Nusita Ame Aɖewo Le Gegem Ðe Ha Bubu Me
Le ame geɖewo gome la, dzesideamenu koe mawusubɔsubɔ nye. Ate ŋu afia afisi ame aɖe yina le Kwasiɖa aɖewo gbe, afisi wòaɖe srɔ̃ le, kple afisi woaɖii ɖo. Gake megblɔa nya aɖeke le amesi tɔgbe wònye alo nusi wònya kple nusi dzi wòxɔ se ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe ɖee fia be amesiwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo dome alafa memamã 50 menya amesi gblɔ Todzimawunya la o. Evɔ Indiatɔwo ƒe kplɔla xɔŋkɔ Mohandas Gandhi, si nye Hindutɔ kura gɔ̃ hã nyae!
ÐE WÒWƆ nuku be amewo doa go le subɔsubɔhawo me esi wo dometɔ geɖe menya nu boo aɖeke le wo ŋu ta oa? Ao, mewɔ nuku o. Gake menye nusi nu womate ŋu axe mɔ ɖo hã o. Alesi Biblia sɔsrɔ̃ ɖe vi geɖe na amesiwo lɔ̃ be woakpe ɖe yewo ŋu yewoasrɔ̃e la wɔa nuku na woawo ŋutɔ zi geɖe. Biblia ŋutɔ gblɔ be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nàto la.”—Yesaya 48:17, míawoe te gbe ɖe edzi.
Nukae amesiwo mete ŋu le woƒe gbɔgbɔmedɔwuame nu tsim o awɔ? Mele be woagbe nu le Mawu subɔsubɔ gbɔ o! Ke boŋ ele be woayi Biblia gbɔ akpɔ nusi Mawu ŋutɔ dzra ɖo ɖi na wo la.
Nya Sesẽwo ƒe Ŋuɖoɖowo
Esi Bernd xɔ ƒe adre la, ekpɔ dadaa ƒe kuku teƒe.a Le eƒe ɖevimenɔɣi katã la, enɔ eɖokui biam be ‘Afikae danye le? Nukatae matsi eye nyemakpɔ danye o?’ Bernd nye sɔlemedela dovevienu aɖe le eƒe ƒewuiwo me. Esi wòtsia dzi le alesi ameƒomea kpea fui ta la, eƒe mɔkpɔkpɔe nye be yeava zu amesi naa kpekpeɖeŋu ame dahewo le duta. Ke hã nyabiabia siwo ŋu eƒe sɔlemeha mete ŋu ɖo wòdze edzi nɛ o ganɔ fu ɖem nɛ.
Emegbe Bernd ɖo dze kple eƒe sukuhati si nye Yehowa Ðasefo. Ðekakpui sia fia Bernd tso Biblia me be dadaa meganya naneke o, edɔ alɔ̃ le ku me. Bernd se nu tso Biblia ƒe kpukpui geɖe siwo ɖe nya sia me ŋu, abe Nyagblɔla 9:5 ene, si gblɔ be: “Kukuawo menya naneke o.” Eyata susu aɖeke meli si ta Bernd natsi dzi le dadaa ŋu be anɔ fu kpem le ŋutiklɔdzo ƒomevi aɖe—alo nusi vɔ̃ɖi wu ema me o. Togbɔ be wofiaa luʋɔ makumaku nufiafia le subɔsubɔha akpa gãtɔ me hã la, Bernd kpɔe le Biblia me be amegbetɔ ƒe luʋɔ nye amea ŋutɔ ko. Ne amea ku la, luʋɔae nye ma ku. “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.”—Xezekiel 18:4.
Bernd se nu tso mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si li na ame kukuwo hã ŋu. Eya ŋutɔ xlẽe le Biblia ƒe agbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo me be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Aleke gbegbee wònye dzidzɔ nɛ enye si esi wòkpɔe be tsitretsitsi sia ava eme le anyigba sia si Mawu agbugbɔ awɔ paradisoe la dzi!—Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Medidi o Biblia me sidzedze akuakua na Bernd kpɔ eƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo. Bernd meɖe asi le mawusubɔsubɔ ŋu o. Ke boŋ sɔlemeha si mete ŋu tsi eƒe dɔwuamea nu o mee wòdo le va ge ɖe subɔsubɔ si gɔme woɖo anyi sesĩe ɖe Biblia dzi me. Egblɔ be: “Ƒe 14 enye sia va yi, eye mevem kpɔ be meɖe afɔ sia o. Menyae azɔ be menye Wɔla lae naa amewo kpea fu o. Satanae nye nuɖoanyi sia ƒe mawu, eye eya gbɔe nɔnɔme siwo ƒo xlã mí la tso. Gake madidi o Mawu aɖɔ nusiwo katã Satana ƒe xexeame gblẽ la ɖo. Danye hã atrɔ agbɔ le tsitretsitsia me. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wòanye!”
Esɔ ɖe edzi hã be Bernd ɖo eƒe taɖodzinu si nye be yeawɔ dɔ le duta atsɔ akpe ɖe ame ŋui la gbɔ. Dutae wòle dɔ wɔm le le kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu Fiaɖuƒe si nye woƒe fukpekpewo gbɔ kpɔnu vavãtɔ la ŋu. Abe Bernd ene la, ame miliɔn geɖe srɔ̃e bena Mawu ahe ameƒomea ƒe fukpekpewo ava nuwuwui kpuie. Dzi dzɔa wo esi wova nyae be subɔsubɔha aɖe li si kpɔa woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ.—Mateo 5:3.
Taɖodzinu Kae Le Agbe Ŋu?
Esi Ɣetoɖoƒe-dukɔwo ƒe ɖekematsɔleme le mawusubɔsubɔnyawo me le dzidzim ɖe edzi la, ame geɖe le biabiam be, ‘Taɖodzinu kae le agbe ŋu?’ Abe alesi Michael ke ɖe eŋui ene la, Biblia mee woakpɔ ŋuɖoɖoa le. Le ƒe 1970 ƒeawo ƒe domedome la, Michael di be yeage ɖe ŋɔdzidonamehabɔbɔ aɖe me. Taɖodzinu ɖeka koe le esi le agbe me—be yeatu nu kple amesiwo wòbu be woawo gbɔe madzɔmadzɔnyenye si le asitsadukɔwo me la tso. Egblɔ be: “Nyemedo le aƒeme nye tu matsɔmatsɔe kpɔ gbeɖe o. Nusi meɖoe nye be mawu dunyahela ŋkuta geɖe kple asitsalagã siwo mate ŋui. Anye ne meku le ema wɔwɔ ta.”
Sɔlemedelae Michael nye tsã, gake ame aɖeke mete ŋu ɖe tameɖoɖo si tututu le agbe ŋu me le sɔleme si wòdena me nɛ o. Eyata Michael ɖo to nyuie esi Yehowa Ðasefowo va egbɔ le aƒeme va fia alesi Biblia ɖo eƒe biabiawo ŋui lae. Edze tadeagukpekpewo dede gɔme le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le wo gbɔ me.
Michael xɔlɔ̃wo di vevie be yewoanya nusita wòva tsɔ ɖe le Biblia me alea. Michael gblɔ na wo be: “Miva kpekpea le Kwasiɖa sia gbe. Minɔ anyi sẽ. Ne nusi miese medze mia ŋu o la, ekema miate ŋu adzo.” Vavãe, le aɖabaƒoƒo 45 ƒe Biblia me nuƒo si woƒo megbe la, xɔ̃awo akpa gãtɔ do le akpata la me. Gake ɖeka—Susan—ya tsi anyi. Nusi ɖetugbi sia se la lé dzi nɛ ale gbegbe. Michael kple Susan va ɖe wo nɔewo emegbe eye woxɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo. Michael gblɔ be: “Azɔ menya nusitae míele anyigba dzi afisia ɖo. Yehowae wɔ mí. Tameɖoɖo si koŋ le míaƒe agbe ŋue nye be míanya eyama eye míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Emae hea dzidzeme vavãtɔ vanɛ!”
Ame miliɔn geɖe ƒe susu wɔ ɖeka kple Michael tɔ. Wowɔa Biblia ƒe nya si gblɔ be, ‘Nyawo katã ƒe taƒonyae nye be: Vɔ̃ Mawu, eye nàlé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ’ la dzi.—Nyagblɔla 12:13.
Tenɔnɔ Ðe Agbemekuxiwo Nu
Mí katã míele nyagblɔɖi si le Timoteo II, 3:1 la ƒe emevava teƒe kpɔm be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava.” Ame aɖeke mate ŋu asi le ‘ɣeyiɣi vɔ̃’ siawo me kuxiwo nu o. Gake Biblia kpena ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe wo nu.
De ŋugble le srɔ̃tɔ siwo ŋkɔe nye Steven kple Olive ŋu kpɔ. Esi wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo la, srɔ̃ɖekuxiwo nɔ woawo hã ŋu abe ame bubu geɖewo ene. Steven ɖe nu me be: “Mía dome nɔ gbegblẽm. Míaƒe taɖodzinu kple ɖetsɔleme to vovo.” Nukae kpe ɖe wo ŋu wo dome megblẽ o? Steven yi edzi be: “Yehowa Ðasefowo fia alesi míate ŋu awɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ le míaƒe agbenɔnɔ me la mí. Emae nye zi gbãtɔ míesrɔ̃ nusi wòfia be womanye ɖokuitɔdila o kple alesi woatsɔ ɖe le ame mee. Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ te mí ƒo ƒu ɖekae. Fifia míele vivi sem le srɔ̃ɖeɖe like si me dzidzɔ le la me.”
Ƒomedodo Kplikplikpli me Nɔnɔ Kple Mawu
Wokpɔ le Gallup numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa sia me be Amerikatɔ alafa memamã 96 xɔ Mawu dzi se, eye amesiawo dometɔ akpa gãtɔ doa gbe ɖa nɛ. Gake numekuku bubu fia be sɔleme kple ƒuƒoƒewo delawo ƒe agbɔsɔsɔ meɖiɖi nenema gbegbe kpɔ le ƒe blaatɔ̃ siwo va yi me o. Amerikatɔ siwo ade 58 le alafa me gblɔ be yewodea sɔleme zi ɖeka dzinu ɖeka alo meɖona nenema hã o. Nyateƒe, mawusubɔsubɔ mekpe ɖe wo ŋu wote ɖe Mawu ŋu kplikplikpli o. Eye menye United States koe kuxi sia le o.
Bavaria ye Linda nɔ tsi. Katolikotɔ si doa vevie nue wònye, eye edoa gbe ɖa edziedzi. Le ɣeyiɣi ma ke me la, enɔ vɔvɔ̃m na alesi etsɔme anɔ. Menya naneke tso tameɖoɖo si le Mawu si na amegbetɔ ŋu o. Esi Linda xɔ ƒe 14 la, edo go Yehowa Ðasefowo, eye wòka nya ta be: “Nusi wogblɔ vivi nunye, ale mexɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ eve eye mexlẽ wo enumake.” Linda dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo le ƒe eve megbe. Egblɔ be: “Susu nɔ nusianu si mesrɔ̃ tso Mawu ŋu le Biblia me la me.” Linda do le ha si me wònɔ me eye wòxɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo esi wòxɔ ƒe 18.
Nukae na Linda ge ɖe ha bubu me? Eɖe eme be: “Ha si me menɔ kpe ɖe ŋunye menya be Mawu li, eye mesrɔ̃ alesi maxɔ edzi asee. Gake menye ame ŋutɔe wònye nam o, eye mebui amesi le adzɔge ʋĩi. Menye ɖeko nye Biblia sɔsrɔ̃ na meyi edzi xɔ Mawu dzi se ko o, ke ekpe ɖe ŋunye be medze sii helɔ̃e hã. Ƒomedodo xɔasi le mía kple Mawu dome fifia, esi nye nane si xɔ asi wu nusianu.”
Subɔsubɔ Vavãtɔ Ðea Vi!
Ðe wò subɔsubɔha fiaa mɔ wò le gbɔgbɔ me hefiaa alesi Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe agbemekuxiwo nua? Efiaa mɔkpɔkpɔ si Biblia gblɔ le etsɔme ŋua? Ena ƒomedodo kplikplikpli si wotu ɖe Biblia me sidzedze vavãtɔ dzi ɖo mia kple Wɔla la domea? Ne mele nenema o la, mègana ta o. Le esi teƒe be nàtsri mawusubɔsubɔ la, di subɔsubɔha si gɔme woɖo anyi sesĩe ɖe Biblia dzi boŋ. Ekema anɔ abe amesiwo ŋu nya wogblɔ ɖi le Biblia ƒe agbalẽ si nye Yesaya me ene be: “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, nye dɔlawo aɖu nu, . . . nye dɔlawo ano nu, . . . nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, . . . Nye dɔlawo atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta.”—Yesaya 65:13, 14.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.
[Nɔnɔmetatawo si le axa 4, 5]
Biblia kpena ɖe mía ŋu míedzea si Mawu helɔ̃nɛ