Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Nukata Paulo ŋlɔ tso srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo ŋu be: “Woaɖee to vidzidzi me”?—Timoteo I, 2: 15.
Nukae nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpui sia ɖe fia ku ɖe gɔmesese si le Paulo ƒe nya siawo me ŋu? Gbɔgbɔ kɔkɔeae ʋãe wònɔ aɖaŋu ɖom le ɖoƒe si le nyɔnu Kristotɔ si le hamea me ŋu. Eŋlɔ bena: “Nenema ke nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me; menye kple ɖaƒoƒo vivivo kple sika alo adzagbawo alo awu xɔasi dodo o, ke nusi dze nyɔnu, siwo ʋua Mawu ƒe subɔsubɔ me la, enye be, woawɔ leke na wo ɖokui to dɔwɔwɔ nyuiwo me.” (Timoteo I, 2: 9, 10) Paulo nɔ nu xlɔ̃m nɔvianyɔnu Kristotɔwo be womegawɔ nusi gbɔ eme o, be woada asɔ le woƒe nudodowo tiatia me, eye woatsɔ dɔ nyuiwo wɔwɔ ‘awɔ leke’ na wo ɖokuii.
Emegbe, Paulo ɖe tanyenye ƒe ɖoɖo si le hamea me me bena: “Ke nyemeɖe mɔ na nyɔnu be, wòafia nu, eye wòaɖu ŋutsu dzi o, ke boŋ wòalé eɖokui kpoo.” (Timoteo I, 2:12; Korintotɔwo I, 11:3) Eɖe nusi dzi ɖoɖo sia nɔ te ɖo la me esime wògblɔ be Satana meble Adam o, gake Xawa ya ‘ɖe woblee ŋutɔŋutɔ, eye wòge ɖe vodada me.’ Aleke woate ŋu akpɔ nyɔnu Kristotɔ tae be magage ɖe Xawa ƒe vodada sia me o? Paulo ɖo ŋu be: “Woaɖee to vidzidzi me, ne enɔ xɔse kple lɔlɔ̃ kple kɔkɔewɔwɔ kpakple ɖokuidziɖuɖu me.” (Timoteo I, 2: 14, 15) Paulo ƒe nya siawo gɔme ɖe?
Edze abe gbegɔmeɖela aɖewo di be yewoafia be ele be vi nanɔ nyɔnu si hafi wòakpɔ ɖeɖe ene. Le kpɔɖeŋu me, Nubabla Yeye La gblɔ be: “Ke woaxɔ nyɔnu ɖe agbe to vi siwo wòdzi la me.” Gake, Paulo ƒe nyawo gɔmeɖeɖe alea mesɔ o. Mawunyakpukpui geɖe ɖee fia be hafi ame nakpɔ xɔxɔ la, ele be wòanya Yehowa, axɔ Yesu dzi ase, eye wòaɖe dzixɔse sia afia to dɔwɔwɔwo me. (Yohanes 17:3; Dɔwɔwɔwo 16:30, 31; Romatɔwo 10:10; Yakobo 2: 26 ) Hekpe ɖe eŋu la, Paulo menɔ gbɔgblɔm be vidzidzi anɔ bɔbɔe na nyɔnu xɔsetɔwo godoo o. Nyɔnuwo te ŋu dzia vi dedie, woɖanye dzixɔsetɔwo loo alo dzimaxɔsetɔwo o. Eye nublanuitɔe la, ame aɖewo hã tsia eme le woƒe vidziɣi, woɖanye dzixɔsetɔwo loo alo dzimaxɔsetɔwo o.—Mose I, 35:16-18.
Paulo ƒe nuxlɔ̃amenya siwo wògblɔ emegbe le lɛta sia ke me le nyɔnuwo ŋu kpe ɖe mía ŋu míese nya si tututu gblɔm wònɔ la gɔme. Exlɔ̃ nu tso ahosi siwo metsi o siwo nye ‘kuviatɔwo, nɔa tsatsam tso aƒeme yi aƒeme; eye menye kuvia ɖeɖeko wowɔna o, ke boŋ wonye ameŋunyagblɔlawo eye wonɔa nu dem amewo ƒe nyawo me, henɔa nya madzetowo gblɔm’ la ŋu. Aɖaŋu kae Paulo ɖo na wo? Eyi edzi be: “Eyata mele didim bena, ahosi, siwo metsi haɖe o la, naɖe srɔ̃, adzi viwo, akpɔ woƒe aƒewo dzi, bene woagaɖe mɔ na adikãtɔ la, ne wòadzu hame la o.”—Timoteo I, 5: 13, 14.
Paulo te gbe ɖe wɔƒe nyui si le nyɔnuwo si le ƒome ƒe ɖoɖo me dzi. Ne nyɔnu si le dɔ siawo si nye ‘vidzidzi kple aƒedzikpɔkpɔ wɔm eye wòyi edzi ‘nɔ xɔse kple lɔlɔ̃ kple kɔkɔewɔwɔ kpakple ɖokuidziɖuɖu me’ la, mayi nusiwo metua ame ɖo o wɔge o. Akpɔ eƒe gbɔgbɔmenyenye ta, alo ‘aɖee.’ (Timoteo I, 2: 15 ) Nuwɔwɔ alea akpe ɖe nyɔnu geɖe ŋu be wòaƒo asa na Satana ƒe ayemɔwo.
Paulo ƒe nya siwo wògblɔ na Timoteo ɖo ŋku edzi na mí, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, siaa be míadi nu viɖe aɖe anɔ wɔwɔm. Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu Kristotɔwo katã be: “Mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene.”—Efesotɔwo 5:15.