Ameha Gã Aɖe Le Subɔsubɔdɔ Kɔkɔe Wɔm
“Wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me.”—NYAÐEÐEFIA 7:15.
1. Gbɔgbɔmegɔmesese vevi kae wokpɔ le ƒe 1935 me?
AMESIWO de Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe si wowɔ le Washington, D.C. le May 31, 1935 me la kpɔ dzidzɔ gã aɖe. Emae nye zi gbãtɔ si woɖe ameha gã si ƒe nya wogblɔ le Nyaɖeɖefia 7:9 la me eme kɔ nyuie eye wòwɔ ɖeka kple Biblia ƒe akpa susɔeawo kpakple nudzɔdzɔ siwo le eme vam xoxo.
2. Nukae ɖee fia be ame geɖe kpɔe dze sii be Mawu meyɔ yewo be yewoava nɔ agbe le dziƒo o?
2 Anye kwasiɖa ade do ŋgɔ le Aƒetɔ la ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖuƒe le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me la, vavalawo dometɔ 10,681 (si nye ame 1 le ame 6 me) meɖu kpɔɖeŋuboloa o eye womeno wein la hã o, eye amesiawo dometɔ 3,688 nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖela siwo doa vevie nu. Nukata womeɖu kpɔɖeŋunuawo o? Elabena wokpɔe le Biblia sɔsrɔ̃ me be Mawu meyɔ yewo be yewoava nɔ agbe le dziƒo o, ke boŋ be yewoate ŋu akpɔ gome le Yehowa ƒe mɔnuɖoɖowo me le mɔ bubu nu. Eyata esi nuƒola la bia le takpekpe ma me be: “Taflatse amesiwo katã si agbenɔnɔ le anyigba dzi tegbee ƒe mɔkpɔkpɔ le la natsi tre” la, nukae dzɔ? Ame akpe geɖe tso eye nyaselawo si akpe ɣeyiɣi didi aɖe.
3. Nukata dzesidede ameha gã la de dzo gbeadzisubɔsubɔdɔa me, eye aleke Ðasefowo se le wo ɖokui me le esia ŋu?
3 Nusi vavalawo srɔ̃ le takpekpe ma me la de dzo yeye woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Wova de dzesii be fifia la, hafi nuɖoanyi xoxoa nawu enu la, menye ame ʋee aɖewo koe woaʋu mɔ na woava nɔ agbeɖeɖe ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ la me o, ke woanye ameha gã aɖe siwo si agbenɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le. Dzidzɔnya kae nye si wogblɔ na nyateƒealɔ̃lawo ɣemaɣi! Yehowa Ðasefowo kpɔe dze sii be dɔ gã aɖe li yewoawɔ—dzidzɔdɔ aɖee. Ƒe aɖewo megbe la, John Booth si va zu Dziɖuha la me tɔ la ɖo ŋku edzi be: “Takpekpe ma na nu geɖe siwo ta míakpɔ dzidzɔ ɖo la mí.”
4. (a) Afikae woƒo ameha gã la nu ƒu se ɖo tso ƒe 1935 me ke? (b) Mɔ ka nue ameha gã me tɔwo ɖenɛ fiana le be xɔse vavãe le yewo si?
4 Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, Yehowa Ðasefowo dzi ɖe edzi nukutɔe. Togbɔ be woti wo yome vevie zi geɖe le Xexemeʋa II me hã la, woƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃ kloe le ƒe ewo me. Eye gbeƒãɖela 56,153 siwo nɔ ɖase ɖim le gaglãgbe le ƒe 1935 me la dzi ɖe edzi va ɖo Fiaɖuƒegbeƒãɖela 4,900,000 kple edzivɔ le dukɔ 230 me le ƒe 1994 me. Amesiawo ƒe akpa gãtɔ le mɔ kpɔm vevie be yewoanɔ amesiwo nu Yehowa ve to agbe deblibo nɔnɔ le paradisonyigba dzi me la dome. Ne wotsɔ wo sɔ kple ha suea la, wozu ameha gã aɖe vavã. Menye amesiwo gblɔna be xɔse le yewo si gake womeɖenɛ fiana o lae wonye o. (Yakobo 1:22; 2:14-17) Wo katã gblɔa Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyui na ame bubuwo. Dzidzɔtɔ mawo dometɔ ɖekae nènyea? Be woanye Ðasefo si me dzo le la nye dzesidenu vevi aɖe, gake egabia nu geɖe.
‘Wole Tsitre ɖe Fiazikpui la Ŋgɔ’
5. Nukae ameha gã si le “tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ” la fia?
5 Apostolo Yohanes kpɔ wo le ŋutega si woɖe fiae me be wole “tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me.” (Nyaɖeɖefia 7:9) Alesi wotsi tre ɖe Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, abe alesi wogblɔe le afisia ene la, fia be wolɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi bliboe. Esia bia nu geɖe. Le kpɔɖeŋu me: (1) Wolɔ̃ ɖe gome si le Yehowa si be wòatso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu na esubɔlawo la dzi. (Mose I, 2:16, 17; Yesaya 5:20, 21) (2) Wosea nya si Yehowa gblɔna na wo to eƒe Nya la dzi. (Mose V, 6:1-3; Petro II, 1:19-21) (3) Wokpɔ ɖokuibɔbɔ ɖe amesiwo Yehowa tsɔ dzi kpɔkpɔ de asi na ƒe vevienyenye dze sii. (Korintotɔwo I, 11:3; Efesotɔwo 5:22, 23; 6:1-3; Hebritɔwo 13:17) (4) Togbɔ be womede blibo o hã la, wodzea agbagba vevie be yewoawɔ ɖe teokrasimɔfiafia dzi, menye kple dzizizi o, ke boŋ tso dzi me faa. (Lododowo 3:1; Yakobo 3:17, 18) Wole fiazikpui la ŋgɔ be woatsɔ subɔsubɔ kɔkɔe ana Yehowa, amesi ŋu wodea bubu detoe helɔ̃na vevie. Le ameha gã siawo gome la, alesi wole “tsitre” ɖe fiazikpui la ŋgɔ fia be Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 6:16, 17.) Nukatae wokpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu ɖo?
“Wodo Awu Ʋlaya Ɣiwo”
6. (a) Nukae ‘awu ʋlaya ɣi’ siwo ameha gã la ‘do’ fia? (b) Aleke ameha gã la wɔ kpɔ tsitrenɔnɔ dzɔdzɔe le Yehowa ŋku me? (d) Afikae Kristo ƒe ʋu si wòkɔ ɖi dzixɔxɔse kpɔ ŋusẽ ɖe ameha gã la ƒe agbenɔnɔ dzi se ɖo?
6 Apostolo Yohanes gblɔ le nusi wòkpɔ ŋu be ameha gã sia me tɔwo “[do] awu ʋlaya ɣiwo.” Awu ʋlaya ɣi mawo nye tsitrenɔnɔ dzadzɛ si le dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume la ƒe dzesi. Aleke wowɔ kpɔ tsitrenɔnɔ sia? Míekpɔe xoxo be wotsi tre ɖe “alẽvi la ŋku me” le Yohanes ƒe ŋutega la me. Wobu Yesu Kristo be enye “Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina.” (Yohanes 1:29) Yohanes se amegã xoxo siwo tsi tre ɖe Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ le ŋutega la me dometɔ ɖeka gblɔ be: “Wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me. Eyata wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ.” (Nyaɖeɖefia 7:14, 15) Wonyã woƒe awuwo le kpɔɖeŋumɔ nu to Kristo ƒe ʋu si ɖea ame la dzixɔxɔse me. Menye ɖeko wolɔ̃ ɖe Biblia ƒe nufiafia le tafea ŋu dzi le susu me o. Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe amenyenye ememetɔ dzi; eyata “wotsɔa dzi” xɔna sena. (Romatɔwo 10:9, 10) Esia kpɔa ŋusẽ ɖe alesi wowɔa woƒe agbe ŋudɔe dzi vevie. Wonɔa te ɖe Kristo ƒe vɔsa dzi tsɔa wo ɖokui ɖea adzɔgbe na Yehowa, wotsɔa nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɖe tsi me wɔa adzɔgbeɖeɖe ma ƒe kpɔɖeŋui, wonɔa agbe wòsɔna ɖe woƒe adzɔgbeɖeɖea nu nyateƒe, eye wotoa esia me nɔa ƒomedodo nyui me kple Mawu. Mɔnukpɔkpɔ nyui kae nye si—si ŋu wòle be míadzɔ vevie!—Korintotɔwo II, 5:14, 15.
7, 8. Aleke Yehowa ƒe habɔbɔa kpe ɖe ameha gã la ŋu be womaƒo ɖi woƒe awuwo o?
7 Esi Yehowa ƒe habɔbɔa tsɔ ɖe le woƒe nyonyo mavɔ me lɔlɔ̃tɔe ta la, enuenu la, ehea susu yia nɔnɔme kple agbenɔnɔ siwo ate ŋu aƒo ɖi awu si wotsɔ dea dzesi amee ale be amea ƒe nɔnɔme masɔ ɖe nyagblɔɖinya si le Nyaɖeɖefia 7:9, 10 nu o la dzi, togbɔ be adze le gota gome be esɔ ɖe enu hã. (Petro I, 1:15, 16) Esi Gbetakpɔxɔ nɔ gbe tem ɖe nya si wota do ŋgɔ dzi la, eɖee fia enuenu le ƒe 1941 kple emegbe be masɔ kura be míaɖe gbeƒã na ame bubuwo eye ne míele gbeadzi o la, míakpɔ gome le agbenɔnɔ aɖewo abe matrewɔwɔ alo ahasiwɔwɔ ene me o. (Tesalonikatɔwo I, 4:3; Hebritɔwo 13:4) Wote gbe ɖe edzi le ƒe 1947 me be, ele be woawɔ ɖe Yehowa ƒe Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe dzidzenuwo dzi le dukɔwo katã me; eɖanye nuka dzie wo gbɔ kɔnuwo da asi ɖo o, amesiwo ayi edzi aɖe srɔ̃ geɖe la mate ŋu anye Yehowa ƒe Ðasefowo o.—Mateo 19:4-6; Tito 1:5, 6.
8 Le ƒe 1973 me la, woɖee fia Yehowa Ðasefowo le xexeame katã be ele be wo katã natsri nusiwo ŋu ɖikeke mele o be wonye ɖiƒonuwɔna ɖesiaɖe abe atamanono ene, eɖanye afika ke wole o—menye le Fiaɖuƒe Akpata me alo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ko o, ke le dɔwɔƒe alo ɣaɣlaƒewo ke hã. (Korintotɔwo II, 7:1) Le Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpewo me le ƒe 1987 me la, woxlɔ̃ nu Kristotɔ sɔhɛwo vevie be hafi woalé tsitrenɔnɔ dzadzɛ me ɖe asi le Mawu ŋku me la, ele be woakpɔ nyuie ɖe agbevenɔnɔ ŋu. (Psalmo 26:1, 4) Gbetakpɔxɔ xlɔ̃ nu edziedzi le xexeame ƒe gbɔgbɔ ƒe akpa vovovowo ŋu elabena “mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o” bia hã be woadzra ame ɖokui ɖo “ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.”—Yakobo 1:27.
9. Amekawoe akpɔ tsitrenɔnɔ nyui ŋutɔŋutɔ le Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ le xaxa gã la megbe?
9 Amesiwo ƒe xɔse ʋã wo be woanɔ agbe si ana woanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me kple ŋutilã me siaa lae akpɔtɔ anɔ “tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ” le xaxa gã si gbɔna la megbe ahanye Mawu subɔla siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo. Amesiawo medzea Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ gɔme ko o, ke boŋ woléa eme ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe.—Efesotɔwo 4:24.
“Wolé Deʋayawo ɖe Asi”
10. Nukae deʋaya siwo Yohanes kpɔ le ameha gã la si la fia?
10 Nusiwo ɖe dzesi le ameha gã si apostolo Yohanes kpɔ ŋu dometɔ ɖekae nye be “wolé deʋayawo ɖe asi.” Nuka ƒe kpɔɖeŋue ema nye? Ðikekemanɔmee la, deʋaya mawo ɖo ŋku Yudatɔwo ƒe avɔgbadɔŋkekenyui si nye dzidzɔzã wu ɖesiaɖe le Hebritɔwo ƒe ɣletigbalẽa dzi, si woɖuna le dzomeŋɔli ƒe nuŋeɣi megbe la dzi na Yohanes. Le Sea nu la, wotsɔa deʋaya, kple ati bubuwo ƒe alɔwo tua agbadɔ siwo me woanɔ le azã la ɖuɣi. (Mose III, 23:39, 40; Nexemya 8:14-18) Gbedoxɔa me tadeagulawo hã ʋuʋua wo ne wole Hallel (Psalmowo 113-118) hawo dzim. Alesi ameha gã la ʋuʋu deʋayawo la anya na Yohanes naɖo ŋku esime Yesu do tedzi yi Yerusalem la hã dzi, esi tadeagula kpɔdzidzɔ ƒe ameha aɖe ʋuʋu deʋayawo hedo ɣli be: “Woayra amesi gbɔna le [Yehowa] ƒe ŋkɔa me, amesi nye Israel ƒe fia la.” (Yohanes 12:12, 13) Eyata deʋaya siwo ameha gã la ʋuʋu la fia be wotsɔ dzidzɔ le dzaa dom na Yehowa ƒe Fiaɖuƒea kple eƒe Fia si wòsi ami na.
11. Nukata Mawu ƒe subɔlawo kpɔa dzidzɔ vavã le Yehowa subɔsubɔ me?
11 Dzidzɔ siae ameha gã la ɖena fiana fifia gɔ̃ hã le woƒe Yehowa subɔsubɔ me. Esia mefia be womedoa go nɔnɔme sesẽwo alo be womexaa nu alo sea veve o. Gake dzidzeme si wokpɔna tsoa Yehowa subɔsubɔ kple eŋudzedze me la tsyɔa nu mawo dzi. Eyata nyɔnu dutanyuigblɔla aɖe si subɔ kple srɔ̃a ƒe 45 le Guatemala la ƒo nu tso nɔnɔme madeamedzi siwo me wonɔ ŋu, dɔ sesẽ siwo wowɔ kple mɔzɔzɔ siwo me afɔku nɔ siwo nye woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe esi wodze agbagba be woatsɔ Fiaɖuƒegbedasia ayi India-kɔƒewo me. Eƒo eta be: “Dzidzɔkpɔɣi ŋutɔ aɖee wònye le míaƒe agbe me.” Togbɔ be tsitsi kple dɔléle nɔ nu gblẽm le eŋu hã la, nya mamle siwo wòŋlɔ ɖe eƒe nuŋlɔɖigbalẽ me dometɔ aɖewoe nye be: “Agbenɔnɔ ɖɔʋu si me teƒeɖoɖo le ŋutɔe wònye.” Nenema tututue Yehowa Ðasefo siwo le anyigba katã dzi sena le wo ɖokui me ɖe woƒe subɔsubɔdɔa ŋu.
“Wosubɔnɛ Zã Kple Keli”
12. Nukae Yehowa kpɔna le anyigba sia dzi le ŋkeke alo zã me?
12 Tadeagula kpɔdzidzɔ siawo tsɔa ‘subɔsubɔ kɔkɔe’ naa Yehowa ‘zã kple keli le eƒe gbedoxɔa me.’ (Nyaɖeɖefia 7:15) Ame miliɔn geɖe le gome kpɔm le subɔsubɔdɔ kɔkɔe sia me le xexeame katã. Ne zã do eye amewo dɔ alɔ̃ le dukɔ aɖewo me la, ŋdɔ ʋuna le dukɔ bubuwo ya me eye Yehowa Ðasefowo nɔa ɖase ɖim kple ŋkubiã. Esi anyigba yi edzi le tɔtrɔm la, woyia edzi nɔa Yehowa ƒe kafukafuhawo dzim ɖaa zã kple keli. (Psalmo 86:9) Gake zã kple keli ƒe subɔsubɔ si woyɔ le Nyaɖeɖefia 7:15 la ku ɖe ame ɖekaɖekawo gɔ̃ hã ŋu wu.
13. Aleke Ŋɔŋlɔawo ɖe nusi “zã kple keli” ƒe subɔsubɔ nye fiae?
13 Ameha gã la me tɔwo wɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe zã kple keli. Ðe esia fia be wobua nusianu si wowɔna be enye subɔsubɔdɔ kɔkɔea? Enye nyateƒe be eɖanye nuka ke wɔm wole o, wodzea agbagba wɔnɛ le mɔ si dea bubu Yehowa ŋu nu. (Korintotɔwo I, 10:31; Kolosetɔwo 3:23) Gake ame ƒe tadedeagu na Mawu ŋu koe ‘subɔsubɔdɔ kɔkɔe’ ku ɖo tẽ. Dɔ aɖe wɔwɔ “zã kple keli” fia be woadze agbagba vevie awɔe ɣesiaɣi alo edziedzi.—Tsɔe sɔ kple Yosua 1:8; Luka 2:37; Dɔwɔwɔwo 20:31; Tesalonikatɔwo II, 3:8.
14. Nukae ana míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ nasɔ ɖe nya si nye “zã kple keli” ƒe subɔsubɔdɔ la nu?
14 Esi ameha gã la me tɔwo le subɔsubɔm le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi la, wokpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɣesiaɣi eye wowɔnɛ ɖaa. Ame geɖe ɖoe woƒe taɖodzinui be yewoawɔ gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe kwasiɖa sia kwasiɖa. Ame bubuwo doa vevie nu wɔa gbesiagbe alo kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Zi geɖe la, amesiawo nɔa ɖase ɖim le ablɔwo dzi kple fiasewo me ŋdi kanya. Ðasefo aɖewo wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃wo le zã tsiƒe be wòasɔ ɖe ɖetsɔlemetɔwo ƒe nɔnɔmewo nu. Woɖia ɖase ne wole asi ƒlem, ne wole mɔ zɔm, le ŋdɔnuɖuɣiwo, kple to telefon dzi.
15. Le gbeadzisubɔsubɔdɔa megbe la, nuka hãe gakpe ɖe míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ŋu?
15 Gomekpɔkpɔ le hamea ƒe kpekpewo me hã nye míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa aɖe; dɔ siwo míewɔna le Kristotɔwo ƒe takpeƒewo tutu kple beléle na wo me hã le eme. Agbagba si míadze be míade dzi ƒo na mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo ahakpe ɖe wo ŋu le gbɔgbɔ kple ŋutilã me siaa be dzo nanɔ wo me ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu hã le eme. Kɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmitiwo hã le esia me. Betel-dɔ vovovoawo katã kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔwɔ le míaƒe takpekpewo me katã nye subɔsubɔdɔ kɔkɔe. Nyateƒee, subɔsubɔdɔ kɔkɔewo yɔna míaƒe agbenɔnɔ me fũ ne míetui ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodo dzi. Abe alesi ŋɔŋlɔa gblɔ ene la, Yehowa ƒe amewo wɔa ‘subɔsubɔdɔ kɔkɔe zã kple keli,’ eye wokpɔa dzidzɔ geɖe le ema wɔwɔ me.—Dɔwɔwɔwo 20:35; Timoteo I, 1:11.
‘Wotso Dukɔ, To, Du, Kple Gbegbɔgblɔ Ðesiaɖe Me’
16. Aleke wòle dzedzem be ameha gã la tso “dukɔ sia dukɔ” mee?
16 Ameha gã la me tɔwo tso dukɔ sia dukɔ me. Mawu mekpɔa ame ŋku me o, eye tafe ƒe ɖoɖo si wòwɔ to Yesu Kristo dzi la lolo aɖe vi na wo katã. Esi wonɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi de dzesi ameha gã la le ƒe 1935 me la, Yehowa Ðasefowo nɔ dɔ wɔm le dukɔ 115 me. Le ƒe 1990 ƒeawo me la, alẽmewo didi keke ta ɖo dukɔ mawo ƒe teƒe eve kple edzivɔ me.—Marko 13:10.
17. Nuka wɔm wole tsɔ le kpekpem ɖe ‘to, du, kple gbegbɔgblɔwo’ katã me tɔwo ŋu be woava nɔ ameha gã la dome?
17 Menye dukɔwo me koe Yehowa Ðasefowo di ameha gã la me tɔwo le o, ke le towo kple duwo kple gbegbɔgblɔ siwo le dukɔ mawo me hã me. Be Ðasefowo naɖo amesiawo gbɔ la, wotaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ 300 kple edzivɔ me. Esia bia be woana hehe gbegɔmeɖela bibiwo ahalé be na wo, woawɔ kɔmpuita si ate ŋu aŋlɔ gbegbɔgblɔ siawo katã, kple agbalẽawo ŋutɔ tata. Ƒe atɔ̃ koe nye sia la, wotsɔ gbegbɔgblɔ 36 siwo ame 98,000,000 dona la kpe ɖe eŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Ðasefoawo dzea agbagba be yewo ŋutɔ yewoayi amesiawo gbɔ ava kpe ɖe wo ŋu be woase Mawu ƒe Nya la gɔme.—Mateo 28:19, 20.
“Amesiwo Do Go Tso Xaxa Gã la Me”
18. (a) Ne xaxa gã la va la, amekawo ta woakpɔ? (b) Dzidzɔɣli kawoe woado ɣemaɣi?
18 Ne mawudɔlawo ɖe asi le tsɔtsrɔ̃ ƒe ya si woyɔ le Nyaɖeɖefia 7:1 ŋu la, menye “mía Mawu ƒe dɔtsɔla” amesiaminawo ta koe Yehowa akpɔ lɔlɔ̃tɔe o, ke akpɔ ameha gã siwo wɔ ɖeka kpli wo le tadedeagu vavãtɔ me la hã ta. Wogblɔ na apostolo Yohanes be ameha gã la me tɔwo ‘ado go tso xaxa gã la me’ anye agbetsilawo. Aleke gbegbe woatsɔ akpedada kple kafukafu ado ɣli ɣemaɣie nye si ahagblɔ be: “Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ!” Eye Mawu subɔla nuteƒewɔla siwo katã le dziƒo axɔ edzi kpli wo agblɔ be: “Amen, kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋutete kple ŋusẽ woana mía Mawu la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.”—Nyaɖeɖefia 7:10-14.
19. Dzidzɔdɔ ka mee agbetsilawo adi vevie be yewoakpɔ gome le?
19 Dzidzɔkpɔɣi kae nye si wòanye! Amesiwo katã anɔ agbe la anye Mawu vavã ɖeka kolia la subɔlawo! Yehowa subɔsubɔe ado dzidzɔ na amesiwo katã wu. Dɔ geɖe anɔ anyi míawɔ—dzidzɔdɔwoe woanye! Woatrɔ anyigba la wòazu Paradiso. Woafɔ ame miliɔn akpe geɖe siwo ku la ɖe tsitre ahafia Yehowa ƒe mɔwo wo. Mɔnukpɔkpɔ si me dzidzɔ le kae nye si wòanye be nàkpɔ gome le eme!
Aleke Nàɖe Wo Mee?
◻ Ŋusẽ kae ƒe 1935 me nudzɔdzɔwo kpɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa dzi?
◻ Nukae alesi woɖee fia be ameha gã la “le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ” la fia?
◻ Aleke wòle be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Alẽvi la ƒe ʋu ŋu nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzii?
◻ Nukae deʋaya siwo woʋuʋu la fia?
◻ Aleke ameha gã la wɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe zã kple kelii?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]
Wotsɔa moveviɖoɖo kple agbagbadzedze vevie wɔa woƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔe lae ɣesiaɣi