Ta 26
Mawu ƒe Nya Ɣaɣla Kɔkɔe La—Eƒe Nuwuwu le Ŋutikɔkɔe Me!
1. (a) Aleke Yohanes gblɔ na mí be wowu nya ɣaɣla kɔkɔe la nue? (b) Nukatae mawudɔlawo ƒo nu sesĩe?
ÈÐO ŋku mawudɔla sesẽ la ƒe nya si wòka atam gblɔ, esi woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 10:1, 6, 7 me la dzia? Egblɔ be: “Ɣeyiɣi aɖeke [maganɔ] anyi o, ke boŋ le mawudɔla adrelia ƒe gbeɖeɖeŋkekewo me, esime woaku kpẽ la, woawu Mawu ƒe nya ɣaɣla la nu le nyanyuie, si wogblɔ fia eƒe dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo la nu.” Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi la de azɔ be woaku kpẽ mamle ma! Ekema aleke wowu nya ɣaɣla kɔkɔe la nue? Edzɔ dzi ŋutɔ na Yohanes be wòagblɔe na mí! Eŋlɔe bena: “Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.” (Nyaɖeɖefia 11:15) Gɔmesese le eŋu be mawudɔla mawo naƒo nu sesĩe, abe dziɖegbe ene gɔ̃ hã! Elabena gbeƒãɖeɖe sia si le vevie le ŋutinya me la le vevie na xexeame katã. Enye nya si le vevie na nuwɔwɔ gbagbewo katã.
2. Ɣekaɣie wowu nya ɣaɣla kɔkɔea nu aʋadziɖuɖutɔe, eye kple nudzɔdzɔ ka?
2 Nya ɣaɣla kɔkɔea wu nu le dzidzɔ me! Wohee va nuwuwu aʋadziɖuɖutɔe le ŋutikɔkɔe gã aɖe me le ƒe 1914 me esime Aƒetɔ Yehowa ɖo eƒe Kristo la zi dzi abe Fia si nye eƒe kpeɖeŋutɔ ene. Le dɔwɔwɔ na Fofoa me la, Yesu Kristo xɔ dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ le ameƒomea ƒe xexeme si nye futɔwo la titina. Abe Dzidzimevi si ŋugbe wodo ene la, exɔ Fiaɖuƒeŋusẽ ale be wòaɖe Da la kple viawo ɖa eye wòagbugbɔ paradiso ƒe ŋutifafa aɖo anyi le anyigba sia dzi. (Mose I, 3:15; Psalmo 72:1, 7) Abe Fia Mesia la ene la, Yesu ato esia dzi ana Yehowa ƒe Nya nava eme eye wòakɔ Fofoa “fia mavɔmavɔtɔ,” amesi le be wòaɖu dzi abe Aƒetɔ Fiagã ene “tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me” la ŋu.—Timoteo I, 1:17.
3. Togbɔ be Yehowa Mawue nye Fia ɣesiaɣi hã la, nukatae wòɖe mɔ fiaɖuƒe bubuwo nɔ anyigba dzi?
3 Gake aleke ‘xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ [Yehowa] tɔe’? Ðe Yehowa Mawu menye Fia xoxoxo oa? Nyateƒee, elabena Lewitɔ Asaf dzi ha be: “Mawue nye fianye tso blema ke.” Eye hakpala bubu gblɔ be: “Yehowa enye fia! . . . Wò fiazikpui li ke tso gbaɖegbe ke, eye nèli tso mavɔ me ke.” (Psalmo 74:12; 93:1, 2) Gake le Yehowa ƒe nunya me la, eɖe mɔ fiaɖuƒe bubuwo nɔ anyigba dzi. Eyata wodo nya si wofɔ ɖe te le Eden be ɖe amegbetɔ ate ŋu aɖu eɖokui dzi Mawu manɔmee mahã la kpɔ bliboe. Amegbetɔ ƒe dziɖuɖu do kpo nu wòwɔ nublanui. Mawu ƒe nyagblɔɖila la ƒe nyawo nye nyateƒe vavã be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Tso esime mía dzila gbãtɔwo dze aglã la, anyigba bliboa katã si dzi amewo le la le Satana “da xoxo la” ƒe dziɖuɖu te. (Nyaɖeɖefia 12:9; Luka 4:6) Ɣeyiɣia de azɔ be tɔtrɔ gã aɖe nava! Be Yehowa nakɔ nɔƒe si dze nɛ la ŋu la, edze eƒe fianyenye la ŋudɔ wɔwɔ ɖe anyigba la ŋu le mɔ yeye aɖe nu gɔme, to eƒe Mesia Fiaɖuƒe si wòtia la dzi.
4. Esi wodze kpẽawo kuku gɔme le ƒe 1922 me la, nukae wotsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ? Ðe eme.
4 Esi wodze kpẽ adreawo kuku gɔme le ƒe 1922 me la, nuƒo aɖe si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla J. F. Rutherford ƒo si nɔ te ɖe ŋɔŋlɔ si gblɔ be “Dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ” dzi la nɔ Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe takpekpe si wowɔ le Cedar Point, Ohio la me. (Mateo 4:17) Etsɔ nya siawo ƒo etae be: “Ekema mitrɔ yi gbeadzi, mi Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo! Mido miaƒe aʋawɔnu! Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ, miwɔ dɔ, miwɔ kalẽ. Mianye Aƒetɔ la ƒe ɖaseɖila anukwaretɔwo kple nyateƒetɔwo. Miyi ŋgɔ le avuwɔwɔa me vaseɖe esime Babilon ƒe akpa suetɔ kekeake zu aƒedo. Miɖe gbe ƒã gbedasia wòade didiƒe. Ele be xexeame nanya be Yehowae nye Mawu eye Yesu Kristoe nye fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ. Esiae nye ŋkeke si ƒo ɖesiaɖe ta. Mikpɔ ɖa, Fia la le dzi ɖum! Miawoe nye eƒe gbeƒãɖelawo. Eyata miɖe gbe ƒã, miɖe gbe ƒã, miɖe gbe ƒã Fia la kple eƒe fiaɖuƒe la.” Wotsɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe si to Yesu Kristo dzi la ɖo nɔƒe gbãtɔ, eye ema he Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖe ƒe dzidziɖedzi gã aɖe si lɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo mawudɔlawo ƒe kpẽ adreawo katã kuku ɖe gbe ƒãe la ɖe eme la vɛ.
5. Le ƒe 1928 me la, nukae dzɔ le Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe takpekpe si ɖe kpẽ adrelia kuku fia la me?
5 Mawudɔla adrelia ƒe kpẽkukua dze le Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe takpekpe si wowɔ le Detroit, Michigan, le July 30-August 6, 1928 me la ƒe nya veviawo me. Ɣemaɣi la wona radiodɔwɔƒe 107 tsiã wòzu nusi The New York Times yɔ be ‘radiodɔwɔƒewo tsiatsiã si keke ta eye wòxɔ asi wu ɖesiaɖe le ŋutinya me’ la me. Takpekpea tsɔ dzonɔameme da asi ɖe “Gbeƒãɖeɖe ɖe Satana ŋu na Yehowa” si nu sẽ la dzi, esi fia asi alesi woaɖu Satana kple eƒe habɔbɔ vɔ̃ɖi la dzie le Harmagedon me eye woana ablɔɖe amesiwo katã lɔ̃a dzɔdzɔenyenye la. Edzɔ dzi na Mawu ƒe Fiaɖuƒea te vi nuteƒewɔlawo be woxɔ agbalẽ yeye aɖe le takpekpea me, esi nye Government ƒe agbalẽ si si axa 368 le la. Esia na kpeɖodzi siwo me kɔ ƒã be “Mawu ɖo eƒe Fia Amesiamina fiazikpui dzi le ƒe 1914 me.”
Yehowa Wɔ Dziɖuŋusẽ Ŋudɔ
6. Aleke Yohanes ka nya ta ku ɖe gbeƒãɖeɖe be woɖo Kristo fiae le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me la ŋu?
6 Woɖo Kristo fiae le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me—dzidzɔ kae nye si gbeƒãɖeɖe sia he vɛ! Yohanes ka nya ta be: “Eye amegã xoxo blave vɔ ene, siwo bɔbɔ nɔ woƒe zikpuiwo dzi le Mawu ƒe ŋku me la, tsyɔ woƒe mo anyi, eye wodo gbe ɖa na Mawu le gbɔgblɔm bena: Míeda akpe na wò, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, wò amesi li, eye nènɔ anyi; elabena èxɔ wò ŋusẽ gã, eye nèɖu fia.”—Nyaɖeɖefia 11:16, 17.
7. Aleke amesiawo da akpe na Yehowa Mawue: (a) kpɔɖeŋu ƒe amegã xoxo 24 la ƒe ame susɔe siwo le anyigba dzi? (b) kpɔɖeŋu ƒe amegã xoxo 24 la dometɔ siwo wofɔ yi wo nɔƒewo le dziƒo?
7 Amesiwo daa akpe na Yehowa Mawu aleae nye amegã xoxo 24 la, amesiwo tsi tre ɖi na Kristo nɔvi amesiaminawo le woƒe dziƒonɔƒewo. Tso ƒe 1922 dzi la, amesiamina 144,000 siawo ƒe ame susɔe siwo le anyigba dzi la ƒe ŋku biã ɖe dɔ si gɔme kpẽkukuawo dze la wɔwɔ ŋu. Wova kpɔ nusi dzesi si le Mateo 24:3–25:46 fia la dze sii bliboe. Gake do ŋgɔ na ema gɔ̃ hã le aƒetɔ ƒe ŋkekea me la, wofɔ wo hati ɖasefo siwo ‘wɔ nuteƒe yiɖase ɖe ku me’ xoxo la ɖe tsitre be woanɔ wo nɔƒewo le dziƒo, ale be woate ŋu anɔ ame 144,000 ƒe ha blibo la teƒe azɔ atsyɔ mo anyi ade bubu Yehowa ŋu. (Nyaɖeɖefia 1:10; 2:10) Aleke amesiawo katã kpɔ ŋudzedze ɖe eŋue nye si be yewoƒe Aƒetɔ Fiagã la mehe ɖe megbe le eƒe nya ɣaɣla kɔkɔea hehe va nuwuwu si ƒo ɖesiaɖe ta la me o!
8. (a) Dɔ kae kpẽ adrelia kuku wɔ ɖe dukɔwo dzi? (b) Amekawo ŋue dukɔwo ɖe woƒe dziku fia ɖo?
8 Gake kpẽ adrelia kuku mehe dzidzɔ vɛ na dukɔwo o. Ɣeyiɣia de be Yehowa ƒe dziku nava wo dzi. Abe alesi Yohanes gblɔe ene la: “Eye dzi ku dukɔwo, eye wò dziku va, eye ame kukuwo ƒe ɣeyiɣi la ɖo, bene woadrɔ̃ ʋɔnu wo, eye be nana fetu wò dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo, kple ame kɔkɔewo kple amesiwo vɔ̃a wò ŋkɔ la, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, eye be natsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.” (Nyaɖeɖefia 11:18) Tso ƒe 1914 dzi la, xexeamedukɔwo ɖe woƒe dziku fia adãtɔe ɖe wo nɔewo ŋu, ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu, kpakple vevietɔ ɖe Yehowa ƒe ɖaseɖila eveawo ŋu.—Nyaɖeɖefia 11:3.
9. Aleke dukɔwo le anyigba gblẽmee, eye nukae Mawu ɖo be yeawɔ tso eŋu?
9 Le ŋutinya katã me la, dukɔwo nɔ anyigba la gblẽm to woƒe aʋawɔwɔ madzudzɔmadzudzɔe kple nu dzi makpɔmakpɔ nyuie dzi. Gake tso ƒe 1914 me la, nugbegblẽ sia dzi ɖe edzi ŋɔdzitɔe. Ŋukeklẽ kple nu fitifiti wɔwɔ na kenyigbawo le ta kekem eye agbledenyigbawo le gbegblẽm fũ ŋutɔ. Tsidzadza si me aɖi le kple alilikpo siwo me keklẽ siwo gblẽa nu le la gblẽ teƒe gã aɖewo. Woƒo ɖi afisi nuɖuɖuwo tsona. Wogblẽ ya si míegbɔna kple tsi si míenona. Tsi kple ami gbegblẽ siwo tso mɔ̃wo me nye afɔku na nu gbagbe siwo le anyigba dzi kple esiwo le atsiaƒu me. Eye dukɔ sẽŋuwo tsɔ tsɔtsrɔ̃ ɖikaa si nye ameƒomea katã tsɔtsrɔ̃ to nukliaʋawɔwɔ dzi la le ŋɔdzi dom na ame. Dzidzɔtɔe la, Yehowa ‘atsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la’; adrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔ dadala mavɔ̃mawu siwo gblẽ nu le anyigba ŋu alea la. (Mose V, 32:5, 6; Psalmo 14:1-3) Eyata Yehowa wɔ ɖoɖo ɖe vɔ̃ etɔ̃lia ŋu be wòatsɔ abia akɔnta tso nuvɔ̃wɔla siawo si.—Nyaɖeɖefia 11:14.
Baba na Nugblẽlawo!
10. (a) Nukae nye vɔ̃ etɔ̃lia? (b) Aleke vɔ̃ etɔ̃lia hea nu geɖe vɛ wu fukpekpe ko?
10 Vɔ̃ etɔ̃liae nye si azɔ. Eva kaba! Eyae nye mɔ si dzi tom Yehowa le be wòahe tsɔtsrɔ̃ ava amesiwo le gu dom eƒe “afɔɖodzinu” si nye anyigba dzeani si dzi míele la. (Yesaya 66:1) Mesia Fiaɖuƒe lae hee vɛ—esi nye Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la. Vɔ̃ eve gbãtɔ siwo tso ʋetsuviwo ƒe fuwɔamea kple sɔdolawo ƒe aʋakɔ la koŋ gbɔ—wɔ fu Mawu ƒe futɔwo, vevietɔ Kristodukɔa ƒe ŋgɔnɔlawo; gake vɔ̃ etɔ̃lia si Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋutɔŋutɔ he vɛ la he nusi de ŋgɔ wu fuwɔame vɛ. (Nyaɖeɖefia 9:3-19) Eyae aɖe amegbetɔwo ƒe habɔbɔ gblẽnua kple eƒe dziɖulawo ɖa. Esia ava abe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le Harmagedon me ƒe taƒoƒo ene. Ðeko wòle abe alesi Daniel gblɔe ɖi ene be: “Le fia mawo [dziɖula siwo le anyigba gblẽm] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” Abe to gã aɖe ene la, Mawu ƒe Fiaɖuƒe la aɖu anyigba si woɖo atsyɔ̃ na la dzi, akɔ Yehowa ƒe fianyenye ŋu eye wòahe dzidzɔ mavɔ vɛ na ameƒomea.—Daniel 2:35, 44; Yesaya 11:9; 60:13.
11. (a) Nudzɔdzɔ dodzidzɔname siwo tsiã ɖe enu kawo ŋutie nyagblɔɖia ƒo nu le? (b) Amenuvevenunana kae asu amewo si, alekee, eye amekawo sie wòasu?
11 Nudzɔdzɔ dodzidzɔname siwo tsiã ɖe enu akpe ɖe vɔ̃ etɔ̃lia ŋu eye woayi edzi le Aƒetɔ ƒe ŋkekea katã me. Enye ɣeyiɣi si me ‘woadrɔ̃ ʋɔnu ame kukuwo, eye Mawu nana fetu eƒe dɔla nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewo kple amesiwo vɔ̃a eƒe ŋkɔ la.’ Ema fia be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre! Esia ava le Aƒetɔ ƒe ŋkekea ƒe gɔmedzedzea me na amesiamina kɔkɔe siwo dɔ alɔ̃ le ku me xoxo la. (Tesalonikatɔwo I, 4:15-17) Le ɣeyiɣi si dze me la, ame kɔkɔe susɔeawo akpe ɖe amesiawo ŋu to tsitretsitsi enumake dzi. Woana fetu ame bubuwo hã, eye Mawu ƒe dɔla siwo nye nyagblɔɖila siwo nɔ anyi le blemaɣeyiɣiwo me kpakple ameƒomea me tɔ bubuwo katã siwo va vɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ la le wo dome, woɖanye ameha gã si atsi agbe le xaxa gã la me tɔwo loo alo wole “ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo” siwo woafɔ ɖe tsitre le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la dome o. Esi wònye ku kple Hades (tsiẽƒe) ƒe safuiwo le Mawu ƒe Mesia Fia la si ta la, eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖu la ʋu mɔ nɛ be wòana agbe mavɔ amesiwo katã minyãa nunana xɔasi ma. (Nyaɖeɖefia 1:18; 7:9, 14; 20:12, 13; Romatɔwo 6:22; Yohanes 5:28, 29) Eɖanye makumakunyenye ƒe agbe nɔnɔ le dziƒo alo agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi o, agbe ƒe nunana sia nye amenuvevenunana si tso Yehowa gbɔ, eye ele be amesiame si si wòasu la nada akpe ɖe eta ɖaa!—Hebritɔwo 2:9.
Mikpɔ Eƒe Nubablaɖaka la Ða!
12. (a) Abe alesi Nyaɖeɖefia 11:19 gblɔe ene la, nukae Yohanes kpɔ le dziƒo? (b) Nuka ƒe dzesie nubablaɖaka la nye, eye nukae dzɔ ɖe edzi esime Israel yi aboyo me le Babilon?
12 Yehowa le dzi ɖum! To eƒe Mesia Fiaɖuƒea dzi la, ele eƒe fiaɖuɖu ɖe ameƒomea dzi la ŋudɔ wɔm le nukumɔ aɖe nu. Nusi Yohanes gakpɔ la ɖo kpe esia dzi: “Eye woʋu mawuxɔ, si le dziƒo, eye wokpɔ eƒe nubablaɖaka le eƒe xɔ la me, eye dzikedzo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu kple tsikpe gãwo va dzɔ.” (Nyaɖeɖefia 11:19) Afisia koe woƒo nu tso Mawu ƒe nubablaɖaka la ŋu le le Nyaɖeɖefia me. Aɖaka la nye Yehowa ƒe anyinɔnɔ kple eƒe dukɔ Israel la ƒe dzesi si wokpɔna. Le avɔgbadɔa me, kple emegbe le gbedoxɔ si Salomo tu la me la, enɔ Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea. Gake esime Israel yi ɖe aboyo me le Babilon le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, Yerusalem zu aƒedo eye nubablaɖaka la bu. Ɣemaɣie Dawid ƒe aƒea teƒenɔlawo megabɔbɔ “nɔ Yehowa ƒe fiazikpui la dzi zu fia” o.—Kronika I, 29:23.a
13. Nukae nyateƒe si wònye be wokpɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la le Mawu ƒe gbedoxɔ si le dziƒo me la fia?
13 Azɔ le ƒe 2,500 kple vɔ megbe la, wogakpɔ Nubablaɖaka la ake. Gake le Yohanes ƒe ŋutega la me la, Nubablaɖaka sia mele anyigba dzi gbedoxɔ aɖe me o. Edze le Mawu ƒe gbedoxɔ si le dziƒo la me. Yehowa gale dzi ɖum ake to fia aɖe si tso Dawid ƒe fiaƒomea me la dzi. Gake fifia ya la, woɖo Fia la si nye Kristo Yesu zi dzi le dziƒo Yerusalem—esi nye teƒe kɔkɔ si wòanɔ ahe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ vɛ. (Hebritɔwo 12:22) Nyaɖeɖefia ƒe ta siwo gbɔna la aklo nu le esiawo dzi na mí.
14, 15. (a) Le blema Yerusalem la, ameka koe kpɔna nubablaɖaka la, eye nukatae? (b) Le Mawu ƒe dziƒogbedoxɔ kɔkɔea me la, amekawoe akpɔ eƒe nubablaɖaka la?
14 Le blema anyigba dzi Yerusalem la, Israel-viwo mekpɔna Nubablaɖaka la o, eye nunɔla siwo le subɔsubɔm le gbedoxɔa me hã mekpɔnɛ o, elabena enɔ Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea, eye wotsɔ xɔmetsovɔ aɖe tso afisia kple Kɔkɔeƒea dome. (Mose IV, 4:20; Hebritɔwo 9:2, 3) Nunɔlagã la koe kpɔnɛ ne ege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea le ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkekea dzi. Gake esi woʋu gbedoxɔ kɔkɔea le dziƒo la, menye Yehowa ƒe Nunɔlagã Yesu Kristo koe kpɔ kpɔɖeŋu ƒe aɖaka la o, ke boŋ eƒe nunɔlatevi 144,000, amesiwo dome Yohanes hã nɔ, la kpɔe.
15 Ame gbãtɔ mawo siwo wofɔ ɖe tsitre yi dziƒo la kpɔa kpɔɖeŋu ƒe aɖaka sia le kpuiƒe elabena wova le wo nɔƒe le amegã xoxo 24 siwo ƒo xlã Yehowa ƒe fiazikpui la dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔa na numekɔkɔ Yohanes habɔbɔ si le anyigba dzi la ale be wokpɔa Eƒe anyinɔnɔ le Eƒe gbɔgbɔ me gbedoxɔa me la dzea sii. Dzesiwo hã do be woana ameƒomea nanya be nu wɔnuku sia dzɔ. Yohanes ƒe ŋutega la ƒo nu tso dzikedzowo, gbeɖiɖiwo, dziɖegbewo, anyigbaʋuʋu kple tsikpewo ŋuti. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 8:5.) Nukawoe nusiawo tsi tre ɖi na?
16. Aleke dzikedzowo, gbeɖiɖiwo, dziɖegbewo, anyigbaʋuʋu, kple tsikpe gãwo dzɔe?
16 Tso ƒe 1914 me la, agbodzedze gã aɖe va le subɔsubɔhawo me. Gake dzidzɔtɔe la, gbeɖiɖi siwo ɖe adzɔgbe siwo le Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo ɖi la ŋuti gbedasi si me kɔ ƒã gblɔm la kpe ɖe “anyigbaʋuʋu” sia ŋu. Wona ‘ahom ŋuti nuxlɔ̃me’ siwo le abe dziɖegbewo ene tso Biblia me. Abe dzikedzowo ene la, wokpɔ Mawu ƒe Nyagblɔɖinya la ƒe gɔmesesewo eye woɖe gbe ƒã wo. Wohe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo le abe “tsikpe” siwo le dzadzam sesĩe ene la va Kristodukɔa kple alakpasubɔsubɔha katã dzie. Ele be amewo nade dzesi esiawo katã hafi. Gake nublanuitɔe la, ame akpa gãtɔ—abe Yerusalemtɔwo le Yesu ŋɔli ene—mete ŋu kpɔ Nyaɖeɖefia ƒe dzesi siawo ƒe emevava dze sii o.—Luka 19:41-44.
17, 18. (a) Agba kae mawudɔla adreawo ƒe kpẽawo kuku da ɖe Kristotɔ ɖeadzɔgbewo dzi? (b) Aleke Kristotɔwo le dɔdasi ma wɔmee?
17 Mawudɔla adreawo yi edzi le woƒe kpẽawo kum abe nusiwo le dzɔdzɔm le ŋutinya me le anyigba dzi afisia la ƒe dzesi ene. Agba gã aɖe le Kristotɔ ɖeadzɔgbewo dzi be woayi edzi aɖe gbe ƒã nya siawo na xexeame. Aleke wohele dɔdasi ma wɔm kple dzidzɔe nye si! Esia dze le nya sia me be le ƒe ewo pɛ si nye tso ƒe 1981 vaseɖe ƒe 1990 me la, gaƒoƒo siwo wozãna le woƒe xexeame katã ƒe subɔsubɔdɔa me la dzi ɖe edzi wu teƒe eve—tso 358,581,547 va zu 895,229,424—si nye dzidziɖedzi 150 ɖe alafa ɖesiaɖe dzi. Le nyateƒe me la, wole “Mawu ƒe nya ɣaɣla la . . . le nyanyuie” la nu la gblɔm “de xexeme ƒe seƒewo ke.”—Nyaɖeɖefia 10:7; Romatɔwo 10:18.
18 Azɔ ŋutega bubuwo le mía ŋgɔ esime woyi edzi le nutsyɔnu ɖem ɖa le Mawu ƒe Fiaɖuƒe tameɖoɖowo dzi la.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Romatɔ ŋutinyaŋlɔla Taxito ka nya ta be esime woɖu Yerusalem dzi le ƒe 63 D.M.Ŋ. me eye Kneio Pompeio ge ɖe gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒea la, ekpɔe be naneke menɔ afima o. Nubablaɖaka menɔ eme o.—Taxito ƒe History, 5.9.
[Aɖaka si le axa 173]
Yehowa ƒe Ʋɔnudrɔ̃gbeƒãɖeɖe Siwo Le abe Kpẽkukuwo ene ƒe Akpa Veviwo
1. Ƒe 1922 Cedar Point, Ohio: Wotɔ gbe Kristodukɔa ƒe ŋgɔnɔlawo le mawusubɔsubɔ, dunyahehe kple asi gã tsatsa me be woaɖe wo ɖokui nu le kpo si wodo nu le ŋutifafa, nudzedziname kple dzidzɔkpɔkpɔ hehe vɛ la me. Mesia ƒe Fiaɖuƒe lae awɔ esiawo katã.
2. Ƒe 1923 Los Angeles, Kalifornia: Dutoƒonuƒo si nye “Dukɔwo Katã Zɔ Ðo Ta Harmagedon Fifia, Gake Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O” la kpe ‘alẽ’ siwo lɔ̃a ŋutifafa la be woado le amegbetɔwo ƒe atsiaƒu wuame la me.
3. Ƒe 1924 Kolumbus, Ohio: Wobu fɔ osɔfowo le wo ɖokui dodo ɖe dzi kple gbegbe be yewomaɖe gbe ƒã Mesia ƒe Fiaɖuƒea o la ta. Ele be Kristotɔ vavãwo naɖe gbe ƒã Mawu ƒe hlɔ̃biabia eye woafa akɔ na amegbetɔ siwo le konyi fam.
4. Ƒe 1925 Indianapolis, Indiana: Mɔkpɔkpɔ ƒe gbedasi si ɖe vovototo si le gbɔgbɔ me viviti si le Kristodukɔa me la kple ŋutifafa, nudzedziname, lãmesẽ, agbe, ablɔɖe kple dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ ŋuti Fiaɖuƒe ŋugbedodo nyui la dome fia.
5. Ƒe 1926 London, England: Fuwɔame si le abe ʋetsuviwo ene hehe va Kristodukɔa kple eƒe osɔfowo dzi si klo nu le nu si wogbe le Mawu ƒe Fiaɖuƒea gbɔ dzi hekafu dziƒodziɖuɖu ma ɖoɖo anyi.
6. Ƒe 1927 Toronto, Kanada: Amekpekpe si le abe sɔdolawo ƒe aʋakɔe le egblɔm ene, si kpe amewo be woado le ‘Kristotɔnyenye ƒe habɔbɔwo’ me eye woatsɔ woƒe dzi blibo ƒe subɔsubɔ na Yehowa Mawu kple eƒe Fia kpakple Fiaɖuƒe la.
7. Ƒe 1928 Detroit, Michigan: Nya si wogblɔ ɖe Satana ŋu na Yehowa, si na wòdze ƒã be Fia si Mawu si ami na heɖoe zi dzi le ƒe 1914 me la atsrɔ̃ Satana ƒe habɔbɔ vɔ̃ɖi la ahana ablɔɖe ameƒomea.
[Aɖaka si le axa 175]
Anyigba la Gbegblẽ
“Second etɔ̃ ɖesiaɖe la, avetsu xoxowo ƒe akpa aɖe si ƒe lolome anɔ abe bɔlƒoƒe ɖeka ene meganɔa anyi o. . . . Avetsuwo ɖeɖe ɖa le nu miemie kple lã ƒomevi akpe geɖewo tsrɔ̃m.”—Illustrated Atlas of the World (Rand McNally).
“Le [Great Lakes ƒe tsitawo] to si amewo nɔ ƒe alafa eve me la, woawo hã va zu xexeame ƒe tsi gbegblẽwo kɔɖoƒe gãtɔ kekeake.”—The Globe and Mail (Kanada).
Le ƒe 1986 ƒe April me la, nane ƒe wowo kple dzo si bi le nukliaŋusẽ ƒe dɔwɔƒe aɖe le Chernobyl, Russia la “nye nuklia ƒe nudzɔdzɔ si ɖe dzesi wu ɖesiaɖe . . . tso esime woda bɔmb ɖe Hiroshima kple Nagasaki dzi,” eye “keklẽ wuame si anɔ anyi ɣeyiɣi didi si wòkɔ ɖe xexeame ƒe ya me, kple agbledenyigbawo dzi, kpakple tsi me la sɔ gbɔ de nuklia ƒe nuwo dodo kpɔ kple bɔmb siwo katã woda kpɔ la nu.”—JAMA; The New York Times.
Le Minamata, Japan la, atikedɔwɔƒe aɖe kɔ aɖi si woyɔna be methylmercury ɖe ƒukɔa me. Ƒumelã kple lã siwo nɔa go me siwo me aɖia ge ɖo la ɖuɖu he Minamata dɔléle (MD) si nye “lãmekawo ƒe dɔléle aɖe si mevɔna o vɛ. . . . Vaseɖe egbea [ƒe 1985] la, wokpɔe le kɔdzi be MD le ame 2578 ŋu le Japan katã.”—International Journal of Epidemiology.
[Aɖaka si le axa 176]
Nyagbɔgblɔ siwo nu sẽ siwo le Nyaɖeɖefia 11:15-19 la nye ŋutega siwo kplɔe ɖo la ƒe ŋgɔdonya. Nyaɖeɖefia ta 12 nye gbugbɔyimegbenya si te gbe ɖe gbeƒãɖeɖe vevi siwo le Nyaɖeɖefia 11:15, 17 me la dzi tsitotsito. Ta 13 gblɔ nusi he 11:18 vɛ la, esime wòɖɔ Satana ƒe dunyahehabɔbɔ si he gbegblẽ va anyigba dzi la tsoƒe kple eƒe ŋgɔyiyi. Ta 14 kple 15 gblɔ Fiaɖuƒe ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ bubu siwo ku ɖe kpẽ adrelia kuku kple vɔ̃ etɔ̃lia ŋu la tsitotsito.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 174]
Yehowa ‘atsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la’