Sɔlemeha La—Tɔtrɔwo Kple Tɔtɔ
“Tɔtrɔ siwo wozi ɖe xɔsetɔ geɖewo dzi la ɖea fu na wo.”—L’Histoire July/August 1987.
“Ne woɖe blemakɔnu siwo dzi wotu sɔlemeha la ɖo ɖeka ɖa la . . . gɔmesese ɖesiaɖe abu ɖe sɔlemeha la. . . . Ne èda nua [‘nuɖuɖu kɔkɔe’ si wozãna le Misa wɔwɔ me] ɖe asi me tsɔ wu be nàdae ɖe nuyiwo dzi la, ‘àtsrɔ̃ Franseawo dometɔ geɖe ƒe xɔse.’”—Voyage à l’intérieur de l’Église Catholique.
“Le sɔlemeha la ƒe agbegbɔgbɔ sɔlemewɔwɔmɔnu si nɔ anyi tsã kple le gbe si wodona le nutoa me la xɔxɔ me la, ewɔ abe ɖe sɔlemedela [siwo] lé ɖe blemakɔnu aɖewo siwo wobu be wo dzi wɔwɔ sesẽ ƒe akpa gãtɔ do le haa me ene. . . . Wodzudzɔ nusiwo dzi wowɔna ɖo la dzi wɔwɔ kpata, eye wòʋuʋu xɔse la.”—Nord Eclair, April 24-25, 1983.
NYA siwo míeyɔ ɖe etame la ɖe tɔtɔ si le Katolikotɔ geɖe ƒe susu me fia kɔtee. Woyi edzi le biabiam be: “Mía dzilawo kple mía tɔgbui kple mamawo dea Misa si wowɔna ɖe Latingbe me eye wodoa gbe ɖa le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Aleke nuwo wɔwɔ ɖe mɔ sia nu azu nusi ŋu asixɔxɔ megale o zi ɖeka kpatae?”
Mɔ yeye si sɔlemeha la to wɔa nu kple subɔsubɔha bubuwo hã le kuxiwo hem vɛ. Fransegbe me nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Monde ɖe nu me be: “Xɔsetɔ geɖewo see le wo ɖokui me be woflu yewo. Wogblɔ na wo zi geɖe be woƒe subɔsubɔhae nye vavãtɔ ɖeka kolia, alo enye nyuitɔ kekeake.” Nyateƒee, Katolikotɔ geɖewo da asi ɖe susu si nye be woadzro nu me kple wo “nɔvi siwo ɖe wo ɖokui ɖe aga,” woɖanye Orthodokstɔwo alo Protestantɔwo o la dzi. Gake ame geɖe siwo wofia nui tsã be ‘xɔname aɖeke mele sɔlemeha la godo o’ la meda asi ɖe susu sia si wotrɔ la dzi o. Sɔlemeha ƒe nɔnɔme yeye sia koŋ gbɔe mamã si le Vatikan kple amesiwo léa blemakɔnuwo me ɖe asi dome, siwo ƒe subɔsubɔhakplɔlae nye bisiɔpgã Marcel Lefebvre si ku, amesi Papa John Paul II ɖe le ha me le ƒe 1988 me, la tso.
Ŋusẽ si Wogbe
Zi geɖe la, Katolikotɔwo ɖea alesi wotɔtɔe la fiana to gbetɔtɔ sɔlememegãwo me. Ne wokpɔa ŋudzedze ɖe John Paul II ŋu le akpa si wòwɔna le xexeame ƒe dzɔdzɔenyenye ta ʋiʋli me ta gɔ̃ hã la, ame geɖewo gbea lɔlɔ̃ ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖose siwo ta wòʋlina le eƒe dutoƒonuƒowo me dzi. Eyata Katolikotɔ akpa gãtɔ zãa mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnu siwo ŋu sɔlemeha la tsi tre ɖo la. Wo dometɔ bubuwo ɖea fu.
Wotɔa gbe sɔlememegãwo le nusianu me. Nyateƒe si wònye be papa la kple nunɔlagã bubuwo de nuwɔna aɖe dzi vevie la mexe mɔ na hameviwo, nunɔlawo, kple bisiɔpwo gɔ̃ hã be womatsi tre ɖe wo ŋu o. Agbalẽ si nye La Réception de Vatican II ɖe nu me be: “Le nukpɔsusu sia nu la, nɔnɔme si aɖaŋuɖotakpekpea he vɛ la keke ɖe enu ɖo sɔlemeha la ƒe agbenɔnɔ me. Nyaʋiʋli vevie si li ɣesiaɣi la le Roma Katoliko-ha la me fifia. Woʋlia nya le papa gɔ̃ hã ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu eye woɖea ɖeklemi le wo ŋu vevie zi geɖe. Roma Katolikotɔ siwo gblɔna be yewomete ŋu xɔa papa ƒe nyagbɔgblɔ—eƒe nyawo ƒe akpa aɖewo alo nyawo katã—dzi sena o le agbɔ sɔm ɖe edzi.”
Katolikotɔ aɖewo lɔ̃ ɖe tɔtrɔawo dzi le anukwareɖiɖi na sɔlemeha la ta eye woyi edzi le eƒe kɔnuwo dzi wɔm. Nɔnɔmea ɖea fu na wo dometɔ bubuwo hã eye wòdze wo ŋu be yewoanɔ ha la me ɖe kple ɖee ko. Le fifi ƒe akɔntabubuwo nu la, amesiwo yɔa wo ɖokui be Katolikotɔwoe yewonye siwo megakpea asi ɖe sɔlemeha la ŋu azɔ o ƒe ƒuƒoƒo etɔ̃lia aɖe si me tɔwo sɔ gbɔ hã li.
Menye Katoliko-ha si le France me koe mawusubɔsubɔ ƒe tɔtɔ le o. Kuxiwo dze ŋgɔ Katolikotɔwo kple Protestatɔwo siaa le Netherlands hã, abe alesi míaƒe nyati si kplɔe ɖo aɖe emee ene.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]
Dukɔmeviʋawɔwɔ le England-Sɔlemeha la Mea?
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Britania gbɔ
NUSI mate ŋu adzɔe wònyea? London ƒe The Sunday Times gblɔ be ele dzɔdzɔm. Egblɔ be: “England-sɔlemeha la me Mã. Sɔlemeha si me Mã la Ðo Ta Dukɔmeviʋawɔwɔ Me.” Nukae he England-sɔlemeha la de nɔnɔme wɔnublanui sia me? Alesi wogblɔ be woaɖo nyɔnuwo woanye nunɔlawo tae.
Le nyametsotso ɖedzesi aɖe si wowɔ le ƒe si va yi ƒe November me la, England-sɔlemeha ƒe aɖaŋuɖoha me tɔwo ƒe akpa gãtɔ si nye akpa evelia le akpa etɔ̃ me da akɔ be woaɖo nyɔnuwo nunɔlawoe. Wogblɔ be nunɔla siwo ade 3,500 siwo nye sɔlemeha me tɔwo ƒe xexlẽme bliboa ƒe akpa etɔ̃lia tsi tre ɖe nyametsotsoa ŋu, eye wo dometɔ aɖewo do le sɔlemeha la me le esi wotɔtɔ ta. Wo dometɔ bubu siwo nɔ London ƒe bisiɔp tsãtɔ ƒe kpɔkplɔ te la di be yewoayi edzi anɔ Anglikan-ha la me ko esime yewoanɔ mɔnu dim be “yewoatsɔ nya la ayi na papa ƒe ha” si le Roma.
Canterbury ƒe Bisiɔpgã xɔ ŋgɔ le nuwɔna la me tsɔ de tɔtrɔ la dzii. Egblɔ be: “Nyɔnuwo ɖoɖo nunɔlawoe metrɔ nya aɖeke le xɔsemeʋuʋuwo, ŋɔŋlɔawo alo le míaƒe sɔlemeha la ƒe dzixɔse me o.” Egblɔ kpee be: “Le nyateƒe me la, ado ŋusẽ kakaɖedzi si le sɔlemeha la ŋu le xexemetɔ mamleawo ŋkume. Le nyateƒe me la, nusi wòɖea gbeƒãe ne ele nu ƒom tso sɔsɔminasɔe ŋu dzi wɔmee wòle.”
Gake menye amesiamee lɔ̃ ɖe edzi o. Hamevi dzro aɖe si yɔ aɖaŋuɖoha la ƒe nyametsotsoa be enye “xɔsegbegbe” la do le haa me enumake va zu Roma Katolikotɔ esime wòse nyametsotsoa. London-nunɔla aɖe fa konyi be: “Nyametsotso si wowɔ be woaɖo nyɔnuwo nunɔlawoe na amewo ɖi vo. Gbɔgbɔ me zitɔtɔ aɖe do mo ɖa. Ame akpa gãtɔ menya nusi woawɔ o.” Fifia la, esi Vatikan tsɔ ŋuɖɔɖo le dzaa dom na amesiwo de megbe le Anglikan-ha la ŋu la, ebu nyametsotsoa be enye “mɔxenu gã yeye aɖe na nya si le Anglikantɔwo kple Katolikotɔwo dome dzadzraɖo ƒe ɖoɖo bliboa katã.”
Wobu akɔnta be nyɔnu 1,400 le mɔ kpɔm be woaɖo yewo nunɔlawoe, gake Britania-sewɔtakpekpea meda asi ɖe nyametsotsoa dzi haɖe o, eye ele be Britania-fianyɔnu hã nada asi ɖe edzi. Nusiawo katã wɔwɔ ate ŋu axɔ vaseɖe ƒe eve. Ado dzidzɔ na ame be wòakpɔ nɔnɔme si me England-sɔlemehaa anɔ ɣemaɣi la.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 7]
Camerique/H. Armstrong Roberts