TA 7
Toɖoɖo Kpɔa Tawò
ÐE WÒAVIVI nuwò ne ɖe nàte ŋu awɔ nusianu si nèdi be yeawɔa? Ðe ɣeyiɣi aɖewo nɔa anyi siwo me mèdi kura be ame aɖeke nagblɔ nusi wòle be nàwɔ la na wò oa? Wò ya gblɔ nyateƒea nam faa.—
Gake kae anyo na wò wu? Ðe nunya le eme nyateƒe be nàwɔ nusianu si wò ŋutɔ nèdia? Alo ɖe nuwo yina nyuie wu ne èɖo to papa kple dadaa?— Mawue gblɔe be ele be nàɖo to dziwòlawo, eyata susu nyui aɖe li si ta wòle be nàɖo to wo ɖo. Na míakpɔe ɖa be míate ŋu ase susu si tae gɔme hã.
Ƒe nenie nèxɔ?— Ènya ƒe nenie fofowò xɔa?— Ƒe nenie nɔwò alo mamawò alo tɔgbuiwò xɔ?— Wo katã wotsi wu wò kura. Ɣeyiɣi didi si ame aɖe tsɔ le agbee la, nenema ke ɣeyiɣi didi sua esi wòtsɔ srɔ̃a nui. Ƒe sia ƒe si ava yi la, esea nya geɖewo eye wòkpɔa nu geɖewo eye wòwɔa nu geɖewo hã kpee. Eyata ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ nu tso ame tsitsiwo gbɔ.
Ènya ɖevi sue aɖe si wò hã nètsi wua?— Ènya nu geɖe wuia?— Nukata nènya nu geɖe wui?— Esi nètsi wui tae. Ɣeyiɣi geɖe su asiwò nètsɔ srɔ̃ nu geɖe wu amesi nètsi wu.
Amekae le agbe ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ eye wòtsi wu mía kpli wò kpakple ame bubu ɖesiaɖe?— Yehowa Mawue. Enya nu geɖe wu wò, eye enya nu geɖe wu nye hã. Nusianu si wògblɔ na mí be míawɔ la, míate ŋu aka ɖe edzi be eyae nye nu nyuitɔ kekeake si wòle be míawɔ, togbɔ be ɖewohĩ ewɔwɔ asesẽ na mí hã. Ènya be ɣeaɖeɣi nane wɔwɔ sesẽ na Nufiala Gã la gɔ̃ hã?—
Gbeɖeka Mawu bia tso Yesu si be wòawɔ nu sesẽ aɖe. Yesu do gbe ɖa tso eŋu, abe alesi míele ekpɔm le afisia ene. Edo gbe ɖa be: “Ne èlɔ̃ la, tsɔ kplu sia yii le gbɔnye.” Le gbe sia si Yesu do ɖa me nyawo me la, enɔ eɖem fia be menye ɣesiaɣie Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nɔa bɔbɔe o. Gake aleke Yesu wu eƒe gbedodoɖa la nui? Ènyaa?—
Yesu gblɔ tsɔ wu enu be: “Menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò woawɔ.” (Luka 22:41, 42) Ẽ, edi be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme, menye ye ŋutɔ yeƒe lɔlɔ̃nu o. Eye eyi edzi wɔ nusi Mawu di be wòawɔ ke menye nusi eya ŋutɔ bu be anyo wu o.
Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?— Míesrɔ̃e be nu nyuitɔ si míawɔ ɣesiaɣi enye be míawɔ nusi Mawu gblɔ, ne ewɔwɔ manɔ bɔbɔe o gɔ̃ hã. Gake míegasrɔ̃ nu bubu aɖe hã. Ènya nusi wònyea?— Míesrɔ̃e be Mawu kple Yesu menye ame ɖekae wonye abe alesi ame aɖewo gblɔnɛ ene o. Yehowa Mawu tsi wu Via eye wònya nu geɖe hã wu Yesu.
Ne míeɖoa to Mawu la, ke míele eɖem fia be míelɔ̃ eyama. Biblia la gblɔ be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi.” (Yohanes I, 5:3) Eyata èkpɔea, ehiã be mí katã míaɖo to Mawu. Ðe màdi be yeaɖo to Mawu oa?—
Na míatsɔ míaƒe Biblia eye míakpɔ nusi Mawu gblɔ na ɖeviwo be woawɔ la ɖa. Míaxlẽ nusi Biblia gblɔ le Efesotɔwo ta 6, kpukpui 1, 2, kple 3. Egblɔ be: ‘Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. “Bu fofowò kple dawò,” esiae nye sedede gbãtɔ, si me ŋugbedodo le la, “bena wòanyo na wò, eye nànɔ agbe didie le anyigba dzi.”’
Èkpɔea, Yehowa Mawu ŋutɔe le egblɔm na wò be nàɖo to papa kple dada. Nukae wòfia esi wogblɔ be ‘nàbu’ wo? Efia be nàwɔ nu ɖe wo ŋu le ɖokuibɔbɔ tɔxɛ aɖe me. Eye Mawu do ŋugbe be ne èɖo to dziwòlawo la, ‘eme anyo na wò.’
Na magblɔ ŋutinya aɖe na wò tso ame aɖewo siwo ɖe woƒe agbe le esi wonye toɖolawo ta la ŋu. Ame mawo nɔ dugã si nye Yerusalem me gbaɖegbe ʋĩ. Dua me tɔwo dometɔ akpa gãtɔ meɖo to Mawu o, eyata Yesu na wonya be Mawu ana woatsrɔ̃ woƒe dugã la. Yesu gblɔ alesi woawɔ aɖe woƒe agbe hã na wo nenye be wolɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ. Egblɔ na wo be: ‘Ne miekpɔ be aʋakɔwo va ɖe to ɖe Yerusalem la, ekema midze sii bena, eƒe tsɔtsrɔ̃ɣi ɖo vɔ. Ekema ɣeyiɣia ɖo be miasi le Yerusalem ayi ɖe towo dzi.’—Luka 21:20-22.
Abe alesi Yesu gblɔe ɖi ene la, eva eme be aʋakɔwo va be yewoadze Yerusalem dzi. Roma ƒe aʋakɔwoe va ɖe to ɖe dua. Emegbe le susu aɖe ta asrafoawo gatrɔ dzo. Dua me tɔwo dometɔ akpa gãtɔ bui be afɔku aɖeke megali o. Eyata wokpɔtɔ nɔ dua me. Gake nukae Yesu gblɔ do ŋgɔ be woawɔ hafi?— Ne ɖe nènɔ Yerusalem ɣemaɣi ɖe, anye ne nukae nàwɔ?— Amesiwo xɔ Yesu dzi se nyateƒe la gblẽ woƒe aƒewo ɖi hesi dzo yi towo dzi le didiƒe ʋĩ tso Yerusalem gbɔ.
Ƒe blibo ɖeka va yi, naneke medzɔ ɖe Yerusalem dzi o. Ƒe evelia va yi, naneke medzɔ o. Eye nenema ke le ƒe etɔ̃lia me hã naneke medzɔ o. Dua me tɔ aɖewo anya bui be amesiwo si dzo le dua me la flu ŋutɔ. Gake le ƒe enelia me la, Romatɔwo ƒe aʋakɔwo gatrɔ va. Wogava ɖe to ɖe Yerusalem-dua ake. Fifia etsi megbe akpa be ame aɖe nagate ŋu asi adzo. Fifia ya asrafoawo tsrɔ̃ dugã la keŋkeŋ. Dua me nɔlawo dometɔ akpa gãtɔ ku, eye wokplɔ wo dometɔ mamlɛawo yi aboyo me.
Gake nukae dzɔ ɖe amesiwo ɖo to wɔ ɖe Yesu ƒe nyawo dzi la ya dzi?— Wonɔ dedie. Wonɔ didiƒe ʋĩ tso Yerusalem gbɔ. Eyata afɔku aɖeke medzɔ ɖe wo dzi o. Toɖoɖo kpɔ wo ta.
Ðe wòanye takpɔkpɔ na wò ne wò hã ènye toɖola?— Dziwòlawo agblɔ na wò be mègafe gbeɖe le mɔdodo dzi o. Nukata woagblɔ be mègafe le mɔdodo dzi o?— Esi wònye be lɔri ate ŋu aƒo wò nàku tae. Gake gbeɖeka àte ŋu asusui be: ‘Lɔri aɖeke mele mɔa dzi fifia o ɖe. Nuvevi aɖeke mawɔm o. Ðevi bubuwo fena le mɔdodoa dzi, eye nyemekpɔ nuvevi wɔ wo kpɔ o ɖe.’
Nenemae ame akpa gãtɔ siwo nɔ Yerusalem hã susui. Esi Roma-srafowo trɔ dzo la, ewɔ na wo be yewole dedie. Ame bubu geɖewo hã enye ma kpɔtɔ le dua me. Eyata woawo hã wotsi anyi. Woxlɔ̃ nu wo do ŋgɔ, gake womeɖo to o. Eyata nusi do tso eme na woe nye ku.
Na míawɔ kpɔɖeŋu bubu. Èsi matsesi tsɔ nɔ fefem kpɔa?— Ne èsi matsesi eye nèkpɔ dzoa wòle bibim la, awɔ abe fefe dodzidzɔname aɖee wònye ene. Gake afɔku gã aɖe ate ŋu anɔ eme be nànɔ fefem kple matsesi. Ate ŋu atɔ dzo aƒe bliboa, eye àte ŋu ato eme aku!
Ðo ŋku edzi be toɖoɖo le ɣeyiɣi aɖewo ko me mesɔ gbɔ o. Gake ne èɖoa to ɣesiaɣi la, akpɔ tawò vavã. Eye amekae le egblɔm na wò be, ‘Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo’?— Mawue. Eye gaɖo ŋku edzi hã be, eyae le egblɔm na wò be nàwɔ esia, le esi wòlɔ̃ wò vevie ta.
Fifia xlẽ mawunyakpukpui siawo siwo fia toɖoɖo ƒe vevienyenye: Lododowo 23:22; Nyagblɔla 12:13; Yesaya 48:17, 18; kple Kolosetɔwo 3:20.
[Nɔnɔmetata si le axa 42]
Nukatae wòle be nàɖo to ame tsitsiwo?
[Nɔnɔmetata si le axa 43]
Nukae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe gbedodoɖa la me?
[Nɔnɔmetata si le axa 45]
Aleke toɖoɖo Yesu ƒe sededewo kpɔ amesiawo ƒe agbe tae?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 46]
Nukatae wòle be nànye toɖola ne mèkpɔ be afɔku aɖeke li o gɔ̃ hã?