NUSƆSRƆ̃ 50
Nu Kae Ana Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomea Me?—Akpa 2 Lia
Ðeviwo nye nunana tso Yehowa gbɔ. Eya ta edi tso dzilawo si be woalé be na wo. Yehowa na mɔfiame nyuiwo dzilawo be wòakpe ɖe wo ŋu woawɔ esia. Ena mɔfiamewo ɖeviwo hã be wòakpe ɖe wo ŋu woawɔ nu siwo ana dzidzɔ nanɔ ƒomea me.
1. Mɔfiame kawoe Yehowa na dzilawo?
Yehowa di tso dzilawo si be woalɔ̃ wo viwo eye woakpɔ vovo ɖe wo ŋu. Edi tso dzilawo si hã be woakpɔ wo viwo ta be woanɔ dedie, eye woazã Biblia ƒe mɔfiamewo atsɔ ana hehe wo. (Lododowo 1:8) Egblɔ na vifofowo be: “Miyi edzi mianɔ [mia viwo] hem le Yehowa ƒe . . . nuxɔxlɔ̃ me.” (Xlẽ Efesotɔwo 6:4.) Edzea Yehowa ŋu ne ekpɔe be dzilawo wɔna ɖe yeƒe mɔfiamewo dzi le wo viwo hehe me, eye womeɖea asi le wo viwo hehe ŋu na ame bubuwo o.
2. Mɔfiame kae Yehowa na ɖeviwo?
Yehowa de se na ɖeviwo be: “Miɖo to mia dzilawo.” (Xlẽ Kolosetɔwo 3:20.) Ne ɖeviwo bua wo dzilawo eye woɖoa to wo la, esia nana Yehowa kple wo dzilawo siaa kpɔa dzidzɔ. (Lododowo 23:22-25) Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui le esia gome esime wònye ɖevi. Togbɔ be Yesu de blibo eye edzilawo ya mede blibo o hã la, eɖo to wo eye wòbɔbɔ eɖokui na wo.—Luka 2:51, 52.
3. Nu kae nàwɔ be wò kple wò ƒomea kpakple Mawu dome nanɔ kplikplikpli?
Ne dzilae nènye la, àdi godoo be ye viwo nalɔ̃ Yehowa abe ale si wò ŋutɔ hã nèlɔ̃ Yehowa ene. Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be woalɔ̃ Yehowa? Àte ŋu awɔ esia ne èwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi: “Ku [Yehowa ƒe nyawo] ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, [alo nèle] mɔ dzi.” (5 Mose 6:7) Be ‘nàku Mawu ƒe nyaa ɖe tome’ na viwòwo fia be nànɔ nu ƒom tso eŋu na wo edziedzi. Ànya de dzesii be ele be nànɔ nu ƒom tso nanewo ŋu na viwòwo edziedzi ale be woate ŋu aɖo ŋku wo dzi. Kpukpui sia fia be ele be nàwɔ mɔnukpɔkpɔ vovovowo ŋu dɔ anɔ nu ƒom tso Yehowa ŋu na viwòwo edziedzi. Enyo be miaɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi be ƒomea nanɔ Biblia srɔ̃m ɖekae kwasiɖa sia kwasiɖa. Ne vi mele mia si o hã la, aɖe vi ŋutɔ ne wò kple srɔ̃wò miesrɔ̃a Mawu ƒe Nyaa ɖekae kwasiɖa sia kwasiɖa.
SRƆ̃ NU BUBUWO
Àkpɔ mɔfiame nyui siwo dzi wɔwɔ ana be ƒomea me tɔwo katã nakpɔ dzidzɔ eye woase le wo ɖokuiwo me be yewole dedie.
4. He viwòwo le lɔlɔ̃ me
Vihehe mele bɔbɔe o. Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu be woahe wo viwo? Mixlẽ Yakobo 1:19, 20, eye miadzro nyabiase siawo me:
Aleke dzilawo ate ŋu awɔ nu ɖe wo viwo ŋu le lɔlɔ̃ me ne wole nu ƒom kpli wo?
Nu ka tae mele be wòadzɔ gbeɖe be dzila nahe to na via le dziku me o?a
5. Kpɔ viwòwo ta
Ele vevie ŋutɔ be nàfia nu si Biblia gblɔ tso gbɔdɔnyawo ŋu la viwòwo dometɔ ɖe sia ɖe be nàtsɔ akpɔ wo ta. Esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ na dzila aɖewo. Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro biabia siwo gbɔna me.
Nu ka tae wòsesẽna na dzila aɖewo be woaƒo nu tso gbɔdɔnyawo ŋu na wo viwo?
Nu kawoe kpe ɖe dzila aɖewo ŋu wote ŋu fia nu wo viwo tso gbɔdɔnyawo ŋu?
Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le dzidzim ɖe edzi le Satana ƒe xexe sia me abe ale si Biblia gblɔe ɖi ene. Mixlẽ 2 Timoteo 3:1, 13, eye miadzro biabia sia me:
Ame vɔ̃ɖi siwo ŋu woƒo nu tsoe le kpukpui 13 lia me la dometɔ aɖewo wɔa gbɔdɔnuwo ɖe ɖeviwo ŋu. Nu ka tae wòle vevie ŋutɔ be dzilawo nafia nu wo viwo tso gbɔdɔnyawo ŋu eye woafia wo ale si woakpɔ wo ɖokuiwo ta tso ame vɔ̃ɖi mawo si me?
Ènyaa?
Yehowa Ðasefowo wɔ videowo eye wota agbalẽ vovovo siwo dzilawo ate ŋu azã atsɔ afia nu wo viwo tso gbɔdɔnyawo ŋu eye woatsɔ akpɔ wo ta tso ame siwo adi be yewoagblẽ wo la si me. Wo dometɔ aɖewoe nye esiawo:
Kpɔ Viwòwo Ta (video)
“Fia Nu Viwòwo Tso Gbɔdɔdɔ Ŋu” (Nyɔ! No. 5 2016)
6. Bu dziwòlawo
Ðeviwo kple sɔhɛwo ate ŋu ade bubu wo dzilawo ŋu to ale si woƒoa nu na wo dzilawo me. Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro nyabiase siwo gbɔna me.
Nu ka tae wònyo be ɖeviwo naƒo nu na wo dzilawo le bubu me?
Aleke ɖeviwo ate ŋu aƒo nu na wo dzilawo bubutɔe?
Mixlẽ Lododowo 1:8, eye miadzro nyabiase sia me:
Aleke wòle be ɖeviwo nawɔ nui ne wo dzilawo gblɔ nu si wòle be woawɔ la na wo?
7. Wò kple wò ƒomea misubɔ Yehowa ɖekae
Le Yehowa Ðasefowo dome la, ƒomewo ɖoa ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi kwasiɖa sia kwasiɖa tsɔ srɔ̃a Biblia ɖekae. Aleke wowɔnɛ? Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia siwo gbɔna me.
Nu kawoe ƒomewo ate ŋu awɔ be woanɔ Biblia srɔ̃m ɖekae edziedzi?
Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ be ƒometadedeagua navivi ƒomea me tɔwo nu eye wòaɖe vi na wo?—Kpɔ foto si le nusɔsrɔ̃ sia ƒe gɔmedzedze.
Nu kawoe ate ŋu ana wòasesẽ na wò ƒomea be mianɔ nu srɔ̃m ɖekae?
Le blema Israel la, Yehowa bia tso ƒomewo si be woanɔ Ŋɔŋlɔawo me dzrom ɖekae edziedzi. Mixlẽ 5 Mose 6:6, 7, eye miadzro biabia sia me:
Aleke nàte ŋu awɔ ɖe mawunyakpukpui sia me nyawo dzi?
Nu siwo miate ŋu awɔ le miaƒe ƒometadedeagu me:
Midzra ɖo ɖe hame ƒe kpekpewo ŋu.
Mixlẽ Biblia me ŋutinya aɖe si ado dzidzɔ na ƒomea eye miadzro eme.
Ne ɖevi suewo le mia si la, miate ŋu awɔ dɔdeasi siwo ŋu wotrɔ asi le na ɖeviwo le jw.org la ŋu dɔ.
Ne ƒewuiviwo le mia si la, miate ŋu adzro nyati aɖe si dze le jw.org si ku ɖe sɔhɛwo ŋu la me.
Mia kple viwòwo miwɔ Biblia me ŋutinya aɖe ƒe wɔwɔfia.
Mikpɔ video siwo le jw.org la dometɔ ɖeka eye miadzro eme.
AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Asesẽ akpa na ɖeviwo be woase Biblia gɔme.”
Nu kae nàgblɔ tso nya ma ŋu?
NU SIWO MÍESRƆ̃
Yehowa di tso dzilawo si be woalɔ̃ wo viwo, woana hehe wo, eye woakpɔ wo ta; edi tso ɖeviwo si be woabu wo dzilawo eye woaɖo to wo; eye edi tso ƒomewo hã si be woasubɔ ye ɖekae.
Numetoto
Aleke dzilawo ate ŋu ahe wo viwo nyuie eye woakpɔ wo tae?
Aleke ɖeviwo ate ŋu aɖee afia be yewodea bubu yewo dzilawo ŋu?
Ne ƒomewo ɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi kwasiɖa sia kwasiɖa be yewoatsɔ anɔ Biblia srɔ̃m la, viɖe kawoe dona tso eme?
KU NU ME TSO NYATIA ŊU
Nu vevi kawoe ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ be wòakpe ɖe wo ŋu woava zu ame tsitsi ɖɔʋuwo?
Le nyati sia me la, àkpɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ate ŋu akpe ɖe ame siwo kpɔa ame tsitsiwo dzi la ŋu.
“Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzila Tsitsiwo Dzi Kpɔkpɔ Ŋu?” (Nyati sia le jw.org)
Le video sia me la, àkpɔ ale si ŋutsu aɖe si menya ale si wohea vii o la wɔ va zu vifofo nyui.
Le nyati sia me la, àkpɔ ale si vifofowo ate ŋu ana wo kple wo viŋutsuviwo dome nanɔ kplikplikpli.
“Aleke Vifofowo Awɔ Woa Kple Wo Viŋutsuviwo Dome Nanɔ Kplikplikpli?” (Gbetakpɔxɔ, November 1, 2011)
a Le Biblia me la, “tohehe” fia be woafia mɔ ame, woaɖo aɖaŋu na ame, alo woaɖɔ ame ɖo. Mefia gbeɖe be woawɔ ŋlɔmi le ame ŋu alo asẽ ŋuta le eŋu o.—Lododowo 19:18.