Ta 44
Nyaɖeɖefia—Alesi Wòka Wòe
1. (a) Kakaɖedzi bubu kae mawudɔla la gana Yohanes ku ɖe Nyaɖeɖefia me ŋugbedodo wɔnukuwo katã ŋu? (b) Amekae gblɔ be “Megbɔna kpuie,” eye ɣekaɣie anye eƒe ‘vava’ sia?
ESI nèxlẽ Yerusalem Yeyea ŋu nya dodzidzɔnameawo vɔ la, ɖewohĩ èse le ɖokuiwò me be yeabia be: ‘Ðe nane si wɔ nuku alea gbegbe ava ŋutɔŋutɔa?’ Yohanes gblɔ mawudɔla la ƒe nya siwo kplɔe ɖo la tsɔ ɖo nya ma ŋui be: “Eye wògblɔ nam bena: Nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo, eye nyagblɔɖilawo ƒe gbɔgbɔwo ƒe Aƒetɔ, Mawu la dɔ eƒe dɔla, bene wòaɖe nusiwo le eme va ge kpuie la, afia eƒe dɔlawo. Eye kpɔ ɖa, megbɔna kpuie: Woayra amesiwo lé agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me ɖe asi la.” (Nyaɖeɖefia 22:6, 7) Nyaɖeɖefia me ŋugbedodo wɔnukuawo katã ava eme ŋutɔŋutɔ! Esi mawudɔla la nɔ nu ƒom le Yesu ƒe ŋkɔ me la, egblɔ be Yesu ava kaba, “kpuie.” Esia anye Yesu ƒe vava “abe fiafitɔ ene” bene yeatsrɔ̃ Yehowa ƒe futɔwo eye yeahe Nyaɖeɖefia taƒoƒo wɔnuku dodzidzɔnamea vɛ. (Nyaɖeɖefia 16:15, 16) Eyata ele be míanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple ‘agbalẽxatsaxatsa sia’ si nye Nyaɖeɖefia la me nyawo ale be woayɔ mí dzidzɔtɔwoe ɣemaɣi.
2. (a) Aleke Yohanes wɔ nu ɖe nya xɔasi siwo woɖe fiae la ŋu, eye nukae mawudɔla la gblɔ nɛ? (b) Nukae míesrɔ̃ tso mawudɔla la ƒe nya siawo be “Kpɔ ɖa, megawɔe o,” kple “De ta agu na Mawu ko” la me?
2 Le Nyaɖeɖefia wɔnuku sia xɔxɔ megbe la, nusitae Yohanes kpɔ dzidzɔ manyagblɔ la gɔme anya se: “Eye nye Yohanes ye nye amesi se nusiawo, eye mekpɔ wo. Eye esi mese wo, eye mekpɔ wo la, medze klo, be made ta agu ɖe mawudɔla, si ɖe nusiawo fiam la, ƒe afɔ nu. Eye wògblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo nye nyagblɔɖilawo kple amesiwo lé agbalẽ sia me nyawo me ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko!” (Nyaɖeɖefia 22:8, 9; tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 19:10.) Nuxlɔ̃me sia si wogblɔ zi eve be womegade ta agu na mawudɔlawo o la sɔ ɖe edzi le Yohanes ƒe ɣeyiɣia me, esime wòdze ƒã be ame aɖewo de ta agu na wo alo gblɔ be yewoxɔ ɖeɖefia tɔxɛwo tso mawudɔlawo gbɔ la. (Korintotɔwo I, 13:1; Galatiatɔwo 1:8; Kolosetɔwo 2:18) Egbea ete gbe ɖe nyateƒe si wònye be ele be míade ta agu na Mawu ɖeɖeko la dzi. (Mateo 4:10) Mele be míatsɔ ta dede agu na ame aɖe alo nu bubu aɖe atsaka tadedeagu vavãtɔ la o.—Yesaya 42:5, 8.
3, 4. Nukae mawudɔla la yi edzi gblɔ na Yohanes, eye aleke amesiaminawo ɖo to eƒe nyaawoe?
3 Yohanes yi edzi be: “Eye wogblɔ nam bena: Megatre agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo nu o; elabena ɣeyiɣi [ɖoɖi] la tu aƒe. Amesi ke wɔa vɔ̃ la, nenɔ vɔ̃wɔwɔ dzi ko, eye amesi ke nye ɖime la, nenɔ ɖinuwɔwɔ la dzi ko; eye amesi nye ame dzɔdzɔe la, nenɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ la dzi ko, eye amesi ke le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye la dzi ko.”—Nyaɖeɖefia 22:10, 11.
4 Amesiamina susɔea siwo li egbea ɖo to mawudɔla la ƒe nyawo. Wometre nyagblɔɖinyawo nu o. Ẽ, Zion’s Watch Tower and Herald of Christ’s Presence ƒe tata gbãtɔ (July 1879) ɖe Nyaɖeɖefia ƒe kpukpui gbogbo aɖewo gɔme. Abe alesi míekpɔe le agbalẽ sia ƒe ta gbãtɔa me ene la, le ƒe geɖe siwo va yi me la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta agbalẽ bubu siwo ɖe Nyaɖeɖefia me. Fifia míegale nyateƒealɔ̃lawo katã ƒe susu hem yi Nyaɖeɖefia me nyagblɔɖi sẽŋuwo kple wo me vava dzie.
5. (a) Ne amewo di be yewoaŋe aɖaba aƒu nuxlɔ̃me kple aɖaŋuɖoɖo siwo le Nyaɖeɖefia me dzi ɖe, nukae? (b) Nukae le be wòanye ame fafawo kple ame dzɔdzɔewo ƒe nuwɔna ɖe eŋu?
5 Ne amewo di be yewoaŋe aɖaba aƒu Nyaɖeɖefia me nuxlɔ̃meawo dzi la, ke wonewɔe! “Amesi ke wɔa vɔ̃ la, nenɔ vɔ̃wɔwɔ dzi ko.” Amesiwo le wo ɖokui blibam ɖe xexe sia si ɖea mɔ ɖe nugbegblẽwɔwɔ ŋu ƒe ɖi me la ate ŋu aku ɖe eme ne emae nye nusi wotia. Eteƒe madidi o, Yehowa ahe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo vɛ bliboe, eye adze egɔme tso Babilon Gã la tsɔtsrɔ̃ dzi. Ame fafawo neku kutri ne woaɖo to nyagblɔɖila la ƒe nyawo be: “Midi Yehowa, . . . midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, ame aɖe menya nu o woatsɔ mi aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!” (Zefanya 2:3) Le amesiwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa xoxo gome la, “amesi nye ame dzɔdzɔe la, nenɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ la dzi ko, eye amesi ke le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye la dzi ko.” Nunyalawo nya be ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe viɖe si atso nuvɔ̃wɔwɔ me la dometɔ aɖeke mate ŋu asɔ kple yayra mavɔ siwo asu amesiwo tia dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye yome si la o. Biblia gblɔ be: ‘Minɔ mia ɖokui dodo kpɔ dzi be ɖe miele xɔse la me hã, miɖo kpe nusi mienye la dzi na mia ɖokui.’ (Korintotɔwo II, 13:5) Woanɔ te ɖe agbemɔ si nètia helé ɖe asi la dzi atu fe na wò.—Psalmo 19:10-12; 58:11, 12.
6. Nukae Yehowa gblɔ esime wònɔ nu ƒom na Nyaɖeɖefia xlẽlawo zi mamlea le nyagblɔɖi me?
6 Yehowa, Fia mavɔmavɔ la le nu ƒom azɔ na Nyaɖeɖefia xlẽlawo zi mamlea le nyagblɔɖia me be: “Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋutinye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu. Nyee nye Alfa kple Omega, gbãtɔ kple mlɔetɔ, gɔmedzedze kple nuwuwu. Woayra amesiwo nyã woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me. Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.”—Nyaɖeɖefia 22:12-15.
7. (a) Nukae Yehowa ‘gbɔna kpuie’ be yeava wɔ? (b) Nukatae Kristodukɔa ƒe osɔfowo makpɔ gome aɖeke le Yerusalem Yeyea me o?
7 Yehowa Mawu gate gbe ɖe eƒe fianyenye mavɔ la kple nyateƒe si wònye be awɔ nusi ƒe tame wòɖo le gɔmedzedzea me la dzi. Egbɔna “kpuie” bene yeahe ʋɔnudɔdrɔ̃ vɛ eye yeana fetu amesiwo subɔnɛ la. (Hebritɔwo 11:6) Eƒe dzidzenuwo dzie woanɔ te ɖo atso nya me le amesiwo axɔ fetua kple amesiwo woatsɔ aƒu gbe la ŋu. Kristodukɔa ƒe osɔfowo wɔ nu abe ‘avũ aɖetututɔwo’ ene, wowɔ abe ɖe womekpɔ nu gbegblẽ siwo Yehowa yɔ le afisia o ene. (Yesaya 56:10-12; kpɔ Mose V, 23:18 hã, New World Translation Reference Bible, etenuŋɔŋlɔ.) Le nyateƒe me la, ‘wolɔ̃’ aʋatsonufiafiawo kple aʋatsodzixɔsewo eye woŋe aɖaba ƒu aɖaŋu si Yesu ɖo na hame adreawo la dzi keŋkeŋ. Eyata gome aɖeke meli na wo le Yerusalem Yeyea me o.
8. (a) Amekawo koe ‘ayi ɖe agbetiawo gbɔ,’ eye nukae esia fia? (b) Aleke ameha gã la ‘nyã woƒe awuwoe,’ eye aleke woyia edzi léa tenɔnɔ dzadzɛ me ɖe asie?
8 Kristotɔ amesiamina mawo siwo “nyã woƒe awuwo” vavã ale be woanɔ kɔkɔe le Yehowa ŋkume la ko sie mɔnukpɔkpɔa asu be ‘woayi agbetiawo gbɔ.’ Efia be, woana makumakugbenɔnɔ ƒe gome wo be wòanye woƒe nunɔamesi. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 3:22-24; Nyaɖeɖefia 2:7; 3:4, 5.) Le woƒe ku abe amegbetɔwo ene megbe la, woɖea mɔ na wo be woage ɖe Yerusalem Yeyea me to tsitretsitsi dzi. Mawudɔla 12 la ɖea mɔ na wo be woage ɖe eme eye woxea mɔ ɖe aʋatsokala kple ɖime siwo katã gblɔna be dziƒomɔkpɔkpɔa le yewo si la nu. Ameha gã si le anyigba dzi la hã ‘nyã woƒe awuwo eye wowɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me’ eye ele be woalé woƒe tenɔnɔ dzadzɛa me ɖe asi. Woate ŋu awɔ esia ne wotsri nu gbegblẽ siwo ŋu Yehowa xlɔ̃ nu le la, eye wona Yesu ƒe nuxlɔ̃me siwo le gbedasi adre siwo wòɖo ɖe hame adreawo me la de dzi gbɔ na wo.—Nyaɖeɖefia 7:14; ta 2 kple 3.
9. Nya kawoe Yesu gblɔ, eye amekawo ŋu koŋ ye eƒe nyawo kple Nyaɖeɖefia bliboa ku ɖo?
9 Le Yehowa megbe la, Yesu ƒo nu. Egblɔ dzideƒonyawo na amesiwo si dzi dzɔdzɔe le siwo xlẽa Nyaɖeɖefia la be: “Nye Yesu ye nye amesi dɔ nye mawudɔla la, bene wòaɖi ɖase le nusiawo ŋuti na mi hena hameawo. Nyee nye Dawid ƒe ke kple eƒe ƒome, ŋukeɣletivi keklẽ la.” (Nyaɖeɖefia 22:16) Ẽ ‘hameawoe’ woŋlɔ agbalẽ sia na koŋ. Gbã la, esia nye gbedasi si woŋlɔ na Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame si le anyigba dzi la. Kristotɔ amesiamina siwo anyi Yerusalem Yeyea ƒe dome koŋ ye woŋlɔ nusiwo katã le Nyaɖeɖefia me la na. To hame ma dzi la, mɔnukpɔkpɔ su ameha gã la hã si be woase nyagblɔɖinya xɔasi mawo me.—Yohanes 17:18-21.
10. Nukatae Yesu yɔ eɖokui be (a) ‘Dawid ƒe ke kple eƒe dzidzimevi’? (b) “ŋukeɣletivi”?
10 Wotsɔ Nyaɖeɖefia de asi na Yesu be wòatsɔ na Yohanes eye to eya hã dzi hena hamea. Yesu nye ‘Dawid ƒe ke kpakple eƒe dzidzimevi.’ Edzɔ tso Dawid me le ŋutilã nu eye le esia ta edze be wòanye Fia le Yehowa ƒe Fiaɖuƒea me. Azu Dawid “fofo mavɔ” hã, kpakple Dawid ƒe “ke.” (Yesaya 9:5; 11:1, 10) Eyae nye Fia mavɔmavɔ makumaku si dzɔ tso Dawid ƒe ƒomea me, esi dzi nubabla si Yehowa wɔ kple Dawid va eme ɖo, kpakple ‘ŋukeɣletivi keklẽ’ si ƒe nya wogblɔ ɖi le Mose ƒe ŋkekea me la. (Mose IV, 24:17; Psalmo 89:35-38) Eyae nye “ŋukeɣletivi” si dona, si nana be ŋu kena. (Petro II, 1:19) Futɔ gã Babilon Gã la ƒe aɖaŋu vɔ̃awo mete ŋu xe mɔ na ŋutikɔkɔe ƒe dodo sia o.
Gblɔ be: “Va!”
11. Amekpekpe si ƒe mɔnu le ʋuʋu ɖi na amesiame kae Yohanes tsɔ na azɔ, eye amekawoe awɔ ɖe edzi?
11 Eɖo Yohanes ŋutɔ dzi be wòaƒo nu azɔ. Edo ɣli tso dzi si yɔ gbagba kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo katã wòkpɔ hese ŋu la me be: “Eye gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa.” (Nyaɖeɖefia 22:17) Yesu ƒe tafevɔsa la ƒe viɖewo mase ɖe ame 144,000 la ko dzi o, elabena amekpekpe si yi na amesiame ye nye sia. Yehowa ƒe gbɔgbɔ si ʋãa ame la wɔa dɔ to ŋugbetɔ ƒe ha la dzi, ale be woyi edzi le gbe ƒã ɖem gbedasia sesĩe eye eme kɔna keŋ be: “[Xɔ] agbetsi la no faa.” (Kpɔ Yesaya 55:1; kpɔ 59:21 hã.) Amesiame si dzɔdzɔenyenye ƒe tsikɔ le wuwum la “neva” xɔ Yehowa ƒe dɔmenyonunana gbogboawo. (Mateo 5:3, 6) Amesiwo katã si anyigba dzi mɔkpɔkpɔa le, siwo xɔa Yohanes habɔbɔ la me tɔ amesiaminawo ƒe amekpekpe sia la ƒe mɔnukpɔkpɔ lolo loo!
12. Aleke ameha gã la wɔ nu ɖe amekpekpe si le Nyaɖeɖefia 22:17 me la ŋue?
12 Tso ƒe 1930 ƒe ƒeawo gɔmedzedze me lɔƒo la, ameha gã la me tɔ siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi, amesiwo “le esem” la—ɖoa to amekpekpea. Abe wo nɔvi dɔla amesiaminawo ene la, tenɔnɔ dzadzɛ su wo si le Yehowa gbɔ. Wokpɔa mɔ na ɣeyiɣi si me Yerusalem Yeyea aɖi tso dziƒo bene yayrawo nato edzi ava na ameƒomea la vevie. Esi ameha gã la se Nyaɖeɖefia ƒe gbedasi ʋãmea la, menye ɖeko wogblɔna be “Va!” ko o ke boŋ wotsɔa dzonɔameme ƒoa ame bubuwo nu ƒu vaa Yehowa ƒe habɔbɔa mee, henaa hehe wo be woawo hã nagblɔ be: “Amesi tsikɔ le ewum la, neva.” Eyata ameha gã la ƒe xexlẽme yi edzi le dzidzim ɖe edzi, esi amesiwo wu 4,000,000 le anyigba siwo wu 200 dzi le xexeame katã la kpɔa gome kple ŋugbetɔ la ƒe ha la me tɔ amesiaminawo, amesiwo ƒe xexlẽme megade 9,000 o la, le amekpekpea keke ɖe enu na ame bubuwo me be ‘woaxɔ agbetsi la ano.’
13. Nuxlɔ̃menya kae Yesu gblɔ?
13 Yesue gaƒo nu ake eye wògblɔ be: “Mele ɖase ɖim na amesiame, si le agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo sem la bena, ne ame aɖe tsɔ nane kpe ɖe nya siawo ŋuti la, ekema Mawu atsɔ fuwɔame, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la, akpe ɖe eŋuti nɛ; eye ne ame aɖe aɖe nane le agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me la, ekema Mawu aɖe eƒe gome atso agbeti la kple du kɔkɔe, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me.”—Nyaɖeɖefia 22:18, 19.
14. Aleke Yohanes habɔbɔa bua Nyaɖeɖefia me ‘nyagblɔɖi’ lae?
14 Ele be amesiwo nye Yohanes habɔbɔ la me tɔwo nahe ame ƒe susu ayi Nyaɖeɖefia me ‘nyagblɔɖia’ dzi. Mele be woaɣlae alo atsɔ ɖe akpee o. Ele be woaɖe gbe ƒã eƒe gbedasia le gaglãgbe, “le xɔwo ta me.” (Mateo 10:27) Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Nyaɖeɖefia la tso. Amekae ate ŋu ado dzi atrɔ nusi Mawu ŋutɔ gblɔ eye wòtsɔe na to Fia Yesu Kristo si le dzi ɖum fifia la dzi la ƒe nya aɖe? Kakaɖedzitɔe la, ame ma ƒe agbe si dim wòle la atsi eŋu eye wòaxɔ fuwɔame siwo ava Babilon Gã la kple xexeame katã dzi la.
15. Nukae Yesu ƒe nya siwo nye be ‘yele ɖase ɖim le nusiawo ŋu’ kple “Megbɔna kpuie” la fia?
15 Azɔ Yesu gblɔ dzideƒonya mamlea be: “Amesi le nusiawo ƒe ɖase ɖim la gblɔ be: Ẽ, megbɔna kpuie!” (Nyaɖeɖefia 22:20a) Yesu ye nye “[ɖasefo] nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ” la. (Nyaɖeɖefia 3:14) Ne eɖi ɖase le Nyaɖeɖefia me ŋutegawo ŋu la, ekema ele be woanye nyateƒe. Wo kple Yehowa Mawu ŋutɔ te gbe ɖe nyateƒe si wònye be wogbɔna “kpuie,” alo wogbɔna kaba la dzi, eye zi atɔ̃liae nye sia si Yesu le egblɔm. (Nyaɖeɖefia 2:16; 3:11; 22:7, 12, 20) ‘Vava’ siae nye be woahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava gbolo la, ‘dunyahefiawo’ kple amesiwo katã tsia tre ɖe ‘mía Aƒetɔ [Yehowa] kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒea’ ŋu la dzi.—Nyaɖeɖefia 11:15; 16:14, 16; 17:1, 12-14.
16. Esi míenya be Yehowa Mawu kple Yesu gbɔna kpuie la, nukae le be wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa?
16 Ele be alesi nènyae be Yehowa Mawu kple Yesu gbɔna kpuie la nade dzi ƒo na wò be ‘Yehowa ƒe ŋkeke la nanɔ susu me na wò vevie.’ (Petro II, 3:12) Kelili ɖesiaɖe si adze abe ɖe wòle Satana ƒe nuɖoanyia ƒe anyigba la si ene la nye ameflunu. Dzidzedze ɖesiaɖe si wòawɔ abe xexeamedziɖula siwo le Satana te la ƒe dziƒo la kpɔ ene la anɔ anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Nusiawo nu va yina. (Nyaɖeɖefia 21:1) Yehowa, eƒe Fiaɖuƒea si le Yesu Kristo si me, kple eƒe xexeme yeye si ƒe ŋugbe wòdo la ko mee woate ŋu akpɔ nusiwo nɔa anyi ɖaa la le. Mègaŋlɔ ema be gbeɖe o!—Yohanes I, 2:15-17.
17. Aleke wòle be wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe kɔkɔenyenye ŋu nawɔ dɔ ɖe dziwòe?
17 Eyata ɖe mɔ be nusi nèsrɔ̃ le wò Nyaɖeɖefia la sɔsrɔ̃ me la nawɔ dɔ ɖe wò agbe dzi vevie. Ðe Yehowa ƒe dziƒonɔƒe si nèkpɔ la mena mía Wɔla la ƒe ŋutikɔkɔe kple kɔkɔenyenye si ƒo ɖesiaɖe ta la wɔ dɔ ɖe dziwò vevie oa? (Nyaɖeɖefia 4:1-5:14) Mɔnukpɔkpɔ kae si wònye be míasubɔ Mawu sia ƒomevi! Na ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe kɔkɔenyenye ŋu la naʋã wò be nabu Yesu ƒe aɖaŋu siwo wòɖo na hame adreawo la ŋkubiãnyae, natsri nusiawo abe ŋutilãmenudidi, trɔ̃subɔsubɔ, agbegbegblẽnɔnɔ, yɔyrɔenɔnɔ, xɔsegbegbe ƒe kɔmamã ene, alo nu bubu si ate ŋu ana wò subɔsubɔ madze Yehowa ŋu o la. (Nyaɖeɖefia 2:1–3:22) Apostolo Petro ƒe nya siwo wògblɔ na Yohanes habɔbɔ la ƒe gɔmeɖosea ku ɖe ameha gã la hã ŋu; esi gblɔ be: “Abe alesi amesi yɔ mi vɛ la le kɔkɔe ene la, nenema ke miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe anyinɔnɔ katã me.”—Petro I, 1:15, 16.
18. Nuka mee wòle be nakpɔ gome le bliboe alesi nate ŋui, eye nukatae dɔ sia hiã kpata egbea?
18 Hekpe ɖe eŋu la, dzo yeye neʋã wò esime nèle gbe ƒã ɖem “Yehowa ƒe amenuveƒe kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la.” (Yesaya 35:4; 61:2) Èɖanye alẽha sue la alo ameha gã la me tɔ o, kpɔ gome ɖesiaɖe si nàte ŋui le gbeƒãɖeɖe Yehowa ƒe dzikukplu adreawo kɔkɔ ɖi me, eye nagblɔ Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo gbɔna Satana ƒe xexea dzi la bliboe. Le ɣeyiɣi ma ke me la, kpɔ gome le gbe ƒã ɖeɖe Yehowa kple Kristo ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi la ŋuti nyanyui mavɔ la me. (Nyaɖeɖefia 11:15; 14:6, 7) Tsɔ hiahiã kpata nɔ dɔ sia dzie. Eye si dzedzee be míele Aƒetɔ la ƒe ŋkekea me neʋã ame gbogbo siwo mele Yehowa subɔm haɖe o la be woava kpɔ gome le gbe ƒã ɖeɖe nyanyuia me. Amesiawo hã neyi ŋgɔgbe atsɔ woƒe agbe aɖe adzɔgbe na Mawu bene woaxɔ nyɔnyrɔ̃. Ðo ŋku edzi be ‘ɣeyiɣi ɖoɖia tu aƒe’!—Nyaɖeɖefia 1:3.
19. Nya kawoe apostolo Yohanes amegã ɖeɖi la tsɔ ƒo etae, eye aleke naɖo wo ŋue?
19 Eyata míekpena ɖe Yohanes ŋu doa gbe ɖa vevie be: “Amen, Aƒetɔ Yesu va!” Eye Yohanes, apostolo amegã ɖeɖi la gblɔ kpee be: “Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple ame kɔkɔeawo katã!” (Nyaɖeɖefia 22:20b, 21) Nenɔ anyi kple mi amesiwo katã le agbalẽ sia xlẽm hã. Xɔse nenɔ mia si be Nyaɖeɖefia ƒe taƒoƒo wɔnukua tu aƒe, ale be miawo hã miate ŋu akpe ɖe mía ŋu agblɔ tso dzi blibo me be “Amen”!
[Nɔnɔmetata si le axa 314]
‘Avũwo atsi agbo la godo’
[Nɔnɔmetata si le axa 315]
‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo woɖe mɔ na be woato agboawo nu age ɖe du la me’