Kristmas—Nukata Woɖunɛ le Ɣedzeƒe Gɔ̃ Hã?
ƔEDZEƑETƆWO ƒe dzixɔse xoxo aɖe na woɖoa ŋku Kristmas ƒe Santa Claus dzi. Eyae nye Chowangshin si dzi Koreatɔwo xɔ se, eye dzixɔse sia tɔgbe le China kple Japan tɔ aɖewo hã si.
Wobua Chowangshin be enye mawu si kpɔa dzodoƒenyawo dzi, eye wònye dzomawu si Koreatɔwo dea ta agu na le woƒe blema dzosubɔsubɔ me. (Le blema la, Koreatɔwo ɖɔa ŋu ɖo le dzokaxɔxɔ ɖeɖe me, eye wokpɔa egbɔ be matsi hafi wòaɖo afisi wotsɔe yina o.) Woxɔe se be mawu sia tsɔa ƒe blibo léa ŋku ɖe ƒomea me tɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu, eye emegbe etoa gamle kple dzudzɔtoƒe si le dzodoƒea me yia dziƒo.
Wogblɔ be Chowangshin tsɔa nusiwo wòkpɔ ŋuti nyatakaka yina na dziƒofia le December ɣletia ƒe ŋkeke 23 lia dzi. Wokpɔa mɔ be ato dzudzɔtoƒea kple gamlea me atrɔ va le ƒea ƒe nuwuwu, eye wòatsɔ teƒeɖoɖo kple tohehe vɛ na amesiame ɖe eƒe agbenɔnɔ nu. Le ŋkeke si wòatrɔ ava dzi la, ele be ƒomea me tɔwo nasi bosomikaɖiwo ɖe dzodoƒea kple teƒe bubuwo le aƒea me. Dzodoƒemawu ma ƒe nɔnɔmetata ɖia Santa Claus tɔ—wotanɛ kple amadede dzĩ! Kɔnu wònye tsã be nyɔnu srɔ̃tɔ nawɔ afɔwui siwo nye Koreatɔwo tɔ wɔwɔe eye wòatsɔ wo ana lɔ̃xoa le vuvɔŋɔli ƒe gɔmedzedze. Woɖoe be esia nanye dzesi si fia be edi be ye lɔ̃xoa nanɔ agbe didi, le esi ŋkekewo didina wu tso ɣemaɣi ta.
Ðe mèkpɔe be nanewo ɖi wo nɔewo le nya siawo kple Kristmas dome oa? Ŋutinyaawo kple kɔnuawo ɖi wo nɔewo: dzudzɔtoƒea, bosomikaɖiwo, nu nana amewo, afɔwuiwo, amegãɖeɖi si do awu dzĩ, kple ŋkekea. Ke hã menye nusiawo siwo ɖi wo nɔewo la ɖeɖee na wònɔ bɔbɔe be woda asi ɖe Kristmas dzi le Korea o. Chowangshin dzixɔsea bu keŋkeŋ kloe hafi woto Kristmasɖuɖu va Korea zi gbãtɔ. Le nyateƒe me la, Koreatɔ akpa gãtɔ menya gɔ̃ hã be dzixɔse sia nɔ anyi kpɔ o.
Gake esia ɖe alesi kɔnu siwo ku ɖe vuvɔŋɔli ƒe gɔmedzedze kple ƒea ƒe nuwuwu ŋu la wɔ kaka ɖe xexeame katã to mɔ vovovowo dzi la fia. Le ƒe alafa enelia M.Ŋ. me la, sɔlemeha si kpɔ ŋusẽ wu le Roma Fiaɖuƒea me trɔ ŋkɔ na Saturnalia si nye ɣemawu ƒe dzigbezã si Roma trɔ̃subɔlawo ɖuna hena wòzu Kristmas ƒe akpa aɖe. Kristmasɖuɖu nye dekɔnu siwo wogbugbɔ ɖo te hetsɔ ŋkɔ bubu na. Aleke esia dzɔe?
Akpa si Nuwo Nana Wɔna
Nu nana amewo nye kɔnu aɖe si mebu kpɔ o. Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si Koreatɔwo kpɔa dzidzɔ geɖe le nu nana kple wo xɔxɔ me. Susu siwo ta Kristmasɖuɖu va keke ta le Korea dometɔ ɖekae nye sia.
Le Xexemeʋa II megbe la, United States srafo siwo nɔ Korea siwo di be ƒomedodo nyui nanɔ yewo kple ameawo dome la kpɔe be sɔlemexɔwo mee yewoate ŋu ado go ameawo le atsɔ nunanawo kple kpekpeɖeŋunuwo ana wo. Kristmas Ŋkeke dzi koŋue wowɔ esia. Ðevi geɖe yi sɔleme be yewoava kpɔ nusi nɔ edzi yim, eye woma tsokolet na wo zi gbãtɔ le afima. Abe alesi nàte ŋu akpɔe ene la, wo dometɔ geɖe ganɔa mɔ kpɔm na Kristmas si agakplɔe ɖo.
Le ɖevi siawo gome la, Santa Claus nye Amerika-srafo si ɖɔ kuku dzĩ. Lododowo 19:6 gblɔ be: “Amesi naa nu la, amewo katã dzea xɔlɔ̃e.” Ẽ, nunana kpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi. Gake abe alesi nàte ŋu akpɔe le mawunyakpukpui ma me ene la, nunana siawo menaa xɔlɔ̃wɔwɔ nɔa amewo dome ɖaa kokoko o. Le Korea gɔ̃ hã la, tsokolet ɖuɖu le ɖevime dzro koe na ame geɖe vaa sɔleme. Gake womeŋlɔ Kristmasɖuɖu be o. Asitsadɔwo kpɔ dzidzedze le Korea esi ganyawo nɔ nyonyom, eye nunana le Kristmas dzi nye mɔ bɔbɔe aɖe si dzi woto be amewo ƒle nu geɖe wu. Wowɔ Kristmas ŋudɔ le asitsadɔwo me tsɔ dzi viɖekpɔkpɔ ɖe edzi.
Esia na nèkpɔ nusita woɖua Kristmas le Ɣedzeƒe egbea. Wotoa adzɔnu yeyewo vɛ be amewo naƒle le Kristmas nuƒleɣi. Wodzea ɖoɖowɔwɔ ɖe boblododowo ŋu gɔme le dzomeŋɔli ƒe domedome ke. Nusiwo gbegbe woƒlena la yia dzi le ƒea ƒe nuwuwu, le esi amewo ƒlea Kristmas nunanawo, gbedonamegbalẽviwo, kple haƒoƒowo fũ ta. Boblododo te ŋu naa ɖevi léa blanui gɔ̃ hã ne ele aƒeme eye mexɔ nunana aɖeke le ŋkeke si do ŋgɔ na Kristmas o!
Ne Kristmas Ŋkekea le ɖoɖom la, nuƒlelawo nɔa fiasewo kple nudzraƒewo fũ le Seoul, eye nenemae wònɔna le Ɣedzeƒedugã bubuwo hã me. Lɔriwo sɔa gbɔ ɖe mɔ dzi fũ eye woxaxana. Amedzrodzeƒewo, asitsaƒewo, nuɖuɖu dzraƒewo, kple aha dzraƒewo, kpɔa asisiwo fũ. Aglotulawo ƒe gbeɖiɖiwo—woƒe hadzidzi sesĩe—nɔa afisiafi. Le Kristmas ƒe Dzotɔgbe alo Dzodragbe la, ŋutsu kple nyɔnu siwo no aha mu nɔa tsa ɖim le ablɔ siwo dzi yɔ kple gbeɖuɖɔ la dzi.
Nenemae nuwo yia edzii. Kristmasɖuɖu le Ɣedzeƒe meganye ŋkekenyui na amesiwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye o. Edze ƒã be le Korea kple teƒe bubuwo la, asitsatsa dzi koŋue Kristodukɔa ƒe ŋkekenyuia dena. Eyata ɖe esia fia be asitsatsa ɖeɖeko gbɔ wòtso be Kristmasɖuɖu megava do ƒome kple Kristo kura oa? Ele be Kristotɔ vavãwo naku nya vevi sia me akpɔ.
Kristmas Dzɔtsoƒe
Lã wɔada si wolé de gakpɔ me le lãwo kpɔƒe kpɔtɔ nye lã. Eye anye vodada gã aɖe be woabui be ezu aƒemelã le esi wònɔ kpɔa me eteƒe didi vie eye wòdzena be ekpɔa dzidzɔ ɖe viawo ŋu ta ko. Ðewohĩ èsee kpɔ be lã siawo dzea wo nɔƒe dɔwɔlawo dzi.
Míate ŋu agblɔ nya ma tɔgbe ke ɖe Kristmasɖuɖu ŋu le mɔ aɖewo nu. Enye “lã” si menɔ Kristotɔnyenye me tsã o. The Christian Encyclopedia (si le Koreagbe me)a gblɔ le Kristmas ŋu le tanya sue si nye “Eƒe Ƒomedodo Kple Romatɔwo ƒe Saturnalia” te be:
“Trɔ̃subɔlawo ƒe azã siwo nye Saturnalia kple Brumalia la ɖuɖu va ma amewo ale gbegbe be Kristotɔnyenye ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gɔ̃ hã mete ŋu ɖee ɖa o. Anye be esi fiagã Konstantino de bubu Kwasiɖagbe (si nye Phœbus kple Mithras ƒe ŋkeke kpakple Aƒetɔ la ƒe Ŋkeke) ŋu . . . la, ewɔ na ƒe alafa enelia me Kristotɔwo be esɔ be yewoana Mawu ƒe Vi la ƒe dzigbezã nasɔ ɖe ɣe ŋutɔŋutɔ ƒe dzigbezã ɖuɖu nu. Trɔ̃subɔlawo ƒe azã si nyea zitɔtɔ kple aglotutu la ɖuɖu ma amewo ale gbegbe be edzɔ dzi na Kristotɔwo be yewoayi eɖuɖu dzi tɔtrɔ gobi aɖeke mawɔmawɔ le susu si wotsɔ ɖunɛ alo nɔnɔme si me woɖunɛ le ŋu o.”
Èsusu be nɔnɔme sia ate ŋu ado mo ɖa tsitretsiɖeŋu aɖeke manɔmeea? Numekugbalẽ ma ke gblɔ be: “Kristotɔ mawunyagblɔla siwo nɔ Ɣetoɖoƒedukɔwo kple Ɣedzeƒenuto aɖewo me tsi tre ɖe alesi wona Kristo ƒe dzigbezãɖuɖu dze nu maɖinui ŋu, eye Kristotɔ siwo nɔ Mesopotamia hã bu fɔ wo nɔvi siwo nɔ Ɣetoɖoƒedukɔwo me be wole trɔ̃ kple ɣe subɔm le esi woxɔ trɔ̃subɔlawo ƒe azã sia de Kristotɔnyenye me ta.” Nyateƒee, nane gblẽ tso gɔmedzedzea me ke. Numekugbalẽa gblɔ be: “Ke hã ame geɖe va lɔ̃ ɖe azã la ɖuɖu dzi kabakaba eye wova ɖo egɔme anyi sesĩe mlɔeba ale gbegbe be tɔtrɔ gã si Protestanttɔwo wɔ le ƒe alafa wuiadelia me gɔ̃ hã mete ŋu ɖee ɖa o.”
Ẽ, wotsɔ ɣemawu ƒe azãɖuɖu si menɔ Kristotɔnyenye vavãtɔ me o va de sɔlemeha si nɔ ŋusẽ kpɔm ɣemaɣi la me. Woda ŋkɔ bubu ɖe edzi—ke hã trɔ̃subɔsubɔ nuwɔna siwo nɔ eme ya tsi anyi. Eye ewɔ akpa aɖe le trɔ̃subɔsubɔ tsɔtsɔ de sɔlemeha siwo gblɔ be yewonye Kristotɔwo la me eye wògblẽ amewo ƒe gbɔgbɔmemenyenye me. Ŋutinya ɖee fia be esi Kristodukɔa me tɔwo nɔ agbɔ sɔm la, ŋutasesẽ ƒe aʋawɔwɔwo kple agbenyuinɔnɔ dome gbegblẽ va xɔ ɖe “milɔ̃ miaƒe futɔwo” teƒe.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, edze ƒã be togbɔ be wokpa ŋkɔ Kristmas nɛ hã la, trɔ̃subɔsubɔ si me wòdzɔ tso la ƒe nuwɔna siwo nye aglotutu, ahatsunono, dzidzɔɣlidodo, ɣeɖuɖu, nu nana amewo, kple gbe damawo tsɔtsɔ ɖo atsyɔ̃ na aƒewo me la dzena le eme. Amewo wɔ Kristmas ŋudɔ le mɔ ɖesiaɖe si woate ŋui nu be woaɖo asitsatsa ƒe taɖodzinu gãtɔ—si nye nu geɖe dzadzra—gbɔ. Nyakakamɔnuwo doa vivi ɖe eŋu; eɖea modzaka na amewo. Woƒo nu tso fiase aɖe si le Seoul ƒe asitsanutoa me si me wodzraa awutewuiwo ɖeɖeko le ŋu le television dzi nyadzɔdzɔwo me esi woda Kristmasti aɖe si wotsɔ awutewuiwo ɖo atsyɔ̃ na ɖe fiasea ƒe fesre nu. Edzena be Kristmasɖuɣi ɖo, gake dzaa dodo na Kristo ƒe nɔnɔme aɖeke medzena o.
Ŋkuléle Ðe Kristmas Ŋu le Ŋɔŋlɔawo Nu
Nukae míesrɔ̃ le ŋutinya kple alesi nuwo dze egɔmee ŋu? Ne womedo awunugbuiwo wòsɔ tso gɔmedzedzea o la, alesi woawɔ aɖɔe ɖo koe nye be woagadze edodo gɔme ake. Ðe menye nyateƒe oa? Togbɔ be nyateƒenya ma li hã la, ame aɖewo hea nya be Kristodukɔa da asi ɖe Kristmas dzi xoxo, togbɔ be trɔ̃subɔlawo ƒe ɣesubɔsubɔ mee wòdzɔ tso hã. Eyata wobu be wokɔ ŋkekenyui ma ŋu wòzu Kristo ƒe dzigbe eye wona gɔmesese yeye va le eŋu.
Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso nane si dzɔ le blema Yuda ƒe ŋutinya me la me. Le ƒe 612 D.M.Ŋ. me la, Yudatɔwo tsɔ trɔ̃subɔlawo ƒe ɣesubɔsubɔ va Yerusalem-gbedoxɔa me. Ðe wokɔ trɔ̃subɔlawo ƒe tadedeagu sia ŋu le esi wowɔnɛ le teƒe si woɖo ɖi na Yehowa Mawu ƒe tadedeagu dzadzɛ ta? Biblia-ŋlɔla Xezekiel ŋlɔ nu le ɣesubɔsubɔ si yi edzi le Yerusalem-gbedoxɔa me ŋu be: “Kpɔ ɖa, anɔ ŋutsu blave vɔ atɔ̃ le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe mɔ nu le akpata la kple vɔsamlekpui la dome, . . . wotrɔ ŋgɔ dze ɣedzeƒe hele gbe dom ɖa na ɣe ɖo ɖe ɣedzeƒe gome. Eye wògblɔ nam be: Amevi, èkpɔea? Ðe Israel ƒe aƒe la ƒe ŋunyɔnu, siwo wɔm wòle le afisia, mesɔ gbɔ nɛ o, hafi wotsɔ ŋutasesẽ le anyigba dzi yɔm, eye wole dziku dom nam ɖe edzia? Kpɔ ɖa, wotsɔ hahlayɛ le dodom ɖe [nye] ŋɔti nu.”—Xezekiel 8:16, 17.
Ẽ, trɔ̃subɔlawo ƒe tadedeagu ma mezu nusi ŋu wokɔ o ke ɖe wòde gbedoxɔ bliboa afɔku me boŋ. Nɔnɔme siawo bɔ ɖe Yuda eye ena ŋutasesẽ kple agbenyuinɔnɔ dome gbegblẽ dzi ɖe edzi le anyigba ma dzi. Nenemae wòle le Kristodukɔa me, afisi nuwɔna siwo wotu ɖe Saturnalia ƒe ɣesubɔsubɔ dzi bɔ ɖo le Kristmasɖuɣi. Eɖe dzesi be esi Xezekiel kpɔ ŋutega ma ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va Yerusalem dzi—Babilontɔwo va tsrɔ̃e.—Kronika II, 36:15-20.
Ðewohĩ alesi Koreatɔ agbalẽnyala aɖe ɖɔ Yesu si nye ɖevi le nyati si do ŋgɔ me la aɖi kokoe na wò. Gake nya lae nye be esi wònye be Kristo ŋuti sidzedze vavãtɔ mele esi o ta la, etɔ dzɔ le go geɖe me. Ðewohĩ ana amesiwo ɖua Kristmas nabu tame vevie. Nukatae? Elabena Kristmas meƒoa nu nyui le Kristo ŋu kura o. Le nyateƒe me la, meɖea ɖoƒe si wòle ŋutɔŋutɔ fifia la fiana o. Yesu meganye ɖevi le lãnuɖunu me o.
Biblia tea gbe ɖe edzi enuenu be fifia Yesu nye Mesia, Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia sẽŋu. (Nyaɖeɖefia 11:15) Ele klalo be yeaɖe ahedada kple fukpekpe siwo ame aɖewo meŋlɔ be o ne wole nu nam le Kristmasɖuɣi la ɖa.
Le nyateƒe me la, Kristmas meɖe vi na dukɔ siwo dzi Kristodukɔa kpɔ ŋusẽ ɖo loo alo dukɔ bubuwo, kple Ɣedzeƒedukɔwo hã o. Nusi wòwɔ boŋue nye be ehe susu ɖa le Kristotɔ vavãwo ƒe gbedasi si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea kple fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe nuwuwu ŋu la dzi. (Mateo 24:14) Míele dzi dem ƒo na wò be nàdi numeɖeɖe le alesi nuwuwu ma avae ŋu le Yehowa Ðasefowo gbɔ. Eye àte ŋu asrɔ̃ nu le wo gbɔ tso yayra mavɔ siwo ava anyigba dzi le ema megbe le Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple Fia, Yesu Kristo, si le dzi ɖum la ƒe mɔfiafia te hã ŋu.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Wotui ɖe The New Schaff-Herzog Encyclopedia of Religious Knowledge dzi.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]
Kristmas wɔ akpa aɖe le trɔ̃subɔsubɔ tsɔtsɔ de sɔlemeha siwo gblɔ be yewonye Kristotɔwo me
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Ðevi geɖe yi sɔleme be yewoava kpɔ nusi nɔ edzi yim, eye woma tsokolet na wo. Emegbe wokpɔ mɔ na Kristmas si agakplɔe ɖo
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Ŋkeke si do ŋgɔ na Kristmas le Seoul ƒe asitsanuto me le Korea
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Kristo meganye vidzĩ o ke ezu Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia sẽŋu