiwo nɔ woƒe susu me kple Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyo mawo ke afɔ woe. (Maleaxi 3:3; Nyaɖeɖefia 21:10, 18) Woaɖi Yesu Kristo le go sia me. Enye gbɔgbɔ hafi wòtrɔ zu amegbetɔ. Emegbe eku eye wofɔe ɖe tsitre wònye gbɔgbɔ. Ke hã “Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Hebritɔwo 13:8) Ŋutikɔkɔe ƒe mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si su amesiaminawo si! Paulo gblɔ be: “Ke esime nu gbegblẽ sia lava do magblẽmagblẽ, eye nu kuku sia lava do makumaku la, ekema nya, si woŋlɔ ɖi la, ava ve me bena: ‘Womi ku le dziɖuɖu me.’ Wò ku, afika wò ti la le? Wò tsiẽƒe, afika wò dziɖuɖu la le?”—Korintotɔwo I, 15:54, 55; Yesaya 25:8; Hosea 13:14.
Woafɔ Amewo ɖe Tsitre ɖe Anyigba Dzia?
9, 10. (a) Le nya siwo ƒo xlã Korintotɔwo I, 15:24 nu la, nukae nye “nuwuwu” la, eye nukae adzɔ ɣemaɣi? (b) Nukae wòle be nedzɔ ale be woaɖe ku ɖa?
9 Ðe etsɔmemɔkpɔkpɔ aɖe le ame miliɔn geɖe siwo mekpɔa mɔ be yewoava nɔ makumakugbe le gbɔgbɔ me le dziƒo o la sia? Ẽ, ɖe li! Esi Paulo ɖe eme be dziƒo tsitretsitsia ayi edzi le Kristo ƒe anyinɔɣia me megbe la, egblɔ nusiwo adzɔ kplɔe ɖo be: “Emegbe la nuwuwu la ava, esime woatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu Fofoa, esime wòava aɖe amegãnyenye katã kple ŋusẽ katã kple dziɖuɖu katã ɖa.”—Korintotɔwo I, 15:23, 24.
10 “Nuwuwu” lae nye Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu, esime Yesu atsɔ Fiaɖuƒea ade asi na eƒe Mawu kple Fofoa le ɖokuibɔbɔ kple nuteƒewɔwɔ me. (Nyaɖeɖefia 20:4) Esia ana Mawu ƒe tameɖoɖo “bene woaƒo nuwo katã nu ƒu ade ta ɖeka te le Kristo me” la nava eme. (Efesotɔwo 1:9, 10) Gake gbã la, Kristo atsrɔ̃ “amegãnyenye katã kple ŋusẽ katã kple dziɖuɖu [siwo] katã” tsi tre ɖe Mawu ƒe Fianyenye ƒe ɖoɖowo ŋu. Esia abia nu geɖe wu tsɔtsrɔ̃ gã si ayi edzi le Harmagedon me. (Nyaɖeɖefia 16:16; 19:11-21) Paulo gblɔ be: “Ele [na Kristo] be, wòaɖu fia, halase esime woatsɔ eƒe futɔwo katã ade eƒe afɔ te. Futɔ mamlɛtɔ, si woaɖe ɖa la, enye ku.” (Korintotɔwo I, 15:25, 26) Ẽ, woaɖe Adam ƒe nuvɔ̃ kple ku ƒe nu gbegblẽ ɖesiaɖe ɖa. Eyata ehiã be Mawu nana ‘ŋkuɖodziyɔdowo’ me natsi ƒuƒlu to ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre me.—Yohanes 5:28.
11. (a) Aleke míewɔ nya be Mawu ate ŋu agbugbɔ luʋɔ kukuwo awɔ? (b) Ŋutilã kawo tɔgbe woatsɔ na amesiwo woafɔ ɖe anyigba dzi?
11 Esia fia be agbugbɔ amegbetɔ siwo nye luʋɔwo awɔ. Ðe wònye nusi kpe wuia? Ao, elabena Psalmo 104:29, 30 na kakaɖedzi mí be Mawu ate ŋu awɔ nenema: “Ne èɖe woƒe gbɔgbɔ ɖa la, wokuna, eye wogbugbɔna yia woƒe ke me. Ne èɖo wò gbɔgbɔ ɖa la, wodzɔna.” Togbɔ be amesiwo woafɔ ɖe tsitre la anye ame mawo ke siwo wonye hafi ku hã la, mehiã be ŋutilã ma ke nanɔ wo si o. Mawu ana ŋutilã wo alesi wòdi, abe alesi wòle le amesiwo woafɔ ayi dziƒo gome ene. Ðikeke mele eme o be lãmesẽ anɔ woƒe ŋutilã yeyewo ŋu eye esɔ be wòaɖi woƒe ŋutilã tsãtɔ ale be woƒe lɔlɔ̃tɔwo nate ŋu adze si wo.
12. Ɣekaɣie woafɔ amewo ɖe tsitre le anyigba dzi?
12 Ɣekaɣie anyigba dzi tsitretsitsia ava eme? Marta gblɔ le nɔviaŋutsu Lazaro si ku ŋu be: “Menyae bena, atsi tre le tsitretsitsi la me le nuwuwuŋkeke la dzi.” (Yohanes 11:24) Aleke wòwɔ nya? Amewo ʋlia nya le tsitretsitsia ŋu le eƒe ŋkekea me, elabena Farisitɔwo xɔe se gake Zadukitɔwo ya mexɔe se o. (Dɔwɔwɔwo 23:8) Ke hã Marta anya nu tso ɖasefo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔ siwo kpɔ mɔ na tsitretsitsi la ŋu. (Hebritɔwo 11:35) Azɔ hã ate ŋu akpɔe le Daniel 12:13 be amewo atsi tre le nuwuwuŋkeke la dzi. Ate ŋu ase nya sia tso Yesu ŋutɔ gbɔ gɔ̃ hã. (Yohanes 6:39) “Nuwuwuŋkeke” ma anɔ Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. (Nyaɖeɖefia 20:6) Kpɔ dzidzɔ si amewo akpɔ le ‘ŋkeke’ ma dzi esime nudzɔdzɔ wɔnuku sia adze egɔme la le susu me ɖa!—Tsɔe sɔ kple Luka 24:41.
Amekawoe Woafɔ Ðe Tsitre?
13. Tsitretsitsia ŋuti ŋutega kae woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 20:12-14?
13 Woŋlɔ ŋutega si Yohanes kpɔ le anyigba dzi tsitretsitsia ŋu ɖe Nyaɖeɖefia 20:12-14 be: “Mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubu aɖe, si nye agbegbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu. Eye atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsiẽƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena, eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu. Eye wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota sia enye ku evelia.”
14. Amekawoe anɔ amesiwo woafɔ ɖe tsitre dome?
14 Woafɔ “ame tsitsiwo kple ɖeviwo,” ame ŋkutawo kple amegbetɔ tsɛ siwo nɔ agbe kpɔ heku la ɖe tsitre. Woafɔ ɖeviwo gɔ̃ hã ɖe ame mawo dome! (Yeremya 31:15, 16) Wona nya vevi bubu aɖe me kɔ na mí le Dɔwɔwɔwo 24:15 be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” Ame ŋkuta siwo anɔ “ame dzɔdzɔeawo” dome la anye ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema, siwo ƒe ɖewoe nye Abel, Henox, Noa, Abraham, Sara, kple Raxab. (Hebritɔwo 11:1-40) Kpɔe le susu me ɖa be nàɖo dze kple amesiawo eye nàse gbaɖegbe ke ƒe nudzɔdzɔ siwo le Biblia me tso eteƒekpɔlawo ŋutɔ gbɔ! ‘Ame dzɔdzɔewo’ dometɔ aɖewo anye mawuvɔ̃la akpe geɖe siwo ku nyitsɔ laa siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ mele o. Ðe wò ƒometɔ alo wò ame vevi aɖe anɔ amesiawo domea? Aleke gbegbe wòfaa akɔ na amee nye si be nànya be àte ŋu agakpɔ wo ake! Gake amekawoe nye ‘ame madzɔmadzɔ’ siwo hã woafɔ? Wo dometɔ aɖewoe nye ame miliɔn geɖe, ɖewohĩ biliɔn geɖe, siwo ku evɔ mɔnukpɔkpɔ mesu wo si wosrɔ̃ Biblia me nyateƒea hetsɔe wɔ dɔe o.
15. Nukae wòfia be ‘woadrɔ̃ ʋɔnu’ amesiwo wofɔ “ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu”?
15 Aleke ‘woadrɔ̃ ʋɔnu’ amesiwo wofɔ ɖe tsitre “ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu”? Menye nusiwo wowɔ va yi ye woŋlɔ ɖe agbalẽ siawo me o; esime woku la, wovo tso nuvɔ̃ siwo wowɔ le woƒe agbenɔɣi la me. (Romatɔwo 6:7, 23) Gake amegbetɔ siwo wofɔ ɖe tsitre la akpɔtɔ anɔ Adam ƒe nuvɔ̃ te. Eyata anɔ eme be Mawu ƒe mɔfiame siwo dzi wòle be amesiame nawɔ ɖo ale be wòate ŋu akpɔ viɖe tso Yesu Kristo ƒe vɔsa me bliboe la anɔ agbalẽ siawo me. ‘Woaɖe ku’ si nye Adam ƒe nuvɔ̃ me tsonu mamlɛa ‘ɖa’ le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nu. Le ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu la, Mawu ‘anye nusianu na amesiame.’ (Korintotɔwo I, 15:28) Amegbetɔ magahiã na Nunɔlagã alo Tafexela ƒe dɔwɔnawo azɔ o. Woana blibodede si me Adam nɔ le gɔmedzedzea me la nasu ameƒomea me tɔwo katã si.
Tsitretsitsi si Le Ðoɖo Nu
16. (a) Nukata wòsɔ be míaxɔe ase be tsitretsitsia anɔ ɖoɖo nu? (b) Amekawoe anɔ eme be woanɔ ame gbãtɔ siwo woafɔ tso ame kukuwo dome la me?
16 Esi dziƒo tsitretsitsia yia edzi le ɖoɖo nu eye “amesiame le ye ŋutɔ ƒe ɖoɖo nu” ta la, edze ƒã be anyigba dzi tsitretsitsia mana amewo nava sɔ gbɔ akpa atɔtɔ nuwo o. (Korintotɔwo I, 15:23) Gɔmesese le eŋu be ele be woakpɔ amesiwo wofɔ ɖe tsitre yeyee la dzi. (Tsɔe sɔ kple Luka 8:55.) Woahiã na ŋutilã me nuɖuɖu kple—vevietɔ wu la—gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu be Yehowa Mawu kple Yesu Kristo ŋuti sidzedze si naa agbe la nasu wo si. (Yohanes 17:3) Ne woagbɔ agbe wo katã zi ɖeka la, manya wɔ be woakpɔ wo dzi nyuie o. Esɔ be míabui be tsitretsitsia anɔ edzi yim vivivi. Anɔ eme be Kristotɔ nuteƒewɔla siwo ku do ŋgɔ teti na Satana ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu anɔ ame gbãtɔ siwo woafɔ ɖe tsitre dome. Míate ŋu akpɔ mɔ hã be woafɔ ŋutsu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema siwo anye ‘amegãwo’ la ɖe tsitre kaba.—Psalmo 45:17.
17. Tsitretsitsia ŋuti nya kawo ŋue Biblia meƒo nu tsoe o, eye nukata mele be Kristotɔwo natsi dzi ɖe nya siawo ŋu kakaka o?
17 Gake mele be míate tɔ ɖe nukpɔsusu aɖe dzi le nya siawo me o. Biblia meƒo nu tso nu geɖe ŋu o. Megblɔ nya sia nya le alesi woafɔ amewo ɖe tsitre, ɣeyiɣi si me woafɔ wo, kple teƒe siwo woafɔ wo ɖo ŋu o. Megblɔ aƒe siwo me amesiwo woafɔ anɔ, woƒe nuɖuɖu, kple nudodowo ŋu nya na mí o. Eye míate ŋu agblɔ ɖoɖo si Yehowa awɔ ɖe nanewo ŋu kple kakaɖedzi o, si ƒe ɖewoe nye ɖevi siwo woafɔ dzi kpɔkpɔ kple beléle na wo alo alesi wòakpɔ nya aɖewo siwo ate ŋu aku ɖe mía xɔlɔ̃wo kple ame veviwo ŋu gbɔe. Nyateƒe wònye be esɔ be míabu nusiawo ŋu; gake nunya manɔ eme be míagblẽ ɣeyiɣi anɔ agbagba dzem be míaɖo biabia siwo ŋu manya ɖo fifia o ŋu o. Nusi ŋu wòle be míalé fɔ ɖoe nye Yehowa subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe kple agbe mavɔ kpɔkpɔ. Kristotɔ amesiaminawo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoatsi tre ayi dziƒo ŋutikɔkɔe me. (Petro II, 1:10, 11) ‘Alẽ bubuawo’ ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanyi Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa si anɔ anyigba dzi dome ayi mavɔ me. (Yohanes 10:16; Mateo 25:33, 34) Ðeko wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le tsitretsitsia ŋuti nya geɖe siwo mele nyanya o gome. Amesi ate ŋu ‘ana nu gbagbewo katã ƒe nudidi naɖi ƒo na wo’ la akpɔ egbɔ be míakpɔ dzidzɔ le etsɔme.—Psalmo 145:16; Yeremya 17:7.
18. (a) Aʋadziɖuɖu ka ŋue Paulo ƒo nu tsoe? (b) Nukata míexɔ tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa dzi se kakaɖedzitɔe?
18 Paulo ƒo eƒe numeɖeɖea ta hegblɔe sesĩe be: “Woada akpe na Mawu, si na dziɖuɖu mí to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi la!” (Korintotɔwo I, 15:57) Ẽ, woto Yesu Kristo ƒe tafevɔsa dzi ɖu ku si Adam he vɛ dzi, eye amesiaminawo kple ‘alẽ bubuawo’ hã le aʋadziɖuɖu ma me. Le nyateƒe me la, mɔkpɔkpɔ aɖe le ‘alẽ bubuawo’ si egbea eye dzidzime sia me tɔwo si ko wòle. Esi wonye “ameha gã” si le dzidzim ɖe edzi ɖaa me tɔwo ta la, ate ŋu adzɔ be woatsi agbe le “xaxa gã” si gbɔna me eye womaɖɔ ku ŋutɔŋutɔ akpɔ gbeɖe o! (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Gake amesiwo aku le “azãgbe kple nuɖiɖeame” ta alo le Satana ƒe dɔlawo ƒe asi me ate ŋu aka ɖe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa dzi.—Nyagblɔla 9:11.
19. Nuxlɔ̃ame ka dzie wòle be Kristotɔwo katã nawɔ ɖo egbea?
19 Eyata míetsɔ didi vevie le ŋutikɔkɔe ƒe ŋkeke si dzi woaɖe ku ɖa la lalam. Alesi míeka ɖe ŋugbe si Yehowa do le tsitretsitsia ŋu dzi vevie na míete ŋu bua nuwo ŋu le mɔ nyuitɔ nu. Nuka ke adzɔ ɖe mía dzi le agbe sia me o—ne míeku gɔ̃ hã la—naneke mate ŋu awɔe be teƒeɖoɖo si ƒe ŋugbe Yehowa do la nato mía ŋu o. Eyata nuxlɔ̃ame mamlɛ si Paulo na Korintotɔwo la sɔ egbea abe alesi wòsɔe ƒe akpe eve enye si va yi ene be: “Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.”—Korintotɔwo I, 15:58.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Aleke Paulo ɖo biabia si ku ɖe ŋutilã si anɔ amesiaminawo si ne wofɔ wo ɖe tsitre la ŋui?
◻ Aleke woaɖe ku ɖae mlɔeba eye ɣekaɣie?
◻ Amekawoe anɔ amesiwo woafɔ ɖe anyigba dzi la dome?
◻ Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si le nya siwo ŋu Biblia meƒo nu tsoe o ŋu?
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Nuku ‘kuna’ ne etrɔ le mɔ wɔnuku aɖe nu
[Nɔnɔmetatawo si le axa 23]
Ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema siwo dometɔ aɖewoe nye Noa, Abraham, Sara, kple Raxab anɔ amesiwo woafɔ ɖe tsitre la dome
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Tsitretsitsia anye dzidzɔkpɔɣi gã aɖe!