Kristo Ƒe Se La
“Mele Kristo ƒe se la me.”—KORINTOTƆWO I, 9:21.
1, 2. (a) Aleke anye ne woaxe mɔ ɖe ameƒomea ƒe vodada geɖewo nui hafi? (b) Nukae Kristodukɔa do kpo sɔsrɔ̃ tso Yuda-subɔsubɔa ƒe ŋutinya me?
“DUKƆWO kple amewo mesrɔ̃a naneke tso ŋutinya me gbeɖegbeɖe o, eye wometsɔa gɔmeɖose siwo wofɔ tso wo me hã wɔa dɔe o.” Aleae ƒe alafa 18 lia me Germaniatɔ xexemenunyala aɖe gblɔ. Le nyateƒe me, wogblɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe zɔzɔme ŋu be enye “tsukunɔnuwo wɔwɔ sɔŋ,” vodada gã kple xaxa dziŋɔ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo, siwo dometɔ geɖe ne ɖe ameƒomea lɔ̃ be yewoasrɔ̃ nu tso vodada siwo yewowɔ va yi me la, anye ne woate ŋu axe mɔ ɖe wo nu hafi.
2 Nenema ke gbegbe be womasrɔ̃ nu tso vodada siwo wowɔ va yi me o dze le míaƒe numedzodzro sia si ku ɖe Mawu ƒe sea ŋu me. Yehowa Mawu tsɔ se si nyo wu kura—Kristo ƒe se la—ɖɔ li Mose ƒe Se lae. Ke hã Kristodukɔa ƒe kplɔlawo, amesiwo gblɔna be yewonye se sia fialawo kple edziwɔlawo, mete ŋu srɔ̃ nu tso vodada gã si Farisitɔwo wɔ la me o. Le esia ta Kristodukɔa tro Kristo ƒe se la eye wozãe ɖe mɔ gbegblẽ nu abe alesi Yuda-subɔsubɔha wɔ na Mose ƒe Sea ene. Aleke wòdzɔe? Gbã la, mina míadzro se sia ŋutɔ me kpɔ—nusi wònye, amesiwo dzi wòkpɔ ŋusẽ ɖo, kple alesi wòkpɔe ɖe wo dzii, kple nusi na wòto vovo tso Mose ƒe Sea gbɔ. Emegbe míadzro alesi Kristodukɔa zãe ɖe mɔ gbegblẽ nu me. Neva eme be míato esia me asrɔ̃ nu tso ŋutinya me eye míana wòaɖe vi na mí hã!
Nubabla Yeye La
3. Ŋugbe kae Yehowa do ku ɖe nubabla yeyea ŋu?
3 Amekae ate ŋu agatrɔ asi le Se si de blibo xoxo ŋu wòaganyo ɖe edzi ne menye Yehowa Mawue o? Mose ƒe Se ƒe nubabla la de blibo. (Psalmo 19:8) Gake hã Yehowa do ŋugbe be: “Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mabla nu yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe. Manɔ abe nusi mebla kple wo fofowo le gbesigbe melé woƒe alɔnu, be makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi . . . la ene o.” Kpe dzie woŋlɔ Se Ewoawo—Mose ƒe Sea ƒe gɔmeɖokpe—ɖo. Gake Yehowa gblɔ le nubabla yeyea ŋu be: “Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu.”—Yeremya 31:31-34.
4. (a) Israel ka ŋue nubabla yeyea ku ɖo? (b) Le gbɔgbɔ me Israel-viwo megbe la, amekawo hãe gale Kristo ƒe sea te?
4 Amekawoe woate ŋu axɔ ɖe nubabla yeye sia me? Míate ŋu aka ɖe edzi be menye “Israel ƒe aƒe” la ŋutɔŋutɔ, si gbe nubabla sia ƒe Avuléla lae o. (Hebritɔwo 9:15) Kura o, “Israel” sia anye “Mawu ƒe Israel,” gbɔgbɔ me Israel-viwo ƒe dukɔ. (Galatiatɔwo 6:16; Romatɔwo 2:28, 29) “Ameha gã” si tso dukɔ sia dukɔ me eye woawo hã woadi be yewoasubɔ Yehowa la ava kpe ɖe Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la ƒe ƒuƒoƒo sue sia ŋu. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10; Zaxarya 8:23) Togbɔ be womele nubabla yeyea me o hã la, woawo hã woanɔ se te. (Tsɔe sɔ kple Mose III, 24:22; Mose IV, 15:15.) Esi wonye “alẽha ɖeka” le “alẽkplɔla ɖeka” te ta la, wo katã woanɔ “Kristo ƒe se la me,” abe alesi apostolo Paulo ŋlɔe ene. (Yohanes 10:16; Korintotɔwo I, 9:21) Paulo yɔ nubabla yeye sia be enye “nubabla, si nyo wu.” Nukatae? Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be wotui ɖe ŋugbedodo siwo va eme dzi ke menye ɖe nusiwo gbɔna dzɔdzɔ ge ƒe vɔvɔliwo dzi o.—Hebritɔwo 8:6; 9:11-14.
5. Nukae nye nubabla yeyea ƒe taɖodzinu, eye nukatae wòakpɔ dzidzedze?
5 Taɖodzinu kae le nubabla sia ŋu? Eyae nye be fiawo kple nunɔlawo ƒe dukɔ si ayra ameƒomea nado tso eme. (Mose II, 19:6; Petro I, 2:9; Nyaɖeɖefia 5:10) Dukɔ sia mete ŋu do tso Mose ƒe Se ƒe nubabla la me ɣeaɖekeɣi kpɔ le eƒe gɔmesese blibo nu o, elabena abe dukɔ ene la, Israel dze aglã eye wobu woƒe mɔnukpɔkpɔa. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 11:17-21.) Gake nubabla yeyea ya akpɔ dzidzedze godoo, elabena edo ƒome kple se si ƒomevi to vovo kura. Nukawo mee wòto vovo le?
Se si Naa Ablɔɖe
6, 7. Aleke ablɔɖe si lolo wu le Kristo ƒe sea me wu Mose ƒe Sea?
6 Wolɔ̃a ablɔɖe yɔyɔ tɔ ɖe Kristo ƒe sea ŋu. (Yohanes 8:31, 32) Woyɔe be “ablɔɖese” kple ‘se si de blibo eye wònaa ablɔɖe.’ (Yakobo 1:25; 2:12) Enye nyateƒe be teƒe aɖe koe ablɔɖe ɖesiaɖe si anɔ amegbetɔwo si la ase ɖo ya. Gake hã se sia na ablɔɖe si de ŋgɔ wu esi nɔ anyi do ŋgɔ nɛ, si nye Mose ƒe Sea. Le mɔ ka nu?
7 Le kpɔɖeŋu me, womedzi ame aɖeke ɖe Kristo ƒe sea te o. Nusiawo abe ame ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede kple ame ƒe dzɔƒe mekpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Amesiwo zua Kristotɔ vavãtɔwo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu faa me wòtsona be wolɔ̃na le woƒe dzime be yewoatsɔ sea ƒe kɔkuti si nye be yewoawɔ se sia dzi. Le etsɔtsɔ me la, wokpɔnɛ be kɔkuti bɔbɔe wònye, eye eƒe agba hã le wodzoe. (Mateo 11:28-30) Àɖo ŋku edzi be Mose ƒe Sea hã ƒe taɖodzinue nye be wòafia amegbetɔ be nuvɔ̃mee wònye eye tafevɔsa si aɖee la hiãe vevie. (Galatiatɔwo 3:19) Kristo ƒe sea fia mí be Mesia la va, etsɔ eƒe agbe xe tafe lae, eye wòʋu mɔ ɖi na mí be woaɖe mi tso nuvɔ̃ kple ku ƒe teteɖeanyi dziŋɔ la si me! (Romatɔwo 5:20, 21) Ne míedi be wòaɖe vi na mí la, ele be míatsɔ tafe ma ‘dzixɔxɔse awɔ dɔe.’—Yohanes 3:16.
8. Nuka hãe le Kristo ƒe sea me, gake nukatae mehiã be woalé se alafa geɖe ɖe susu me hafi anɔ agbe ɖe enu o?
8 ‘Xɔse tsɔtsɔ wɔ dɔe’ bia be woanɔ agbe ɖe Kristo ƒe se la nu. Efia be woawɔ ɖe Kristo ƒe sededewo katã dzi. Ðe esia fia be woalé se alafa gbogbo aɖewo ɖe susu mea? Ao. Togbɔ be Mose, nubabla xoxoa ƒe avuléla, ŋlɔ Mose ƒe Sea ɖi hã la, Yesu, nubabla yeyea ƒe Avuléla, ya meŋlɔ se ɖeka pɛ hã ɖi o. Ðe wònɔ agbe ɖe se sia nu boŋ. Eto eƒe agbenɔnɔ deblibo la dzi ɖo kpɔɖeŋu si mí katã míasrɔ̃ ɖi na mí. (Petro I, 2:21) Anye eyatae woyɔ Kristotɔ gbãtɔwo ƒe tadedeagu be “Mɔ La” ɖo. (Dɔwɔwɔwo 9:2; 19:9, 23; 22:4; 24:22) Wobu kpɔɖeŋu si Kristo ɖo le eƒe agbenɔnɔ me be eyae nye Kristo ƒe se la. Yesu sɔsrɔ̃ fia be woawɔ ɖe se sia dzi. Lɔlɔ̃ deto si le wo me nɛ la fia be woŋlɔ se sia ɖe woƒe dzi dzi, abe alesi wogblɔe ɖi ene. (Yeremya 31:33; Petro I, 4:8) Eye amesi wɔa se dzi le lɔlɔ̃ ta la, mesena le eɖokui me be wote ye ɖe to o—esia hã nye nu bubu si ta woyɔ Kristo ƒe sea be “ablɔɖese” ɖo.
9. Nukae nye nu vevitɔ si tututu dzi wotu Kristo ƒea sea ɖo, eye aleke se sia ku ɖe sedede yeyea ŋui?
9 Ne lɔlɔ̃ nɔ vevie le Mose ƒe Sea me la, le Kristotɔwo ƒe sea gome la, eya koŋ ye nye sea. Eyata wode se yeye aɖe le Kristo ƒe sea me—ele be ɖokuitsɔtsɔsavɔlɔlɔ̃ nanɔ Kristotɔwo me na wo nɔewo. Ele be woalɔ̃ wo nɔewo abe alesi Yesu lɔ̃ woe ene; etsɔ eƒe agbe ke faa ɖe exɔlɔ̃wo ta. (Yohanes 13:34, 35; 15:13) Eyata esɔ be míagblɔ be teokrasidziɖuɖu si de ŋgɔ wu dze le Kristo ƒe sea me wu Mose ƒe Sea. Abe alesi magazine sia gblɔe va yi kpɔ ene la: “Teokrasi nye Mawu ƒe dziɖuɖu; Mawu nye lɔlɔ̃; eyata teokrasi nye lɔlɔ̃ ƒe dziɖuɖu.”
Yesu Kple Farisitɔwo
10. Aleke Yesu ƒe nufiafia to vovo na Farisitɔwo tɔe?
10 Eyata mewɔ nuku o be Yesu ƒe nuwɔna to vovo na eŋɔli me Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo tɔ. Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe susu le didiƒe ʋĩ ke na “ablɔɖese” la. Wodze agbagba be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi to se siwo nye amegbetɔwɔwɔe tɔwo dzi. Woƒe nufiafia va zu ameteteɖeanyi, fɔbubuame, kple nusiwo hea ame ɖe megbe. To vovo sã na ema la, Yesu ƒe nufiafia tua ame ɖo eye wòɖea vi na ame ale gbegbe! Eƒe nyawo sɔ eye wòkpɔ amewo ƒe nuhiahiã kple dzimaɖitsitsi ŋutɔŋutɔwo gbɔ. Efia nu le mɔ si egɔme anya se nu eye veveseseɖeamenu vavãtɔ nɔ eme, ezã kpɔɖeŋu siwo tso gbesiagbegbenɔnɔ me nuwo me eye wòyɔ nya tso Mawu ƒe Nya la me. Ewɔe be ‘amehawo ƒe nu ku le alesi wòfiaa nui ŋu.’ (Mateo 7:28) Nyateƒee, Yesu ƒe nufiafia ɖo amewo ƒe dzi gbɔ!
11. Aleke Yesu fia alesi wòle be woatsɔ Mose ƒe Sea awɔ dɔe le ameŋububu kple nublanuikpɔkpɔ me hafii?
11 Le se bubuwo tsɔtsɔ kpe Mose ƒe Sea teƒe la, Yesu fia alesi wòle be Yudatɔwo nanɔ Se la ŋudɔ wɔmee ɣemaɣiwo katã la boŋ—le nugɔmesesename kple nublanuikpɔkpɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ɖo ŋku ɣeyiɣi si me nyɔnu aɖe si ŋu ʋusisidɔ nɔ te ɖe eŋu la dzi. Le Mose ƒe Sea me la, amesiame si ŋu wòaka asii la azu ame makɔmakɔ, eyata mele kura be wòava amehawo dome o! (Mose III, 15:25-27) Gake enɔ dɔyɔyɔ dim vevie ale gbegbe be wòdze ameha la va ka asi Yesu ƒe awu ŋu. Ʋusisia nu tso enumake. Ðe Yesu bu fɔe be eda Sea dzia? Ao; ese nɔnɔme sesẽ si me wònɔ la me nɛ eye wòɖe gɔmeɖose vevitɔ si nɔ Sea me—lɔlɔ̃—fia boŋ. Egblɔ nɛ veveseseɖeametitɔe be: “Vinyenyɔnuvi, wò xɔse la ɖe wò; heyi le ŋutifafa me, wò lãme nasẽ tso wò dɔléle la me!”—Marko 5:25-34.
Ðe Kristo ƒe Sea Ʋu Mɔ Ði Akpaa?
12. (a) Nukata mele be míatsɔe be Kristo ɖe mɔ ɖe nusianu ŋu o? (b) Nukae fia be sedede kpaŋkpaŋ na wodia gbagbãƒe kpaŋkpaŋ le sewo ŋu?
12 Ke ɖe wòle be míatsɔe be esi Kristo ƒe sea nye “ablɔɖese” ta la, eʋu mɔ ɖi akpa, gake Farisitɔwo, kple woƒe kɔnyinyi gbogbo siwo wogblɔ kple nu ko, na dzidzenu siwo dze kɔte si nu woanɔ agbe ɖo ya teti amewoa? Ao. Se siwo li egbea na wòdze kɔte be zi geɖe la, alesi sewo sɔ gbɔe la, nenema ke amewo kpɔa gbagbãƒewo le wo ŋui.a Farisitɔwo ƒe se gbogbo siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me la ʋu mɔ ɖi be woadi gbagbãƒewo le wo ŋu, be woawɔ nu le esi wobiae tso wo si ko ta, lɔlɔ̃ manɔmee, eye be woawɔ ame ɖokui ame dzɔdzɔe le gota atsɔ atsyɔ nu nufitifitiwɔwɔ siwo le ame me dzi.—Mateo 23:23, 24.
13. Nukatae Kristo ƒe sea naa agbenɔnɔ ƒe dzidzenu si de ŋgɔ wu se ɖesiaɖe si woŋlɔ ɖi la ame?
13 Gake Kristo ƒe sea ya meƒãa nɔnɔme siawo ɖe ame me o. Le nyateƒe me la, wɔwɔ ɖe se si wotu ɖe lɔlɔ̃ na Yehowa dzi si dzi wowɔna le Kristo ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔlɔlɔ̃ na ame bubuwo sɔsrɔ̃ me la naa agbenɔnɔ ƒe dzidzenu si de ŋgɔ sua ame si wu wɔwɔ ɖe se dzi le esi wònye see wònye wode ta ko. Lɔlɔ̃ media gbagbãƒewo le se ŋu o; menaa míewɔa nu gbegblẽ siwo nu womade se ɖo tẽ le se ŋutɔ me o. (Kpɔ Mateo 5:27, 28.) Eyata Kristo ƒe se la aʋã mí be míawɔ nu na amewo—be míanyo dɔme na wo, awɔ amedzro na wo, eye míalɔ̃ wo—le mɔ siwo nu sedede tẽ mate ŋu ana míawɔe le o nu.—Dɔwɔwɔwo 20:35; Korintotɔwo II, 9:7; Hebritɔwo 13:16.
14. Ŋusẽ kae agbenɔnɔ ɖe Kristo ƒe sea nu kpɔ ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe hamea dzi?
14 Alesi Kristo-hame gbãtɔa me tɔwo nɔ agbe ɖe Kristo ƒe sea nui la, nenemae vividodoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ nɔ wo domee, eye se sesẽ kpaɖii, ʋɔnudɔdrɔ̃ame, kple ameŋkumenuwɔwɔ si bɔ ɖe ƒuƒoƒewo ɣemaɣi la mebɔ ɖe eme o. Hame yeye siawo me tɔwo asee le wo ɖokui me be nyateƒee, yewole agbe nɔm ɖe “ablɔɖese” la nu!
15. Agbagba kawoe Satana dze le gɔmedzedzea me be yeagblẽ nu le Kristo-hamea ŋu?
15 Gake Satana ɖoe godogodo be ɖeko yele Kristo-hamea gblẽ ge to emetɔwo dzi, abe alesi yegblẽ Israel-dukɔa ene. Paulo na wonya do ŋgɔ be ŋutsu siwo le abe amegãxiwo ene, siwo “gblɔa nya dàdawo” eye woate Mawu ƒe alẽha la ɖe to ava. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Ehiã be wòawɔ avu kple Yuda-subɔsubɔha taʋlilawo, amesiwo di be yewoatsɔ ablɔɖe si se ɖe afi aɖe si le ame si le Kristo ƒe sea te la aɖɔ li kluvinyenye na Mose ƒe Sea, si va eme le Kristo me lae. (Mateo 5:17; Dɔwɔwɔwo 5:1; Romatɔwo 10:4) Le apostolo mamlɛtɔ ƒe ku megbe la, naneke meganɔ anyi si axe mɔ na xɔsegbegbe ma o. Eyata eva bɔ be wotɔtɔ nuwo le hamea me.—Tesalonikatɔwo II, 2:6, 7.
Kristodukɔa Gblẽ Kristo ƒe Se la Me
16, 17. (a) Ðiƒoƒo kae ge ɖe Kristodukɔa me? (b) Aleke Katolikoha la ƒe sewo tro amewo ƒe nukpɔsusu le gbɔdɔdɔ ŋui?
16 Abe alesi wònɔ le Yuda-subɔsubɔa gome ene la, menye nɔnɔme ɖeka me koe tɔtɔ va le le Kristodukɔa me o. Alakpanufiafiawo kple agbe maɖɔʋu nɔnɔ ge ɖe eya hã me. Eye agbagba siwo wòdze be yeakpɔ yeƒe hameviwo ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo tso egodo me la tututue vuvu tadedeagu dzadzɛtɔ ƒe akpa siwo susɔ la ʋayaʋaya. Wode se sesẽ siwo menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o kpaŋkpaŋ.
17 Katolikoha la koŋ mee wode sɔlemese gbogbo ŋutɔ aɖewo le. Gbɔdɔdɔnyawo koŋ mee se siawo tro le. Agbalẽ si nye Sexuality and Catholicism gblɔ be sɔlemeha la xɔ Stoa ƒe Helatɔwo ƒe xexemenunya, si kpɔa nu gbegblẽ aɖe le dzidzɔkpɔkpɔ ɖesiaɖe ƒomevi ŋu kokoko. Ha la va fia nu be gbɔdɔdɔ ƒe vivisese ɖesiaɖe, si me srɔ̃tɔwo ƒe gbɔdɔdɔ si sɔ hã le, nye nuvɔ̃. (Gake xlẽ Lododowo 5:18, 19.) Wogblɔ be vidzidzi ta koe gbɔdɔdɔ li ɖo, meganye ɖe nu bubu aɖeke ta o. Eyata sɔlemese de se ɖe mɔxexeɖefufɔfɔnu ƒomevi ɖesiaɖe nu be enye nuvɔ̃ gã aɖe, si abia ɣeaɖewoɣi be woafia fu ame ɖokui ƒe gbogbo aɖewo. Hekpe ɖe eŋu la, wogbe srɔ̃ɖeɖe na nunɔlawo, se sia na wowɔ gbɔdɔdɔ manɔsenu nu geɖewo, siwo ƒe ɖewoe nye ɖeviwo gbɔ dɔdɔ.—Timoteo I, 4:1-3.
18. Nukae do tso sɔlemesewo dzidzi ɖe edzi me?
18 Esi sɔlemeseawo va nɔ agbɔ sɔm la, woƒo wo nu ƒu de agbalẽwo me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, agbalẽ siawo me nyawo va tsyɔ Biblia me nyawo dzi eye wova xɔ ɖe wo teƒe. (Tsɔe sɔ kple Mateo 15:3, 9.) Abe Yuda-subɔsubɔha la ene la, Katolikoha la hã mexɔ xexemegbalẽwo dzi se o eye kura gɔ̃ hã wobu wo dometɔ geɖe ŋɔdzidonuwoe. Mede ɣeyiɣi aɖeke hafi nukpɔsusu sia va yi ŋgɔ boo gbɔ nusi Biblia ƒe nuxlɔ̃ame si me susu le le nya sia ŋu la ŋu o. (Nyagblɔla 12:12; Kolosetɔwo 2:8) Jerome, ƒe alafa enelia M.Ŋ. me sɔlemehagbalẽŋlɔla aɖe, gblɔ ŋusẽtɔe be: “O, Aƒetɔ, ne xexemegbalẽ aɖe aganɔ asinye ake alo magaxlẽ wo ake la, ke megbe nu le gbɔwò.” Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ha la va dze agbalẽwo me dzodzro bene woadi vodada le wo me gɔme—le agbalẽ siwo me nyawo ku ɖe xexemenyawo ŋu hã gome. Ale le ƒe alafa 17 lia me, wobu fɔ ɣletivimenunyala Galileo be eŋlɔ be ɖe anyigba ƒoa xlã ɣea. Sɔlemeha la ƒe tɔtete ɖe edzi be ele be yewoe anye nyametsola mamlɛawo le nusianu ŋu—le ɣletivimenunya ŋu hã—va gblẽ nu le Biblia dzixɔxɔse ŋu mlɔeba.
19. Aleke saɖagaƒewo de dzi ƒoe be woabɔbɔ ɖe dzizizidziɖuɖu te?
19 Sɔlemeha la ƒe sewo dede kpɔ dzidzedze le saɖagaƒewo me, afisi saɖaganunɔla siwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso xexe sia me gbɔ la va nɔna. Katolikotɔwo ƒe saɖaganɔƒe geɖewo wɔna “Benedict Kɔkɔe ƒe Sewo” dzi. Abbot alo saɖaganunɔlagã (si nye ŋkɔ si woɖe tso Aramgbe me nya si wozãna na “fofo” me) ɖu dzi kple ŋusẽ blibo. (Tsɔe sɔ kple Mateo 23:9.) Ne saɖaganunɔla aɖe dzilawo ɖo nunana ɖe via la, saɖaganunɔlagã lae tsoa nya me ne nunɔla mae axɔe loo alo nunɔla bubue woatsɔe na. Hekpe ɖe sedede ɖe gbegblẽnyawo gbɔgblɔ ŋu la, seawo dometɔ ɖeka tsri dzeɖoɖo kple nukokoedoamenya gbɔgblɔ ɖesiaɖe eye wògblɔ be: “Nusrɔ̃la aɖeke mekpɔ mɔ agblɔ nya mawo o.”
20. Nukae fia be Protestant hawo hã de se siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o siwo nye dzizizisewo ƒe dzi ƒo?
20 Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi Protestant-hawo, siwo di be yewoatrɔ asi le Katolikoha la ƒe nugbɔmewɔwɔwo ŋu, hã bi ɖe dzizizise siwo wometu ɖe Kristo ƒe sea dzi kura o dede me o. Le kpɔɖeŋu me, wova yɔ ɖɔɖɔɖowɔla vevitɔ John Calvin be “Ðɔɖɔɖoha la ƒe sedela.” Eto se sesẽ siwo wòde kpaŋkpaŋ siwo “hamemetsitsiwo,” amesiwo ƒe “ŋusẽnɔƒe” Calvin gblɔ be eyae nye be “woakpɔ amesiame ƒe agbe dzi,” amesiwo kpɔa egbɔ be wowɔ wo dzi la dzi, ɖu dzi le Geneva. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 1:24.) Sɔlemeha la kpɔ ŋusẽ ɖe amedzrodzeƒewo dzi eye wokpɔa ŋusẽ ɖe dze siwo dze be woaɖo le afimawo dzi. Tohehe sesẽwo li ɖe agɔdzedzewo abe ha gbɔlowo dzidzi alo ɣeɖuɖu ene ŋu.b
Nusɔsrɔ̃ tso Kristodukɔa ƒe Vodadawo Me
21. Nukawoe do tso Kristodukɔa ƒe nɔnɔme si nye be ‘woadze le nusiwo woŋlɔ ɖi la ŋu’ me?
21 Ðe se gbogbo siawo wɔe be wokpɔ Kristodukɔa ta be tɔtɔ mege ɖe eme oa? Kura o! Egbea Kristodukɔa me mã kakɛkakɛe ɖe kɔmamã alafa geɖewo me, tso esiwo de se siwo sẽ akpa dzi va ɖo esiwo ɖe mɔ ɖe nusianu ŋu dzi. Wo katã ‘wodze le nusiwo woŋlɔ ɖi ŋu’ le mɔ aɖe nu, woɖe mɔ wotsɔa amegbetɔ ƒe susu kplɔa ha lae eye wodoa kplamatse Mawu ƒe se.—Korintotɔwo I, 4:6.
22. Aleke Kristodukɔa ƒe tatra mefia Kristo ƒe sea ƒe nuwuwui o?
22 Gake Kristo ƒe se la medo kpo nu o. Yehowa Mawu maɖe mɔ gbeɖe be amegbetɔ tsɛwo naɖe Mawu ƒe se ɖa o. Kristotɔwo ƒe se la le dɔ wɔm kple ŋusẽ gã aɖe le nyateƒe Kristotɔwo dome, eye mɔnukpɔkpɔ gãe wònye na wo be wonɔa agbe ɖe enu. Gake esi míedzro nusi Yuda-subɔsubɔ kple Kristodukɔa wɔ Mawu ƒe sea me vɔ la, esɔ be míabia be, ‘Aleke míawɔ anɔ agbe ɖe Kristo ƒe sea nu eye amegbetɔ ƒe susu kple se siwo na womedea bubu Mawu ƒe sea ŋu o si nye ɖiƒoƒo Mawu ƒe Nya la ƒe mɔ̃ magaɖe mí o? Nukpɔsusu si da sɔ kae wòle be Kristo ƒe sea naƒã ɖe mía me egbea?’ Nyati si gbɔna aɖo biabia siawo ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Farisitɔwo koŋ gbɔe Yuda-subɔsubɔha si li egbea la tso, eyata mewɔ nuku o be Yuda-subɔsubɔha la gadia gbagbãƒewo kokoko le Sabat la ŋuti se gbogbo siwo wogade kpee me. Le kpɔɖeŋu me, ne amedzro aɖe yi Orthodɔks Yudatɔwo ƒe kɔdzi le Sabat dzi la, akpɔ be woƒe dziƒoxɔliamɔ̃wo tɔna ɖe dzisasrã ɖesiaɖe dzi ale be edzinɔlawo magawɔ “dɔ” si wɔwɔ nye nuvɔ̃ si nye be woate asi ɖe afisi wotea asi ɖo hafi wòtɔna dzi o. Orthodɔks ɖɔkta aɖewo tsɔa nuŋlɔtsi si atutu ɖa le ŋkeke aɖewo ko megbe la ŋlɔa atike na dɔnɔwo. Nukatae? Mishnah la bu nuŋɔŋlɔ de “dɔwɔwɔ” me gake eɖe “nuŋɔŋlɔ” gɔme be enye dzesi si anɔ anyi adidi gbegblẽ ɖi.
b Wotɔ dzo Servetus, amesi he nya ɖe Calvin ƒe nukpɔsusu aɖewo le mawunya me ŋu la ɖe ati ŋuti be enye aglãdzela.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Nukae nye nusi tututu dzi wotu Kristo ƒe sea ɖo?
◻ Aleke Yesu ƒe nufiafia to vovo tso Farisitɔwo tɔ gbɔe?
◻ Aleke Satana zã se sesẽwo dede ƒe nɔnɔme tsɔ gblẽ nu le Kristodukɔa ŋui?
◻ Nu nyui siwo dona tsoa wɔwɔ ɖe Kristo ƒe sea dzi me ƒe ɖewo ɖe?
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Susu kple nublanuikpɔkpɔ nɔ alesi Yesu zã Mose ƒe Sea me