INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 7/1 axa 7
  • Nusɔsrɔ̃ Tso Vo Siwo Míeda Va Yi Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusɔsrɔ̃ Tso Vo Siwo Míeda Va Yi Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nuvɔ̃meʋuʋu si Naa Wokpɔa Hayahaya
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Àte Ŋu Alé Agbenyuinɔnɔ Me Ðe Asi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Dzɔgbevɔ̃e Ðo David Ƒeme
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 7/1 axa 7

Nusɔsrɔ̃ Tso Vo Siwo Míeda Va Yi Me

MÍA Wɔla la ƒe agbenyuinɔnɔsewo li tegbetegbe eye wometrɔna o. Le susu sia ta la, gɔmeɖose si le Galatiatɔwo 6:7 sɔ egbea: “Nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.” Nyateƒee, ame aɖe ate ŋu agbe be yemabu akɔnta na Mawu o, gake Mawu ƒe sea metrɔ o. Eva dzɔna godoo be ame aɖeke mete ŋu sina le nusiwo wòwɔ me tsonuwo nu o.

Ke ne ame aɖe nɔ agbe dzego va yi gake wòtrɔ va zu Mawu subɔla ɖe? Ðewohĩ ahiã kokoko be wòadze ŋgɔ agbe si wònɔ va yi me tsonuwo. Gake mefia be Mawu metsɔe kee o. Fia Dawid ƒe ahasigbe si wònɔ kple Bat-Seba na dzɔgbevɔ̃e geɖe va edzi le agbe me. Mete ŋu si le enu o. Gake etrɔ dzime, eye Mawu tsɔe kee.—Samuel II, 12:13-19; 13:1-31.

Ne vodada siwo nèwɔ va yi me tsonuwo ɖe kpe na wò la, ɖe dzi ɖena le ƒowòa? Ne míetsɔ susu nyui kpɔe la, vevesese ɖe eta ana míaɖo ŋku edzi ‘akpɔ nyuie be míagatrɔ ɖe yakanu ŋu ake o.’ (Hiob 36:21) Ẽ, vevesese ɖe nuvɔ̃ ta akpe ɖe mía ŋu be míagawɔe azɔ o. Viɖenu bubue nye be, Dawid mena nusi teƒe wòkpɔ le eƒe nuvɔ̃wɔwɔ ta ɖe vi na eya ŋutɔ ko o ke eɖe vi na ame bubuwo hã. Egblɔ be: “Mafia wò mɔ dzidalawo, eye nuvɔ̃wɔlawo atrɔ tame ɖe ŋuwò.”—Psalmo 51:15.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Dawid srɔ̃ nu tso nuvɔ̃ si wòwɔ kple Bat-Seba me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe