Yehowa—Nya Dzɔdzɔe Kple Dzɔdzɔenyenye Vavãtɔ Tsoƒe
“Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o.”—MOSE V, 32:4.
1. Nukata míedia dzɔdzɔenyenye le dzɔdzɔme nu?
ABE alesi amesiame dinɛ le dzɔdzɔme nu be woalɔ̃ ye ene la, nenema ke mí katã míedina be woawɔ nu dzɔdzɔe ɖe mía ŋui. Amerika-dziɖuɖumegã Thomas Jefferson ŋlɔ bena, “míesea [dzɔdzɔenyenye] le mía ɖokui me eye ɖe wotsɔe dzi mí, . . . eye enye míaƒe nɔnɔme ƒe akpa aɖe abe seselelãme, nukpɔkpɔ, alo nusese ene.” Esia mewɔ nuku o elabena Yehowa wɔ mí ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu. (Mose I, 1:26) Le nyateƒe me la, etsɔ nɔnɔme siwo ɖea ye ŋutɔ ƒe amenyenye fiana la de mía me, si ƒe ɖee nye dzɔdzɔenyenye. Ema tae míedia dzɔdzɔenyenye le dzɔdzɔme nu eye ema hã tae míedina be míanɔ agbe le xexe si me nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye vavãtɔ le me.
2. Aleke gbegbee dzɔdzɔenyenye le vevie na Yehowae, eye nukata wòle be míase Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gɔme?
2 Biblia gblɔ na mí le Yehowa ŋu be: “Eƒe mɔwo katã dzɔ.” (Mose V, 32:4) Gake Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gɔme menya sena le xexe si me numadzɔmadzɔwɔwɔ bɔ ɖo me o. Ke hã míate ŋu ato Mawu ƒe Nya la dzi akpɔ alesi Mawu wɔa nu dzɔdzɔe, eye míate ŋu ava kpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe mɔ wɔnukuwo ŋu ɖe edzi. (Romatɔwo 11:33) Ele vevie be míanya nusi dzɔdzɔenyenye fia le Biblia me elabena ate ŋu anɔ eme be amegbetɔ ƒe susuwo kpɔ ŋusẽ ɖe alesi míebua dzɔdzɔenyenyee dzi. Le amegbetɔ ƒe nukpɔsusu nu la, woabu dzɔdzɔenyenye be enye se ŋudɔwɔwɔ ɖe amewo ŋu sɔsɔe dzro ko. Alo abe alesi xexemenunyala Francis Bacon ŋlɔ ene la, “dzɔdzɔenyenye fia be woatsɔ nusi amesiame dze na la anɛ.” Gake Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye ya yi ŋgɔ sã wu ema.
Yehowa ƒe Dzɔdzɔenyenye Dzɔa Dzi na Ame
3. Nukae míate ŋu asrɔ̃ ne míedzro gbegbɔgblɔ gbãtɔa me nya siwo wozã na nya dzɔdzɔe kple dzɔdzɔenyenye le Biblia me?
3 Míate ŋu ase Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gɔme nyuie wu ne míebu alesi wozã nyawo le gbegbɔgblɔ gbãtɔa me le Biblia me ŋu.a Anyo be míade dzesii be le Ŋɔŋlɔawo me la, vovototo boo aɖeke mele nya dzɔdzɔe kple dzɔdzɔenyenye dome o. Le nyateƒe me la, wozãa Hebrigbe me nya mawo ɖekae ɣeaɖewoɣi, abe alesi míekpɔe le Amos 5:24 ene, afisi Yehowa xlɔ̃ nu eƒe amewo le be: “Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene, eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu, si memiena o la ene.” Tsɔ kpe eŋu la, zi geɖe wozãa nya siwo nye “nya dzɔdzɔe kple dzɔdzɔenyenye” ɖekae tsɔ tea gbe ɖe nya dzi.—Psalmo 33:5; Yesaya 33:5; Yeremya 33:15; Xezekiel 18:21; 45:9.
4. Nukae wòfia be woawɔ nu dzɔdzɔe, eye ameka ƒe nuwɔnae nye dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu kɔkɔtɔ kekeake?
4 Gɔmesese kae le Hebri kple Hela gbe me nya siawo ŋu? Be woawɔ nu dzɔdzɔe le Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmesese nu fia be woawɔ nusi le eteƒe kple nusi sɔ. Esi Yehowae nye amesi fiaa agbenyuinɔnɔ ƒe sewo kple gɔmeɖosewo, alo nusi dzɔ hesɔ ta la, alesi Yehowa wɔa nui ye nye dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu kɔkɔtɔ kekeake. Theological Wordbook of the Old Testament gblɔ be Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be dzɔdzɔenyenye (tseʹdheq) la “ku ɖe nudzeamewɔwɔ kple agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu ŋu eye ɖikeke mele eŋu o be le Nubabla Xoxoa me la, dzidzenu ma nye Mawu ƒe nɔnɔme kple eƒe lɔlɔ̃nu.” Eyata alesi Mawu wɔa eƒe gɔmeɖosewo ŋudɔe, vevietɔ alesi wòwɔa nu kple amegbetɔ madeblibowoe la, ɖea nya dzɔdzɔe kple dzɔdzɔenyenye vavãtɔ fiana.
5. Nɔnɔme kawoe do ƒome kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye?
5 Ŋɔŋlɔawo ɖee fia wòdze ƒã be mawumedzɔdzɔenyenye mezia ame dzi alo nɔa kpaɖii o, ke ɖe wòdoa dzidzɔ na ame boŋ. Dawid dzi ha be: “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o.” (Psalmo 37:28) Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ʋãnɛ wòɖea nuteƒewɔwɔ kple dɔmetɔtrɔ fiaa esubɔlawo. Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye léa ŋku ɖe míaƒe nuhiahiãwo ŋu eye wòsea míaƒe blibomademade me na mí. (Psalmo 103:14) Ema mefia be Mawu ɖea mɔ ɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu o, elabena ema wɔwɔ ade dzi ƒo na amewo woawɔ nu madzɔmadzɔ. (Samuel I, 3:12, 13; Nyagblɔla 8:11) Yehowa gblɔ na Mose be Yenye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.” Togbɔ be Mawu tsɔa vodada kple nuvɔ̃ kena hã, megbea tohehe na amesiwo dze nɛ o.—Mose II, 34:6, 7.
6. Aleke Yehowa wɔa nui kple via siwo le anyigba dzi?
6 Ne míele alesi Yehowa wɔa eƒe dzɔdzɔenyenye ŋudɔe ŋu bum la, mele be míabui be enye ʋɔnudrɔ̃la si ƒe nya me sẽ, si tɔ koe nye be wòahe to na nugbegblẽwɔlawo o. Ele be míabui boŋ be enye fofo lɔ̃ame si tɔa afɔ to sesĩe, amesi wɔa nu kple viawo le mɔ nyuitɔ kekeake si sɔ nu. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be: “Yehowa, mía fofo nènye.” (Yesaya 64:7) Esi Yehowa nye Fofo dzɔdzɔe si wɔa nusi le eteƒe ta la, enana eƒe afɔteteɖeto ɖe nu nyui ŋu dana sɔna kple eƒe nublanuikpɔkpɔ na via siwo le anyigba dzi, siwo hiã kpekpeɖeŋu alo tsɔtsɔke le nɔnɔme sesẽwo alo ŋutilã me gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta.—Psalmo 103:6, 10, 13.
Wona Nusi Dzɔdzɔenyenye Fia Me Kɔ
7. (a) Nukae míesrɔ̃ tso Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ŋu le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me? (b) Akpa kae Yesu wɔ le dzɔdzɔenyenye fiafia dukɔwo me?
7 Yehowa ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye si me dɔmetɔtrɔ le fia le Mesia la ƒe vava me. Yesu fia nu le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ŋu eye wònɔ agbe ɖe enu, abe alesi nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi ene. Edze ƒã be Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye na wòlé be na amesiwo wote ɖe anyi. Esia wɔe be womegbã gudugudu o. Yesu si nye Yehowa ƒe “dɔla” la va anyigba dzi be ‘wòakɔ’ Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe akpa sia ‘me na dukɔwo.’ Ewɔ esia, vevietɔ esi wòna kpɔɖeŋu nyui aɖe mí le nusi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia ŋu. Esi Yesu nye “atidzedze dzɔdzɔe” si tso Fia Dawid me ta la, ‘edi nya dzɔdzɔe’ vevie ‘hewɔ nu le dzɔdzɔenyenye me ɣesiaɣi.’—Yesaya 16:5; 42:1-4; Mateo 12:18-21; Yeremya 33:14, 15.
8. Nukata nya dzɔdzɔe kple dzɔdzɔenyenye vavãtɔ bu le ƒe alafa gbãtɔ me?
8 Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye me kɔkɔ alea va hiã vevietɔ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. Yudatɔwo ƒe amegãwo kple subɔsubɔhakplɔlawo—agbalẽfialawo, Farisitɔwo, kple ame bubuwo—ƒo nu tso nya dzɔdzɔe kple dzɔdzɔenyenye ŋuti nukpɔsusu totro aɖe ŋu hewɔ nu ɖe enu. Esia wɔe be ame tsɛ siwo kpɔe be yewomate ŋu awɔ ɖe agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe nudidiwo dzi o la bui be Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbɔ manya ɖo kura o. (Mateo 23:4; Luka 11:46) Yesu ɖee fia be menye nenemae nya la le o. Etia eƒe nusrɔ̃lawo tso ame tsɛ siawo dome eye wòfia Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenuwo woamawo.—Mateo 9:36; 11:28-30.
9, 10. (a) Aleke agbalẽfialawo kple Farisitɔwo di be yewoaɖe yewoƒe dzɔdzɔenyenye afiae? (b) Aleke Yesu ɖee fiae be agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe nuwɔnawo nye dzodzro, eye nukatae?
9 Gake Farisitɔwo ya di mɔnukpɔkpɔwo be yewoatsɔ aɖe yewoƒe “dzɔdzɔenyenye” afia to gbedodoɖa alo gadzɔdzɔ le gaglãgbe me. (Mateo 6:1-6) Wote kpɔ hã be yewoaɖe yewoƒe dzɔdzɔenyenye afia to se kple gɔmeɖose gbogbo aɖewo dzi wɔwɔ me—woa ŋutɔwoe to wo dometɔ geɖe vɛ. Nuwo wɔwɔ alea na ‘woto dzɔdzɔenyenye kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋuti.’ (Luka 11:42) Ðewohĩ woadze abe ame dzɔdzɔewo ene le gota gome ya, gake le ememe la, ‘woyɔ taŋ kple sedzimawɔmawɔ,’ alo madzɔmadzɔnyenye. (Mateo 23:28) Kpuie ko la, nu sue aɖe koe wonya le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ŋu.
10 Le ema ta Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “Ne miaƒe dzɔdzɔenyenye la maƒo agbalẽfialawo kple farisitɔwo tɔ ta sã o la, ekema miele yiyi ge ɖe dziƒofiaɖuƒe la me akpɔ o.” (Mateo 5:20) Vovototo gã si le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye si Yesu ɖe fia kple agbalẽfialawo kpakple Farisitɔ nugɔmemaselaawo ƒe ɖokuiŋudzedze domee na masɔmasɔwo ɖo wo dome enuenu.
Mawu ƒe Dzɔdzɔenyenye Kple Dzɔdzɔenyenye Totro
11. (a) Nukata Farisitɔwo bia nya Yesu le dɔdada le Sabat dzi ŋu? (b) Nukae Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa ɖe fia?
11 Esi Yesu nɔ subɔsubɔdɔa wɔm le Galilea le ƒe 31 M.Ŋ. ƒe adame la, ekpɔ ŋutsu aɖe si titi lé asi na le ƒuƒoƒe aɖe. Esi gbemagbe nye Sabat ta la, Farisitɔwo bia Yesu be: “Ðe wòle se la nu bena, woada gbe le ame ŋu le Sabat dzi mahã?” Le esi teƒe be woaɖe ɖetsɔleme vavãtɔ afia ɖe ŋutsu nublanuitɔ sia ƒe fukpekpe ŋu la, wodi boŋ be yewoadi nya aɖe atsɔ abu fɔ Yesui, abe alesi wòdze le woƒe biabiaa mee ene. Eyata mewɔ nuku be Yesu xa nu ɖe woƒe dzimesesẽ la ta o! Azɔ ebia nya ma tɔgbe ke Farisitɔwo tẽ be: “Ðe woɖe mɔ bena, woawɔ nu nyui . . . le Sabat [dzia]?” Esi wozi kpi la, Yesu ɖo eya ŋutɔ ƒe biabiaa ŋu esi wòbia wo ne womaɖe alẽ si ge dze do me le Sabat dzi o hã.b “Azɔ amegbetɔ tɔ mevena wu alẽ tɔ oa?” Yesu gblɔ nya siwo me susu le si ŋu womate ŋu atsi tre ɖo o tsɔ na wobu tame. Eƒo eta be: “Ale wɔ woɖe mɔ bena woawɔ nu nyui [alo, nusi dzɔ] le Sabat dzi esi.” Mele be woatsɔ amegbetɔ ƒe kɔnyinyiwo ado kplamatse Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbeɖe o. Esi Yesu na nya ma me kɔ nyuie vɔ la, etrɔ ɖe ŋutsua ŋu heyɔ dɔ eƒe asi.—Mateo 12:9-13; Marko 3:1-5.
12, 13. (a) Aleke Yesu ɖe alesi wòdi be yeakpe ɖe nuvɔ̃wɔlawo ŋu fia wòto vovo na agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe nɔnɔme? (b) Vovototo kae le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple ɖokuiŋudzedze dome?
12 Ne Farisitɔwo mebua amesiwo ŋu ŋutilãmedɔlélewo le ŋu boo o la, ke womatsɔ ɖeke le eme na amesiwo da ahe le gbɔgbɔ me ya koŋ o. Dzɔdzɔenyenye ŋuti nukpɔsusu totro si le wo si na womebua adzɔxɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ɖe naneke me o eye wodoa vlo wo. (Yohanes 7:49) Gake amesiawo dometɔ geɖe xɔ Yesu ƒe nufiafia, eye ɖikeke mele eme o be esi wokpɔ alesi wòdi be yeakpe ɖe yewo ŋu tsɔ wu be wòadrɔ̃ ʋɔnu yewo tae. (Mateo 21:31; Luka 15:1) Gake Farisitɔwo bu agbagba siwo Yesu dze be yeada dɔ na amesiwo dze dɔ le gbɔgbɔ me la nu tsɛe. Woli liʋiliʋi vlodoametɔe gblɔ be: “Amesia xɔa nuvɔ̃wɔlawo, eye wòɖua nu kpli wo.” (Luka 15:2) Yesu gatsɔ alẽkpɔkplɔ wɔ kpɔɖeŋu ake tsɔ ɖo woƒe nutsotsoa ŋui. Abe alesi alẽkplɔla kpɔa dzidzɔ ne wòfɔ alẽ si bu ene la, nenema ke mawudɔla siwo le dziƒo kpɔa dzidzɔe ne nuvɔ̃wɔla ɖeka trɔ dzime. (Luka 15:3-7) Yesu ŋutɔ kpɔ dzidzɔ esi wòte ŋu kpe ɖe Zaxeo ŋu wòtrɔ dzime le nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔna tsã me. Egblɔ be: “Amegbetɔvi la va, be yeadi, eye yeaɖe amesiwo bu la.”—Luka 19:8-10.
13 Nyahehe siawo na vovototo si le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye si na wodina be woada dɔ le ame ŋu ahaxɔ ame ɖe agbe, kple ɖokuiŋudzedze si na wodina be woado ame ʋee aɖewo ɖe dzi ahabu fɔ ame geɖe la dome dze ƒã. Kɔnu gbɔlowo kple amegbetɔ ƒe kɔnyinyiwo na agbalẽfialawo kple Farisitɔwo va nɔ dadam eye wobua wo ɖokui ame veviwoe, gake Yesu ɖee fia wòsɔ nyuie be ‘wogblẽa nusiwo le kpekpem wu le Sea me, siwo nye nya dzɔdzɔe kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse ɖi.’ (Mateo 23:23) Neva eme be míasrɔ̃ Yesu le dzɔdzɔenyenye vavãtɔ ɖeɖefia me le nusianu si míewɔna me eye míanɔ ŋudzɔ hã ɖe ɖokuiŋudzedze ƒe afɔkua ŋu.
14. Aleke Yesu ƒe nukunuwo dometɔ ɖeka ɖee fiae be Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye na wobua ame ƒe nɔnɔmewo ŋu?
14 Togbɔ be Yesu ŋe aɖaba ƒu Farisitɔwo ƒe sedede yakatsyɔ dzi hã la, ewɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi. (Mateo 5:17, 18) Le edziwɔwɔ me la, meɖe mɔ Se dzɔdzɔe ma me nyawo vu tsyɔ gɔmeɖose siwo le eme dzi o. Esi nyɔnu aɖe si ŋu ʋu nɔ sisim le ƒe 12 sɔŋ ka asi eƒe awu ŋu eye wòhaya la, Yesu gblɔ nɛ be: “Vinyɔnuvi, wò xɔse la ɖe wò, yi [le] ŋutifafa me!” (Luka 8:43-48) Nya siwo Yesu gblɔ veveseɖeamenutɔe la ɖo kpe edzi be Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye na wòbu nyɔnua ƒe nɔnɔmewo ŋu. Togbɔ be ne míagblɔe tututu la, eŋu mekɔ o eye le ema ta eda le Mose ƒe Sea me nyawo dzi le esi wòva amehawo dome ta hã la, edze be woaɖo xɔse si wòɖe fia la teƒe nɛ.—Mose III, 15:25-27; tsɔe sɔ kple Romatɔwo 9:30-33.
Dzɔdzɔenyenye Li na Amesiame
15, 16. (a) Nukae Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃la ŋu fia mí le dzɔdzɔenyenye ŋu? (b) Nukata mele be ‘míabu mía ɖokui ame dzɔdzɔewo akpa’ o?
15 Tsɔ kpe ɖe alesi Yesu te gbe ɖe nublanuikpɔkpɔ si dze le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye me dzi ŋu la, egafia eƒe nusrɔ̃lawo be ele be woaɖee afia amewo katã. Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wònye nɛ be ‘wòatsɔ dzɔdzɔenyenye ayi na dukɔwo.’ (Yesaya 42:1) Nusia koŋ ŋue Yesu ƒe kpɔɖeŋu siwo xɔ ŋkɔ wu la dometɔ ɖeka ku ɖo, si me wòƒo nu tso Samariatɔ havilɔ̃la la ŋu. Etsɔ kpɔɖeŋua ɖo nya aɖe si ŋutsu aɖe si nya Sea nyuie eye wòdi be “yeatso afia na eɖokui” la biae ŋu. Ðikeke mele eme o be esi wòdi be yeƒe havilɔlɔ̃ ɖeɖefia nase ɖe Yudatɔwo ɖeɖeko dzi ta la, ebia be: “Amekae nye hanyevi mahã?” Samariatɔ si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me ɖe mawumedzɔdzɔenyenye fia, elabena elɔ̃ faa zã eƒe ɣeyiɣi kple ga tsɔ kpe ɖe amedzro si nye dukɔ bubu me tɔ ŋu. Yesu ɖo aɖaŋu na nyabiala la tsɔ ƒo kpɔɖeŋua tae be: “Nawɔ nenema ke.” (Luka 10:25-37) Ne míawo hã míewɔ nyui na amewo katã eɖanye ŋutigbalẽ kae le wo ŋu alo gbe kae wodona o la, afia be míele Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye srɔ̃m.—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.
16 Gake agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe kpɔɖeŋua ɖo ŋku edzi na mí be ne míele Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ŋudɔ wɔm la, mele be ‘míabu mía ɖokui ame dzɔdzɔewo akpa o.’ (Nyagblɔla 7:16) Didi be míawɔ nu dzɔdzɔe amewo nakpɔ alo asixɔxɔ dede amegbetɔ ƒe sededewo ŋu akpa mana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o.—Mateo 6:1.
17. Nukata wòle vevie nenema be míaɖe mawumedzɔdzɔenyenye afia?
17 Nu ɖeka si ta Yesu na dukɔwo nya alesi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le enye be wòana eƒe nusrɔ̃lawo katã nate ŋu asrɔ̃ nɔnɔme sia aɖee afia. Nukata esia le vevie nenema? Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be ‘míazu Mawu srɔ̃lawo,’ eye Mawu ƒe mɔwo katã dzɔ. (Efesotɔwo 5:1) Nenema ke Mixa 6:8 ɖe eme be Yehowa ƒe nudidi aɖee nye be ‘míawɔ nusi le eteƒe’ le zɔzɔ kple mía Mawu me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Zefanya 2:2, 3 ɖo ŋku edzi na mí be ne míedi be woatsɔ mí aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la, ele be ‘míadi dzɔdzɔenyenye’ hafi ŋkeke ma naɖo.
18. Biabia kawo ŋue woaɖo le nyati si kplɔe ɖo me?
18 Eyata ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo nye “amenuveɣi” si me míawɔ dzɔdzɔenyenye ŋudɔ le. (Korintotɔwo II, 6:2) Míate ŋu aka ɖe edzi be ne míena ‘dzɔdzɔenyenye zu míaƒe awu’ eye ‘nu dzɔdzɔe wɔwɔ zu míaƒe awu ʋlaya’ abe alesi Hiob wɔe ene la, Yehowa ayra mí. (Hiob 29:14) Aleke Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye dzixɔxɔse akpe ɖe mía ŋu míatsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ na etsɔmee? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi míele “anyigba yeye” si me dzɔdzɔenyenye anɔ lalam la, aleke mawumedzɔdzɔenyenye akpɔ mía ta le gbɔgbɔ mee? (Petro II, 3:13) Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Nya etɔ̃ koŋue wozã le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Woɖea wo dometɔ ɖeka (mish·patʹ) gɔme zi geɖe be “nya dzɔdzɔe.” Woɖea eve bubuawo (tseʹdheq kple tsedha·qahʹ si do ƒome kplii) gɔme ɣesiaɣi kloe be “dzɔdzɔenyenye.” Woɖea Helagbe me nya si gɔme woɖena be “dzɔdzɔenyenye” la me be efia “nusi dzɔ alo nusi le eteƒe.”
b Kpɔɖeŋu si Yesu wɔ la sɔ nyuie elabena Yudatɔwo ƒe se si wogblɔ kple nu la gblɔe tẽ be woate ŋu akpe ɖe lã si ɖo xaxa me ŋu le Sabat dzi. Wogaʋli nya sia ke ɣebubuɣiwo, be ele se nu be woayɔ dɔ ame le Sabat dzi loo alo mele se nu o.—Luka 13:10-17; 14:1-6; Yohanes 9:13-16.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Nukae Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia?
◻ Aleke Yesu fia dzɔdzɔenyenye dukɔwoe?
◻ Nukata Farisitɔwo ƒe dzɔdzɔenyenye tro?
◻ Nukata wòle be míawɔ nu dzɔdzɔe?
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Yesu ɖe alesi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye de toe fia wòdze ƒã