Srɔ̃ Yehowa—Wɔ Nu Le Nyateƒe Kple Dzɔdzɔenyenye Me
“Nyee nye Yehowa, amesi si me amenuveve, ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye le le anyigba dzi, elabena nusiawoe nyoa ŋunye.”—YEREMYA 9:23.
1. Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae Yehowa tsɔ ɖo mía ŋkume?
YEHOWA do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe ava esime amesiame adze si ye. Egblɔe to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba blibo la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” (Yesaya 11:9) Mɔkpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye si wònye!
2. Nukae sidzedze Yehowa bia? Nukatae?
2 Gake nukae wòfia be woadze si Yehowa? Yehowa ɖe nusi le vevie wu le nya sia me fia Yeremya be: “Enya nu, eye wòdze sim be, nyee nye Yehowa, amesi si me amenuveve, ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye le le anyigba dzi, elabena nusiawoe nyoa ŋunye.” (Yeremya 9:24) Eyata Yehowa nyanya bia be woanya alesi wòwɔa nu dzɔdzɔe hewɔa dzɔdzɔenyenye ŋudɔe. Emegbe ne míeva ɖe nɔnɔme nyui mawo fia la, akpɔ dzidzɔ ɖe mía ŋu. Aleke míele nu ma wɔ gee? Yehowa kpɔ nuŋlɔɖi si ku ɖe alesi wòwɔ nu kple amegbetɔ madeblibowo le ƒe siwo va yi me la ta wòle eƒe Nya, Biblia me. Ne míesrɔ̃e la, míate ŋu ava nya Yehowa ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ ale be míasrɔ̃e.—Romatɔwo 15:4.
Ewɔa Nu Dzɔdzɔe Gake Eƒe Dɔme Trɔna
3, 4. Nukata Yehowa tɔ dzɔ be wòtsrɔ̃ Sodom kple Gomora?
3 Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si va Sodom kple Gomora dzi nye kpɔɖeŋu nyui aɖe si ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe akpa vovovowo fia. Menye ɖeko Yehowa he to si sɔ na amewo o ke exɔ amesiwo dze hã ɖe agbe. Ðe wòsɔ ŋutɔŋutɔ be wòtsrɔ̃ du mawoa? Abraham si edze ƒã be menya nu tso alesi gbegbe vɔ̃ɖinyenye xɔ aƒe ɖe Sodom o la mebui gbã be esɔ o. Yehowa ka ɖe edzi na Abraham be ne yeate ŋu akpɔ ame dzɔdzɔe ewo pɛ la, yematsrɔ̃ du ma o. Edze ƒã be Yehowa metsia klokloklo le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋudɔwɔwɔ me alo gbea nublanuikpɔkpɔ o.—Mose I, 18:20-32.
4 Esi mawudɔla eve va lé ŋku ɖe nuwo ŋu na wokpɔ kpeɖodzi le Sodomtɔwo ƒe agbe vlo nɔnɔ ŋu wòdze ƒã. Esime dua me ŋutsuwo, “ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo,” se be ŋutsu eve va dze Lot ƒe aƒeme la, wodze eƒe aƒe dzi kple susu be yewoanɔ ha me adɔ wo gbɔ sesẽe. Woƒe nugbegblẽwɔwɔ vloe wu gbɔgblɔ vavã! Ðikeke mele eme o be ʋɔnudɔdrɔ̃ si Yehowa he va du ma dzi la sɔ.—Mose I, 19:1-5, 24, 25.
5. Aleke Mawu ɖe Lot kple eƒe ƒomea tso Sodom?
5 Esi apostolo Petro ƒo nu tso Sodom kple Gomora ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu tsɔ wɔ nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu megbe la, eŋlɔ bena: “[Yehowa] nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me.” (Petro II, 2:6-9) Ne ɖe wotsrɔ̃ ame dzɔdzɔe Lot kple eƒe ƒomea kpe ɖe Sodomtɔ mawumavɔ̃lawo ŋu la, anye ne manye ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ o. Eyata Yehowa ƒe dɔlawo xlɔ̃ nu Lot le tsɔtsrɔ̃ si nɔ wo ŋgɔ ŋu. Esime Lot nɔ hehem ɖe megbe la, mawudɔlaawo lé eya, srɔ̃a, kple vianyɔnuwo ƒe alɔnu hekplɔ wo do goe le dua me ‘le Yehowa ƒe dɔmetɔtrɔ ta.’ (Mose I, 19:12-16) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖe ɖetsɔleme sia tɔgbe afia ame dzɔdzɔewo le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ si gbɔna me.
6. Nukata mele be míatsi dzi dzodzro ɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ŋu o?
6 Togbɔ be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu anye “hlɔ̃biaŋkekewo” hã la, susu aɖeke meli si ta wòle be míatsi dzi o. (Luka 21:22) Ʋɔnudɔdrɔ̃ si Mawu ahe vɛ le Harmagedon la ‘katã adzɔ.’ (Psalmo 19:10) Abe alesi Abraham va kpɔe ene la, mí amegbetɔwo míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye si kɔ boo wu mía tɔ la ŋu bliboe. Abraham bia be: “Ðe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?” (Mose I, 18:25; tsɔe sɔ kple Hiob 34:10.) Alo abe alesi Yesaya gblɔe wòsɔ nyuie ene la, ‘amekae afia nu Yehowa le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ ŋu.’—Yesaya 40:14.
Nu Dzɔdzɔe si Wowɔ be Woatsɔ Aɖe Ameƒomea
7. Ƒomedodo kae le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple eƒe nublanuikpɔkpɔ dome?
7 Menye tohehe na ame vɔ̃ɖiwo me koe Mawu ɖea eƒe dzɔdzɔenyenye fiana le o. Yehowa gblɔ le eɖokui ŋu be yenye “Mawu dzɔdzɔe kple Ðela.” (Yesaya 45:21, NW) Edze ƒã be ƒomedodo kplikplikpli aɖe le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple eƒe didi be yeaɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ me tsonuwo me la dome. Esi The International Standard Bible Encyclopedia, ƒe 1982 Tɔ, nɔ nu ƒom tso mawunyakpukpui sia ŋu la, egblɔ be “Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye na wòdia mɔ nyui siwo dzi wòato aɖe Eƒe nublanuikpɔkpɔ afia eye be wòawɔ Eƒe ɖeɖedɔ ade goe.” Menye ɖe wòva hiã be Mawu nakpɔ nublanui na amewo le eƒe dzɔdzɔenyenye ta o, ke boŋ nublanuikpɔkpɔ tae Mawu le dzɔdzɔenyenye yome ɖo. Tafe ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ ɖe ameƒomea ƒe xɔxɔ ta nye eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe akpa sia ƒe kpɔɖeŋu si ɖe dzesi wu.
8, 9. (a) Nuka ŋue nyagbɔgblɔ si nye “nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖeka” la ku ɖo? Nukatae? (b) Nukae Yehowa bia tso míawo hã si?
8 Tafea ŋutɔ—Mawu ƒe Tenuvi, Yesu Kristo ƒe agbe xɔasi la—nye nu deŋgɔ aɖe elabena Yehowa ƒe dzidzenuwo wɔa dɔ le xexeame ƒe afisiafi, eye eya ŋutɔ wɔa wo dzi. (Mateo 20:28) Agbe deblibo si nye Adam tɔ ye bu, eyata agbe deblibo gahiã hafi Adam ƒe dzidzimeviwo nakpɔ agbe. (Romatɔwo 5:19-21) Apostolo Paulo gblɔ le Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ, kple tafea xexe ŋu be enye “nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖeka.” (Romatɔwo 5:18, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Nukata wòle nenema? Elabena le Yehowa ƒe nukpɔsusu nu la, enye nu nyui kple nu dzɔdzɔe be woaxe tafe atsɔ aɖe ameƒomea, togbɔ be ebia be wòabu nu gã aɖe le ewɔwɔ me hã. Adam ƒe dzidzimeviwo nɔ abe “aƒla ŋeŋe” si Mawu medi be yeaɖe le enu o ene, alo abe “ɖovu bibi fiɖifiɖi” si medi be yeatsi o ene. (Mateo 12:20) Kakaɖedzi nɔ Mawu si be ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla geɖe siwo nye Adam ƒe dzidzimeviwo atso ɖe woƒe afɔwo dzi.—Tsɔe sɔ kple Mateo 25:34.
9 Aleke wòle be míawɔ nu ɖe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye ƒe nuwɔna deŋgɔ sia ŋu? Nusiwo Yehowa bia tso míawo hã mía sie nye be ‘míawɔ nusi le eteƒe.’ (Mixa 6:8) Aleke míate ŋu awɔ esiae?
Di Nya Dzɔdzɔe, Nàlɔ̃ Dzɔdzɔenyenye
10. (a) Mɔ siwo nu míaɖe dzɔdzɔenyenye afia le dometɔ ɖeka ɖe? (b) Aleke míate ŋu adi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbãe?
10 Gbã la, ele be míawɔ nu wòasɔ ɖe Mawu ƒe agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo nu. Esi Mawu ƒe dzidzenuwo le eteƒe eye wodzɔ ta la, ne míenɔ agbe ɖe wo nu la, afia be míele nu dzɔdzɔe wɔm. Nu mae Yehowa di tso eƒe amewo si. Yehowa gblɔ na Israel-viwo be: “Misrɔ̃ nu nyui wɔwɔ, miti nya dzɔdzɔe yome.” (Yesaya 1:17) Yesu ɖo aɖaŋu ma tɔgbe na eƒe nyaselawo le Todzimawunya la me, esime wòfia wo be ‘woadi fiaɖuƒea kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.’ (Mateo 6:33) Paulo de dzi ƒo na Timoteo be ‘wòati dzɔdzɔenyenye yome.’ (Timoteo I, 6:11) Ne míenɔ agbe wòsɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu le agbenɔnɔ gome eye míedo amenyenye yeyea la, ke efia be míele nya dzɔdzɔe kple dzɔdzɔenyenye vavãtɔ yome tim. (Efesotɔwo 4:23, 24) Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, míedia dzɔdzɔenyenye ne míewɔ nu le Mawu ƒe mɔ nu.
11. Nukata wòle be míawɔ aʋa atsi tre ɖe nuvɔ̃ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu, eye aleke míawɔe?
11 Abe alesi míenya nyuie ene la, menɔa bɔbɔe be amegbetɔ madeblibowo nawɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe o. (Romatɔwo 7:14-20) Paulo de dzi ƒo na Roma Kristotɔwo be woawɔ aʋa atsi tre ɖe nuvɔ̃ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu, ale be woate ŋu atsɔ woƒe ŋutilã siwo wotsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu la awɔ “dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnuwo,” si Mawu ate ŋu azã ɖe eƒe tameɖoɖo ŋu. (Romatɔwo 6:12-14) Nenema ke ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nya la edziedzi hetsɔnɛ wɔ dɔe la, ‘Yehowa ƒe susu’ ate ŋu asu mía si eye ‘míaxɔ hehe le dzɔdzɔenyenye me.’—Efesotɔwo 6:4; Timoteo II, 3:16, 17.
12. Nukae wòle be míatsri ne míawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu abe alesi míedi be Yehowa nawɔ nu ɖe mía ŋui ene?
12 Evelia, míewɔa dzɔdzɔenyenye ŋudɔ ne míewɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu abe alesi míedi be Yehowa nawɔ nu ɖe mía ŋui ene. Ele bɔbɔe be míava nɔ dzidzenu eve dzi wɔm—míaɖe mɔ ɖe nuwo ŋu na mía ɖokui gake míaƒe nya me nasẽ na ame bubuwo ya. Míelɔ̃a taflatsedodo ɖe mía ŋutɔwo míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta, ke hã míete ŋu ɖea ɖeklemi ame bubuwo ƒe vodada siwo ɖewohĩ womeɖi naneke ne wotsɔe sɔ kple mía ŋutɔwo tɔwo o la bɔbɔe. Yesu bia kaŋ be: “Nuka wɔ nèkpɔa ati fefee, si ɖo nɔviwò ƒe ŋku me la, eye atikpo, si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la, mèdzea si eya o mahã?” (Mateo 7:1-3) Mele be míaŋlɔe be o be ne ɖe Yehowa adzro míaƒe vodadawo me tsitotsito la, anye ne mía dometɔ aɖeke mate ŋu anɔ te o. (Psalmo 130:3, 4) Ne Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye wɔe be wòŋe aɖaba ƒu mía nɔviwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi la, amekawoe míenye abu fɔ wo?—Romatɔwo 14:4, 10.
13. Nukata ame dzɔdzɔe kpɔnɛ be ele be yeaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia?
13 Etɔ̃lia, míeɖea mawumedzɔdzɔenyenye fiana ne míekpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me veviedodotɔe. Yehowa xlɔ̃ nu mí be: “Megate nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.” (Lododowo 3:27) Masɔ be míamiã nu ɖe sidzedze si naa agbe si Mawu tsɔ na mí dɔmenyotɔe la dzi o. Enye nyateƒe be ame geɖe maxɔ míaƒe gbedasia o, gake zi alesi Mawu yi edzi le nublanui kpɔm na wo ko la, ele be míalɔ̃ faa ayi edzi ana mɔnukpɔkpɔ wo be woatrɔ “va dzimetɔtrɔ gbɔ.” (Petro II, 3:9) Eye dzi dzɔa mí abe Yesu ene ne míete ŋu kpe ɖe ame aɖe ŋu wòva nusi le eteƒe kple dzɔdzɔenyenye gbɔ. (Luka 15:7) Fifiae nye ɣeyiɣi nyuitɔ si me ‘míaƒã nu le dzɔdzɔenyenye me.’—Hosea 10:12.
‘Amegã Ʋɔnu Dzɔdzɔe Drɔ̃lawo’
14. Akpa kae hamemegãwo wɔna le dzɔdzɔenyenye gome?
14 Ele be mí katã míazɔ le dzɔdzɔenyenyemɔ dzi, gake agbanɔamedzi tɔxɛ aɖe le hamemegã siwo le Kristo-hamea me dzi le go sia me. Nusi dzi Yesu atu eƒe fiaɖuɖu ɖoe nye ‘ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye.’ Eyata Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye nue wòle be hamemegãwo nawɔ nu ɖo. (Yesaya 9:7) Wona nya si wogblɔ ɖi le Yesaya 32:1 la nɔa woƒe susu me be: “Kpɔ ɖa, fia aɖu fia ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye amegãwo aɖu dzi ɖe [ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, NW] nu.” Esi hamemegãwo nye dzikpɔla siwo wotsɔ gbɔgbɔ tia, alo ‘Mawu ƒe xɔnuviwo’ ta la, ele be woawɔ nu wòasɔ ɖe Mawu ƒe mɔ nu.—Tito 1:7.
15, 16. (a) Aleke hamemegãwo srɔ̃a alẽkplɔla nuteƒewɔla si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua mee? (b) Aleke hamemegãwo sena le wo ɖokui me ɖe amesiwo bu le gbɔgbɔ me ŋu?
15 Yesu ɖee fia be dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, kple nugɔmesese dzena le Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye me. Ƒo ye katã ta la, edze agbagba be yeakpe ɖe amesiwo ŋu kuxiwo le ŋu eye “be yeadi, eye yeaɖe amesiwo bu la.” (Luka 19:10) Abe alesi alẽkplɔla si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me wɔ nui, amesi dagba di alẽ bubu la vaseɖe esime wòke ɖe eŋu ene la, hamemegãwo dia amesiwo tra le gbɔgbɔ me eye wodzea agbagba be yewoakplɔ wo woatrɔ ava alẽha la dome.—Mateo 18:12, 13.
16 Le esi teƒe be hamemegãwo nabu fɔ amesiwo ɖewohĩ wowɔ nuvɔ̃ gãwo la, wodina boŋ be yewoada dɔ na wo ahakplɔ wo ayi dzimetɔtrɔ gbɔe ne anya wɔ. Wokpɔa dzidzɔ ne wote ŋu kpe ɖe amesi tra ŋu. Gake woxaa nu ne nuvɔ̃wɔla gbe dzimetɔtrɔ. Ne edzɔ nenema la, Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo bia tso wo si be woaɖe amesi gbe dzimetɔtrɔ la le hame. Ne eva me nenema gɔ̃ hã la, abe alesi vi nudomegblẽla la fofo wɔ ene la, wokpɔa mɔ be vodala la ‘ava nyɔ le susu me’ gbeɖeka. (Luka 15:17, 18) Eyata hamemegãwo ŋutɔ yi ɖasrãa amesiwo woɖe le hame la dometɔ aɖewo kpɔna be woaɖo ŋku alesi woate ŋu agatrɔ ava Yehowa ƒe habɔbɔa mee dzi na wo.a
17. Taɖodzinu kae nɔa hamemegãwo si ne wole nuvɔ̃wɔwɔ ƒe nya gbɔ kpɔm, eye nɔnɔme kae akpe ɖe wo ŋu woaɖo taɖodzinu ma gbɔ?
17 Ele be hamemegãwo nasrɔ̃ Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye vevietɔ ne wole nuvɔ̃wɔwɔ ƒe nyawo gbɔ kpɔm. Nuvɔ̃wɔlawo ‘nɔa Yesu gbɔ vam’ elabena wokpɔe be ase nu gɔme na yewo ahakpe ɖe yewo ŋu. (Luka 15:1; Mateo 9:12, 13) Le nyateƒe me la, menye ɖe Yesu lɔ̃ ɖe nuvɔ̃ si wowɔ dzi o. Esi Zaxeo si xɔ ŋkɔ le ametafatafa me ɖu nu kple Yesu zi ɖeka pɛ la, eʋãe wòtrɔ dzime eye wòɖo fu siwo katã wòwɔ ame bubuwo la teƒe na wo. (Luka 19:8-10) Taɖodzinu ma kee nɔa hamemegãwo si egbea le ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ kpɔkpɔ me—be woakplɔ vodalawo ayi dzimetɔtrɔ gbɔe. Ne wote ŋu tena ɖe wo ŋu faa abe alesi amewo te ɖe Yesu ŋu ene la, anɔ bɔbɔe na nuvɔ̃wɔla geɖe be woadi kpekpeɖeŋu le wo gbɔ.
18. Nukae ana hamemegã nanɔ abe “sitsoƒe tso ya nu” ene?
18 Dzi si te ŋu nyaa amewo ƒe seselelãmewo akpe ɖe hamemegãwo ŋu woawɔ Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye si mezia ame dzi alo nɔa kpaɖii o la ŋudɔ. Enya se be menye ɖeko Ezra dzra eƒe susu ɖo ko o, ke edzra eƒe dzi hã ɖo be yeafia dzɔdzɔenyenye Israel-viwo. (Ezra 7:10) Dzi si sea nu gɔme ana hamemegãwo nawɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo sɔ ŋudɔ eye woabu ame ɖesiaɖe ƒe nɔnɔmewo ŋu. Esime Yesu da dɔ na nyɔnu si ŋu ʋu nɔ dodom le la, eɖee fia be Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye fia be woase susu si ta wode sea kple nya siwo le eme gɔme. (Luka 8:43-48) Míate ŋu atsɔ hamemegã siwo wɔa dzɔdzɔenyenye ŋudɔ le dɔmetɔtrɔ me asɔ kple “sitsoƒe tso ya nu” na amesiwo woa ŋutɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo alo nuɖoanyi vɔ̃ɖi si me míele na nɔnɔmewo sesẽ na wo.—Yesaya 32:2.
19. Aleke nɔvinyɔnu aɖe wɔ nui esi wowɔ nu ɖe eŋu le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye me?
19 Nɔvinyɔnu aɖe si wɔ nuvɔ̃ gã va kpɔ nusi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia ŋutɔŋutɔ. Egblɔ be: “Ne mato nyateƒe la, mevɔ̃ be mayi hamemegãwo gbɔ. Gake wowɔ nu ɖe ŋunye le dɔmetɔtrɔ kple bubu me. Hamemegãwo nɔ abe fofowo ene tsɔ wu be woanye ʋɔnudrɔ̃la siwo ƒe nya me sẽ. Wokpe ɖe ŋunye mekpɔe be Yehowa magbem o ne meɖoe be maɖɔ nye mɔwo ɖo. Nye ŋutɔ meva kpɔe be ehea to na mí abe alesi Fofo lɔ̃ame awɔe ene. Mete ŋu gblɔ nye dzimenyawo na Yehowa eye meka ɖe edzi be ase nye kukuɖeɖewo. Ne metrɔ kpɔ megbe la, mate ŋu agblɔe le nyateƒe me be nye kpekpe kple hamemegãwo ƒe adre enye si va yi nye yayra si tso Yehowa gbɔ. Tso ɣemaɣi la, mía kple Yehowa dome ƒomedodo gasẽ ɖe edzi wu.”
Yi Edzi Nàwɔ Nu Dzɔdzɔe
20. Vi kawoe nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye gɔmesese kple wo ŋudɔwɔwɔ ɖena?
20 Míeda akpe be Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye yi ŋgɔ boo wu be wòana nusi amesiame dze na ko. Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye ʋãe be wòtsɔ agbe mavɔ ɖo amesiwo xɔa edzi sena ƒe ŋkume. (Psalmo 103:10; Romatɔwo 5:15, 18) Mawu wɔa nu kpli mí le mɔ sia nu elabena eƒe dzɔdzɔenyenye na wòbua míaƒe nɔnɔmewo ŋu hedina be yeaxɔ mí tsɔ wu be yeabu fɔ mí. Nyateƒee, alesi Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye de toe la gɔmesese nyuie wu na míetena ɖe eŋu kplikplikpli wu. Eye esi míele agbagba dzem be míasrɔ̃ eƒe amenyenye ƒe akpa sia la, mía kple ame bubuwo míakpɔ yayra geɖe le míaƒe agbe me. Mía Fofo si le dziƒo maŋe aɖaba aƒu alesi míetia dzɔdzɔenyenye yome dzi o. Yehowa do ŋugbe na mí be: “Midzra ɖoɖo la ɖo, eye miwɔ nu dzɔdzɔe. Elabena nye xɔname tu aƒe, ne wòava, kple nye dzɔdzɔenyenye, ne wòaɖe eɖokui afia. Woayra amegbetɔ, si wɔa alea.”—Yesaya 56:1, 2.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Gbetakpɔxɔ, April 15, 1991 (w-EW Vol. 112, No. 8), axa 22-3.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Nukae Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃ fia mí le Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye ŋu?
◻ Nukata tafe la nye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ ɖeɖefia ɖedzesi?
◻ Mɔ etɔ̃ kawo nue míate ŋu awɔ nu dzɔdzɔe le?
◻ Mɔ tɔxɛ ka nue hamemegãwo ate ŋu asrɔ̃ Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Míetoa míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me ɖea mawumedzɔdzɔenyenye fiana
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Ne hamemegãwo ɖe mawumedzɔdzɔenyenye fia la, enɔa bɔbɔe na amesiwo ŋu kuxiwo le be woadi kpekpeɖeŋu tso wo gbɔ