Ta 5
Yohanes Kpɔ Yesu si Wodo Ŋutikɔkɔe Na La
Ŋutega 1—Nyaɖeɖefia 1:10–3:22
Nyati: Yesu lé ŋku ɖe gbɔgbɔ me Israel si le anyigba dzi la ŋu hegblɔ dzideƒonya tuameɖo na wo
Emevaɣi: Aƒetɔ ƒe ŋkekea me nya sia lɔ ƒe 1914 vaseɖe esime amesiamina ɖianukwareawo dometɔ mamletɔ aku eye woafɔe ɖe tsitre la ɖe eme
1. Nɔnɔme ka mee woɖe ŋutega gbãtɔ fia le, eye aleke Yohanes ɖe ɣeyiɣi si ŋu wòku ɖo ŋutɔŋutɔ la fiae?
ŊUTEGA gbãtɔ si le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la dze egɔme le ta 1, kpukpui 10. Abe ŋutega bubu siwo le Nyaɖeɖefia me ene la, wotsɔ gbe ƒã si Yohanes ɖe be yese alo kpɔ nu wɔnuku aɖe la dze egɔmee. (Nyaɖeɖefia 1:10, 12; 4:1; 6:1) Woɖe ŋutega sia fia le ƒe alafa gbãtɔ ƒe nɔnɔme me, esi me woɖo gbedasiwo ɖe hame adre siwo nɔ anyi le Yohanes ŋɔli la le. Gake Yohanes ɖe ɣeyiɣi si ŋu wòku ɖo ŋutɔŋutɔ la fia esime wògblɔ be: “Menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la dzi.” (Nyaɖeɖefia 1:10a) Ɣekaɣie nye “ŋkeke” sia? Ðe ƒe alafa 20 lia madzeakɔanyi sia me nudzɔdzɔ ɖedzesiawo ku ɖe eŋua? Ne ele nenema la, ele be míalé to ɖe nyagblɔɖia ŋu vevie abe nusi lɔ míaƒe agbe ŋutɔŋutɔ—ẽ, míaƒe agbetsitsi gɔ̃ hã—ɖe eme ene.—Tesalonikatɔwo I, 5:20, 21.
Le Aƒetɔ ƒe Ŋkeke la Dzi
2. Ɣekaɣie Aƒetɔ ƒe ŋkeke la dze egɔme, eye ɣekaɣie wòawu enu?
2 Ɣeyiɣi ka mee esia da Nyaɖeɖefia ƒe emevava ɖo? Nukae nye Aƒetɔ ƒe ŋkeke la? Apostolo Paulo ƒo nu tso eŋu be enye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple Mawu ƒe ŋugbedodowo ƒe emevava ƒe ɣeyiɣi. (Korintotɔwo I, 1:8; Korintotɔwo II, 1:14; Filipitɔwo 1:6, 10; 2:16) Le “ŋkeke” ma ƒe vava me la, Yehowa ƒe tameɖoɖo gãwo aɖo ta woƒe nuwuwu gbɔ ŋgɔyiyitɔe kple aʋadziɖuɖutɔe. “Ŋkeke” ma adze egɔme kple fiakuku ɖɔɖɔ na Yesu abe Dziƒofia ene. Ne Yesu he ʋɔnudɔdrɔ̃ va Satana ƒe xexeame dzi vɔ kura gɔ̃ hã la, Aƒetɔ ƒe ŋkekea ayi edzi kple Paradiso ɖoɖo anyi ake kple ameƒomea tɔtrɔ wòade blibo, vaseɖe esime Yesu atsɔ “fiaɖuƒe la ade asi na Mawu Fofoa” mlɔeba.—Korintotɔwo I, 15:24-26; Nyaɖeɖefia 6:1, 2.
3. (a) Aleke Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ‘azã adreawo’ ŋu la kpe ɖe mía ŋue be míanya ɣeyiɣi si me Aƒetɔ ƒe ŋkekea dze egɔme? (b) Anyigba dzi nudzɔdzɔ kawoe ɖo kpe edzi be ƒe 1914 mee Aƒetɔ ƒe ŋkekea dze egɔme?
3 Biblia me nyagblɔɖi bubuwo ƒe emevava kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ ɣeyiɣi si me Aƒetɔ ƒe ŋkekea dze egɔme. Le kpɔɖeŋu me, Daniel ƒo nu tso dziɖuɖu si le Fia Dawid ƒe ƒomea me la lalã ƒu anyi ŋuti; le “azã adre” megbe la woanyae be “Dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔa wo nana.” (Daniel 4:20, 21, 28, 29) Nyagblɔɖi ma ƒe emevava gãtɔ dze egɔme kple Yuda-fiaɖuƒea wɔwɔ aƒedoe, esi Biblia me ɖaseɖiɖi fia be wowɔ wu nu le ƒe 607 D.M.Ŋ. ƒe October me. Nyaɖeɖefia 12:6, 14 ɖee fia be azã 3 1/2 nye ŋkeke 1,260; eyata ele be azã adre (si nye xexlẽme ma ƒe teƒe eve) nanye ŋkeke 2,520. Ne míebu “ŋkeke ɖeka . . . ƒe ɖekae” la, míakpɔ be “azã adre” la ƒe didime nye ƒe 2,520. (Xezekiel 4:6) Eyata Kristo Yesu dze eƒe dziƒofiaɖuɖua gɔme le ƒe 1914 ƒe nuwuwu lɔƒo. Xexemeʋa gbãtɔ si dze egɔme le ƒe ma me la va nye “fuɖuame” si yi edzi le fu ɖem na ameƒomea “ƒe gɔmedzedze.” Aleke anyigba ƒoʋu sia dzi nudzɔdzɔ siwo tso ƒe 1914 me la ɖo kpe edzi be ƒe ma nye Yesu ƒe anyinɔnɔ ƒe “ŋkeke” la ƒe gɔmedzeƒe enye si!—Mateo 24:3-14.a
4. (a) Nukae Nyaɖeɖefia ŋutɔ me nyawo ɖe fia ku ɖe ɣeyiɣi si me ŋutega gbãtɔ ava eme la ŋuti? (b) Ɣekaɣie ŋutega gbãtɔ ƒe emevava awu nu?
4 Eyata ŋutega gbãtɔ sia kple aɖaŋuɖoɖo si le eme la ku ɖe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ŋu tso ƒe 1914 dzi. Nyateƒe si wònye be emegbe le Nyaɖeɖefia me la nuŋlɔɖia ɖɔ Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nyateƒetɔ siwo le dzɔdzɔe ƒe vava—esiwo nye nudzɔdzɔ siwo me Aƒetɔ Yesu wɔa akpa vevi aɖe le—la ɖo kpe akɔntabubu sia dzi. (Nyaɖeɖefia 11:18; 16:15; 17:1; 19:2, 11) Ne ŋutega gbãtɔa dze eme vava gɔme le ƒe 1914 me la, ɣekaɣie wòawu nu? Abe alesi gbedasiawo ŋutɔ ɖee fia ene la, habɔbɔ si wogblɔ wo nae nye Mawu ƒe hame si nye amesiaminawo le anyigba dzi la. Eyata ŋutega gbãtɔ sia ƒe emevava awu nu ne amesiaminawo ƒe ha ma me tɔ anukwaretɔ susɔea ku eye wofɔe ɖe tsitre yi dziƒogbenɔnɔ me. Gake Aƒetɔ ƒe Ŋkeke la ayi edzi kple yayrawo na anyigba dzi alẽ bubuawo vaseɖe Yesu Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu.—Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 20:4, 5.
5. (a) Nukae gbeɖiɖi aɖe gblɔ na Yohanes be wòawɔ? (b) Nukatae afisi ‘hame adreawo’ le la sɔ hena agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ ɖoɖo ɖe wo?
5 Le ŋutega gbãtɔ sia me la, hafi Yohanes nakpɔ nane la, ese nane: “Eye mese gbe gã aɖe le ɖiɖim le megbenye, abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena: Nusi nèkpɔ la, ŋlɔe ɖe agbalẽ me, eye natsɔe aɖo ɖe hame adre, siwo le Efeso kple Smirna kple Pergamo kple Tiatira kple Sardes kple Filadelfia kple Laodikea.” (Nyaɖeɖefia 1:10b, 11) Gbe aɖe gblɔ na Yohanes kple ŋusẽ kpakple gbeɖeɖe abe kpẽkuku ene be wòaŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe ‘hame adreawo.’ Ase gbedasi siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu eye wòaɖe gbe ƒã nusi wòase kple nusi wòakpɔ la. De dzesii be hame siwo woyɔ la nɔ anyi ŋutɔŋutɔ le Yohanes ƒe ŋkekea me. Wo katã wonɔ Asia Sue, eye atsiaƒua tso wo kple Patmo dome. Woate ŋu ayi wo nɔewo gbɔ bɔbɔe le Romatɔwo ƒe mɔ nyui siwo nɔ nutoa me ta. Masesẽ na ame dɔdɔ be wòatsɔ agbalẽ ŋɔ́ŋlɔa tso hame ɖeka me ayi bubu me o. Hame adre siawo aɖi Yehowa Ðasefowo ƒe egbegbe nutome sue ƒe akpa aɖe.
6. (a) Nukae “nusiwo li” la fia? (b) Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be nɔnɔme siwo le Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea me egbea la ɖi esiwo nɔ anyi le Yohanes ƒe ŋkekea me?
6 Nyagblɔɖi siwo le Nyaɖeɖefia me la ƒe akpa gãtɔ ava eme le Yohanes ƒe ŋkekea megbe. Woku ɖe “nusiwo le vava ge le nusiawo megbe la” ŋu. Gake aɖaŋu si woɖo na hame adreawo la ku ɖe “nusiwo li” siwo nye nɔnɔme siwo nɔ anyi ŋutɔŋutɔ le hame adreawo me ɣemaɣi la ŋu. Gbedasiawo nye kpekpeɖeŋunu veviwo na hamemegã wɔnuteƒe siwo woɖo ɖe hame adre mawo kpakple Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame bubuwo katã me ɣemaɣi la.b Esi wònye ŋutega la ku ɖe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ŋu koŋ ta la, nusi Yesu gblɔ la nye kaklãnana be ele be woakpɔ mɔ na nɔnɔme mawo tɔgbe le Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea me le míaƒe ŋkekea me.—Nyaɖeɖefia 1:10, 19.
7. Amekae Yohanes kpɔ le ŋutega gbãtɔ sia me, eye nukatae wòle vevie na mí hedoa dzidzɔ na mí ale gbegbe egbea?
7 Le ŋutega gbãtɔ sia me la, Yohanes kpɔ Aƒetɔ Yesu Kristo si le keklẽm la le Eƒe dziƒoŋutikɔkɔe me. Nukae agasɔ wu esia na agbalẽ si me nyagblɔɖiwo le ku ɖe Aƒetɔ sia si dziƒo de dɔ asi na la ƒe ŋkeke gã ŋu la? Eye nukae aganɔ vevie wu na mí amesiwo le agbe fifia le ɣeyiɣi ma me hele to lém ɖe eƒe sedede ɖesiaɖe ŋu nyuie la? Gawu la, aleke wòhedoa dzidzɔ na amesiwo le Yehowa ƒe fianyenye ƒe akpa dzi la enye si be woaka ɖe edzi na wo be esi Dzidzimevi si nye Mesia la do dzi le dodokpɔ kple yometiti siwo katã Satana he va edzi la me eye wòku vevesesetɔe esime woɖu “afɔkpodzi” nɛ ƒe 1,900 enye si la megbe la, fifia ele agbe le dziƒo eye wona ŋusẽe be wòahe Mawu ƒe tameɖoɖo gã la ava nuwuwui aʋadziɖuɖutɔe!—Mose I, 3:15.
8. Dɔ kae Yesu le klalo fifia be yeawɔ?
8 Edze ƒã be Yesu le klalo fifia be yeawɔ dɔ abe Fia si woɖo zi dzi ene. Wode dɔ asi nɛ abe Yehowa ƒe Nutsrɔ̃la Gã ene be wòahe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ mamleawo ava nuɖoanyi xoxo vɔ̃ɖi sia kple Satana si nye eƒe mawu abosam la dzi. Adrɔ̃ ʋɔnu amesiaminawo ƒe hamea me tɔwo kple woƒe zɔhɛ siwo nye ameha gã la, kpakple xexeame hã.—Nyaɖeɖefia 7:4, 9; Dɔwɔwɔwo 17:31.
9. (a) Aleke Yohanes ɖɔ Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na wòle sikakaɖitiawo dome lae? (b) Nukae nɔnɔme si le abe gbedoxɔ me tɔ ene kple awu si Yesu do la fia? (d) Nukae eƒe sikalidziblanu la fia?
9 Esi Yohanes se gbe gã ma la etrɔ, eye nusi wòkpɔ enye si: “Metrɔ be, makpɔ gbe, si ƒo nu kplim la. Eye esi metrɔ la, mekpɔ sikakaɖiti adre.” (Nyaɖeɖefia 1:12) Emegbe Yohanes se nusi akaɖiti adre siawo tsi tre ɖi na. Gake amesi le akaɖitiawo titina dzie eƒe susu yi. “Le sikakaɖiti adreawo titina la ame aɖe li, si ɖi amegbetɔvi, edo awu ʋlaya, eye wòtsɔ sikalidziblanu bla akɔta.” (Nyaɖeɖefia 1:13) Yesu “amegbetɔvi” la ɖe eɖokui fia Yohanes, ɖasefo si dzidzi ƒo la le afisia, abe ame ŋkuta aɖe si le keklẽm ene. Edze le ŋutikɔkɔe blibo me le sikakaɖiti siwo le bibim la titina. Nɔnɔme sia si ɖi gbedoxɔ me la na wòlé ɖe susu me na Yohanes be Yesu li abe Yehowa ƒe Nunɔlagã si wode ʋɔnudɔdrɔ̃ asi na ene. (Hebritɔwo 4:14; 7:21-25) Eƒe awu ʋlaya wɔdɔɖeamedzi la sɔ na eƒe nunɔlanyenye la. Abe blema Yudatɔ nunɔlagãwo ene la, akɔgbanu nɔ eŋu—esi nye sikalidziblanu si wòtsɔ bla akɔta be wòtsyɔ eƒe dzi dzi. Esia fia be awɔ dɔ si wòxɔ tso Yehowa Mawu gbɔ la kple dzi blibo.—Mose II, 28:8, 30; Hebritɔwo 8:1, 2.
10. (a) Nukae Yesu ƒe taɖa si fu abe sno ene kple eƒe ŋku siwo le abe dzo ene la fia? (b) Nukae Yesu ƒe afɔ siwo le abe akɔbli si biã hẽ ene la fia?
10 Yohanes yi eɖɔɖɔ dzi be: “Eye eƒe ta kple eƒe taɖa fu tititi abe alẽfu ɣi ene, eye abe sno ene, eye eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene.” (Nyaɖeɖefia 1:14) Eƒe taɖa si fu abe sno ene la fia nunya le agbe didi si wònɔ ta. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 16:31.) Eye eƒe ŋku siwo le abe dzo ene la fia be enɔa ŋute, enɔa ŋudzɔ, esime wòle nu dim, le nu dom kpɔ, alo le dziku ɖem fia. Yesu ƒe afɔwo kura gɔ̃ hã he Yohanes ƒe susu: “Eye eƒe afɔwo ɖi gadzẽ, si wode kpodzo me wòbiã hẽ, eye eƒe gbe le abe tsi sisi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene.” (Nyaɖeɖefia 1:15) Le ŋutega la me la, Yesu ƒe afɔwo le abe akɔbli ene hele keklẽm hẽ—eye ema sɔ na amesi zɔna dzonɔamemetɔe eye tenɔnɔ nyui le esi le Yehowa Mawu ŋku me. Gawu la, alesi wotsɔa sika wɔa Mawu ƒe nuwo ƒe kpɔɖeŋue zi geɖe le Biblia me la, nenema kee wotsɔa akɔbli tsia tre ɖi na nusiwo nye amegbetɔwo tɔ ɣeaɖewoɣi.c Eyata Yesu ƒe afɔ siwo le keklẽm abe akɔbli nyuitɔ ene la ɖo ŋku alesi eƒe afɔwo “nyo” esime wònɔ gbe ƒã ɖem nya nyui la le anyigba dzi la dzi na mí.—Yesaya 52:7; Romatɔwo 10:15.
11. (a) Nuka dzie Yesu ƒe afɔ siwo le keklẽm la ɖo ŋkui na mí? (b) Nukae Yesu ƒe gbe si “le abe tsi sisi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene” la fia?
11 Le nyateƒe me la, abe amegbetɔ deblibo ene la, ŋutikɔkɔe aɖe si dze ƒã na mawudɔlawo kple amegbetɔwo nɔ Yesu ŋu. (Yohanes 1:14) Eƒe afɔ siwo nɔ dzo dam la hã ɖo ŋku edzi na mí be anyigba kɔkɔe dzi zɔm wòle le Yehowa ƒe habɔbɔ si me wònye Nunɔlagã le la me. (Tsɔe sɔ kple Mose II, 3:5.) Gakpe ɖe eŋu la, eƒe gbe ɖi sesĩe abe tɔsisi gã aɖe si le kɔkɔm tso to dzi ene. Ewɔa dɔ ɖe ame dzi, henana dzidzi ƒoa ame, eye nenemae wòdze be amesi woyɔ be Mawu ƒe Nya, amesi gbɔna “ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu” la, ƒe gbe nanɔ.—Dɔwɔwɔwo 17:31; Yohanes 1:1.
12. Nukae “yi ɖaɖɛ nuevee” si didi legbee la fia?
12 “Eye ɣletivi adre le eƒe nuɖusi me, eye yi ɖaɖɛ nuevee do tso eƒe nu me, eye eƒe mo le keklẽm, abe alesi ɣe klẽna sesĩe ene. Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene.” (Nyaɖeɖefia 1:16, 17a) Yesu ŋutɔ gblɔ nusi ɣletivi adreawo fia la le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. Gake de dzesi nusi do tso eƒe nu me la: “yi ɖaɖɛ nuevee.” Nukae nye si sɔ ale! Elabena Yesue nye amesi wode dɔ asi na be wòagblɔ Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃nya mamleawo ɖe Eƒe futɔwo ŋu. Nyametsonya siwo ado tso enu la ana woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã.—Nyaɖeɖefia 19:13, 15.
13. (a) Nuka dzie Yesu ƒe mo si le keklẽm la ɖo ŋkui na mí? (b) Nukae alesi Yohanes ƒo nu tso Yesu ŋue la na míekpɔ le nya bliboa katã me?
13 Yesu ƒe mo si le dzo dam ŋutɔ la ɖo ŋku edzi na mí be esi Yehowa ƒo nu kple Mose vɔ le Sinai-toa dzi la, Mose ƒe mo nɔ keklẽm. (Mose II, 34:29, 30) Ðo ŋku edzi hã be esime wotrɔ Yesu ƒe nɔnɔme le eƒe apostolo etɔ̃ ŋkume ƒe 1,900 enye si la, “eƒe mo klẽ sigbe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene.” (Mateo 17:2) Azɔ le Yesu kpɔkpɔ le ŋutega me le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la dzi me la, eƒe mo klẽ nenema ke abe amesi do ɖe Yehowa ŋkume ene. (Korintotɔwo II, 3:18) Le nyateƒe me la, nusi Yohanes ƒe ŋutega bliboa na míekpɔ nye ŋutikɔkɔe deŋgɔ. Tso ɖa si fu abe sno ene, ŋku siwo le abe dzo ene kple mo si le keklẽm la dzi vaseɖe afɔ siwo le dzo dam la dzi la, Amesi le “kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o” me fifia la ŋuti ŋutega si ƒo ɖesiaɖe tae wònye. (Timoteo I, 6:16) Nukpɔkpɔ sia dze nu ŋutɔŋutɔe ale gbegbe! Aleke Yohanes si dzidzi ƒo la wɔ nue? Apostoloa gblɔ na mí bena: “Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene.”—Nyaɖeɖefia 1:17.
14. Ne míele nu xlẽm tso Yesu si wodo ŋutikɔkɔe na ƒe ŋutega si Yohanes kpɔ ŋuti la, aleke wòle be wòawɔ dɔ ɖe mía dzie?
14 Egbea Yohanes ƒe ŋutega la ƒe numeɖeɖe tsitotsito si nya se la nana Mawu ƒe amewo kpɔa ŋudzedze tso dzi me. Ƒe 70 kple vɔ va yi xoxo le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la me, esi me ŋutega la yi edzi le eme vam dzidzɔtɔe. Yesu ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua nye nu ŋutɔŋutɔ si li fifia na mí, ke menye etsɔ me ƒe mɔkpɔkpɔ aɖe o. Eyata esɔ be mí amesiwo nye Fiaɖuƒea te vi wɔnuteƒewo la, míayi edzi akpɔ nusi ŋu Yohanes ƒo nu le le ŋutega gbãtɔ sia me la wòawɔ nuku na mí eye míase nya siwo Yesu Kristo si le ŋutikɔkɔe me la gblɔ la toɖoɖotɔe.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Hena numeɖeɖe tsitotsito la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe axa 88-92, 215-18.
b Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ne hame aɖe xɔ agbalẽ tso apostolo aɖe gbɔ la, nusi wowɔna enye be wotsɔa agbalẽ la ɖona ɖe hame bubuwo be amesiame nate ŋu akpɔ viɖe tso aɖaŋuɖoɖoa me.—Tsɔe sɔ kple Kolosetɔwo 4:16.
c Wotsɔ sika wɔ Salomo ƒe gbedoxɔa me atsyɔ̃ɖonuwo kple xɔmenuwoe alo wofae ɖe wo ŋu, gake akɔblie wozã na xɔxɔnua ya.—Fiawo I, 6:19-23, 28-35; 7:15, 16, 27, 30, 38-50; 8:64.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
Nusiwo wokpɔ esime woku tome le du siwo me hame adreawo nɔ me la ɖo kpe Biblia ƒe nuŋlɔɖia dzi. Afisiawoe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo xɔ Yesu ƒe gbedasi dedziƒoname siwo tua ƒe alafa 20 lia me hame si le xexeame katã ɖo la le
PERGAMO
SMIRNA
TIATIRA
SARDES
EFESO
FILADELFIA
LAODIKEA