53 PAULO
“Mele Dzi Dem Ƒo Na Mi Be Mialé Dzi Ðe Ƒo”
ESI Saul si tso Tarso va zu Kristotɔ la, Yesu ŋutɔ na wònya ‘ale si gbegbe wòakpe fu’ ne eva le gbeƒã ɖem nya nyuia. Ðe Yesu ƒe nyawo va emea? Anɔ abe ƒe 20 ene tso esime Saul, si wova yɔ be apostolo Paulo zu Kristotɔ la, eŋlɔ eƒe lɛta evelia na Korinto hamea. Ɣemaɣi la, eto nɔnɔme sesẽ geɖe me xoxo. Egblɔ be “zi ale si woƒom la mele xexlẽ me o, eye meɖo kudo nu zi geɖe.” Enɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃ sɔŋ eye le wo dometɔ ɖeka me la, eva hiã be wòatsi atsiaƒu dzi ŋkeke ɖeka blibo. Gake eva dzɔ be Paulo nɔ tɔdziʋu me wògagbã ake. Na míakpɔ ale si wòdzɔe ɖa.
Paulo nɔ gaxɔ me le du si nye Kaisarea si le Yudea me ƒe eve kple edzivɔ. Ame si nɔ nuto ma dzi ɖum ɣemaɣi la gblẽ Paulo ɖe gaxɔ me elabe enɔ mɔ kpɔm be Paulo nana zãnu ye. Esi woɖɔli nutodziɖulaa la, Paulo bia be Kaisaro ŋutɔ nagbugbɔ adrɔ̃ nya na ye. Eya ta wode Paulo tɔdziʋu ɖo ɖe Roma, afi si Kaisaro le. Tso Kaisarea yi Roma anɔ abe kilometa 3,000 ene, eye mɔa zɔzɔ menɔa bɔbɔe kura o. Luka, “atikewɔla lɔlɔ̃tɔ” si hã nye nyanyuigblɔla kpakple Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Aristako zɔ mɔa kple Paulo.—Kol. 4:14.
Esi woɖo Mira le Asia Sue la, Yulio, si nye Roma asrafomegã si nɔ ʋua me la kplɔ Paulo kple gamenɔla bubuwo de tɔdziʋu bubu si yina Roma me. Tɔdziʋu sia tso Egipte eye wotsɔ nukuwo do agba nɛ. Esi wodze mɔ la, yaƒoƒo sesẽwo wɔe be mɔzɔzɔa menɔ bɔbɔe na wo o. Luka gblɔ zi eve le eƒe nuŋlɔɖia me be wonɔ tɔdziʋua kum “ɖɔɖɔɖɔ.” Esi wova nɔ ɖiɖim ɖe eme le teƒe si woyɔ be Ʋudzeƒe Nyui la, Paulo kpɔe be ele be yewoanɔ afi ma va se ɖe esime yaƒoƒoa dze akɔ anyi, ne menye nenema o la, yewoaɖo afɔku gã aɖe me.
Dzi nɔ apostoloa ƒo wògblɔ nya sia na asrafomegã Yulio. Ena wònya be ‘nu geɖewo le gbegblẽ ge eye nu geɖewo abu’ ne yewoyi mɔzɔzɔa dzi. Gake Yulio meɖo to Paulo o; ewɔ nu si ame bubuwo gblɔ nɛ eye woyi mɔzɔzɔa dzi. Eteƒe medidi o, eva kpɔe be ɖe wòle be yeawɔ nu si Paulo gblɔ hafi. Luka gblɔ be ‘ya sesẽ aɖe ƒo kpe yewo’ eye wònɔ “tɔdziʋua nyamam vevie.” Emegbe kpuie la, ahom gã aɖe tu. ‘Ahom la yi edzi nɔ wo nyamam vevie’ ŋkeke geɖe. Eva hiã be woafɔ ka kpekpe siwo le tɔdziʋua me kple agba aɖewo aƒu gbe ale be ʋua naganyrɔ o. Ŋkeke geɖe va yi, wo dometɔ aɖeke meɖu nu o. Le kwasiɖa eve kloe megbe la, Luka gblɔ be “míebu mɔkpɔkpɔ na agbetsitsi kura.”
Togbɔ be Paulo nye gamenɔla si nɔ mɔ zɔm le atsiaƒu dzi hã la, ekpe ɖe mɔzɔla bubuwo ŋu wotsi agbe esime ahom sesẽ aɖe tu
Edze be wɔna aɖeke megali o. Gake Paulo gblɔ na ʋua me nɔlawo be: “Mele dzi dem ƒo na mi be mialé dzi ɖe ƒo.” Le nya si mawudɔla aɖe gblɔ nɛ ta la, eka ɖe edzi na wo be: “Mia dometɔ aɖeke mabu eƒe agbe o, negbe tɔdziʋua koe agbã.” Esi ʋua kula aɖewo ɖiɖi tɔdziʋu sue si le ʋua me la ɖe ƒua dzi ale be yewoaɖoe asi adzo la, Paulo gblɔ na asrafomegã la be ame geɖe aku ne ʋua kulawo mele tɔdziʋua me kpli yewo o. Eya ta asrafoawo lã tɔdziʋu suea ƒe kawo ɖa le tɔdziʋu si me wole la ŋu eye ame aɖeke meɖoe o.
Le ŋdi kanya esi ɣe mekpɔ dze o la, Paulo gblɔ na ʋua me nɔlawo katã be woate ŋu aɖu nu siwo le wo si la ƒe ɖe. Eka ɖe edzi na wo be: “Mia dometɔ aɖeke ƒe taɖa ɖeka hã mabu o.” Eyome edo gbe ɖa da akpe na Yehowa le wo katã ŋkume. Esi woɖu nua vɔ la, wotsɔ lugba siwo kpɔtɔ ɖe ʋua me la ƒu gbe ɖe atsiaƒua me be ʋua nanɔ wodzoe. Ale si dzi nɔ Paulo ƒo la na dzi ɖo ame susueawo katã hã ƒo. Kaka ɣe nadze la, wogogo ƒuta aɖe. Gake tɔdziʋua va lɔ kekpo aɖe le atsiaƒua me eye wòxaxa ɖe afi ma. Ƒutsotsoewo hã va nɔ ʋua lɔm sesĩe si wɔe be wòte gbagbã. Gake Paulo ƒe nyawo va eme. “Ameawo katã de gota dedie.”
Afi si woɖi go ɖoe nye Malta ƒukpoa dzi. Paulo kple nɔviawo dze gbeƒãɖeɖe na ameawo enumake. Mawu na Paulo wɔ nukunu aɖewo gɔ̃ hã le afi ma. Maltatɔ geɖe xɔ wo nyuie eye wonyo dɔme na wo ŋutɔ.
Paulo yi edzi ɖe dzinɔameƒo fia le eƒe agbe me katã. Esi wòva ɖo Roma mlɔeba le ƒea ƒe gɔmedzedze la, wosikae ɖe aƒe aɖe me ƒe eve eye dzɔla aɖe nɔ eŋu dzɔm. Gake eyi edzi nɔ gbeƒã ɖem nɔ lɛtawo ŋlɔm ɖo ɖe nɔviawo. Esi wova ɖe asi le eŋu la, evo azɔ aɖe gbeƒã le afi sia afi. Gake eteƒe medidi o, wogalée tu le Roma ake. Zi mamlɛtɔe nye ema wòanɔ gaxɔ me. Edze be Romatɔwo va wu apostolo wɔnuteƒe dzinɔameƒotɔ sia mlɔeba. Gake Paulo mevɔ̃ ku o. Eyɔe be “futɔ mamlɛtɔ.” (1 Kor. 15:26) Enya be Yehowa Mawu ava fɔ ye ɖe tsitre eye wòaɖe ku ɖa gbe ɖeka. Le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia dzi la, aɖo eteƒe na Paulo wòanye nunɔla aɖu fia kple Yesu Kristo le dziƒo eye magaku akpɔ o.
Xlẽ ŋutinyaa le Biblia me:
Numedzodzro:
Aleke Paulo ɖe dzinɔameƒo fia le agbalẽa ƒe ta sia me?
Ku Nu Me
1. Nu ka tae Saul tiae be woanɔ Roma ŋkɔ Paulo boŋ yɔm na ye? (w08 3/1 12 ¶4-5)
2. Esi Paulo trɔ gbɔ va Tarso la, ƒe asieke megbe hafi wòzɔ mɔ yi Antiokia. Woyɔ ƒe mawo be “ƒe siwo me womese eŋkɔ o.” Nɔnɔme sesẽ kawo mee Paulo anya to le ɣeyiɣi mawo me? (w00 7/15 26-27, aɖaka ¶3-4-wcgr)
3. Ðe aɖaŋu si Paulo ɖo na Yulio be yewoalala vie hafi ayi mɔzɔzɔa dzi aɖo ta Roma la sɔa? (Dɔw. 27:9, 10; wp17.5 9 ¶3-4) A
Nɔnɔmetata A: Tɔdziʋu gã si tsɔa agbawo le Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli, si tɔgbi Paulo ɖo le Mira
4. Nu ka tae Maltatɔwo gblɔ be ‘amewulae Paulo nye’? (Dɔw. 28:4; w15 10/1 9 ¶5-6)
De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu
Paulo gblɔ na tɔdziʋua me nɔlawo be Mawu akpe ɖe wo ŋu eye “[wo] dometɔ aɖeke ƒe taɖa ɖeka hã mabu o.” (Dɔw. 27:22, 34) Nu kae esia fia wò tso ale si Yehowa bua amewo ƒe agbee ŋu, eye aleke wòle be esia nana nàbu gbeƒãɖeɖedɔa?
Esi Paulo do gbe ɖa vɔ la, ‘dzi ɖo ʋuamenɔlawo ƒo.’ (Dɔw. 27:35, 36) Nɔnɔme kawo mee míaƒe gbedodoɖawo ate ŋu ado ŋusẽ amewo le? B
Foto B
Aleke nàte ŋu asrɔ̃ dzinɔameƒo si Paulo ɖe fia le ŋutinya sia me?
Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu
Nu kae ŋutinya sia fiam tso Yehowa ŋu?
Aleke ŋutinya sia wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖo?
Nu kae nèsrɔ̃ tso Paulo ŋu le ŋutinya sia me si na dzi dzɔ wò be wotiae be wòaɖu fia kple Kristo le dziƒo?
Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee
Kpɔ ale si ƒudzimɔzɔzɔ nɔ vevie le ƒe alafa gbãtɔ me kple ale si Kristotɔwo zã mɔnu sia tsɔ ɖe gbeƒã le teƒe vovovowo.
Aleke hamemetsitsi wɔnuteƒe aɖewo do dzi eye wolé be na wo nɔvi Kristotɔwo abe ale si Paulo wɔe ene?
Srɔ̃ Ame Siwo Gbɔ Dzi Ði Nyi Ŋugbedodowo Domea Ƒe Kpɔɖeŋu—Paulo (3:22)