Ta 40
Ta Gbagbã na Da La
Ŋutega 14—Nyaɖeɖefia 20:1-10
Nyati: Satana dede aʋli me, Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua, ameƒomea ƒe dodokpɔ mamlea, kple Satana tsɔtsrɔ̃
Emevaɣi: Tso xaxa gã la ƒe nuwuwu vaseɖe Satana tsɔtsrɔ̃ dzi
1. Aleke Biblia me nyagblɔɖi gbãtɔ me vava yi edzie?
ÈÐO ŋku Biblia me nyagblɔɖi gbãtɔ dzia? Yehowa Mawue gblɔe ɖi esime wògblɔ na da la be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Mose I, 3:15) Nyagblɔɖi ma ƒe taƒoƒo ɖo azɔ! Míeku Satana ƒe aʋa wɔwɔ kple Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔ si le abe nyɔnu ene la me va yi. (Nyaɖeɖefia 12:1, 9) Da la ƒe dzidzime si le anyigba dzi, kple eƒe alakpasubɔsubɔha, dunyahehe, kpakple asi gã tsatsa he yometiti vɔ̃ɖiwo va nyɔnu la ƒe dzidzimevi Yesu Kristo kple eyomedzela amesiamina 144,000 siwo le anyigba dzi afisia la dzi. (Yohanes 8:37, 44; Galatiatɔwo 3:16, 29) Satana na Yesu ku vevesese heliheli ƒe ku. Gake ɖeko esia nɔ abe afɔkpodzibi ene, elabena Mawu fɔ Via anukwareɖila la ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe.—Dɔwɔwɔwo 10:38-40.
2. Aleke wogbã ta na Da lae, eye nukae dzɔ ɖe Da la ƒe dzidzimevia ƒe akpa si le anyigba dzi la dzi?
2 Ke Da la kple eƒe dzidzimevia ya ɖe? Le ƒe 56 M.Ŋ. me lɔƒo la, apostolo Paulo ŋlɔ lɛta didi aɖe na Kristotɔ siwo nɔ Roma. Le eta ƒoƒo me la, ede dzi ƒo na wo be: “Ke ŋutifafa Mawu la agbã Satana ɖe miaƒe afɔwo te gudugudu kpuie.” (Romatɔwo 16:20) Esia yi ŋgɔ wu abi dede eŋu ko. Ðe woagbã Satana gudugudu! Helagbe me nya syn·triʹbo, si gɔmee nye be woagbã nane gudugudu wòatu wɔ memie, woatu afɔ nu dzi, woatsrɔ̃ nane keŋkeŋ to egbagbã gudugudu dzi ye Paulo zã le afisia. Le Da la ƒe dzidzimevi si nye amegbetɔwo ya gome la, edze na fuwɔame ŋutɔŋutɔ le Aƒetɔ la ƒe ŋkekea me eye awu enu ɖe xaxa gã la me le Babilon Gã la kple xexeame ƒe dunyahenuɖoanyiwo, hekpe ɖe etaʋlila sesẽ siwo nye asigãtsalawo kple asrafowo gbagbã ɖa gudugudu ŋuti. (Nyaɖeɖefia, ta 18 kple 19) Aleae Yehowa ahe fuléle si le dzidzimevi eveawo dome la ava nuwuwui. Mawu ƒe nyɔnu la ƒe Dzidzimevi la ɖu Da la ƒe dzidzimevi si le anyigba dzi la dzi, eye dzidzimevi ma megali azɔ o!
Wode Satana Aʋli Me
3. Nukae Yohanes gblɔ na mí be adzɔ ɖe Satana dzi?
3 Ekema nukae le Satana ŋutɔ kpakple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo lalam? Yohanes gblɔe na mí be: “Eye mekpɔ mawudɔla aɖe le ɖiɖim tso dziƒo, eye aʋli me safui kple kɔsɔkɔsɔ gã aɖe le esi. Eye wòlé ʋɔ driba, da xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka. Eye wotsɔe ƒu gbe ɖe aʋli me, eye wotu nu ɖe enu, eye wotre enu, bena ne wòagable dukɔwo o, halase esime ƒe akpe ɖeka la nu nava yi; esia megbe la ele be, woagatui ɣeyiɣi vi aɖe.”—Nyaɖeɖefia 20:1-3.
4. Amekae nye mawudɔla si si aʋli me safuia le, eye aleke míewɔ nya?
4 Amekae nye mawudɔla sia? Ele be eƒe ŋusẽ natri akɔ ale gbegbe be wòate ŋu aɖe Mawu ƒe futɔ gãtɔ la ɖa. “Aʋli me safui kple kɔsɔkɔsɔ gã aɖe” le esi. Ðe esia mena míeɖo ŋku nyagblɔɖi aɖe si do ŋgɔ la dzi oa? Ẽ, kpɔ ɖa, woyɔ amesi nye fia ɖe ʋetsuviwo dzi la be “aʋli me dɔla”! (Nyaɖeɖefia 9:11) Eyata míegakpɔ Yehowa Taʋlila Gãtɔ, Yesu Kristo si ŋuti wokɔ la le dɔ dzi le afisia hã. Kakaɖedzitɔe la, mawudɔla gãtɔ sia si nyã Satana le dziƒo hedrɔ̃ ʋɔnu Babilon Gã la eye wòtsrɔ̃ “anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo” ɖa la maɖe asi dɔ vevi si nye Satana dede aʋli me la ŋu na mawudɔla si bɔbɔ ɖe anyi wu o!—Nyaɖeɖefia 12:7-9; 18:1, 2; 19:11-21.
5. Aleke aʋli me dɔla la wɔ nu ɖe Abosam ŋui, eye nukatae?
5 Esime wotsɔ ʋɔ driba dzĩ la ƒu gbe tso dziƒo la, woyɔe be “da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la.” (Nyaɖeɖefia 12:3, 9) Azɔ esime wodi be woalée ahadee aʋli me la, wogaɖɔe keŋkeŋ be enye “ʋɔ driba, da xoxo, si nye Abosam kple Satana.” Wode kɔsɔkɔsɔ amevuvula, ameblela, ameŋugblẽla, kple tsitretsiɖeŋula ŋkɔgbegblẽxɔla sia hetsɔe ƒu gbe “ɖe aʋli me” eye wotui hetre enu sesĩe “bena ne wòagable dukɔwo o.” Satana ƒe aʋlimenɔnɔ sia ƒe didimee nye ƒe akpe ɖeka, eye le ɣemaɣi la, eƒe ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe ameƒomea dzi anɔ ko abe alesi wodea gamenɔla aɖe tomegaxɔ goglo aɖe me ene. Aʋlimedɔla la ɖe Satana ɖa keŋkeŋ bene eƒe asi nagaka dzɔdzɔenyenye Fiaɖuƒe la ŋu o. Gbɔɖeme kae nye si na ameƒomea!
6. (a) Ðaseɖiɖi kae li be gbɔgbɔ vɔ̃wo hã ayi ɖe aʋlia me? (b) Nukae ate ŋu adze egɔme azɔ, eye nukatae?
6 Nukae adzɔ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi? ‘Wodzra woawo hã ɖo ɖi na ʋɔnudɔdrɔ̃.’ (Petro II, 2:4) Woyɔ Satana be “Beelzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia.” (Luka 11:15, 18; Mateo 10:25) Esi wowɔ dɔ aduadu kple Satana ɣeyiɣi gbogbo aɖe ta la, ɖe mele be woadrɔ̃ ʋɔnu ma ke woawo hã oa? Aʋlimeyiyi nye nusi gbɔgbɔ mawo vɔ̃ ɣeyiɣi didi aɖe; ɣeaɖeɣi esi Yesu do go wo la, “woɖe kuku nɛ bena, megade se na yewo be, yewoayi ɖe do globo [aʋli] la me o.” (Luka 8:31) Gake ne wode Satana aʋli me la, woatsɔ eƒe dɔlawo aƒu gbe ɖe eme akpe ɖe eŋu godoo. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 24:21, 22.) Ne wotsɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒu gbe ɖe aʋli me vɔ megbe la, Yesu Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ate ŋu adze egɔme.
7. (a) Nɔnɔme ka mee Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo anɔ esime wole aʋlia me, eye aleke míewɔ nya? (b) Ðe Hades kple aʋli me nye nu ɖeka ma kea? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)
7 Ðe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo anɔ dɔ wɔm esime wole aʋlia mea? Enyo, ɖo ŋku lã wɔadã dzĩ si “[nɔ anyi], eye megali o, eye wòle dodo ge” la dzi. (Nyaɖeɖefia 17:8) Esime wònɔ aʋli me la, ‘menɔ anyi o.’ Meganɔ dɔ wɔm o, etsi anyi maʋãmaʋãe le didi kple tameɖoɖo ɖesiaɖe gome. Nenema ke esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso Yesu ŋu la, egblɔ be: “‘Ameka ayi tsiẽƒe mahã?’ . . . esiae nye bena, wòatsɔ Kristo atso ame kukuwo dome vɛ.” (Romatɔwo 10:7) Esime Yesu nɔ aʋli ma me la, enye ame kuku.a Eyata enye nusi ŋu gɔmesese le be míaƒo nya ta be Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo anɔ dɔmawɔmawɔ ƒe nɔnɔme siwo le abe ɖe woku ene la me le woƒe ƒe akpe ɖeka ƒe aʋlimenɔnɔa me. Nyanyui kae nye si na dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo!
Ʋɔnudrɔ̃lawo hena Ƒe Akpe Ðeka
8, 9. Nukae Yohanes gblɔ na mí azɔ ku ɖe amesiwo bɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi la ŋu, eye amekawoe nye amesiawo?
8 Le ƒe akpe ɖeka la megbe la, woatu Satana ɣeyiɣi kpui aɖe tso aʋlia me. Nukatae? Hafi Yohanes naɖo eŋu la, ehe míaƒe susu yi ɣeyiɣi ma ƒe gɔmedzedze dzie. Míexlẽ be: “Eye mekpɔ fiazikpuiwo, eye wobɔbɔ nɔ wo dzi, eye wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ de asi na wo.” (Nyaɖeɖefia 20:4a) Amekawoe nye amesiawo siwo bɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi hele dzi ɖum le dziƒo kple Yesu si ŋuti wokɔ la?
9 Woawoe nye ‘ame kɔkɔe’ siwo Daniel gblɔ be wole fia ɖum le Fiaɖuƒea me kple Amesi ‘le abe amegbetɔvi ene.’ (Daniel 7:13, 14, 18) Woawo kee nye amegã xoxo 24 siwo bɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi le Yehowa ŋkume ŋutɔŋutɔ la hã. (Nyaɖeɖefia 4:4) Apostolo 12 siwo Yesu do ŋugbe na be, “Le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, gbesigbe ke Amegbetɔvi la abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi la, miawo hã miabɔbɔ nɔ zikpui wuieve dzi, eye miadrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒome wuieveawo” la hã le wo dome. (Mateo 19:28) Paulo hã le eme hekpe ɖe Korinto Kristotɔ siwo lé anukwareɖiɖi me ɖe asi hã ŋu. (Korintotɔwo I, 4:8; 6:2, 3) Laodikea-hamea me tɔ siwo ɖu dzi hã anɔ wo dome.—Nyaɖeɖefia 3:21.
10. (a) Aleke Yohanes ɖɔ fia 144,000 lae fifia? (b) Le nusi Yohanes gblɔ na mí do ŋgɔ nu la, amekawoe fia 144,000 la lɔ ɖe eme?
10 Wodzra fiazikpuiwo—wo ame 144,000 —ɖo na amesiamina siawo siwo ɖu aʋa dzi, amesiwo “woƒle tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.” (Nyaɖeɖefia 14:1, 4) Yohanes yi edzi be: “Eye mekpɔ . . . amesiwo nu wotso ta le [kple fia] le Yesu ƒe ɖaseɖiɖi kple Mawu ƒe nya la ta la, ƒe luʋɔwo kple amesiwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o, eye womexɔ dzesi ɖe woƒe ŋgowonu alo ɖe asiwo ŋu o la.” (Nyaɖeɖefia 20:4) Eyata Kristotɔ amesiamina xɔsetakukula siwo bia Yehowa le nutrenu atɔ̃lia ʋuʋu me do ŋgɔ be ɣekaɣie wòagalala ase ɖo hafi abia yewoƒe ʋu ƒe hlɔ̃ la hã le fia mawo dome. Ɣemaɣi la, wona awu ʋlaya ɣi wo hegblɔ na wo be woalala vie. Gake wobia hlɔ̃ na wo azɔ to fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la ƒe Babilon Gã la wɔwɔ aƒedoe, eƒe dukɔwo tsɔtsrɔ̃, kple Satana dede aʋli me dzi.—Nyaɖeɖefia 6:9-11; 17:16; 19:15, 16.
11. (a) Aleke wòle be míase nyagbɔgblɔ si nye ‘amesiwo nu wotsɔ fia tso ta le’ la gɔmee? (b) Nukatae woate ŋu agblɔ be ame 144,000 la katã ku vɔsaku?
11 Ðe wotsɔ ‘fia tso ta le’ fiaʋɔnudrɔ̃la 144,000 siawo katã nu ŋutɔŋutɔa? Anɔ eme be wowu wo dometɔ ʋee aɖewo nenema ŋutɔŋutɔ. Gake ɖikekemanɔmee la, nyagbɔgblɔ sia lɔ Kristotɔ amesiamina siwo katã ku xɔsetaku le mɔ vovovowo nu la ɖe eme.b (Mateo 10:22, 28) Kakaɖedzitɔe la, Satana adi be yeatsɔ fia awu wo katãe, gake le nyateƒe me la, menye Yesu nɔvi amesiaminawo katãe ku xɔsetaku o. Wo dometɔ geɖe kuna le dɔléle alo tsitsi ta. Gake ame mawo hã le ƒuƒoƒo si Yohanes kpɔ azɔ la me. Le gɔmesese aɖe nu la, wo katã woku vɔsaku. (Romatɔwo 6:3-5) Hekpe ɖe eŋu la, wo dometɔ aɖeke menye xexeame ƒe akpa aɖeke o. Eyata xexeame lé fu wo katã eye le nyateƒe me la, wozu nu kukuwo le eŋkume. (Yohanes 15:19; Korintotɔwo I, 4:13) Wo dometɔ aɖeke mede ta agu na lã wɔadã la alo eƒe legba o, eye lã la ƒe dzesi mele wo dometɔ aɖeke ŋu le woƒe ku me o. Wo katã woku aʋadziɖulawoe.—Yohanes I, 5:4; Nyaɖeɖefia 2:7; 3:12; 12:11.
12. Nya ka tae Yohanes ka ku ɖe fia 144,000 la ŋu, eye ɣekaɣie wogbɔa agbe?
12 Azɔ wogbɔ agbe aʋadziɖula siawo! Yohanes ka nya ta be: “[Wogbɔ agbe], eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka. ” (Nyaɖeɖefia 20:4d) Ðe esia le fiafiam be dukɔwo tsɔtsrɔ̃ kple Satana kpakple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dede aʋli me megbe hafi wofɔ ʋɔnudrɔ̃la siawoa? Ao. Wogbɔ agbe wo dometɔ akpa gãtɔ, elabena wodo sɔ kplɔ Yesu ɖo eye wowɔ aʋa kple dukɔwo le Harmagedon me. (Nyaɖeɖefia 2:26, 27; 19:14) Le nyateƒe me la, Paulo gblɔ be woƒe tsitretsitsi dze egɔme le Yesu ƒe anyinɔnɔ le ƒe 1914 me megbe teti eye be wofɔ wo dometɔ aɖewo do ŋgɔ na bubuwo. (Korintotɔwo I, 15:51-54; Tesalonikatɔwo I, 4:15-17) Eyata woƒe agbegbɔgbɔa yia edzi le ɣeyiɣi aɖe me esime wonaa makumakugbenɔnɔ ƒe nunana la wo le dziƒo.—Tesalonikatɔwo II, 1:7; Petro II, 3:11-14.
13. (a) Aleke wòle be míabu ƒe akpe ɖeka si me ame 144,000 la ɖu fia le lae, eye nukatae? (b) Aleke Papias si tso Hierapolis la bu ƒe akpe ɖeka lae? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)
13 Woƒe fiaɖuɖu kple ʋɔnudɔdrɔ̃ la axɔ ƒe akpe ɖeka. Ðe esia nye ƒe akpe ɖeka ŋutɔŋutɔa, alo ɖe míabui le kpɔɖeŋugɔmesese nu be enye ɣeyiɣi didi aɖe si ƒe didime míenya oa? ‘Akpewo’ ate ŋu afia xexlẽme gbogbo aɖe si ƒe agbɔsɔsɔme womenya o, abe alesi wòle Samuel I, 21:12 mee ene. Gake le afisia la, nya “akpe” nye xexlẽmea ŋutɔŋutɔ, elabena edze zi gbɔ zi etɔ̃ (zi eve le Eʋegbe Biblia me) le Nyaɖeɖefia 20:5-7 me be “ƒe akpe ɖeka la.” Paulo yɔ ʋɔnudrɔ̃ɣi sia be “ŋkeke” esime wògblɔ be: “[Mawu] ɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu.” (Dɔwɔwɔwo 17:31) Esi Petro gblɔ na mí be ŋkeke ɖeka le Yehowa gbɔ abe ƒe akpe ɖeka ene ta la, esɔ be Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke sia nanye ƒe akpe ɖeka ŋutɔŋutɔ.c—Petro II, 3:8.
Ame Kuku Mamleawo
14. (a) Nya kae Yohanes gblɔ de eme ku ɖe “ame kuku mamleawo” ŋu? (b) Aleke nya siwo Paulo gblɔ la kɔ nu me ku ɖe ‘agbegbɔgbɔa’ ŋue?
14 Gake amekawoe fia siawo adrɔ̃ ʋɔnui, nenye be abe alesi apostolo Yohanes gblɔe de eme le afisia ene la, “ame kuku mamleawo la womegbɔ agbe o, vaseɖe esime ƒe akpe ɖeka la nu nava yi”? (Nyaɖeɖefia 20:5a) Le afisia hã la, ele be woatsɔ nya siwo ƒo xlãe la ase nyagbɔgblɔ ‘gbɔ agbe’ gɔmee. Gɔmesese siwo le vovovo ate ŋu anɔ nyagbɔgblɔ sia ŋu le nɔnɔme vovovowo me. Le kpɔɖeŋu me, Paulo gblɔ tso nɔvia amesiaminawo ŋu be: “[Mawu gbɔ agbe] miawo hã, amesiwo nye ame kukuwo le miaƒe dzidadawo kple nuvɔ̃wo me.” (Efesotɔwo 2:1) Ẽ, ‘wogbɔ agbe’ Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la le ƒe alafa gbãtɔ me kura gɔ̃ hã, esi wotso afia na wo to Yesu ƒe vɔsa dzi be wonye ame dzɔdzɔewo.—Romatɔwo 3:23, 24.
15. (a) Ƒomedodo ka mee Yehowa ƒe ɖasefo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli la nɔ kple Mawu? (b) Aleke alẽ bubuawo ‘gbɔ agbee,’ eye ɣekaɣie woanyi anyigba la ƒe dome le nya la ƒe gɔmesese si de blibo keŋkeŋ nu?
15 Nenema ke wobu dzɔdzɔenyenye na Yehowa ƒe ɖasefo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli le xɔlɔ̃dzedze si le wo kple Mawu dome gome; eye wogblɔ tso Abraham, Isak, kple Yakob ŋu be wonye “ame gbagbewo” togbɔ be woku ŋutɔŋutɔ le ŋutilã me hã. (Mateo 22:31, 32; Yakobo 2:21, 23) Gake egale kokoko be woakpe ɖe woawo kple ame bubu siwo katã woafɔ ɖe tsitre, kpakple alẽ bubuawo ƒe ameha gã la siwo nye anukwareɖilawo, amesiwo atsi agbe le Harmagedon me kple vi siwo katã amesiawo adzi le xexe yeyea me la ŋu be woaɖo amegbetɔ ƒe blibodede gbɔ. Kristo kple eƒe hatidziɖula siwo nye nunɔlawo anɔ te ɖe Yesu ƒe tafevɔsa la dzi awɔ esia le ƒe akpe ɖeka Ʋɔnudrɔ̃ŋkekea me. Ne ŋkeke ma wu nu la, “ame kuku mamleawo” ‘agbɔ agbe’ le gɔmesese sia nu be woazu ame deblibowo. Abe alesi míakpɔe ene la, ele be woato dodokpɔ mamlea me ɣemaɣi, gake woadze ŋgɔ dodokpɔ ma abe amesiwo de blibo ene. Ne woɖu dzi le dodokpɔa me la, Mawu abu wo be wonye amesiwo dze na agbe mavɔ nɔnɔ, be wonye ame dzɔdzɔewo le nya la ƒe gɔmesese si de blibo nu. Woakpɔ ŋugbedodo sia me vava bliboe: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Ɣeyiɣi dodzidzɔname gã ka gbegbee nye si le ŋgɔ na ameƒomea si ɖoa to la!
Tsitretsitsi Gbãtɔ
16. Aleke Yohanes ɖɔ amesiwo le fia ɖum kple Kristo la ƒe tsitretsitsie, eye nukatae?
16 Esi Yohanes trɔ va amesiwo “gbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka” la gbɔ azɔ la, eŋlɔ bena: “Esiae nye tsitretsitsi gbãtɔ.” (Nyaɖeɖefia 20:5b) Aleke wònye gbãtɔe? Enye “tsitretsitsi gbãtɔ” le ɣeyiɣi gome, elabena amesiwo kpɔ gome le eme la nye ‘ŋgɔgbeviwo na Mawu kple Alẽvi la.’ (Nyaɖeɖefia 14:4) Enye gbãtɔ le eƒe vevienyenye hã gome, elabena amesiwo kpɔa gome le eme la nye hatidziɖulawo kple Yesu le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me eye woadrɔ̃ ʋɔnu ameƒomea me tɔ susɔeawo. Mlɔeba la, enye gbãtɔ le nyonyo gome. Le Yesu Kristo megbe la, amesiwo wofɔ ɖe tsitre le tsitretsitsi gbãtɔ me koe nye nuwɔwɔ siwo ŋu woƒo nu le be wona makumakunyenye wo.—Korintotɔwo I, 15:53; Timoteo I, 6:16.
17. (a) Aleke Yohanes ɖɔ yayramɔkpɔkpɔ si le Kristotɔ amesiaminawo ŋgɔ lae? (b) Nukae nye “ku evelia,” eye nukatae mekpɔ “ŋusẽ aɖeke” ɖe aʋadziɖula 144,000 la dzi o?
17 Yayramɔkpɔkpɔ kae nye si na amesiamina siawo! Abe alesi Yohanes gblɔe ene la: “Yayratɔ kple kɔkɔetɔ enye amesi kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ la me; amesiawo dzi ku evelia mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖo o.” (Nyaɖeɖefia 20:6a) Abe alesi Yesu do ŋugbee na Kristotɔ siwo le Smirna ene la, be woaku “ku evelia,” si fia tsɔtsrɔ̃ gbidii, tsɔtsrɔ̃ si ŋu tsitretsitsimɔkpɔkpɔ aɖeke mele o ƒe afɔku aɖeke megale aʋadziɖula siawo siwo kpɔ gome le “tsitretsitsi gbãtɔ” me la ŋgɔ o. (Nyaɖeɖefia 2:11; 20:14) Ku evelia “mekpɔ ŋusẽ aɖeke” ɖe aʋadziɖula siawo dzi o, elabena wodo magblẽmagblẽ kple makumaku na wo.—Korintotɔwo I, 15:53.
18. Nukae Yohanes gblɔ na mí azɔ ku ɖe anyigbadziɖula yeyeawo ŋu, eye dɔ kae woawɔ?
18 Aleke gbegbe esia to vovo tso anyigbadzifia siwo ɖu dzi le Satana ƒe dziɖuɣi la gbɔe nye si! Ne edidi ƒã la, amesiawo ɖu fia ƒe 50 alo 60 dzaa ko, eye wo dometɔ akpa gãtɔ ɖu dzi ƒe ʋee aɖewo pɛ ko. Wo dometɔ akpa gãtɔ te ameƒomea ɖe anyi. Eye eɖanye aleke kee woɖu dzie o, aleke dziɖuɖu siwo nɔa tɔtrɔm ɣesiaɣi kple dukplɔɖoɖo siwo nɔa tɔtrɔm ɣesiaɣi la ate ŋu aɖe vi na dukɔwoe? Le nusi to vovo na ema me la, Yohanes gblɔ tso anyigba la dziɖula yeyeawo ŋu be: “Ke woanye Mawu kple Kristo ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii ƒe akpe ɖeka.” (Nyaɖeɖefia 20:6b) Hekpe ɖe Yesu ŋu la, woawo koe anye dziɖuɖu ɖeka kolia si anɔ anyi ƒe akpe ɖeka. Nunɔladɔ si woawɔ, si nye Yesu ƒe amegbetɔ ƒe vɔsa deblibo la zazã la, ana toɖolawo naɖo gbɔgbɔ me, agbenɔnɔ, kple ŋutilã me blibodede gbɔ. Subɔsubɔdɔ si woawɔ abe fiawo ene la ana ameƒomea katã nazu amesiwo ɖea Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye fiana. Abe ʋɔnudrɔ̃lawo hena ƒe akpe ɖeka la ene la, wo kple Yesu woafia mɔ amegbetɔ siwo nye toɖolawo lɔlɔ̃tɔe be woaɖo agbe mavɔ ƒe taɖodzinu la gbɔ.—Yohanes 3:16.
Dodokpɔ Mamlea
19. Aleke anyigba la kple ameƒomea anɔ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu, eye nukae Yesu awɔ azɔ?
19 Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, anyigba la katã ava nɔ abe Eden gbãtɔ ene. Azu paradiso ŋutɔŋutɔ vavã. Ameƒomea si de blibo la magahiã nunɔlagã si aɖe kuku ɖe wo ta le Mawu gbɔ o, elabena woaɖe Adam ƒe nuvɔ̃ la ƒe akpa ɖesiaɖe ɖa, eye futɔ mamlea si nye ku maganɔ anyi o. Kristo ƒe Fiaɖuƒea aɖo Mawu ƒe taɖodzinu si nye be yeana xexeme ɖeka kple dziɖuɖu ɖeka nanɔ anyi la gbɔ ɣemaɣi. Le afisia la, Yesu “[atsɔ Fiaɖuƒe] la ade asi na Mawu Fofoa.”—Korintotɔwo I, 15:22-26; Romatɔwo 15:12.
20. Nukae Yohanes gblɔ na mí be ava eme ne ɣeyiɣia de hena dodokpɔ mamlea?
20 Gamea su azɔ hena dodokpɔ mamlea. Ðe ameƒomea ƒe xexeme deblibo ma awɔ nusi to vovo tso esi ame gbãtɔ siwo nɔ Eden-bɔa me wɔ la gbɔ eye woanɔ tsitre sesĩe le woƒe nuteƒewɔwɔ mea? Yohanes gblɔ nusi dzɔ la na mí be: “Eye ne ƒe akpe ɖeka la nu va yi la, woatu Satana le gaxɔa me, eye wòado go, be wòable dukɔ, siwo le anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, esiwo nye Gog kple Magog, be wòaƒo amesiwo ƒe xexlẽme nu le abe ƒutake ene la, nu ƒu hena aʋawɔwɔ. Eye woyi anyigba la ƒe gbadzaƒe, eye woɖe to ɖe ame kɔkɔewo ƒe asaɖa kple du lɔlɔ̃ la ŋu.”—Nyaɖeɖefia 20:7-9a.
21. Le Satana ƒe agbagbadzedze mamlea gome la, aleke wòadze egɔmee, eye nukatae mele be wòawɔ nuku na mí o be ame aɖewo adze Satana yome le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua megbe gɔ̃ hã?
21 Aleke Satana ƒe agbagbadzedze mamlea ava wu enue? Eble “dukɔ, siwo le anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, esiwo nye Gog kple Magog” eye wòkplɔ wo yii hena “aʋawɔwɔ” la. Amekawoe agate ŋu ava nɔ Satana ƒe akpa dzi le teokrasidziɖuɖu si me dzidzɔ le eye wòtua ame ɖo le ƒe akpe ɖeka me la megbe? Enyo, mègaŋlɔe be o be Satana te ŋu ble ame deblibo Adam kple Xawa esime wonɔ vivi sem le Eden Paradisoa me. Eye ete ŋu tra dziƒodɔla siwo kpɔ kutsetse vɔ̃ɖi siwo tso aglãdzedze gbãtɔ me la. (Petro II, 2:4; Yuda 6) Eyata mele be wòawɔ nuku na mí o be woable ame deblibo aɖewo nu be woadze Satana yome le Mawu-Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu ƒe akpe ɖeka si me yɔ fũ kple dzidzɔkpɔkpɔ la megbe.
22. (a) Nukae nyagbɔgblɔ “dukɔ, siwo le anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi” la fia? (b) Nukatae woyɔ aglãdzela mawo be “Gog kple Magog” ɖo?
22 Biblia yɔ aglãdzela siawo be “dukɔ, siwo le anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi.” Esia mefia be ameƒomea me agamã ɖe dukɔ siwo anɔ ho ʋlim kple wo nɔewo me o. Efia ko be amesiawo aɖe wo ɖokui ɖe aga tso Yehowa ƒe ame dzɔdzɔe siwo nye nuteƒewɔlawo gbɔ eye woaɖe gbɔgbɔ vɔ̃ɖi si dukɔwo ɖena fiana egbea la ke afia. ‘Woaɖo nugbe vɔ̃ɖi’ abe alesi Gog si tso Magog si le Xezekiel ƒe nyagblɔɖia me ɖoe ene kple susu be yewoatsɔ atsrɔ̃ teokrasidziɖuɖu si le anyigba dzi lae. (Xezekiel 38:3, 10-12) Eyata woyɔ wo be “Gog kple Magog.”
23. Nukae nyateƒe si wònye be aglãdzela mawo ƒe xexlẽme le “abe ƒutake ene” la fia?
23 Amesiwo awɔ ɖeka kple Satana le eƒe aglãdzedzea me ƒe xexlẽme anɔ “abe ƒutake ene.” Nenie nye ma? Womeyɔ xexlẽme aɖeke da ɖi o. (Tsɔe sɔ kple Yosua 11:4; Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:12.) Aglãdzelawo katã ƒe xexlẽme anɔ te ɖe alesi amesiame alɔ̃ ɖe Satana ƒe amebleɖaŋu vɔ̃awo dzie la dzi. Gake ɖikekemanɔmee la, woanye ame gbogbo aɖe, elabena woase le wo ɖokui me be ŋusẽ le yewo ŋu be yewoaɖu “ame kɔkɔewo ƒe asaɖa kple du lɔlɔ̃ la” dzi.
24. (a) Nukae nye “du lɔlɔ̃ la,” eye aleke woate ŋu aɖe to ɖee? (b) Nukae “ame kɔkɔewo ƒe asaɖa” la nye kpɔɖeŋu na?
24 Ele be “du lɔlɔ̃ la” nanye du si ŋu Yesu Kristo si le ŋutikɔkɔe me ƒo nu tsoe na eyomedzelawo le Nyaɖeɖefia 3:12 me, esi wòyɔ be “nye Mawu ƒe du, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va.” Esi dziƒohabɔbɔe esia nye ta la, aleke amesiwo le anyigba dzi ate ŋu ‘aɖe to ɖee?’ Eyae nye le gɔmesesea nu be woɖe to ɖe “ame kɔkɔewo ƒe asaɖa” la ŋu. Asaɖa nɔa du godo; eyata ele be “ame kɔkɔewo ƒe asaɖa” la natsi tre ɖi na amesiwo le anyigba dzi siwo mele afisi dziƒo Yerusalem la le o eye wonye amesiwo le Yehowa ƒe dziɖuɖuɖoɖoa ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Ne aglãdzela siwo le Satana ƒe kpɔkplɔ te dze anukwareɖila mawo dzi la, Aƒetɔ Yesu abui abe ye dzie wodze ene. (Mateo 25:40, 45) ‘Dukɔ mawo’ adze agbagba be yewoatsrɔ̃ nusiwo katã dziƒo Yerusalem Yeyea wɔ be anyigba la zu paradiso la ɖa. Eyata esi wodze “ame kɔkɔewo ƒe asaɖa” dzi la, “du lɔlɔ̃ la” hã dzie wodze.
Dzo- Kple Dzokpeta La
25. Aleke Yohanes ɖɔ nusi dzɔ ɖe aglãdzela mawo dzi le woƒe “ame kɔkɔewo ƒe asaɖa” dzi dzedzea mee, eye nukae esia afia na Satana?
25 Ðe Satana ƒe agbagbadzedze mamlea sia adze edzia? Kakaɖedzi li be madze edzi o—abe alesi tututu Gog si tso Magog ƒe gbɔgbɔ me Israel dzi dzedze si ava eme le míaƒe ŋkekea me madze edzie o ene. (Xezekiel 38:18-23) Yohanes ɖɔ emetsonua na mí wònya se nyuie be: “Eye dzo hlẽ tso dziƒo va fiã wo. Eye wotsɔ Abosam, si ble wo la, ƒu gbe ɖe dzo- kple dzokpeta la me, afisi hã lã la kple aʋatsonyagblɔɖila la le.” (Nyaɖeɖefia 20:9b-10a) Le esi teƒe be woade Satana aʋli me dzro ko la, fifia ya woagbã Da xoxoa ɖa gudugudu eye maganɔ anyi o, woatui wòame eye eteƒe akɔ keŋkeŋ abe dzoe fiãe ɖa ene.
26. Nukatae “dzo- kple dzokpeta” mate ŋu anye fufiameƒe ŋutɔŋutɔ o?
26 Míekpɔe va yi do ŋgɔ xoxo be “dzo- kple dzokpeta la” mate ŋu anye funyafunyawɔƒe ŋutɔŋutɔ o. (Nyaɖeɖefia 19:20) Ne ɖe woawɔ funyafunya heliheli Satana mavɔmavɔe la, anye ne Yehowa ana wòanɔ agbe. Evɔ la, agbe nye nunana, menye tohehee o. Kue nye nuvɔ̃ ƒe tohehe, eye abe alesi Biblia gblɔe ene la, nu kukuwo megasea veve o. (Romatɔwo 6:23; Nyagblɔla 9:5, 10) Gawu la, míexlẽe le ŋgɔgbe be wotsɔ ku ŋutɔ kpe ɖe Hades ŋu tsɔ ƒu gbe ɖe dzo- kple dzokpeta sia ke me. Kakaɖedzitɔe la, ku kple Hades mate ŋu akpe fu o!—Nyaɖeɖefia 20:14.
27. Aleke nusi dzɔ ɖe Sodom kple Gomora dzi kpe ɖe mía ŋu be míase nya siwo nye dzo- kple dzokpeta la gɔmee?
27 Esiawo katã gaɖo kpe nukpɔsusu si nye be dzo- kple dzokpeta la nye kpɔɖeŋunuwo dzi. Hekpe ɖe eŋu la, dzo kple dzokpe ŋkɔ yɔyɔ ɖo ŋku nusi dzɔ ɖe blema Sodom kple Gomora, siwo Mawu tsrɔ̃ le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta la dzi na mí. Esi woƒe gamea su la, “Yehowa na aŋɔ kple dzo dza tso dziƒo tso Yehowa gbɔ ɖe Sodom kple Gomora dzi.” (Mose I, 19:24) Woyɔ nusi dzɔ ɖe du eve mawo dzi be enye “dzo mavɔ ƒe fu.” (Yuda 7) Gake womewɔ funyafunya mavɔ du eve mawo o. Ke boŋ ɖe wotsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ, wo nu yi tegbee, hekpe ɖe eme tɔ siwo nye nutovowɔlawo ŋu. Du mawo megali egbea o, eye ame aɖeke mate ŋu agblɔ afisi tututu wonɔ kpɔ la o.
28. Nukae nye dzo- kple dzokpeta la, eye aleke wòto vovo le ku, Hades, kple aʋli me ŋue?
28 Le ɖekawɔwɔ me kple esia la, Biblia ŋutɔ ɖe nusi dzo- kple dzokpeta la nye gɔme be: “Dzota sia enye ku evelia.” (Nyaɖeɖefia 20:14) Eme kɔ ƒã be eya ke nye Gehenna si ŋu Yesu ƒo nu le, si nye teƒe si ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃na le ke menye funyafunya mavɔe wowɔa wo le afima o. (Mateo 10:28) Enye tsɔtsrɔ̃ keŋkeŋ, si de blibo, esi ŋu tsitretsitsimɔkpɔkpɔ aɖeke mele o. Eyata togbɔ be ku, Hades kple aʋli me safuiwo li hã la, womegblɔ nya aɖeke be dzo- kple dzokpeta ƒe safui li o. (Nyaɖeɖefia 1:18, 20:1) Maɖe asi le amesiwo wòlé aboyomewoe la ŋu gbeɖe o.—Tsɔe sɔ kple Marko 9:43-47.
Wofia Fu Wo Zã Kple Keli tso Mavɔ me Yi Mavɔ Me
29, 30. Nukae Yohanes gblɔ tso Abosam kpakple lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila ŋu, eye aleke wòle be míase egɔmee?
29 Esi Yohanes nɔ nu ƒom na mí tso Abosam kple lã wɔadã la kpakple aʋatsonyagblɔɖila ŋu la, egblɔ na mí azɔ be: “Eye woawɔ fu wo zã kple keli tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.” (Nyaɖeɖefia 20:10b) Nukae esia ate ŋu afia? Abe alesi míegblɔe do ŋgɔ ene la, menye nusi ŋu gɔmesese le be woagblɔ be nusiwo nye kpɔɖeŋunuwo, abe lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila la, kpakple ku kple Hades ene ate ŋu akpe fu ŋutɔŋutɔ o. Eyata susu aɖeke meli si tae míaxɔ ase be Satana anɔ fu kpem tso mavɔ me yi mavɔ me o. Ðe woatsrɔ̃e keŋkeŋ.
30 Helagbe me nya si wozã le afisia hena “funyafunyawɔwɔ,” ba·sa·niʹzo, gɔme koŋ ye nye “woado (gakpowo) kpɔ to kpe si wotsɔna doa wo kpɔe hena dzesi dede wo la dzi.” Egɔmeɖeɖe eveliae nye “woatsɔ funyafunyawɔwɔ abia gbe amee.” (The New Thayer’s Greek-English Lexicon of the New Testament) Le nya siwo ƒo xlãe nu la, alesi wozã nya siae la fia be nusi adzɔ ɖe Satana dzi anye kpeɖodzi si anɔ anyi tso mavɔ me yi mavɔ me, abe kpe si wotsɔna doa gakpowo kpɔnae ye wotsɔ ɖo kpe nyaʋiʋli si ku ɖe Yehowa ƒe fiaɖuɖu ƒe dzedze kple alesi wòle dzɔdzɔe la dzi ene. Woakpɔ fianyenye ƒe nyaʋiʋli ma gbɔ zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu. Magahiã akpɔ gbeɖe be woado gbe tɔtɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye akpɔ ɣeyiɣi didi aɖe be woatsɔ aɖo kpe gbetɔame sia ƒe aʋatsonyenye dzi o.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 92:1, 15.
31. Aleke Helagbe me nya eve siwo do ƒome kple nya si nye “funyafunyawɔwɔ” la kpe ɖe mía ŋu be míase to si woahe na Satana Abosam la gɔmee?
31 Hekpe ɖe eŋu la, wozã nya si do ƒome kplii si nye ba·sa·ni·stesʹ, si gɔmee nye “funyafunyawɔamela,” le Biblia me tsɔ yɔ ‘gaxɔdzikpɔlae.’ (Mateo 18:34, Kingdom Interlinear) Le ɖekawɔwɔ me kple esia la, woade Satana game mavɔmavɔtɔe le dzota la me, womaɖe asi le eŋu akpɔ gbeɖegbeɖe o. Mlɔeba le Helagbe me Septuagint si Yohanes nya nyuie la me la, wozã nya baʹsa·nos tsɔ fia gbɔɖiɖi si kplɔa ame yia ku me lae. (Xezekiel 32:24, 30) Esia kpe ɖe mía ŋu be míakpɔe be to si woahe na Satana la nye gbɔɖiɖi ƒe ku mavɔ le dzo- kple dzokpeta la me. Eƒe dɔwɔwɔwo hã aku kpakplii.—Yohanes I, 3:8.
32. To kae woahe na gbɔgbɔ vɔ̃wo, eye aleke míewɔ nya?
32 Le afisia hã womeƒo nu tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu o. Ðe woaɖe asi wo ŋu akpe ɖe Satana ŋu le ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu eye emegbe woatsrɔ̃ wo kplii tegbeea? Ðaseɖiɖiawo ɖo eŋu be ẽ. Le Yesu ƒe lododo si ku ɖe alẽwo kple gbɔ̃wo ŋu me la, egblɔ be gbɔ̃wo ayi “dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!” (Mateo 25:41) Nyagbɔgblɔ si nye “dzo mavɔ” la afia dzo- kple dzokpeta si me woatsɔ Satana aƒu gbe ɖo. Wotsɔ Abosam ƒe dɔlawo ƒu gbe tso dziƒo kpe ɖe eŋu. Edze ƒã be woyi ɖe aʋli me kplii le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe gɔmedzedze me. Eyata le ɖekawɔwɔ me kple ema la, woatsrɔ̃ woawo hã akpe ɖe eŋu le dzo- kple dzokpeta la me.—Mateo 8:29.
33. Nya siwo ku ɖe Mose I, 3:15 ŋu ƒe akpa mamle kae ava eme ɣemaɣi, eye nya ka dzie Yehowa ƒe gbɔgbɔ he Yohanes ƒe susu yie?
33 Le mɔ sia nu la, nyagblɔɖi si le Mose I, 3:15 me la ƒe akpa sia akpa ava eme. Le ɣeyiɣi si me woatsɔ Satana aƒu gbe ɖe dzota la me la, azu nu kuku abe da si wotsɔ afɔkpa si ƒe afɔkpodzi nye ga gbã ta na ene. Wo kple eƒe dɔlawo nu ayi tegbee. Womegayɔ wo ŋkɔ azɔ le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me o. Esi nyagblɔɖia fia alesi woɖe amesiawo ɖae vɔ megbe la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ he míaƒe susu yi nane si me amesiwo bua anyigbadzimɔkpɔkpɔa nu xɔasie la tsɔa ɖe le vevie la dzi azɔ: Nukae ‘fiawo dzi Fia’ kple “ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kple nuteƒewɔlawo” ƒe dziƒodziɖuɖua awɔ na ameƒomea? (Nyaɖeɖefia 17:14) Le eŋu ɖoɖo me la, Yohanes gakplɔ mí yi Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe gɔmedzedze me ake.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ŋɔŋlɔ bubuwo gblɔ be Yesu nɔ Hades le eƒe ku me. (Dɔwɔwɔwo 2:31) Gake mele be míaƒo nya ta be ɣesiaɣie Hades kple aʋli me nye nu ɖeka ma ke o. Togbɔ be wogblɔ be lã wɔadã la kple Satana yi aʋli me hã la, amegbetɔwo koe wogblɔ be woyina ɖe Hades, afisi wodɔa alɔ̃ le ku me vaseɖe woƒe tsitretsitsi me.—Hiob 14:13; Nyaɖeɖefia 20:13.
b Edze abe ɖe fia la (Helagbe, peʹle·kus) nye nusi wozãna tsɔ wua amee le Roma ene, togbɔ be le Yohanes ŋɔli la, yie nye nusi wolɔ̃a zazã wu gake. (Dɔwɔwɔwo 12:2) Eyata Helagbe me nya, pe·pe·le·kis·meʹnon (“wowu wo kple fia”) si wozã le afisia la fia ko be “wowu wo.”
c Enye nusi míade dzesii be ƒe alafa enelia me ŋutinyaŋlɔla Eusebius ka nya ta be Papias si tso Hierapolis, amesi woxɔ se be Yohanes, si nye Nyaɖeɖefia ŋlɔla, ƒe nusrɔ̃viwo na Biblia ŋuti sidzedze aɖe su esi la ka ɖe Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka ŋutɔŋutɔ ƒe Dziɖuɖu dzi (togbɔ be Eusebius melɔ̃ ɖe edzi nɛ kura o hã).—The History of the Church, Eusebius, III, 39.
[Nɔnɔmetata si le axa 293]
Ƒu Kuku la. Anye afisiae Sodom kple Gomora nɔ
[Nɔnɔmetata siwo le axa 294]
“Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ”