-
Ʋɔnu Dɔdrɔ̃ Gbolo Ŋkɔgbegblẽxɔla LaNyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
-
-
13. Nu wɔnuku kae Yohanes kpɔ esime mawudɔla la kplɔe yi gbedzi le gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me?
13 Nukae nyagblɔɖia gaɖe fia ku ɖe gbolo gã la kple nusi adzɔ ɖe edzi la ŋu? Abe alesi Yohanes gblɔe azɔ ene la, nukpɔkpɔ aɖe si me kɔ ƒã la dze: “Eye [mawudɔla la kplɔm] yi gbedzi le gbɔgbɔ me, eye mekpɔ nyɔnu aɖe bɔbɔ nɔ lã dzẽ aɖe, si ta adre kple dzo ewo li na, eye busuŋkɔwo le eŋuti fũ la dzi.”—Nyaɖeɖefia 17:3.
-
-
Ʋɔnu Dɔdrɔ̃ Gbolo Ŋkɔgbegblẽxɔla LaNyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
-
-
15. Vovototo kawoe le lã wɔadã si le Nyaɖeɖefia 13:1 kple esi le Nyaɖeɖefia 17:3 me la dome?
15 Ta adre kple dzo ewo le lã sia si. Ekema lã wɔadã si Yohanes kpɔ do ŋgɔ si si ta adre kple dzo ewo le la keea? (Nyaɖeɖefia 13:1) Ao, vovototo le wo dome. Lã wɔadã sia le dzĩe eye, abe nusi to vovo na lã wɔadã si wòkpɔ gbã ene la, womegblɔ be fiakukuwo le eta o. Ke boŋ le esi teƒe be busuŋkɔwo nanɔ eƒe ta adreawo ɖeɖeko ŋu la, “busuŋkɔwo le eŋuti fũ.” Gake la, ele be ƒomedodo aɖe nanɔ lã wɔadã sia kple esi wokpɔ do ŋgɔ la dome; woɖi wo nɔewo akpa be woagblɔ be nudogoɖenunue wònye.
16. Nukae nye lã wɔadã dzẽ la, eye nukae wogblɔ ku ɖe nusi eƒe taɖodzinu nye la ŋu?
16 Ekema nukae nye lã wɔadã dzẽ yeye sia? Ele be wòanye lã wɔadã la ƒe legba si Anglo-Amerika ƒe lã wɔadã si to dzo eve abe alẽvi ene ƒe agbagbadzedzewo na wowɔ la. Esi wòwɔ legba la vɔ la, woɖe mɔ na lã wɔadã ma si to dzo eve la be wòatsɔ gbɔgbɔ na lã wɔadã la ƒe legba la. (Nyaɖeɖefia 13:14, 15) Yohanes kpɔ legba si me agbe le eye wòle gbɔgbɔm la azɔ. Enye kpɔɖeŋu na Dukɔwo ƒe Nubabla ƒe habɔbɔ si lã wɔadã si to dzo eve la gbɔ agbee le ƒe 1920 me. United States Dukplɔla Wilson susui be Nubabla la “anye nyamedzroƒe hena ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ na amewo katã eye aɖe aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi ɖa tegbee.” Esime wogafɔe ɖe tsitre le xexemeʋa evelia megbe wònye Dukɔ Ƒoƒuawo la, taɖodzinu si wòŋlɔ ɖe eƒe ɖoɖowo mee nye be “wòakpɔ dukɔwo dome ŋutifafa kple dedienɔnɔ ta.”
-