Yehowa Kplɔ Vi Geɖewo Yi Ðe Ŋutikɔkɔe Mee
“Edze [Mawu ŋu] bena, wòakplɔ vi geɖewo ayi ɖe ŋutikɔkɔe me, be wòawɔ Fia si dzi woato akpɔ xɔxɔ la blibo to fukpekpewo me.”—HEBRITƆWO 2:10, NW.
1. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be tame si Yehowa ɖo ɖe ameƒomea ŋu ava eme?
YEHOWA wɔ anyigba la be wòanye amegbetɔƒome si de blibo ƒe aƒe si me woanɔ tegbee le vivisese me. (Nyagblɔla 1:4; Yesaya 45:12, 18) Nyateƒee, mía tɔgbui Adam wɔ nuvɔ̃, si na eƒe dzidzimeviwo nyi nuvɔ̃ kple ku ƒe dome. Gake Mawu ƒe tameɖoɖo ɖe amegbetɔƒomea ŋu ava eme to Yesu Kristo, eƒe Dzidzimevi si ƒe ŋugbe wòdo dzi. (Mose I, 3:15; 22:18; Romatɔwo 5:12-21; Galatiatɔwo 3:16) Lɔlɔ̃ na ameƒomea ƒe xexeame ʋã Yehowa wòtsɔ “ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Eye lɔlɔ̃ ʋã Yesu ‘wòtsɔ eƒe luʋɔ na tafee ɖe ame geɖe ƒe xɔxɔ ta.’ (Mateo 20:28) ‘Tafe si sɔ ɖe enu’ sia gbugbɔ ƒle gomenɔamesi kple mɔnukpɔkpɔ siwo dome Adam gblẽ la eye wòwɔe be míate ŋu akpɔ agbe mavɔ.—Timoteo I, 2:5, 6; Yohanes 17:3.
2. Aleke wowɔ Yesu ƒe tafevɔsa la ŋudɔwɔwɔ ƒe kpɔɖeŋui le Israel-viwo ƒe Avuléŋkekea dzi?
2 Nusi wowɔna le Avuléŋkekea dzi la nye vɔvɔli na alesi wowɔ Yesu ƒe tafevɔsa la ŋudɔe. Le ŋkeke ma dzi la, Israel-nunɔlagã tsɔa nyitsu saa nuvɔ̃vɔe eye wòtsɔa eƒe ʋu yia Nubablaɖaka kɔkɔe si le Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe si le avɔgbadɔa me la me, kple emegbe le gbedoxɔa me. Ewɔa esia ɖe eɖokui, eƒe aƒe, kple Lewi-toa ta. Nenema ke Yesu Kristo tsɔ eƒe ʋu ƒe asixɔxɔ na Mawu ɖe eƒe ‘gbɔgbɔmenɔviwo’ ta gbã. (Hebritɔwo 2:12; 10:19-22; Mose III, 16:6, 11-14) Le Avuléŋkekea dzi la, nunɔlagã la tsɔa gbɔ̃ hã saa nuvɔ̃vɔe eye wòtsɔa eƒe ʋu yia Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe lae, eye etsɔa esia léa avu ɖe Israel-to 12 siwo menye nunɔlawo ƒe to o ta. Nenema ke Nunɔlagã Yesu Kristo azã eƒe agbeʋu la ɖe ameƒomea me tɔ siwo xɔ edzi se la ta atsɔ atutu woƒe nuvɔ̃wo ɖae.—Mose III, 16:15.
Wokplɔ Wo Yi ɖe Ŋutikɔkɔe Mee
3. Abe alesi wòle Hebritɔwo 2:9, 10 ene la, nuka wɔm Mawu le ƒe 1,900 sɔŋ enye sia?
3 Ƒe 1,900 sɔŋ enye sia si Mawu le nu ɖedzesi aɖe wɔm ɖe Yesu ‘nɔviwo’ ta. Apostolo Paulo ŋlɔ tso nusia ŋu be: “Míekpɔ Yesu, amesi wòbɔbɔ ɖe anyi ɣeyiɣi kpui aɖe wu mawudɔlawo la bena, le ku ƒe fukpekpe ta la wòtsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ, bene wòaɖɔ ku akpɔ ɖe amesiame nu to Mawu ƒe amenuveve me. Elabena [Yehowa Mawu] amesi ta nuwo katã li ɖo, amesi me nuwo katã to va, amesi kplɔ vi geɖewo yi ɖe ŋutikɔkɔe me la, edzee bena, woawɔ wo xɔxɔ ƒe fia la blibo to fukpekpewo me.” (Hebritɔwo 2:9, 10) Xɔxɔ ƒe Fia lae nye Yesu Kristo, amesi srɔ̃ toɖoɖo si de blibo le fu siwo wòkpe esime wònye amegbetɔ le anyigba dzi la me. (Hebritɔwo 5:7-10) Yesue nye ame gbãtɔ si wodzi Mawu ƒe gbɔgbɔmevii.
4. Ɣekaɣie wodzi Yesu wòzu Mawu ƒe Gbɔgbɔmevi, eye aleke wodzii?
4 Yehowa zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽ, tsɔ dzi Yesu wòzu eƒe Gbɔgbɔmevi be wòanye amesi yeakplɔ ayi ɖe dziƒo ŋutikɔkɔe mee. Esime Yesu ɖeɖe nɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela gbɔ la, wonyrɔe wòbu ɖe tsi me wòtsɔ wɔ eɖokuitsɔtsɔna Mawu ƒe kpɔɖeŋui. Luka ƒe Nyanyuia me nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi [wònyrɔ] dukɔ la katã, eye [wònyrɔ] Yesu hã la, edo gbe ɖa, eye wòva ve me bena, dziƒo nu ʋu, eye gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi le nɔnɔmekpɔkpɔ me abe akpakpa ene ɖe eyama dzi, eye gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.” (Luka 3:21, 22) Yohanes kpɔ gbɔgbɔ kɔkɔea wòɖi ɖe Yesu dzi eye esee Yehowa gblɔe kɔte be yekpɔ ŋudzedze ɖe Ye Vi lɔlɔ̃a ŋu. Ɣemaɣie Yehowa tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea dzi Yesui wònye ‘vi geɖe siwo wòakplɔ ayi ɖe ŋutikɔkɔe me’ ƒe gbãtɔ.
5. Amekawoe nye ame gbãtɔ siwo Yesu ƒe vɔsa la ɖe vi na, eye ame nenie wonye?
5 Yesu ‘nɔviwoe’ nye ame gbãtɔ siwo eƒe vɔsa la ɖe vi na. (Hebritɔwo 2:12-18) Apostolo Yohanes kpɔ wo le ŋutega me wole ŋutikɔkɔe me xoxo le dziƒo Zion-to dzi kple Alẽvi la, Aƒetɔ Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre. Yohanes yɔ woƒe xexlẽme hã esi wògblɔ be: “Mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre ɖe Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu. . . . Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la. Eye womekpɔ aʋatsokaka aɖeke le woƒe nu me o; elabena wonye mokaka manɔŋutɔwo.” (Nyaɖeɖefia 14:1-5) Eyata ‘vi geɖe siwo wokplɔ yi ɖe ŋutikɔkɔe me’ le dziƒo nye ame 144,001 ko—Yesu kple eƒe gbɔgbɔmenɔviwo.
‘Wodzi Wo tso Mawu Me’
6, 7. Amekawoe “wodzi tso Mawu me,” eye nukae esia fia na wo?
6 Amesiwo Yehowa dzi la, ‘wodzi wo tso Mawu me.’ Esi apostolo Yohanes nɔ nu ƒom na amesiawo la, eŋlɔ be: “Amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; elabena [Yehowa] ƒe agbe nɔa eme, eye metea ŋu wɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu me wodzii tso.” (Yohanes I, 3:9) ‘Ŋusẽ si wotsɔ na agbe woe’ ye nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe. Eya kple eƒe nya la “gbugbɔ” ame 144,000 la dometɔ ɖesiaɖe “gadzi” hena agbenɔnɔ le dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔ.—Petro I, 1:3-5, 23.
7 Yesu nye Mawu Vi tso esime wodzii amegbetɔe, abe alesi ame deblibo Adam nye ‘Mawu vii’ ene. (Luka 1:35; 3:38) Gake le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe la, nusi Yehowa gblɔ la ɖe dzesi ŋutɔ, be: “Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; wò ŋu mekpɔa ŋudzedze lena.” (Marko 1:11) Nyagbɔgblɔ sia si kplɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ɖiɖi ɖe edzi ɖo la na wòdze kɔte be Mawu dzi Yesu wòzu Eƒe Gbɔgbɔmevi. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me la, ‘wogbugbɔ’ Yesu ‘gadzi’ kple gomekpɔkpɔ be wòagazu Mawu ƒe Gbɔgbɔmevi le dziƒo ake. Abe eya ene la, ‘wogbugbɔa’ eƒe gbɔgbɔmenɔvi 144,000 la ‘gadzina.’ (Yohanes 3:1-8; kpɔ November 15, 1992, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 3-6.) Eye abe Yesu ene la, Mawu si ami na wo eye wòde dɔ asi na wo be woaɖe gbeƒã nyanyuia.—Yesaya 61:1, 2; Luka 4:16-21; Yohanes I, 2:20.
Dzidzi ƒe Kpeɖodzi
8. Kpeɖodzi kae li be wotsɔ gbɔgbɔ dzi (a) Yesui (b) eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwoe?
8 Kpeɖodzi li be wodzi Yesu gbɔgbɔmevii. Yohanes Amenyrɔɖetsimela kpɔ gbɔgbɔ la wòɖi ɖe Yesu dzi eye ese nya si Mawu gblɔ si fia be Mesia si wosi ami na yeyee la zu gbɔgbɔmevi. Gake aleke Yesu ƒe nusrɔ̃lawo awɔ anya be wotsɔ gbɔgbɔ dzi yewoe? Gbesigbe Yesu nayi dziƒo la, egblɔ be: “Yohanes tsɔ tsi [na nyɔnyrɔ] ame; ke miawo la woatsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe [ana nyɔnyrɔ] mi, mele ŋkeke geɖe aɖeke xɔ ge le esia megbe o.” (Dɔwɔwɔwo 1:5) ‘Wonyrɔ’ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ‘ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe me’ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi. “Gbe aɖe ɖi tso dziƒo abe yaƒoƒo sesẽ ene” eye “aɖe mamãwo . . . abe dzoƒaɖewo ene” dze ɖe nusrɔ̃la ɖesiaɖe dzi esi wokɔ gbɔgbɔa ɖe wo dzi. Nusi ɖe dzesi wue nye be nusrɔ̃lawo te ŋu ‘do gbe vovovowo, abe alesi gbɔgbɔ la na wo be woaƒo nui ene.’ Eyata kpeɖodzi si woate ŋu akpɔ kple esi woate ŋu ase nɔ anyi be woʋu dziƒo ŋutikɔkɔe me yiyi anye Mawu viwo ƒe mɔ na Kristo yomedzelawo.—Dɔwɔwɔwo 2:1-4, 14-21; Yoel 3:1, 2.
9. Kpeɖodzi kae li be wotsɔ gbɔgbɔ dzi Samariatɔwo, Kornelio, kple ƒe alafa gbãtɔ me tɔ bubuwo?
9 Ɣeyiɣi aɖe le ema megbe la, Filipo nyanyuigblɔla la ɖe gbeƒã le Samaria. Togbɔ be Samariatɔwo xɔ eƒe nya la eye wonyrɔ wo hã la, kpeɖodzi aɖeke menɔ wo si be Mawu dzi yewo yewozu viawo o. Esi apostolo Petro kple apostolo Yohanes do gbe ɖa eye woda asi ɖe xɔsetɔ mawo dzi la, ‘woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la’ le mɔ aɖe si dze na eteƒekpɔlawo nu. (Dɔwɔwɔwo 8:4-25) Esia nye kpeɖodzi be wotsɔ gbɔgbɔ dzi Samariatɔ siwo xɔ se wozu Mawu ƒe viwo. Nenema ke le ƒe 36 M.Ŋ. me la, Kornelio kple Dukɔwo me tɔ bubuwo xɔ Mawu ƒe nyateƒe la. ‘Ewɔ nuku na’ Petro kple Yudatɔ xɔsetɔ bubu siwo kplɔe ɖo la “bena wotsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana la kɔ ɖe trɔ̃subɔlawo hã dzi. Elabena wose bena, wole nu ƒom kple aɖewo, eye wole Mawu dom ɖe dzi.” (Dɔwɔwɔwo 10:44-48) Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ geɖewo xɔ ‘gbɔgbɔ ƒe nunanawo,’ abe gbe vovovo dodo ene. (Korintotɔwo I, 14:12, 32) Eyata kpeɖodzi si dze keŋ la le amesiawo si be wotsɔ gbɔgbɔ dzi yewoe. Gake aleke Kristotɔ siwo ava emegbe awɔ anya be wotsɔ gbɔgbɔ dzi yewoe alo wometsɔe dzi yewoe o?
Gbɔgbɔ la ƒe Ðaseɖiɖi
10, 11. Aleke nàte ŋu atsɔ Romatɔwo 8:15-17 aɖe emee be gbɔgbɔ la ɖia ɖase kpena ɖe amesiwo nye Kristo ƒe hadomenyilawo ŋu?
10 Kpeɖodzi si me kɔ nyuie le Kristotɔ amesiamina 144,000 la katã si be Mawu ƒe gbɔgbɔ la le yewo dzi. Paulo ŋlɔ tso esia ŋu be: “Vinyenyegbɔgbɔ . . . miexɔ, esi me míedo ɣli le be: Aba, Fofo! Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu bena, mawuviwo míenye. Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, míekpe fu kplii, bene mía ŋuti nakɔ hã kplii.” (Romatɔwo 8:15-17) Kristotɔ amesiaminawo bua wo ɖokui be yewonye yewo Fofo si le dziƒo la ƒe viwo, vinyenyegbɔgbɔ sia kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe wo dzi. (Galatiatɔwo 4:6, 7) Kakaɖedzi blibo le wo si be Mawu dzi yewo gbɔgbɔmeviwoe be yewoanye hadomenyilawo kple Kristo le Dziƒofiaɖuƒea me. Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wɔa akpa vevi aɖe le esia me.
11 Le Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te la, amesiaminawo ƒe gbɔgbɔ, alo nɔnɔme vevi si kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi, ʋãa wo be wobua nusi Mawu ƒe Nya la gblɔ le dziƒomɔkpɔkpɔ ŋu la ɖe wo ɖokui ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne woxlẽ nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ le Yehowa ƒe gbɔgbɔmeviwo ŋu la, wokpɔnɛ dzea sii enumake be nya mawo ku ɖe yewo ŋu. (Yohanes I, 3:2) Wonya be ‘wonyrɔ yewo ɖe Kristo Yesu me’ kpakple ɖe eƒe ku me. (Romatɔwo 6:3) Kakaɖedzi sẽŋu si le wo sie nye be yewonye Mawu ƒe gbɔgbɔmevi siwo aku woafɔ ɖe tsitre hena dziƒo ŋutikɔkɔe me nɔnɔ, abe Yesu ene.
12. Nukae Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒã ɖe Kristotɔ amesiaminawo me?
12 Menye ame ŋutɔ ƒe nudzroame ye ame dzidzi gbɔgbɔmevii nye o. Amesiwo wodzi gbɔgbɔmeviwoe la menye amesiwo di be yewoayi dziƒo le esi wòte ɖe wo dzi be fukpekpe le anyigba dzi egbea ta o. (Hiob 14:1) Ke boŋ ɖe Yehowa tsɔ eƒe gbɔgbɔa ƒã mɔkpɔkpɔ kple nudidi siwo mele ame akpa gãtɔ me o la ɖe amesiamina akuakuawo me. Amesiwo wodzi alea nyae be agbe mavɔ nɔnɔ le amegbetɔ ƒe blibodede me le paradisonyigba dzi esime ƒome kple xɔlɔ̃ kpɔdzidzɔwo sɔŋ ƒo xlã ame la avivi ale gbegbe. Gake menye agbenɔnɔ siae nye woƒe dzimenudzodzro vevitɔ o. Amesiaminawo kpɔa mɔ na dziƒo nɔnɔ ale gbegbe be wolɔ̃na faa be yewoatsɔ anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ kple eƒe amedzodzro ɖesiaɖe asa vɔe.—Petro II, 1:13, 14.
13. Nukae Korintotɔwo II, 5:1-5 gblɔ be ‘edzroa Paulo vevie,’ eye nukae esia fia le amesiwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii ŋu?
13 Dziƒogbenɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si Mawu de amesiawo me nu sẽ ale gbegbe be woƒe seselelãme nɔna abe Paulo tɔ ene, esi wòŋlɔ be: “Míenyae bena, ne wogbã míaƒe agbadɔxɔ, si nye anyigbadzitɔ la, xɔtutu, si tso Mawu gbɔ la, anɔ mía si—xɔ, si wometsɔ asi wɔe o, si nɔa anyi tegbetegbe le dziƒo la. Elabena esia me míeŋena le hã, eye wòle mía dzrom bena, woatsɔ mía nɔƒe, si tso dziƒo la, ado na mí; ne ele ale bena, ne wotsɔ awu do na mí, womakpɔ mí amama o la. Elabena mí amesiwo le agbadɔ me la, míeŋena, esi agba le mía kpem la ŋuti; elabena míele didim bena, woaɖe awu le mía ŋu o, ke boŋ bena, woado awu na mí, bena agbe la nami nusi kuna la. Ke amesi dzra mí ɖo na esia la, enye Mawu, amesi na Gbɔgbɔ ƒe awɔbanu hã mí.” (Korintotɔwo II, 5:1-5) Paulo ƒe ‘dzodzro vevie’ ye nye be woafɔ ye ɖe tsitre ayi dziƒo yeanye gbɔgbɔmenuwɔwɔ makumaku. Ewɔ kpɔɖeŋu tsɔ amegbetɔ ƒe ŋutilã sɔ kple agbadɔ si woate ŋu akaka bɔbɔe, si nye ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe nɔƒe ne wotsɔe sɔ kple xɔ. Togbɔ be Kristotɔ siwo dzi gbɔgbɔ la le wònye dziƒogbe si wogbɔna nɔnɔ ge ƒe awɔbanu la gale ŋutilã si kuna me le anyigba dzi hã la, wole mɔ kpɔm na “xɔtutu, si tso Mawu gbɔ,” si nye gbɔgbɔmeŋutilã makumaku, magblẽmagblẽ. (Korintotɔwo I, 15:50-53) Woate ŋu atsɔ didi vevie agblɔ abe Paulo ene be: “Dzi le mía ƒo, eye wòdze mía ŋu wu be, míadzo le [amegbetɔ ƒe] ŋutilã me, eye míanɔ aƒe [le dziƒo] le Aƒetɔ la gbɔ.”—Korintotɔwo II, 5:8.
Woxɔ Wo ɖe Nubabla Tɔxɛwo Me
14. Nubabla ka ƒe nyae Yesu gblɔ gbã esime wònɔ Ŋkuɖodzia ɖuɖu ɖom anyi, eye akpa kae wòwɔna le gbɔgbɔ me Israel-viwo gome?
14 Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la ka ɖe edzi be woxɔ yewo ɖe nubabla tɔxɛ eve me. Yesu yɔ wo dometɔ ɖeka esime wòzã abolo maʋãmaʋã kple wein tsɔ ɖo ku si wògbɔna kuku ge la ƒe Ŋkuɖodzi anyi eye wògblɔ le weinkplua ŋu be: “Kplu sia enye nubabla yeye le nye ʋu me, si wokɔ ɖe anyi le mia ta.” (Luka 22:20; Korintotɔwo I, 11:25) Amekawoe woxɔ ɖe nubabla yeye sia me? Yehowa Mawu kple gbɔgbɔ me Israel-viwo—amesiwo Yehowa ɖo be yeakplɔ ayi ɖe dziƒo ŋutikɔkɔe mee. (Yeremya 31:31-34; Galatiatɔwo 6:15, 16; Hebritɔwo 12:22-24) To nubabla yeyea si wotu ɖe Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi dzi la, woɖe ame aɖewo tso dukɔwo me na Yehowa ƒe ŋkɔ eye wowɔ Kristotɔ siawo siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la Abraham ƒe ‘dzidzimevi’ la ƒe akpa aɖee. (Galatiatɔwo 3:26-29; Dɔwɔwɔwo 15:14) Wowɔ ɖoɖo le nubabla yeyea me be woakplɔ gbɔgbɔ me Israel-viwo katã ayi ŋutikɔkɔe mee ne wofɔ ɖe tsitre na makumakugbenɔnɔ le dziƒo. Esi wònye “nubabla mavɔ” ta la, eƒe viɖewo anɔ anyi tegbetegbe. Etsɔme hafi míava nya ne nubabla sia awɔ akpa aɖe le mɔ bubuwo hã nu le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me kple emegbe.—Hebritɔwo 13:20.
15. Abe alesi wòle Luka 22:28-30 ene la, nubabla bubu ka mee wodze Yesu yomedzela amesiaminawo xɔxɔ gɔme ɖo, eye ɣekaɣie woxɔa wo?
15 Woxɔ ‘vi geɖe’ siwo Yehowa ɖo be ‘yeakplɔ ayi ɖe ŋutikɔkɔe mee’ la dometɔ ɖesiaɖe ɖe Dziƒofiaɖuƒe ƒe nubabla hã me. Yesu gblɔ le eya ŋutɔ kple eƒe afɔɖoƒeyomedzelawo dome nubabla sia ŋu be: “Miawo la miedo dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me; eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene, bena miaɖu nu, eye miano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi, eye miadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wuieveawo.” (Luka 22:28-30) Woɖo Fiaɖuƒe nubabla la anyi esime wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi. Enye nubabla le Kristo kple eƒe hatidziɖulawo dome tegbetegbe. (Nyaɖeɖefia 22:5) Eyata kakaɖedzi le Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii si be yewole nubabla yeyea kple Fiaɖuƒe nubabla la me. Eyata le Aƒetɔ la ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuɣi la, amesiaminawo dometɔ ʋee siwo gasusɔ ɖe anyigba dzi koe ɖua aboloa, si nye kpɔɖeŋu na Yesu ƒe ŋutilã si ŋu nuvɔ̃ mele o, kple wein la si fia eƒe ʋu deblibo si wòkɔ ɖi esime wòku eye wòtsɔ ɖo kpe nubabla yeyea dzi.—Korintotɔwo I, 11:23-26; kpɔ February 1, 1989, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 17-20.
Ame Yɔyɔwo, Ame Tiatiawo, Kple Nuteƒewɔlawo
16, 17. (a) Nukae wòle be ame 144,000 la nawɔ hafi woakplɔ wo ayi ŋutikɔkɔe mee? (b) Amekawoe nye ‘fia ewoawo,’ eye aleke wowɔa nu ɖe Kristo nɔvi siwo susɔ ɖe anyigba dzi la ŋui?
16 Yesu ƒe tafevɔsa la ŋudɔwɔwɔ gbãtɔ wɔe be wote ŋu yɔ ame 144,000 la na dziƒogbenɔnɔ eye wotia wo esi Mawu tsɔ gbɔgbɔ dzi woe. Gake hafi woakplɔ wo ayi ɖe ŋutikɔkɔe me la, ele be ‘woawɔ woƒe ŋutete ɖesiaɖe ana kakaɖedzi nanɔ woƒe yɔyɔ kple tiatia la ŋu,’ eye ele be woawɔ nuteƒe vaseɖe ku me. (Petro II, 1:10; Efesotɔwo 1:3-7; Nyaɖeɖefia 2:10) Amesiamina susɔea ʋee siwo gale anyigba dzi la lé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi togbɔ be “fia ewo,” si fia dunyaheŋusẽwo katã, tsi tre ɖe wo ŋu hã. Mawudɔla la gblɔ be: “Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kple nuteƒewɔlawo.”—Nyaɖeɖefia 17:12-14.
17 Dziɖula siwo nye amegbetɔwo mate ŋu awɔ naneke Yesu, ‘fiawo dzi Fia’ la, o elabena eya le dziƒo. Gake woɖea woƒe fuléle ɖe ‘nɔvia’ susɔea siwo gale anyigba dzi la ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:17) Ava awu enu ɖe Mawu ƒe aʋa si nye Harmagedon me, esime kakaɖedzi le eŋu be ‘fiawo dzi Fia’ la kple ‘nɔviawo,’—“ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kple nuteƒewɔlawo”—aɖu aʋa dzi. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii le dɔ dzi vevie. Nuka wɔm wole fifia, hafi Yehowa nakplɔ wo ayi ɖe ŋutikɔkɔe mee?
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Amekawoe Mawu ‘kplɔna yia dziƒo ŋutikɔkɔe mee’?
◻ Nukae wòfia be ‘woadzi ame tso Mawu me’?
◻ Aleke ‘gbɔgbɔ la ɖia ɖase’ kpena ɖe Kristotɔ aɖewo ŋui?
◻ Nubabla kawo mee woxɔ amesiwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la ɖo?
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Kpeɖodzi dze le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi be woʋu dziƒo ŋutikɔkɔe me yiyi ƒe mɔ ɖi