INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wcg ta 52 axa 232-235
  • “Enye Kpeɖeŋutɔ Nyui Aɖe Nam”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Enye Kpeɖeŋutɔ Nyui Aɖe Nam”
  • Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ku Nu Me
  • De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu
  • Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu
  • Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee
  • Marko​—‘Nye Kpeɖeŋutɔ Le Subɔsubɔ Gome
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Marko Mena Ta O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nɔviŋutsu Sɔhɛwo​—Misrɔ̃ Marko Kple Timoteo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • “Akɔfafavi”
    Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
Kpɔ Bubuwo
Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
wcg ta 52 axa 232-235

52 MARKO

“Enye Kpeɖeŋutɔ Nyui Aɖe Nam”

Tatatɔ
Tatatɔ

DZI nɔ Yesu ƒe nusrɔ̃la Marko, si wogayɔna be Yohanes la ƒo esime wònye ɖekakpui gɔ̃ hã. Ðeko asrafowo va lé Yesu Kristo, woblae eye wokplɔe dzoe koe nye ema. Esia na apostoloawo katã si. Gake Biblia gblɔ be dzi nɔ “ɖekakpui aɖe” ƒo wòdze Yesu yome. Esi asrafoawo kpɔe la, wodi be yewoalé eya hã. Gake esi “amamae,” si fia be nu si wòdo ɖe eƒe awu te koe tsi eŋu, elabe eƒe awu tsi asi me na wo esime wonɔ agbagba dzem be yewoalée. Marko ƒe Nyanyuigbalẽa me koe nudzɔdzɔ sia dze le, eya ta ame geɖe xɔe se be ɖekakpui sia anya nye Marko ŋutɔ.

Anɔ eme be Marko nɔ dadaa gbɔ le Yerusalem eye edze be nu de dadaa dzi. Le Yesu ƒe ku megbe la, hamea ƒoa ƒu ɖe woƒe aƒe me. Afi mae apostolo Petro va gbe ɖeka le zã me esi mawudɔla aɖe kpe ɖe eŋu wòdo le gaxɔ me. Anɔ eme be Marko do go Yesu ƒe apostolo kple nusrɔ̃la geɖe eye wònya wo nyuie. Esrɔ̃ nu geɖe tso wo gbɔ ku ɖe dzinɔameƒo ŋu.

Anɔ abe ƒe 46 K.Ŋ. me ene la, apostolo Paulo kple Barnaba, si nye Marko ƒe ƒometɔ la, va Yerusalem eye wokpɔe be anyo be yewoana hehe Marko ale be wòakpe ɖe nɔviwo ŋu le teƒe vovovowo. Eya ta wokplɔe ɖe asi esi wotrɔ yina Antiokia. Abe ƒe ɖeka ene megbe la, Paulo kple Barnaba bia tso Marko si be wòava wɔ ɖeka kpli yewo le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me! Dzi nɔ eƒo wòlɔ̃ be yeayi ‘anɔ kpekpem ɖe’ dutanyanyuigblɔla siawo siwo me dzo le la ŋu.

Le ɣeyiɣi mawo me la, mɔzɔzɔ menɔ bɔbɔe o eye afɔku hã nɔa mɔ dzi. Paulo gblɔ le eƒe lɛta aɖe me be zi geɖe le yeƒe mɔzɔzɔwo me la, ‘yeɖoa ŋɔdzi me le tɔsisiwo dzi, le adzodalawo si me, le du me, le gbedzi kple le atsiaƒu dzi.’ (2 Kor. 11:26) Ele be Marko nanɔ klalo ɣesiaɣi awɔ nu sia nu si Paulo kple Barnaba hiã la na wo. Ðe dɔ sia wɔwɔ va na nu te Marko ŋua? Biblia megblɔe o. Gake ena míenya be Marko va gblẽ Paulo kple Barnaba ɖi esi woɖo Pamfilia eye wòtrɔ yi aƒe le Yerusalem. Eƒe nuwɔna sia anya te ɖe Paulo kple Barnaba dzi, gake egate ɖe Paulo dzi wu.

Esi Paulo kple Barnaba trɔ gbɔ la, wowɔ ɖoɖo be yewoagazɔ mɔ zi evelia. Barnaba di be yewoagakplɔ Marko ɖe asi ake. Gake Paulo melɔ̃ ɖe edzi o. Ðewohĩ esusu be yewomate ŋu aka ɖe Marko dzi o, le esi wògblẽ wo ɖi va yi ta. Esia na nyaʋiʋli ɖo Paulo kple Barnaba dome eye “wodo dɔmedzoe ɖe wo nɔewo ŋu vevie.” Emegbe Barnaba kplɔ Marko ɖe asi woyi Kipro eye woyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le afi ma. Paulo di ame bubu kpe ɖe eɖokui ŋu eye woawo hã woyi teƒe bubuwo.

Nu si dzɔ la anya te ɖe Marko dzi. Ekpɔe be nu si yewɔ la ɖe fu na Paulo vevie, evɔ ɖe wòdea bubu Paulo ŋu ŋutɔ hafi. Ede dzesii hã be yeƒe nuwɔna sia na xɔlɔ̃ vevi eveawo dome ma. Dzi ate ŋu aɖe le Marko ƒo wòadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ alo be wòase le eɖokui me be Paulo mewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o eye wòalée ɖe dɔme. Gake mewɔe nenema o!

Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe ge le Marko si, gake mena esia ɖe dzi le eƒo o

Marko yi edzi kpe ɖe nɔvia Kristotɔwo ŋu le hamea me. Le ƒe 60-61 K.Ŋ. me lɔƒo la, wosika Paulo ɖe aƒe me le Roma. Eŋlɔ lɛta aɖe si me wòyɔ Marko ƒe ŋkɔ le be ele ye gbɔ. Paulo gblɔ be Marko ‘va zu akɔfafa gã aɖe na ye.’ Eye le ƒe 62-64 K.Ŋ. me la, apostolo Petro hã ŋlɔ lɛta aɖe si me wòyɔ Marko ƒe ŋkɔ le. Edze be Marko zɔ mɔ yi keke Babilon ke be yeavae nɔ Petro si tsi ɣemaɣi la gbɔ akpe ɖe eŋu. Petro yɔ Marko be “vinye.” Marko ƒe vava anya fa akɔ na Petro ŋutɔ! Anɔ eme godoo be Petro gblɔ nya geɖe na Marko tso ɣeyiɣi siwo me wònɔ Yesu Kristo ŋu. Esi Marko ŋlɔ eƒe Nyanyuigbalẽa la, anya nɔ Roma ɣemaɣi eye eŋlɔ nu tso nu geɖe siwo teƒe Petro kpɔ kple nu siwo wòanya gblɔ nɛ la ŋu.

Marko le dze ɖom kple Paulo lɔlɔ̃tɔe. Paulo nɔ anyi ɖe kplɔ̃ ŋu eye wode kɔsɔkɔsɔe tsi ɖe dzɔla aɖe ŋu. Marko da eƒe asi ɖe Paulo ƒe abɔta esi wòtsɔ nane vɛ nɛ be wòano. Nɔviŋutsu eve bubu le nu ŋlɔm ɖe agbalẽ xatsaxatsawo me eye wole wo me tom.

Zi mamlɛtɔ si míegase nu tso Marko ŋue nye esi apostolo Paulo yɔ eŋkɔ le lɛta aɖe si wòŋlɔ na Timoteo me. Ɣemaɣi la, Paulo ganɔ gaxɔ me eye wòŋlɔ lɛta na Timoteo be wòava srã ye kpɔ. Egblɔ nɛ be wòakplɔ Marko ɖe asi. Nu ka tae? Paulo gblɔ be: “Enye kpeɖeŋutɔ nyui aɖe nam le subɔsubɔdɔ la me.” Dzi anya dzɔ Marko kple Timoteo be yewoayi apostolo lɔlɔ̃a Paulo gbɔ akpe ɖe eŋu hafi wòaku. Togbɔ be nanewo ɖe dzi le Marko ƒo le eƒe subɔsubɔdɔa me hã la, eyi edzi kpe ɖe nɔvia Kristotɔwo ŋu eye Yehowa Mawu lɔ̃e ŋutɔ ɖe eƒe dzinɔameƒo ta.

Xlẽ ŋutinyaa le Biblia me:

  • Marko 14:​50-52

  • Dɔwɔwɔwo 13:​2-5, 13; 15:​36-40

  • Kolosetɔwo 4:​10, 11

  • 2 Timoteo 4:11

  • 1 Petro 5:13

Numedzodzro:

Aleke Marko ɖe dzinɔameƒo fiae?

Ku Nu Me

  1. 1. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be nu de ƒome si me Marko tso la dzi? (w10 3/15 6 ¶6–7 ¶1)

  2. 2. Anye nu kawoe Marko wɔ tsɔ “nɔ kpekpem ɖe” Barnaba kple Paulo ŋu? (Dɔw. 13:5; w10 3/15 7 ¶5)

  3. 3. Teƒe vovovo kawoe Marko zɔ mɔ yi? (w10 3/15 8 ¶6-8) A

    Marko le afɔ zɔm to gbedadaƒo yina du aɖe si le dzedzem ɖaa me. Anyigbatata si le dzedzem la na míekpɔ teƒe siwo wòanya zɔ mɔ yi la dometɔ aɖewo: 1. Roma. 2. Efeso. 3. Kolose. 4. Perga. 5. Kipro. 6. Antiokia (si nɔ Siria). 7. Yerusalem. 8. Babilon.

    Foto A: Teƒe siwo Marko anya zɔ mɔ yi la dometɔ aɖewo

  4. 4. Nya aɖewo dze le Marko ƒe Nyanyuigbalẽa me siwo wòanya se tso Petro gbɔ. Gblɔ esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo. (w08 2/1 26 ¶1)

De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu

  • Womeyɔ Marko be apostolo alo nyagblɔɖila o. Gake esubɔ amewo ɖokuibɔbɔtɔe. Aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu asubɔ amewo egbea?

  • Togbɔ be Paulo susu be Marko medze akpe ɖe ye ŋu le subɔsubɔdɔ tɔxɛ aɖe me o hã la, Marko yi edzi wɔ nuteƒe. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Marko ne subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe ge le mía si? B

    Fotoawo: Hamea me subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe si ŋu nɔviŋutsu aɖe de asixɔxɔe vevie la ge le esi, gake eyi edzi subɔ nɔviawo nuteƒewɔwɔtɔe. Egadze le foto siwo kplɔe ɖo me. Nɔviŋutsua kple srɔ̃a le to ɖom gbeƒãɖeɖe gbãdziname aɖe le Fiaɖuƒe Akpataa me. Emegbe nɔviŋutsua tsɔ dzidzɔ lé Fiaɖuƒe Akpataa ƒe ʋɔtru na nɔvinyɔnu tsitsi aɖe kple nɔvinyɔnu bubu siwo gbɔna kpekpea me. Le ɣebubuɣi la, nɔviŋutsua tsɔ jw.org kadodogbalẽvi na ŋutsu aɖe si le dɔ wɔm le fiase aɖe me eye wòtsɔ nane le efiam le eƒe fon dzi. Srɔ̃a tɔ ɖe adzɔge vie eye wòɖo nukomo le wo kpɔm.

    Foto B

  • Mɔ bubu kawo nue nàte ŋu asrɔ̃ Marko ƒe dzinɔameƒo le?

Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu

  • Nu kae ŋutinya sia fiam tso Yehowa ŋu?

  • Aleke ŋutinya sia wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖo?

  • Nu ka tae wòdzɔ dzi na wò be wotia Marko be wòaɖu fia kple Kristo le dziƒo?

Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee

Nu kawoe na Marko ƒe Nyanyuigbalẽa le etɔxɛ?

Marko Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya (3:18)

Zã Marko ƒe kpɔɖeŋua nàtsɔ afia nu viwòwo woakpɔ ale si wòɖea vi ne míeyi edzi subɔ Yehowa nu ka kee ɖadzɔ o.

“Marko Mena Ta O” (w08 2/1 24-26)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe