Mɔfiamewo Na Sukudzikpɔlawo
WOTIAA hamemegã aɖe le hame ɖesiaɖe me be wòanye Teokrasi Subɔsubɔ Sukua dzikpɔla. Ne wode dɔ sia asi na wò la, ekema wò ŋutɔ wò dzonɔameme kple ɖetsɔleme si wò ŋutɔ nàɖe afia ɖe sukua ŋu kpakple ɖe sukuvi ɖesiaɖe ƒe ŋgɔyiyi ŋu ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le viɖe siwo ado tso sukua me le mia gbɔ me.
Wò dɔdasia ƒe akpa vevi aɖee nye be nàkpɔ kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua dzi le miaƒe hamea me. Nenɔ susu me na wò be hekpe ɖe sukuvi siwo wode dɔ asi na be woawɔ gbemagbe ŋu la, vavala bubuwo hã le vi ɖem le eme. Kpɔ sukua dzi alesi wòawɔe be hame bliboa naxɔ ŋusẽdoame kple ŋkuɖodzinya nyui siwo hiã, si ku ɖe sukua ƒe taɖodzinu siwo wogblɔ ɖe nusrɔ̃gbalẽ sia ƒe axa 5 vaseɖe 8 dometɔ ɖeka ya teti ŋu.
Tsɔ ɖe le sukuvi ɖesiaɖe ƒe nya me, woɖanye amesiwo wode dɔ asi na be woaxlẽ nu, woawɔ wɔwɔfia ƒe dɔdasiwo, alo woaƒo nuƒo siwo le tẽ o. Kpe ɖe wo ŋu ne woabu dɔdasi si wɔm wole be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoawɔ ŋgɔyiyi le Yehowa subɔsubɔ me, ke menye abe dɔdasi gbɔlo ko ene o. Enye nyateƒe be alesi gbegbe woado vevie nu le ewɔwɔ mee anye nu vevitɔ le woƒe ŋgɔyiyi wɔwɔ me ya. Gake ele vevie hã be nàɖe ɖetsɔleme vavã afia, nàkpe ɖe wo ŋu be woakpɔ vevienyenye si le aɖaŋuɖoɖoawo ŋu adze sii, eye nàɖe alesi woawɔ aɖaŋuɖoɖoa dzii la me. Be nàte ŋu awɔ esia la, ele be nàlé to ɖe nuƒo ɖesiaɖe ŋu nyuie be nàte ŋu agblɔ nu vevi siwo nède dzesii.
Kpɔ egbɔ be miedze sukua gɔme ɖe game dzi hewu enu ɖe game dzi. Ðo kpɔɖeŋu nyui to alesi nàna wò ŋutɔ wò nyawo nanɔ game si woɖo na wo dzi me. Ne sukuvi aɖe ƒe dɔdasi gbɔ game dzi la, ele be wò ŋutɔ alo wò kpeɖeŋutɔ aɖe nawɔ dzesi si ana nyanyae. Ele be sukuvia nawu nya si gbɔgblɔ gɔme wòdze la nu eye wòadzo le nuƒolanɔƒea. Ne dɔdasi bubu aɖe gbɔ game dzi la, ekema ɖe wò ŋutɔ wò nyawo dzi kpɔtɔ, eye eyome nàƒo nu na nɔvia ne miekpã kpekpea.
Ne èli la, ke wò ŋutɔe wòle be nàkpɔ sukua dzi. Gake ne ɣeaɖeɣi wò ŋutɔ mànɔ anyi o la, ele be hamemegã bubu si hamemegãwo ƒe ha la tia xoxo nakpɔ edzi. Ne èhiã kpekpeɖeŋu le ɖoɖowɔɖia wɔwɔ, le dɔdasigbalẽviwo kpekpeɖo kple wo mama me, alo le ame bubu tiatia be wòaxɔ ɖe amesi meli o teƒe me la, àte ŋu ana subɔsubɔdɔwɔla si hamemegãwo ƒe ha la tia nana kpekpeɖeŋu le nusiawo me.
Ŋkɔŋɔŋlɔ ɖe Sukua Me. De dzi ƒo na nɔviawo katã be woaŋlɔ ŋkɔ ɖe sukua me. Ame bubu siwo dea hamea ƒe kpekpewo ɣesiaɣi hã ate ŋu aŋlɔ ŋkɔ ne wolɔ̃ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi eye woƒe agbenɔnɔ sɔ ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo nu. Ne ame aɖe gblɔ be yedi be woaŋlɔ yeƒe ŋkɔ ɖe sukua me la, kafui vividoɖeameŋutɔe. Ne amea mezu gbeƒãɖela haɖe o la, ele be wò sukudzikpɔla nàdzro nudidi siwo hiã bene wòadze na ŋkɔŋɔŋlɔ ɖe sukua me la me kplii, eye anyo ne èdzro eme kplii le amesi le Biblia srɔ̃m kplii ŋkume (alo le edzila si nye dzixɔsetɔ ŋkume). Nusiwo wodi tso amesiwo di be yewoazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo si la ke wodi tso amesiawo hã si. Miate ŋu akpɔ nudidi siawo le Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu ƒe agbalẽa ƒe axa 97 vaseɖe 99. Kpɔ egbɔ be amesiwo katã ŋlɔ ŋkɔ ɖe sukua me ƒe ŋkɔwo le wò nuŋlɔɖiwo me pɛpɛpɛ ɣesiaɣi.
Aɖaŋuɖogbalẽa Zazã. Sukuvi ɖesiaɖe ƒe aɖaŋuɖogbalẽ dze le eya ŋutɔ ƒe nusrɔ̃gbalẽ sia me, le axa 79 vaseɖe 81. Abe alesi míetsɔ amadedewo de dzesi woe ene la, woate ŋu azã nudidi ɖesiaɖe tso 1 vaseɖe 17 lia na sukuvi siwo wode nuxexlẽ asi na. Le dɔdasi siwo nye wɔwɔfiawo gome la, woate ŋu azã nudidi ɖesiaɖe, negbe nudidi 7, 52, kple 53 lia koe mele eme o. Woate ŋu azã nudidiawo katã dometɔ ɖesiaɖe na nuƒowo negbe 7, 18, kple 30 lia koe mele eme o.
Ne sukudzikpɔla de nudidi aɖe asi na sukuvia la, ele be wòakpɔ egbɔ be yetsɔ pɛnsil ŋlɔ ɣletiŋkekea ɖe teƒe si woɖo ɖi si nye “Ŋkeke si Wona Dɔa” si le nudidi ma xa le sukuvia ƒe aɖaŋuɖogbalẽa me. Ne sukuvia wɔ dɔdasia vɔ la, ɖe kpɔe nàbiae be ete ŋu wɔ dɔdasi si(wo) woɖo ɖe nudidi ma ƒe nusɔsrɔ̃a nuwuwu hã. Ne ete ŋu wɔe la, ke wɔ dzesi si fia be ewɔe, ɖe dɔdasia ƒe aɖakavia me le eƒe aɖaŋuɖogbalẽa me. Ne èkpɔ be ehiã be wòayi edzi awɔ dɔ tso nudidi ma ke ŋu la, ke mehiã be nàgawɔ nuŋlɔɖi bubu aɖeke ɖe aɖaŋuɖogbalẽa dzi o; mègakpe akpa si nye “Ŋkeke si Nèwu Enu” la ɖo haɖe o. Nenye be sukuvia wɔ dɔa nyuie eye wòle be wòayi nudidi bubu dzi ko hafi woakpe akpa sia ɖo. Hekpe ɖe eŋu la, ele be woaŋlɔ ɣletiŋkeke ɖe ɖaseɖiɖimɔnu si wozã la xa ɖe sukuvia ƒe agbalẽa ƒe axa 82 lia le dɔdasi ɖesiaɖe wɔwɔ vɔ megbe. Wogblẽ fli eve ɖe aɖaŋuɖogbalẽa ƒe nudidiwo kpakple ɖaseɖiɖimɔnu si woazã siaa xa ale be woate ŋu azã wo dometɔ ɖesiaɖe zi eve. Ele be sukuviawo natsɔ woƒe agbalẽwo ava sukua.
De nudidi ɖeka ko asi na sukuvia le ɣeyiɣi ɖeka me. Zi geɖe la, asɔ wu be woakpe nudidiawo ɖo ɖe ɖoɖo si nu woɖo wo ɖo nu. Gake ne sukuvi aɖewo wɔ ŋgɔyiyi hebi ɖe nudidi aɖewo me nyuie xoxo la, ke àte ŋu ade dzi ƒo na wo be woaxlẽ nudidi aɖewo le wo ɖokui si eye woayi edzi atsɔ wo awɔ dɔe. Ekema àte ŋu ana woawɔ dɔ tso nudidi bubu siwo nèkpɔ be akpe ɖe wo ŋu nyuie be woava zu nuƒola kple nufiala bibiwo ŋu.
Ne ƒe geɖe enye sia si sukuvi aɖe ŋlɔ ŋkɔ ɖe sukua me gɔ̃ hã la, nusɔsrɔ̃awo dometɔ ɖesiaɖe xexlẽ kple wo tsɔtsɔ wɔ dɔe aɖe vi nɛ geɖe. Be nàkpe ɖe sukuvi siwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le ŋu la, àte ŋu atia nudidi aɖewo na wo si mahiã be woazɔ ɖe ɖoɖo si le aɖaŋuɖogbalẽa me dzi ɣesiaɣi o.
Aɖaŋuɖoɖo na Amewo. Ne èle aɖaŋu ɖom na amewo la, wɔ ɖe kpɔɖeŋu kple gɔmeɖose siwo le Biblia me dzi pɛpɛpɛ. Ele be sukuviawo nakpɔe be aɖaŋu si ɖom wole na yewo kple alesi wogblɔ nyae la sɔ ɖe dzidzenu kɔkɔ siwo le Mawu ƒe Nya la me dzi.
Nenɔ susu me na wò be ‘hadɔwɔla’ nènye na nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnuwo. (Kor. II, 1:24) Ehiã be wò hã nàyi edzi anɔ nudidiawo dzi wɔm nànɔ bibim ɖe edzi le nuƒoƒo kple nufiafia me abe woawo ke ene. Wò ŋutɔ srɔ̃ agbalẽ sia si nye Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò, wɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi, eye nàɖo kpɔɖeŋu nyui be ame bubuwo nasrɔ̃.
Le esia wɔwɔ me la, na wòanye wò taɖodzinu be nàkpe ɖe sukuviawo ŋu be woava zu nuxlẽla nyuiwo, nuƒola bibiwo, kple nufiala ɖɔʋuwo. Le esia ta dze agbagba nàna kpekpeɖeŋu ɖesiaɖe si hiã bene sukuviawo nase nuƒoƒo ƒe nudidi vovovoawo gɔme, woanya nusita wole vevie, eye woanya alesi woawɔ aɖo nuƒoƒo ƒe nudidi mawo gbɔ. Wotrɔ asi le nusrɔ̃gbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò le esia wɔwɔ me. Gake zi geɖe esia abia nu geɖe tso asiwò wu agbalẽa me nyawo xexlẽ ko. Dzro nusi agbalẽa me nyawo fia la me kpli wo eye nàfia alesi woatsɔ nufiafia ma awɔ dɔe la wo.
Ne sukuvi aɖe dze agbagba le nudidi aɖe me la, kafui. Gblɔ susu si ta alesi wòwɔe la sɔ alo nusita alesi wòwɔe la le vevie kpuie. Ne asɔ be wòagalé fɔ ɖe akpa aɖewo ŋu be wòaɖe vi nɛ geɖe wu la, kpɔ egbɔ be ese nusita wòle nenema gɔme. Dzro alesi wòawɔ aɖo egbɔ me kplii. Yi nyaa gbɔ tẽ, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, ɖe tufafa fia.
Nenɔ susu me na wò be esesẽna ŋutɔ na ame geɖe be woatsi tre ɖe amehawo ŋkume aƒo nu. Ne ame aɖe se le eɖokui me be yemedze agbagba o la, ate ŋu asusui be ke megahiã be yeayi edzi anɔ kutri kum o. Srɔ̃ Yesu, amesi meɖe “aƒla ŋeŋe” la le enu alo tsi “ɖovu bibi fiɖifiɖi la” o la ƒe kpɔɖeŋu. (Mat. 12:20) Bu sukuvia ƒe seselelãme ŋu. Nenye be sukuvi yeyee amea nye loo alo gbeƒãɖela bibie wònye la nenɔ susu me na wò ne èle aɖaŋu ɖom. Ame kafukafu vividoɖeameŋutɔe si sɔ ate ŋu ado ŋusẽ amewo be woayi edzi anɔ woƒe ŋutete ɖesiaɖe wɔm.
De bubu sukuvi ɖesiaɖe ŋu. Romatɔwo 12:10 gblɔ na mí be: “Mitre mia nɔewo bubu!” Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖee esia nye na Teokrasi Subɔsubɔ Suku dzikpɔlawo! Ne sukuvia tsi wu wò la, wɔ ɖe mɔfiame si le Timoteo I, 5:1, 2 dzi alesi dze. Gake ƒe ka ke ame aɖe ɖaxɔ o, zi geɖe ne woɖo aɖaŋu tso nusiwo ŋu wòhiã be woawɔ asitɔtrɔ le ŋu le tufafa me la, aɖaŋuɖoɖoa nya xɔna bɔbɔe.—Lod. 25:11.
Ne èle aɖaŋu ɖom la, na taɖodzinu si le hehenana sia ŋu nanɔ susu me na sukuvia. Menye taɖodzinuae nye be woadze agbagba axɔ kafukafu eye woagblɔ be woayi dɔdasi bubu dzi ko o. Menye taɖodzinuae nye be woanye nuƒola kple nufiala si ŋu amewo ado vivi ɖo o. (Lod. 25:27) Míaƒe didi boŋ enye be míazã nuƒoƒo ŋutete si wona mí atsɔ akafu Yehowae eye míatsɔe akpe ɖe amewo ŋu be woava dze sii ahalɔ̃e. Míaƒe hehexɔxɔa ƒe taɖodzinue nye be wòadzra mí ɖo be míawɔ dɔ si wode asi na mí si dze le Mateo 24:14 kple 28:19, 20 la nyuie wu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woate ŋu akpe nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ siwo dze be woava kpe asi ɖe “Mawu ƒe alẽha” la nyinyi ŋu anye dutoƒonuƒo ƒolawo kple nufialawo.—Pet. I, 5:2, 3.
Kafui na sukuviawo be ne wonya de nudidi aɖe asi na wo ko la, woaxlẽ nusrɔ̃gbalẽa ƒe numedzodzro ma enumake le ŋkeke ʋɛ siwo akplɔe ɖo me. De dzi ƒo na wo be woawɔ ɖe nusi wosrɔ̃ dzi le woƒe suku dɔdasiwo dzadzraɖo me, woanɔ ezãm le woƒe gbesiagbe dzeɖoɖowo me, le nyaŋuɖoɖo me le kpekpeawo me, kple le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.
Dɔdasiawo Mama. Zi geɖe ele be woawɔ esia kwasiɖa etɔ̃ ya teti do ŋgɔ na dɔdasia wɔwɔ. Ne anya wɔ la, ele be woaŋlɔ dɔdasiawo katã ɖe agbalẽvi dzi atsɔ na ameawo.
Ele be woade dɔ siwo ku ɖe nufiafia hamea ŋu la asi na hamemegãwo, anyo wu ne wodee asi na wo dometɔ siwo ate ŋu awɔ dɔ mawo nyuie wu, kple subɔsubɔdɔwɔla siwo nye nufiala nyuiwo.
Be nànya sukuviwo ƒe dɔ si nàde asi na nɔviŋutsuwo kple esi nàde asi na nɔvinyɔnuwo la, wɔ ɖe mɔfiame si wona le suku ƒe ɖoɖowɔɖia me dzi. Ne nɔviŋutsu ʋɛ aɖewo koe li gake nɔvinyɔnu geɖe li siwo wɔa sukuviwo ƒe dɔdasiwo la, kpɔ egbɔ be nàna nɔviŋutsuawo hã mɔnukpɔkpɔ si sɔ be woawɔ dɔdasi bubuwo ke menye be woanɔ ŋɔŋlɔawo xexlẽ ƒe dɔwo ko wɔm o.
Bu ameawo ƒe nɔnɔme ŋu ne èle dɔdasiawo mam. Ðe wòhiã be woana hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla si si dɔ le le Subɔsubɔ Kpekpea me nagawɔ dɔ le sukua me le ŋkeke ma ke dzi alo woana dɔ amesi si dutoƒonuƒo le le hamea me kwasiɖa ma ke mea? Ðe wòhiã be woade dɔ asi na nɔvinyɔnu aɖe be wòawɔ le ŋkeke ma ke si dzi wode dɔ asi na via sue si ŋu wòle be wòakpe ɖoa? Vevietɔ le ɖeviwo alo le sukuvi siwo mexɔ nyɔnyrɔ haɖe o gome la, ɖe nyati si wode asi nɛ be wòawɔ dɔ tso eŋu la sɔa? Kpɔ egbɔ do ŋgɔ be dɔdasia sɔ ɖe nudidi si ŋu sukuvia le dɔ wɔm le la nu.
Le dɔdasi siwo wona nɔvinyɔnuwo gome la, zi geɖe sukuvia ŋutɔe atia ɖaseɖiɖimɔnu si wòazã, ɖe mɔfiame siwo le axa 78 kple 82 nu. Woatia kpeɖeŋutɔ ɖeka na dɔdasia wɔla, gake ate ŋu agatia kpeɖeŋutɔ bubu akpee. Ne sukuvia bia be woatia kpeɖeŋutɔ aɖe koŋ na ye si asɔ nyuie be woate ŋu azã ɖaseɖiɖimɔnu aɖe le dɔdasia wɔwɔ me la, woate ŋu alɔ̃ ɖe eƒe biabiaa dzi nɛ.
Sukuxɔ Bubuwo. Ne sukuviawo sɔ gbɔ wu 50 la, miate ŋu abu eŋu kpɔ ne asɔ be miama eme be dɔ siwo sukuviawo awɔ ƒe ɖe nayi edzi le akpata bubuwo me. Le alesi hiahiãa le le mia gbɔ nu la, miate ŋu awɔ ɖoɖo sia na sukuviwo ƒe dɔdasiawo katã loo alo na dɔdasi mamlɛtɔ eveawo ko.
Ele be sukudzikpɔla bibi nakpɔ edzi le sukuxɔ ɖesiaɖe me, anyo wu ne enye hamemegã. Le afisiwo wòahiã le la, woate ŋu azã subɔsubɔdɔwɔla si dze nyuie. Ele be hamemegãwo ƒe ha la nada asi ɖe sukudzikpɔla siwo woatia dzi. Wɔ dɔ kplikplikpli kple edzikpɔla bubuawo bene miakpɔ sukuvi ɖesiaɖe ƒe nudidiwo gbɔ ɖe ɖoɖo nu eɖanye afikae wòawɔ dɔdasi si akplɔe ɖo le o.
Nuxexlẽ Sɔsrɔ̃ ƒe Ðoɖo Tɔxɛ. Ne hamemegãwo ƒe ha la kpɔe be ehiã be woafia gbe si miedona le hamea me xexlẽ hamea me tɔ aɖewo la, ke miate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe eŋu tsɔ kpe ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ŋu. Nufiafia sia anye gɔmedze nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ sɔsrɔ̃, alo eƒe taɖodzinu ate ŋu anye be woana amewo ƒe nuxexlẽ nagame ɖe edzi.
Mehiã be woawɔ nusɔsrɔ̃ siawo le ɣeyiɣi si tututu sukuviwo ƒe dɔdasiwo hã le edzi yim le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me o. Be woakpe ɖe amesiawo ŋu nyuie la, ahiã be nusɔsrɔ̃a naxɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɣeyiɣi si míezãna na sukua. Mia gbɔ hamemegãwo natso nya me le nusi hiã be woawɔ kple ɣeyiɣi si wòle be nufiafia siawo nayi edzi ŋu. Le alesi hiahiãa le nu la, woate ŋu awɔ ɖoɖo afia nu amewo le ƒuƒoƒo me alo woafiae amewo ɖekaɖekae.
Ehiã be woakpɔ nufiala si dze. Asɔ wu ne wode dɔ sia asi na nɔviŋutsu si nya nuxexlẽ nyuie si se gbea hã nyuie. Ne nɔviŋutsu si dze meli o la, hamemegãwo ate ŋu atia nɔvinyɔnu kpɔɖeŋu nyui ɖola si dze be wòana kpekpeɖeŋu. Ele be wòabla ta ne ele nu fiam le suku sia me.—Kor. I, 11:3-10; Tim. I, 2:11, 12.
Agbalẽ si nye Apply Yourself to Reading and Writing (Srɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ) le gbegbɔgblɔ geɖe me. Wotrɔ asi le eŋu be woazã le gɔmedze nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ sɔsrɔ̃ me. Woate ŋu azã nusrɔ̃gbalẽ bubuwo hã eye esia aku ɖe amesiwo ŋlɔ ŋkɔ na nusɔsrɔ̃ sia ƒe nuxexlẽ ŋutetewo ŋu. Ne sukuviawo wɔ ŋgɔyiyi alesi dze la, ele be woade dzi ƒo na wo be woaŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ŋutɔ me.
Wò, Teokrasi Subɔsubɔ Sukua dzikpɔla, àte ŋu awɔ geɖe be sukua naɖe vi na hamea. Dzra ɖo nyuie, eye le ɖekawɔwɔ me kple nuxlɔ̃ame si le Romatɔwo 12:6-8 la, wɔ wò dɔa nyuie abe dɔ vevi aɖe si Mawu tsɔ de asi na wò ene.