Biblia Gbalẽ 50 Lia—Filipitɔwo
Eŋlɔla: Paulo
Afi Si Wòŋlɔe Le: Roma
Ƒe Si Me Wòwu Eŋɔŋlɔ Nu: Ƒe 60–61 M.Ŋ. lɔƒo
ESIME yɔyɔa va na apostolo Paulo le ŋutega aɖe me be wòayi aɖagblɔ nya nyuia le Makedonia la, woa kple eƒe mɔzɔhatiwo, Luka, Sila, kple ɖekakpui Timoteo, dze mɔ enumake. Wodzo le Troa si le Asia Sue, eye woɖo tɔdziʋu enumake yi Neapoli, eye wozɔ abe kilometa 15 ene heva Filipi, si le togbɛ aɖe dzi. Luka gblɔ be dua ye nye “Makedonia nutoa ƒe du vevitɔ.” (Dɔw. 16:12) Makedonia fia Philip II lia (si nye Aleksanda Gãtɔ fofo), si xɔ dua le ƒe 356 D.M.Ŋ. me, ƒe ŋkɔe wotsɔ na dua heyɔe be Filipi. Emegbe Romatɔwo va xɔ dua. Aʋa geɖe dzɔ le nuto ma me le ƒe 42 D.M.Ŋ. me, si na Octavian, si va zu Kaisaro Augusto la, ƒe ŋusẽ li ke. Ena Filipi va zu Roma ƒe nuto wònye ŋkuɖoɖo eƒe aʋadziɖuɖua dzi.
2 Ne Paulo va ɖo du yeye aɖe me la, nu si wòwɔna gbã ye nye be, eɖea gbeƒã na Yudatɔ siwo le dua me. Ke hã, esi wòva ɖo Filipi zi gbãtɔ le ƒe 50 M.Ŋ. me la, ekpɔe be Yudatɔ ʋɛ aɖewo koe li, eye ɖewohĩ ƒuƒoƒe hã menɔ wo si o, elabena tɔ aɖe to, le dua godo, ye woƒoa ƒu le hena gbedodoɖa. Paulo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa tse ku kaba, eye ame siwo trɔ dzi me gbã la dometɔ ɖekae nye Lidia, si nye asitsala trɔ̃subɔla aɖe si va zu Yudatɔ, si xɔ Kristo ŋuti nyateƒea enumake, eye wòƒoe ɖe Paulo kple ehatiwo nu be woava dze yeƒe me. Luka ŋlɔ be: “Eye wòƒoe ɖe mía nu míege ɖe eme.” Gake eteƒe medidi o, wotsi tsitre ɖe wo ŋu, eye wotsɔ ati ƒo Paulo kple Sila hede wo gaxɔ me. Esime wonɔ gaxɔa me la, anyigba ʋuʋu, eye gaxɔdzikpɔlaa kple eƒe ƒomea ɖo to Paulo kple Sila, eye wova zu xɔsetɔwo. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, woɖe Paulo kple Sila le gaxɔa me, eye woyi ɖasrã nɔviawo kpɔ le Lidia ƒe me, de dzi ƒo na wo hafi dzo le dua me. Paulo gaɖoa ŋku xaxa siwo va wo dzi le hame yeye ma ɖoɖo le Filipi me la dzi nyuie.—Dɔw. 16:9-40.
3 Ƒe ʋɛ aɖewo megbe, esime Paulo nɔ eƒe duta nya nyui gbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia dzi la, egate ŋu yi ɖasrã Filipi hamea kpɔ. Azɔ ƒe ewo le hamea ɖoɖo megbe la, nɔvi siwo le Filipi la ɖe lɔlɔ̃ fia Paulo le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu, eye esia ʋãe woŋlɔ agbalẽ si me nyawo tso gbɔgbɔ me, si wodzra ɖo ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo dome, si wotsɔ hame ma ƒe ŋkɔ na la.
4 Biblia ŋuti nunyalawo katã kloe lɔ̃ ɖe edzi be Paulo ye ŋlɔ agbalẽa, abe ale si eya ŋutɔ gblɔe le agbalẽa ƒe kpukpui gbãtɔ me ene, eye susu le eme. Polycarp (si nɔ agbe tso ƒe 69? va se ɖe ƒe 155? M.Ŋ. me) gblɔ le ye ŋutɔ ƒe agbalẽ aɖe si wòŋlɔ na Filipitɔwo me be, Paulo hã ŋlɔ agbalẽ na wo. Biblia ŋuti nunyala gbãtɔwo, abe Ignatius, Irenaeus, Tertullian, kple Clement si tso Alexandria ene, yɔ agbalẽa me nyawo be, Paulo ye ŋlɔ wo. Woyɔe le Muratori ƒe Agbalẽ Kakɛa, si woŋlɔ le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me la me, eye edze le blemagbalẽ bubu siwo dzi woda asi ɖo la me, eye edze le Paulo ƒe agbalẽ enyi bubuwo xa le Chester Beatty Papyrus No. 2 (P46), si wosusu be woŋlɔ le ƒe 200 M.Ŋ. me lɔƒo, la me.
5 Míate ŋu agblɔe be, kakaɖedzi le afi si woŋlɔ agbalẽa le kple ɣeyiɣi si woŋlɔe la ŋu. Esime Paulo nɔ agbalẽa ŋlɔm la, enɔ gaxɔ me, eye Roma fiagã la ƒe dzɔlawo nɔ eŋu dzɔm, eye Kristotɔwo ƒe dɔwɔna geɖe nɔ edzi yim le afi ma. Etsɔ gbedoname siwo tso xɔsetɔ siwo nɔ Kaisaro ƒe me gbɔ la wu eƒe agbalẽa nu. Nu siawo na míeƒo nya ta be Roma ye wòŋlɔ agbalẽa le hafi ɖoe ɖe Filipi.—Fil. 1:7, 13, 14; 4:22; Dɔw. 28:30, 31.
6 Gake ɣekaɣie wòŋlɔ agbalẽa? Edze abe Paulo nɔ Roma wòdidi vie, si wɔe be eƒe gaxɔmenɔnɔ le esi wònye Kristotɔ ta ŋuti nya, kple susu si ta wòle afi ma ɖo, kaka ɖo Roma Fiagã ŋu dzɔlawo kple ame bubu geɖewo dome. Eye exɔ ɣeyiɣi aɖe hafi Epafrodito zɔ mɔ tso Filipi (si didi abe kilometa 1,000 ene) va Roma tsɔ nunana aɖe vae na Paulo, eye exɔ ɣeyiɣi hafi Epafrodito ƒe dɔléle le Roma ŋuti nya va ɖo Filipi, eye woƒe nuxaxa le esia ta hã tso Filipi va ɖo Roma le Paulo gbɔ. (Fil. 2:25-30; 4:18) Esi wònye wode Paulo gaxɔ me le Roma zi gbãtɔ le ƒe 59-61 M.Ŋ. me ta la, anɔ eme kokoko be eŋlɔ agbalẽ sia le ƒe 60 alo 61 M.Ŋ. me, si nye ƒe ɖeka alo esi wu nenema tso esime wòva ɖo Roma zi gbãtɔ.
7 Fu siwo Paulo kpe le vi siawo dzidzi me le Filipi to nyateƒenya la me, Filipitɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo si woɖe fia to nu siwo Paulo hiã la nanae me le eƒe mɔzɔzɔ kple fukpekpe geɖeawo me, kpakple Yehowa ƒe yayra ɖe agbagba siwo wòdze le Makedonia vava zi gbãtɔ le eƒe duta nya nyui gbɔgblɔ dɔa me dzi—nu siawo katã na lɔlɔ̃ ƒe kadodo kplikplikpli aɖe va nɔ Paulo kple Filipi nɔviawo dome. Woƒe dɔmenyonunana sia, kpakple dzitsitsi be yewoanya ale si Epafrodito le, kple ale si nya nyuia le ŋgɔ yim le Roma la, ʋã Paulo wòŋlɔ agbalẽ vivi aɖe si me nyawo de dzi ƒo na wo, heɖe eƒe lɔlɔ̃ na wo fia la na wo.
NU SI TAE VIÐE LE EŊU
12 Viɖe ka gbegbee nye esi le Filipitɔwo ƒe agbalẽa ŋu na mí! Mí katã míedi be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu, eye be Kristotɔ dzikpɔla siwo le mía dome la nakafu mí abe ale si Paulo kafu Filipi hamea ene. Esia ate ŋu ava eme na mí ne míesrɔ̃ Filipitɔwo ƒe kpɔɖeŋu nyui la, eye míewɔa aɖaŋu si Paulo ɖo na wo lɔlɔ̃tɔe la dzi. Abe Filipitɔwo ene la, ele be míanyo dɔme, adi vevie be míakpe ɖe mía nɔviwo ŋu ne woɖo xaxa me, eye míakpe asi ɖe nya nyui la ta ʋiʋli kple eɖoɖo anyi le se nu ŋu. (1:3-7) Ele be míayi edzi anɔ ‘tsitre sesĩe le gbɔgbɔ ɖeka me, ahatsɔ luʋɔ ɖeka anɔ nya nyui la ƒe xɔse la ta ʋlim aduadu,’ eye míanɔ keklẽm abe “akaɖiwo” ene le dzidzime gɔglɔ̃ totro titina. Ne míewɔa nu siawo, heyia edzi bua nu siwo ŋu wòhiã be woabu vevie ŋu la, míana mía nɔviwo nakpɔ dzidzɔ, abe ale si ko Filipitɔwo na Paulo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ la ene.—1:27; 2:15; 4:1, 8.
13 Paulo gblɔ be: “Miwɔ ɖeka miazu srɔ̃nyelawo.” Míasrɔ̃e le mɔ ka nu? Mɔawo dometɔ ɖekae nye be nu siwo le mía si le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la nadze mía ŋu. Nu ɖale Paulo si zã alo nu le ehiãm o, esrɔ̃ ale si wòatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu nyatoƒoematomatoe, bene wòatsɔ veviedodo ayi Mawu ƒe subɔsubɔdɔa dzi dzidzɔtɔe. Ele be mí katã míasrɔ̃ Paulo le lɔlɔ̃ɖeɖefia nɔvi nuteƒewɔlawo me hã. Lɔlɔ̃ kple dzidzɔ ka gbegbee nye esi dze le eƒe nyawo me esi wòƒo nu tso Timoteo kple Epafrodito ƒe subɔsubɔdɔa ŋu! Eye aleke wòse le eɖokui me be, ye kple Filipi nɔviawo dome le kplikplikpli ye nye esi, esime wògblɔ na wo be wonye ‘lɔlɔ̃tɔ, siwo le ye dzrom vevie, yeƒe dzidzɔ kple yeƒe fiakuku’!—3:17; 4:1, 11, 12; 2:19-30.
14 Mɔ bubu ka nue míate ŋu asrɔ̃ Paulo le? Eyae nye be míanɔ “du la dzi ɖo ta taɖodzinu la gbɔ”! Ame siwo katã tsɔ woƒe susu ɖo “nu siwo katã ŋu wòhiã be woabu vevie” ŋu la tsɔa ɖe le Yehowa ƒe ɖoɖo wɔnuku le dziƒo kple anyigba, afi si “aɖe sia aɖe [aʋu] eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ la, hena Mawu Fofo la ƒe kafukafu” le la, me vevie. Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le agbalẽ si woŋlɔ na Filipitɔwo me la dea dzi ƒo na ame siwo katã le mɔ kpɔm na agbe mavɔ nɔnɔ le Mawu Fiaɖuƒea te la be woayi edzi aminya taɖodzinu ma. Ke hã, ame siwo ƒe “dumevinyenye ƒe gomenɔamesi le dziƒowo,” eye wole lalam vevie be woatrɔ yewoƒe ŋutilã “wòasɔ ɖe [Kristo ƒe] ŋutikɔkɔe ƒe ŋutilã la nu,” la koŋ ye agbalẽ si woŋlɔ na Filipitɔwo la yi na. Esi ame siawo ‘le nu siwo le wo megbe la ŋlɔm be, eye wole nu siwo le wo ŋgɔ la minyam’ la, ele be woasrɔ̃ apostolo Paulo, eye ‘woanɔ du la dzi ɖo ta taɖodzinu la gbɔ, hena Mawu ƒe ameyɔyɔ yi dziƒo,’ si nye woƒe ŋutikɔkɔe domenyinyi le Dziƒofiaɖuƒe la me!—4:8; 2:10, 11; 3:13, 14, 20, 21.