INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 7/1 axa 3
  • Nukatae Wole Dodom le Subɔsubɔhawo Me?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukatae Wole Dodom le Subɔsubɔhawo Me?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusita Wodona le Subɔsubɔhawo Me
  • Mawusubɔsubɔ Viɖe Kae Le Eŋu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Aleke Mawɔ Ake Ðe Subɔsubɔha Vavã Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 7/1 axa 3

Nukatae Wole Dodom le Subɔsubɔhawo Me?

LE ƑE alafa 19 lia ƒe domedome la, mebɔ kura o be Prussiatɔ (afisi nye dziehe Germany fifia) aɖe nagblɔ be yemele subɔsubɔha aɖeke me o. Le nyateƒe me la, ate ŋu ana kpovitɔwo ƒe ŋku nanɔ amesi ado le subɔsubɔha si me ame akpa gãtɔ le me ava ge ɖe ha bubu si ƒe nuwɔnawo to vo me ŋu. Aleke ɣeyiɣiawo trɔe enye si!

Egbea Germanytɔ gbogbo aɖewo le dodom le sɔlemehawo me. Woka nya ta be ame 1 le ame 4 ɖesiaɖe me gblɔ be yewomele subɔsubɔha aɖeke me kura o. Wokpɔ be nenema tɔgbe ke nya la le le Austria kple Switzerland. Ne hameviwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe ha me nye subɔsubɔha aɖe ƒe agbeʋu la, ke abe alesi Germanytɔ agbalẽŋlɔla Reimer Gronemeyer gblɔe ene la, “ʋu le ɖuɖu ge le Europa-sɔlemewo ŋu avɔ.”

Nusita Wodona le Subɔsubɔhawo Me

Nukatae ame geɖe dona le subɔsubɔhawo me? Zi geɖe la ganyawo tae, vevietɔ le dukɔ siwo me wobiana tso hameviwo si be woaxe adzɔ na woƒe sɔlemeha. Ame geɖewo biana be, ‘Nukatae ga si mekpe fu kpɔ nazu sɔlemeha la tɔ?’ Kesinɔnu gbogbo siwo sɔlemehawo li kɔ ɖi gleglegle kple ŋusẽ gã si wokpɔ la nyãa ame aɖewo dea gbe. Anɔ eme be wowɔ ɖeka kple Cologne, Germany, Papatenɔla Joachim Meisner ƒe nya si wògblɔ be sɔlemehawo ƒe kesinɔnuwo anya na woƒe ŋku nɔa ŋutilãmenuwo ŋu akpa ale be “womegatsɔa Kristo dzixɔxɔse nu vevi boo aɖekee o.”

Ame aɖewo dona le woƒe subɔsubɔha me le esi eƒe nya ti wo, dzi mele wo dzɔm le eme o, eye mete ŋu le woƒe gbɔgbɔmedɔwuame nu tsim o ta. Dɔwuame si ƒe nya nyagblɔɖila Amos gblɔ ɖi la le wo wum, “menye abolodɔ alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.” (Amos 8:11) Esi womekpɔa nunyiame boo aɖeke le woƒe subɔsubɔhawo me o ta la, wodona le wo me.

Togbɔ be kuxi siwo wodoa goe nye nu ŋutɔŋutɔ hã la, nu nyuitɔ si woawɔe nye mawusubɔsubɔ ƒomevi ɖesiaɖe gbegbea? Bu dɔwuitɔ si kpɔ nane si ɖi abolo ŋu kpɔ. Esi wòdi be yeaɖui la, ekpɔe be atiwɔe wotsɔ wɔe. Ðe wòagbe be yemagaɖu nu aɖi ƒo oa? Ao, nuɖuɖu ŋutɔŋutɔ yomee wòati. Nenema ke ne subɔsubɔha aɖe mete ŋu tsi eƒe hameviwo ƒe gbɔgbɔmedɔwuame nu o la, ɖe woatsri mawusubɔsubɔ kuraa? Alo nusi me nunya le wu woawɔe nye be woadi mɔ si dzi woato atsi woƒe gbɔgbɔmedɔwuamea nu? Abe alesi nyati si kplɔe ɖo fiae ene la, emae nye nusi ame geɖe wɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe