Ta 25
Agbe si Wogbɔ Ðaseɖila Eveawo
1. Nukae mawudɔla sesẽ la bia tso Yohanes si be wòawɔ?
HAFI vɔ̃ evelia nawu nu mlɔeba la, mawudɔla sesẽ la bia tso Yohanes si be wòakpɔ gome le nyagblɔɖi ƒe wɔwɔfia bubu me, esi ku ɖe gbedoxɔa ŋu. (Nyaɖeɖefia 9:12; 10:1) Yohanes ƒe nyatakakae nye si: “Eye wotsɔ ayeti, si le abe atitɔɖeŋu ene la, de asi nam hegblɔ bena: Tsi tre, eye nadzidze mawuxɔ la kple mlekpui la kpakple amesiwo doa gbe ɖa le eme la.”—Nyaɖeɖefia 11:1.
Gbedoxɔ Kɔkɔe La
2. (a) Gbedoxɔ kɔkɔe kae anɔ anyi vaseɖe míaƒe ŋkekea me? (b) Amekae nye gbedoxɔ kɔkɔe la ƒe Nunɔlagã, eye nukae nye eƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la?
2 Gbedoxɔ si ŋu woƒo nu le le afisia la mate ŋu anye gbedoxɔ ŋutɔŋutɔ aɖe si le Yerusalem o, elabena Romatɔwo tsrɔ̃ esiawo ƒe mamletɔ le ƒe 70 M.Ŋ. me. Gake apostolo Paul ɖee fia be hafi tsɔtsrɔ̃ ma nava gɔ̃ hã la, gbedoxɔ kɔkɔe bubu aɖe do si anɔ anyi vaseɖe míaƒe ŋkekea me. Esiae nye gbɔgbɔ me gbedoxɔ gã la si na nyagblɔɖi ƒe kpɔɖeŋu siwo avɔgbadɔa kple gbedoxɔ siwo wotu ɖe Yerusalem emegbe nye la va eme. Eyae nye “agbadɔ vavã, si [Yehowa] Mawu ŋutɔ tu, eye menye amee tui o la,” eye eƒe Nunɔlagãe nye Yesu, amesi ŋuti Paulo ƒo nu le be ebɔbɔ “nɔ anyi ɖe gãnyenye fiazikpui la ƒe nuɖusi me le dziƒowo” xoxo. Eƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe lae nye afisi Yehowa le le dziƒo ŋutɔŋutɔ.—Hebritɔwo 8:1, 2; 9:11, 24.
3. Le avɔgbadɔa me la, nukae esiawo tsi tre ɖi na: (a) xɔmetsovɔ si tso Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea kple Kɔkɔeƒea dome? (b) lãwo ƒe vɔsawo? (d) vɔsamlekpuia?
3 Apostolo Paulo ɖe eme be avɔgbadɔa ƒe xɔmetsovɔ si tso Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la kple Kɔkɔeƒe la dome la tsi tre ɖi na Yesu ƒe ŋutilã. Esi Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔe la, xɔmetsovɔ sia dze ɖe eve, esi ɖee fia be Yesu ƒe ŋutilã meganye mɔxenu na eƒe yiyi ɖe Yehowa ŋkume le dziƒo o. Le Yesu ƒe vɔsa ta la, eƒe nunɔlatevi amesiamina siwo aku le anukwareɖiɖi me la hã ayi ɖe dziƒo le ɣeyiɣi si dze me. (Mateo 27:50, 51; Hebritɔwo 9:3; 10:19, 20) Paulo ɖee fia hã be lãwo ƒe vɔsa siwo woyi edzi sa le avɔgbadɔa me la fia asi Yesu ƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo si wòtsɔ sa vɔ zi ɖeka la. Vɔsamlekpui si nɔ xɔxɔnua tsi tre ɖi na Yehowa ƒe ɖoɖo si wòwɔ le eƒe lɔlɔ̃nu hena Yesu ƒe vɔ si wòsa ɖe “ame geɖewo”—si nye amesiaminawo kple emegbe la alẽ bubuawo, amesiwo “le elalam [hena] xɔxɔ”—ta la xɔxɔ.—Hebritɔwo 9:28; 10:9, 10; Yohanes 10:16.
4. Nuka ƒe kpɔɖeŋue (a) Kɔkɔeƒea nye? (b) xɔxɔnu emetɔa nye?
4 Míate ŋu aƒo nya ta tso nya sia si Mawu ƒe gbɔgbɔ na woŋlɔ la me be Kɔkɔeƒe si nɔ avɔgbadɔa me la tsi tre ɖi na kɔkɔenyenye ƒe nɔnɔme si me Kristo nɔ gbã eye emegbe fia nunɔla siwo nye amesiamina 144,000 la me tɔwo hã nɔa eme esime wokpɔtɔ le anyigba dzi hafi woato “xɔmetsovɔ” la me ayi la. (Hebritɔwo 6:19, 20; Petro I, 2:9) Etsi tre ɖi na wo xɔxɔ abe Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo ene la nyuie, abe alesi Mawu lɔ̃ ɖe edzi be Yesu nye ye Vi le Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ le Yordan me la megbe le ƒe 29 M.Ŋ. me ene. (Luka 3:22; Romatɔwo 8:15) Ke xɔxɔnu emetɔ, si nye agbadɔa ƒe akpa si ko Israel-vi siwo menye nunɔlawo o kpɔna kple afisi wosaa vɔwo le la ya ɖe? Esia tsi tre ɖi na ame Yesu ƒe blibodede ƒe nɔnɔme si na wòdze be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe ameƒomea ta la. Egatsi tre ɖi hã na dzɔdzɔenyenye ƒe tenɔnɔ si wonɔa te ɖe Yesu ƒe vɔsa dzi naa eyomedzela amesiaminawo abe ame kɔkɔewo ene esime wokpɔtɔ le anyigba dzi la.a—Romatɔwo 1:7; 5:1.
Gbedoxɔ Kɔkɔe la Dzidzedzidze
5. Le Hebri Ŋɔŋlɔa ƒe nyagblɔɖiwo me la, nukae (a) Yerusalem dzidzedzidze la fia? (b) ŋutega me gbedoxɔa si Xezekiel kpɔ la dzidzedzidze fia?
5 Wogblɔ na Yohanes be “[wòadzidze] mawuxɔ la kple mlekpui la kpakple amesiwo doa gbe ɖa le eme la.” Nukae esia fia? Le Hebri Ŋɔŋlɔa ƒe nyagblɔɖiwo me la, nuwo dzidzedzidze ma nye kpeɖodzi be woanɔ te ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo dzi adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe si me nublanuikpɔkpɔ le. Le Fia Manase vɔ̃ɖi la ƒe ŋkekeawo me la, Yerusalem si wodzidze le nyagblɔɖimɔ nu la nye ɖaseɖiɖi be wodrɔ̃ ʋɔnu matrɔmatrɔ du ma be woatsrɔ̃e. (Fiawo II, 21:13; Konyifahawo 2:8) Gake emegbe esime Yeremya kpɔ wonɔ Yerusalem dzidzem la, esia ɖo kpe edzi be woagbugbɔ du la atso. (Yeremya 31:39; kpɔ Zaxarya 2:5-12 hã.) Nenema kee ŋutega me gbedoxɔa dzidzedzidze le akpawo katã pɛpɛpɛ si Xezekiel kpɔ la nye kpeɖodzi na Yudatɔ aboyome siwo nɔ Babilon la be woagagbugbɔ tadedeagu vavãtɔ aɖo anyi ɖe wo denyigba dzi. Eganye ŋkuɖodzinu hã be le Israel ƒe nuvɔ̃wo ta la, ele be woanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenu kɔkɔeawo nu tso ɣemaɣi dzi.—Xezekiel 40:3, 4; 43:10.
6. Nuka ƒe dzesie gbedoxɔ kɔkɔe la kple nunɔla siwo le subɔsubɔm le eme si wogblɔ na Yohanes be wòadzidze la nye? Ðe eme.
6 Eyata esi wogblɔ na Yohanes be wòadzidze gbedoxɔ kɔkɔea kple nunɔla siwo le ta dem agu le eme la, enye dzesi si fia be naneke mate ŋu axe mɔ na Yehowa ƒe tameɖoɖo siwo ku ɖe gbedoxɔ ƒe ɖoɖoa kple amesiwo do ƒome kplii ŋu la ƒe emevava o, eye wòfia be tameɖoɖo mawo ƒe nuwuwu tu aƒe. Azɔ esi wode nuwo katã Yehowa ƒe dɔla sesẽ la ƒe afɔ te la, ɣeyiɣia de be “Yehowa ƒe aƒe ƒe to la” ‘nakɔ ta agbɔ towo ŋu.’ (Yesaya 2:2-4) Ele be woado Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛ la ɖe dzi, le Kristodukɔa ƒe xɔsegbegbe ƒe alafa geɖe la megbe. Ɣeyiɣia de hã be woafɔ Yesu nɔvi anukwaretɔ siwo ku la ɖe tsitre be woayi ɖe ‘Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea.’ (Daniel 9:24; Tesalonikatɔwo I, 4:14-16; Nyaɖeɖefia 6:11; 14:4) Eye ele be woadzidze ‘mía Mawu ƒe dɔtsɔla’ siwo nu wotre la ƒe ame susɔe siwo le anyigba dzi la ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu be woadze hena gbedoxɔ ƒe ɖoɖoa me nɔnɔ ɖaa abe Mawu ƒe vi siwo wòtsɔ gbɔgbɔ dzii ene. Egbea Yohanes habɔbɔa nya dzidzenu kɔkɔe mawo nyuie eye wòɖoe kplikpaa be yeanɔ agbe ɖe wo nu.—Nyaɖeɖefia 7:1-3; Mateo 13:41, 42; Efesotɔwo 1:13, 14; tsɔe sɔ kple Romatɔwo 11:20.
Avuzi Nyanyã le Xɔxɔnua Dzi
7. (a) Nukatae wogblɔ na Yohanes be megadzidze xɔxɔnu la o? (b) Ɣekaɣie wonyã avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti 42? (d) Aleke Kristodukɔa ƒe osɔfowo mete ŋu lé Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi ɣleti 42 o?
7 Nukatae wode se na Yohanes be megadzidze xɔxɔnua o? Egblɔe na mí le nya siawo me be: “Eye naɖe xɔxɔnu, si le gbedoxɔa ŋu la, le eme, eye megadzidzee o; elabena wotsɔe na trɔ̃subɔlawo, eye woanyã avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blane vɔ eve sɔŋ.” (Nyaɖeɖefia 11:2) Míede dzesii be xɔxɔnu emetɔa tsi tre ɖi na Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe tenɔnɔ esime wole anyigba dzi. Abe alesi míava kpɔe ene la, nya si wogblɔ ɖe afisia la ku ɖe ɣleti 42 ŋutɔŋutɔ, si nye ƒe 1914 ƒe October me vaseɖe ƒe 1918 me ŋu, esime wodo amesiwo katã be yewonye Kristotɔwo la kpɔ vevie. Ðe woalé Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi le aʋawɔƒe mawo mea? Wo dome ame akpa gãtɔ mewɔe nenema o. Kristodukɔa ƒe osɔfowo katã tsɔ dulɔlɔ̃ ɖo ŋgɔ na Mawu ƒe se dzi wɔwɔ. Le aʋa la si wowɔ le Kristodukɔa me koŋ ƒe akpa evea siaa dzi la, osɔfoawo gblɔ mawunya tsɔ ɖo ɖekakpuiwo ɖe aʋagbedzi. Wowu ame miliɔn geɖe. Le ɣeyiɣi si me ʋɔnudɔdrɔ̃ ma dze egɔme le Mawu ƒe aƒea me le ƒe 1918 me la, United States hã ge ɖe ʋukɔkɔɖi ma me, eye Kristodukɔa katã ƒe osɔfowo ɖi ʋufɔ si kpɔtɔ le Mawu ƒe hlɔ̃biabia lalam. (Petro I, 4:17) Wo tsɔtsɔ aƒu gbe la zu nu matrɔmatrɔ si anɔ anyi ɖaa.—Yesaya 59:1-3, 7, 8; Yeremya 19:3, 4.
8. Le Xexemeʋa I me la, nukae Biblia Nusrɔ̃viawo dometɔ geɖe kpɔ dze sii, gake nuka gɔmee womese bliboe o?
8 Ke Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe habɔbɔ sue la ya ɖe? Ðe woatsɔ woƒe wɔwɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo dzi la adzidze wo enumake le ƒe 1914 mea? Ao. Abe Kristodukɔa me yeaɖi Kristotɔwo ene la, ele be woado woawo hã akpɔ. ‘Wotsɔ wo ƒu gbe kura hetsɔ wo na dukɔwo’ be woado wo akpɔ vevie ahati wo yome. Wo dometɔ geɖe kpɔe dze sii be mele be yewoayi aɖawu yewo havi amegbetɔ o, gake womese Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade gɔme bliboe ɣemaɣi o. (Mixa 4:3; Yohanes 17:14, 16; Yohanes I, 3:15) Esi dukɔwo ƒo nya ɖe wo nu la, wo dometɔ aɖewo na ta.
9. Nukae nye du kɔkɔe si dzi dukɔwo nyã avuzi le la, eye amekawoe nye du sia teƒenɔlawo le anyigba dzi?
9 Gake aleke dukɔ mawo nyã avuzi le du kɔkɔea dzie? Edze ƒã be esia meku ɖe Yerusalem si wotsrɔ̃ ƒe 25 kple vɔ hafi woŋlɔ Nyaɖeɖefia la ŋu o. Ke boŋ du kɔkɔe lae nye Yerusalem Yeye si ŋuti woƒo nu le emegbe le Nyaɖeɖefia me eye Kristotɔ amesiamina siwo le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu emetɔa me la ƒe ame susɔeawo nye eteƒenɔlawo le anyigba dzi fifia la. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, amesiawo hã ava zu du kɔkɔe la ƒe akpa aɖe. Eyata avuzi nyanyã le wo dzi la sɔ kple avuzi nyanyã le dua ŋutɔŋutɔ dzi.—Nyaɖeɖefia 21:2, 9-21.
Ðaseɖila Eveawo
10. Nukae wòle be Yehowa ƒe ɖasefo anukwaretɔwo nanɔ wɔwɔm esime wole avuzi nyãm le wo dzi?
10 Esime wogale avuzi nyãm le wo dzi gɔ̃ hã la, nuteƒewɔla siawo medzudzɔ Yehowa ƒe ɖasefo anukwaretɔwo nyenye o. Eyata nyagblɔɖia yi edzi be: “Eye mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaade, eye woanɔ akpanya me. Amesiawo nye amiti eve kple akaɖiti eve, siwo le tsitre ɖe anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋku me la.”—Nyaɖeɖefia 11:3, 4.
11. Nukae “akpanya me” si Kristotɔ amesiamina anukwaretɔwo anɔ agblɔ nya ɖi la fia?
11 Dzidodo ƒe nɔnɔme hiã na Kristotɔ amesiamina anukwaretɔ siawo, elabena ele be “woanɔ akpanya me” agblɔ nya ɖi. Nukae esia fia? Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, zi geɖe la akpanya nyea konyifafa ƒe dzesi. Etata nye dzesi be amea le konyi fam alo nu te ɖe edzi vevie. (Mose I, 37:34; Hiob 16:15, 16; Xezekiel 27:31) Akpanya ƒe nya nɔ dzɔgbevɔ̃e alo nuxaxa ƒe gbedasi wɔnublanui siwo wòle be Mawu ƒe nyagblɔɖilawo naɖe gbe ƒãe la me. (Yesaya 3:8, 24-26; Yeremya 48:37; 49:3) Akpanyatata ate ŋu afia ɖokuibɔbɔ alo dzimetɔtrɔ le Mawu ƒe nuxlɔ̃me ta. (Yona 3:5) Edze abe ɖe akpanya si ɖaseɖila eveawo ta la fia woƒe dzidodo ɖokuibɔbɔtɔe le gbeƒãɖeɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me la ene. Wonye ɖasefo siwo nɔ gbe ƒã ɖem eƒe hlɔ̃biaŋkeke si ahe nuxaxa hã vɛ na dukɔwo la.—Mose V, 32:41-43.
12. Nukatae wòdze abe menye kpɔɖeŋue ɣeyiɣi si me woanyã avuzi le du kɔkɔea dzi la ƒe didime nye ene o?
12 Ele be Yohanes habɔbɔa naɖe gbe ƒã gbedasi sia hena ɣeyiɣi aɖe si woyɔ tututu: ŋkeke 1,260, alo ɣleti 42 si ƒe didime sɔ kple ɣeyiɣi si woanyã avuzi le du kɔkɔea dzi la. Edze abe ɖe ɣeyiɣi sia menye kpɔɖeŋu o ene, elabena wogblɔe le mɔ eve nu, gbã le ɣletiwo me eye emegbe le ŋkekewo me. Hekpe ɖe eŋu la, le Aƒetɔ ƒe ŋkekea ƒe gɔmedzedzea me la, ƒe etɔ̃ kple afã ƒe ɣeyiɣi aɖe si wode dzesii nɔ anyi si me nu sesẽ siwo me Mawu ƒe amewo to la sɔ kple nudzɔdzɔ siwo wogblɔ ɖi ɖe afisia—esiwo dze egɔme tso xexemeʋa gbãtɔ ƒe gɔmedzedze le ƒe 1914 ƒe nuwuwu lɔƒo la dzi heyi edzi vaseɖe ƒe 1918 ƒe gɔmedzedze lɔƒo. (Nyaɖeɖefia 1:10) Woɖe gbe ƒã “akpanya” ƒe gbedasi ku ɖe Yehowa ƒe ʋɔnu si wòdrɔ̃ Kristodukɔa kple xexeame la ŋu.
13. (a) Nukae nyateƒe si wònye be wotsɔ ɖaseɖila eve wɔ Kristotɔ amesiaminawo ƒe kpɔɖeŋue la fia? (b) Zaxarya ƒe nyagblɔɖi ka dzie ɖaseɖila eve siwo Yohanes yɔ be “amiti eve kple akaɖiti eve” la ɖo ŋkui na mí?
13 Nyateƒe si wònye be wotsɔ ɖasefo eve wɔ woƒe kpɔɖeŋue la ɖo kpe edzi na mí be woƒe gbedasia nye nyateƒe eye kakaɖedzi nɔ eŋu. (Tsɔe sɔ kple Mose V, 17:6; Yohanes 8:17, 18.) Yohanes yɔ wo be “amiti eve kple akaɖiti eve” eye wògblɔ be wole “tsitre ɖe anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋku me.” Edze ƒã be esia nye asifiafia Zaxarya, amesi kpɔ akaɖiti si ŋu akaɖigbɛ adre nɔ kple amiti eve la, ƒe nyagblɔɖia. Wogblɔ be amitiawo tsi tre ɖi na ‘amesiamina eveawo,’ siwo nye Anyigbanunɔla Zerubabel kple Nunɔlagã Yosua, “siwo tsi tre ɖe anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋku me.”—Zaxarya 4:1-3, 14.
14. (a) Nukae amiti eve ƒe ŋutega si Zaxarya kpɔ la fia? eye akaɖitia hã ɖe? (b) Nukawo mee Kristotɔ amesiaminawo ato le xexemeʋa gbãtɔ me?
14 Zaxarya nɔ agbe le du gbugbɔgatso ƒe ɣeyiɣi me, eye amiti eve ŋuti ŋutega si wòkpɔ la fia be woatsɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ ayra Zerubabel kple Yosua le ŋusẽdodo amewo hena dɔa wɔwɔ me. Akaɖiti ƒe ŋutega la ɖo ŋku edzi na Zaxarya be ‘wòagado vlo gɔmedzedze nyaŋui’ o elabena Yehowa ƒe tameɖoɖowo ava eme—menye “to aʋakɔ alo ŋusẽ me o, ke boŋ to nye gbɔgbɔ dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe!” (Zaxarya 4:6, 10; 8:9) Woawɔ Kristotɔwo ƒe habɔbɔ sue si tsɔ kutrikuku nɔ nyateƒea ƒe kekeli tsɔm yi na ameƒomea le xexemeʋa gbãtɔ me la hã ŋudɔ nenema le gbugbɔgatu ƒe dɔ aɖe me. Woawo hã woanye tutuɖotsoƒe eye, togbɔ be womesɔ gbɔ o hã la, woasrɔ̃ alesi woaɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ ŋue, eye womado vlo gɔmedzedze nyaŋui ƒe ɣeyiɣia o.
15. (a) Nyateƒe si wònye be woƒo nu tso Kristotɔ amesiaminawo ŋu be wonye ɖaseɖila eve la ɖo ŋku nuka hã dzi na mí? Ðe eme. (b) Dzesi ka ƒomeviwoe wona ŋusẽ ɖaseɖila eveawo be woawɔ?
15 Nyateƒe si wònye be woƒo nu tso wo ŋu be wonye ɖaseɖila eve la hã ɖo ŋku [Yesu ƒe] nɔnɔmetɔtrɔ la dzi na mí. Le ŋutega ma me la, Yesu ƒe apostolo etɔ̃ kpɔe le Fiaɖuƒe ŋutikɔkɔe me, eye Mose kple Eliya nɔ eŋu. Esia nye ŋutikɔkɔe ƒe fiazikpui dzi si Yesu bɔbɔ nɔ le ƒe 1914 me be yeawɔ dɔ si nyagblɔɖila eve mawo tsi tre ɖi na la ƒe kpɔɖeŋu. (Mateo 17:1-3; 25:31) Enye nusi sɔ be wokpɔ ɖaseɖila eveawo azɔ be wole dzesi siwo ɖi Mose kple Eliya tɔwo la wɔm. Le kpɔɖeŋu me, Yohanes gblɔ le wo ŋu be: “Eye ne ame aɖe di be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, dzo dona tsoa woƒe nu me, eye wòfiãa woƒe ketɔwo; eye ne ame aɖe di be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, ele be, woawui nenema ke. Ŋusẽ le amesiawo si be, woatu dziƒo nu, bena tsi magadza le woƒe nyagblɔɖiŋkekeawo me o.”—Nyaɖeɖefia 11:5, 6a.
16. (a) Aleke dzesi si lɔ dzo ɖe eme la ɖo ŋku ɣeyiɣi si me wotɔ gbe Mose ƒe ŋusẽ le Israel la dzi na míe? (b) Aleke Kristodukɔa ƒe osɔfowo tsi tre ɖe Biblia Nusrɔ̃viwo ŋu hehe fuɖenamewo va wo dzi le xexemeʋa gbãtɔ mee, eye aleke amesiawo ʋli wo ɖokui tae?
16 Esia ɖo ŋku ɣeyiɣi si me wotɔ gbe Mose ƒe ŋusẽ le Israel la dzi na mí. Nyagblɔɖila ma gblɔ ʋɔnudrɔ̃nya siwo nu sẽ, eye Yehowa tsrɔ̃ aglãdzelawo hena dzo ŋutɔŋutɔ si tso dziƒo fiã wo dome ame 250. (Mose IV, 16:1-7, 28-35) Nenema kee Kristodukɔa ƒe ŋgɔnɔlawo tsi tre ɖe Biblia Nusrɔ̃viawo ŋu hegblɔ be amesiawo mede osɔfosukuwo kpɔ o. Gake ɖaseɖiɖi siwo de ŋgɔ wu nɔ Mawu ƒe ɖasefowo si abe subɔlawo ene: esiwo nye ame fatu siwo wɔ ɖe woƒe gbedasi si tso Ŋɔŋlɔa me dzi la. (Korintotɔwo II, 3:2, 3) Le ƒe 1917 me la, Biblia Nusrɔ̃viawo ta The Finished Mystery si nye Nyaɖeɖefia kple Xezekiel ƒe numeɖeɖe sẽŋu aɖe. Axa ene ƒe trakt si nye The Bible Students Monthly si me nyati si nye “Babilon ƒe Mumu—Nusita Wòle Be Kristodukɔa Nakpe Fu Azɔ—Emetsonu Mamlea” le la ɖekaɖeka 10,000,000 mamã kplɔ esia ɖo. Le United States la, osɔfo siwo do dziku vevie la tsɔ aʋawɔɣi ƒe seselelãme siwo gbɔ eme la wɔ taflatsedodo be woana woaɖo asi agbalẽa dzi. Le dukɔ bubuwo me la, woxlẽ agbalẽa heɖe akpa aɖewo le eme. Gake Yesu ƒe subɔlawo tsɔ axa ene ƒe trakt si ƒe tanyae nye Kingdom News ƒe tata siwo nu sẽ abe dzo ene yi edzi nɔ wo ɖokui ta ʋlimee. Esi Aƒetɔ ƒe ŋkekea le edzi yim la, agbalẽ bubuwo ana alesi Kristodukɔa ku le gbɔgbɔ mee la nadze ƒã.—Tsɔe sɔ kple Yeremya 5:14.
17. (a) Eliya ƒe ŋkekea me nudzɔdzɔ kawoe lɔ kuɖiɖi kple dzo ɖe eme? (b) Aleke dzo do tso ɖaseɖila eveawo ƒe nu mee, eye kuɖiɖi ka ƒomevie wòlɔ ɖe eme?
17 Ke Eliya ya ɖe? Le Israel-fiawo ŋɔli la, nyagblɔɖila sia gblɔ be ku aɖi abe dziku si Yehowa do ɖe Israel-vi siwo nɔ ta dem agu na Baal ŋu la ƒe ɖeɖefia ene. Kuɖiɖia xɔ ƒe etɔ̃ kple afã. (Fiawo I, 17:1; 18:41-45; Luka 4:25; Yakobo 5:17) Emegbe esi Fia Axazya maɖianukware la dɔ asrafowo be woatsɔ akpasesẽ ana Eliya nava ye ŋkume la, nyagblɔɖila la na dzo tso dziƒo va fiã asrafoawo. Esi asrafomegã aɖe va de bubu si dze Eliya ƒe ɖoƒe abe nyagblɔɖila ene ŋu ko hafi wòlɔ̃ woa kplii woyi fia la gbɔ. (Fiawo II, 1:5-16) Nenema kee le ƒe 1914 kple 1918 dome la, amesimina susɔeawo tsɔ dzideƒo he susu yi gbɔgbɔ me kuɖiɖi si le Kristodukɔa me la dzi eye woxlɔ̃ nu tso ʋɔnudɔdrɔ̃ si le abe dzo ene si gbɔna le ‘Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la ƒe vava me’ la ŋu.—Maleaxi 3:19, 23; Amos 8:11.
18. (a) Ŋusẽ kae wotsɔ na ɖaseɖila eveawo, eye aleke wòɖi esi wotsɔ na Mose lae? (b) Aleke ɖaseɖila eveawo ɖe ha Kristodukɔ lae?
18 Yohanes yi edzi gblɔ le ɖaseɖila eveawo ŋu be: “Eye ŋusẽ le wo si ɖe tɔwo dzi, be woatrɔ wo woazu ʋu, eye be woatsɔ fuwɔame tsyo ƒomevi aƒo anyigba la zi geɖe, alesi wolɔ̃.” (Nyaɖeɖefia 11:6b) Be Yehowa nana Farao naɖe asi le Israel-viwo ŋu woadzo la, eto Mose dzi he fuwɔamewo va Egipte si te ame ɖe anyi la dzi, eye esiawo dometɔ ɖekae nye tsi tɔtrɔ wòzu ʋu. Le ƒe alafawo megbe la, Israel-viwo ƒe futɔ Filistitɔwo ɖo ŋku nusiwo Yehowa wɔ Egipte la dzi, eye esia na wodo ɣli gblɔ be: “Amekae aɖe mí atso Mawu ŋusẽtɔ sia si me? Mawu siae nye amesi he amewuwu ƒomevi ɖesiaɖe [“dɔvɔ̃ geɖewo,” Eʋegbe Biblia] va Egipte dzi le gbedzi.” (Samuel I, 4:8, NW; Psalmo 105:29) Mose tsi tre ɖi na Yesu, amesi si ŋusẽ nɔ be wògblɔ ʋɔnu si Mawu drɔ̃ subɔsubɔha ƒe ŋgɔnɔlawo le eŋɔli la na wo. (Mateo 23:13; 28:18; Dɔwɔwɔwo 3:22) Eye le xexemeʋa gbãtɔ me la, Kristo nɔvi siwo nye ɖaseɖila eveawo klo nu le ‘tsi’ si Kristodukɔa nɔ eƒe alẽhawo nam la dzi be ewua ame.
Wowu Ðaseɖila Eveawo
19. Le Nyaɖeɖefia ƒe nya nu la, nukae dzɔ esime ɖaseɖila eveawo wu woƒe ɖaseɖiɖia nu?
19 Fukpekpe sia si wohe va Kristodukɔa dzi la nu sẽ ale gbegbe be esi ɖaseɖila eveawo nɔ akpanya me gblɔ nya ɖi ɣleti 42 vɔ la, Kristodukɔa wɔ eƒe xexemeŋusẽkpɔɖeamedzi la ŋudɔ hena ‘wowu’ wo. Yohanes ŋlɔe bena: “Eye ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu vɔ la, ekema lã, si do tso aʋli me la, awɔ aʋa kpli wo, eye wòaɖu wo dzi, eye wòawu wo. Eye woƒe ŋutilã kukuwo anɔ du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ du sia le lododo me bena: Sodom kple Egipte, afisi hã woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le. Eye dukɔwo ƒe ƒomeawo kple gbegbɔgblɔwo kpakple trɔ̃subɔlawo dometɔ aɖewo lakpɔ woƒe ŋutilã kukuawo ŋkeke etɔ̃ kple afã, eye womaɖe mɔ be, woaɖi woƒe ŋutilã kukuawo o. Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.”—Nyaɖeɖefia 11:7-10.
20. Nukae nye “lã, si do tso aʋli me la”?
20 Lã wɔadã ŋkɔ si woyɔ zi 37 le Nyaɖeɖefia me la ƒe gbãtɔe nye sia. Emegbe míadzro lã sia kple lã bubuwo ŋuti nya me tsitotsito. Míagblɔ fifia gbɔ be “lã, si do tso aʋli me la” nye nusi Satana to vɛ, wònye dunyahenuɖoanyi si li.b—Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 13:1; Daniel 7:2, 3, 17.
21. (a) Aleke ɖaseɖila eveawo ƒe mawusubɔsubɔ me futɔwo wɔ aʋawɔɣi ƒe nɔnɔmea ŋudɔe? (b) Nukae nyateƒe si wònye be wogblẽ ɖaseɖila eveawo ƒe kukuawo ɖi maɖimaɖii la fia? (d) Aleke wòle be woabu ŋkeke etɔ̃ kple afã ƒe ɣeyiɣi lae? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)
21 Dukɔwo ƒo wo ɖokui ɖe xexemeʋa gbãtɔ me tso ƒe 1914 vaseɖe ƒe 1918 me. Dulɔlɔ̃ ƒe seselelãmewo nu sẽ, eye le ƒe 1918 ƒe adame la, ɖaseɖila eveawo ƒe mawusubɔsubɔ me futɔwo wɔ nɔnɔme ma ŋudɔ. Wotrɔ mo na Dukɔa ƒe sedzikpɔkpɔ ƒe ɖoɖoa ayetɔe ale be wonɔ te ɖe aʋatsonutsotso si nye be Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe subɔla siwo le ŋgɔ na dɔa le aglãdzegbɔgbɔ dom ɖe amewo me la dzi de wo gaxɔ me. Woƒe dɔwɔhati anukwareɖilawo ƒe mo wɔ yaa. Fiaɖuƒedɔa tɔ kloe. Ðeko wònɔ abe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ku ene. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, enye vlodoame gã aɖe be womaɖi ame ɖe ŋkuɖodziyɔdo me o. (Psalmo 79:1-3; Fiawo I, 13:1, 22) Eyata vlodoame gã aɖe anɔ ɖaseɖila eveawo maɖimaɖi ŋu. Le alesi Palestina xɔ dzo ta la, ame kuku si wogblẽ ɖe ablɔ me la adze ʋeʋẽ gɔme le ŋkeke etɔ̃ kple afã ŋutɔŋutɔ megbe vavã.c (Tsɔe sɔ kple Yohanes 11:39.) Eyata nyagblɔɖia me nya sia fia ŋukpe si me wòle be ɖaseɖila eveawo nato la. Wogbe be womegada megbe na amesiwo ƒe nya míegblɔ ɖe etame be wode wo mɔ̃ la ahaɖe asi wo ŋu esime wotsɔ nya la yi be woagbugbɔ adrɔ̃ la o. Wodo ŋukpe wo le dutoƒo ɣeyiɣi didi aɖe ale be wova nɔ ʋeʋẽm ɖe “du gã la” me tɔwo. Gake nukae nye “du gã” sia?
22. (a) Nukae nye du gã la? (b) Aleke xexeame ƒe nyadzɔdzɔŋlɔlawo wɔ ɖeka kple osɔfowo le aseyetsotso ɖe ŋusẽ si woxɔ le ɖaseɖila eveawo si ta la mee? (Kpɔ aɖaka la me.)
22 Yohanes gblɔ nya aɖewo siwo fia mɔ mí. Egblɔ be wowu Yesu le afima. Eyata míaƒe susu yi Yerusalem dzi enumake. Gake egblɔ hã be woyɔa du gã la be Sodom kple Egipte. Aã, woyɔ Yerusalem ŋutɔŋutɔ ɣeaɖeɣi kpɔ be Sodom le eƒe nuwɔna makɔmakɔwo ta. (Yesaya 1:8-10; tsɔe sɔ kple Xezekiel 16:49, 53-58.) Eye ɣeaɖewoɣi la, Egipte si nye xexemeŋusẽ gbãtɔ la dzena abe xexemenuɖoanyi sia ƒe kpɔɖeŋu ene. (Yesaya 19:1, 19; Yoel 4:19) Eyata du gã sia tsi tre ɖi na “Yerusalem” ƒoɖi aɖe si gblɔna be yedea ta agu na Mawu gake wòzu teƒe makɔmakɔ si wowɔa nuvɔ̃ le abe Sodom ene, kple Satana ƒe xexemenuɖoanyi sia ƒe akpa aɖe, abe Egipte ene. Etsi tre ɖi na Kristodukɔa, si nye Yerusalem maɖianukware la ƒe egbegbekpɔɖeŋu kple habɔbɔ si me tɔwo gli kple dzidzɔ le susu geɖe ta esime wotsi ɖaseɖila eveawo ƒe gbeƒãɖeɖe si ɖe fu na wo la nu la.
Wona Wogagbɔ Agbe!
23. (a) Nukae dzɔ ɖe ɖaseɖila eveawo dzi le ŋkeke etɔ̃ kple afã megbe, eye dɔ kae esia wɔ ɖe woƒe futɔwo dzi? (b) Ɣekaɣie Nyaɖeɖefia 11:11, 12 kpakple Xezekiel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe alesi Yehowa gbɔ ɖe bali si me ƒu ƒuƒuwo le dzi ŋu la va emee le egbeŋkekewo me?
23 Xexeame ƒe nyadzɔdzɔgblɔlawo wɔ ɖeka kple osɔfowo le vlododo Mawu ƒe amewo me, eye nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be: “Wohe The Finished Mystery la ƒe nuwuwu vɛ.” Gake nya ma to vovo na nyateƒea kura! Ðaseɖila eveawo metsi ku me o. Míexlẽe bena: “Eye ŋkeke etɔ̃ kple afã megbe la agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe wo me, eye wotsi tre ɖe woƒe afɔwo dzi, eye vɔvɔ̃ gã aɖe va dze amesiwo kpɔ wo la dzi. Eye wose gbe gã aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm na wo bena: Miva dziƒo afii! Eye woyi dziƒo le alilikpo me, eye woƒe futɔwo kpɔ wo ɖa.” (Nyaɖeɖefia 11:11, 12) Eyata nusi dzɔ ɖe ƒu ƒuƒu siwo nɔ bali si me Xezekiel yi le ŋutega me la me dzi la tɔgbe dzɔ ɖe wo dzi. Yehowa gbɔ ɖe ƒu ƒuƒu mawo dzi, eye wogbɔ agbe wònye alesi woagagbugbɔ Israel-dukɔa aɖo anyi le aboyomenɔnɔ le Babilon ƒe 70 megbe la ƒe kpɔɖeŋu. (Xezekiel 37:1-14) Nyagblɔɖi eve siawo siwo le Xezekiel kple Nyaɖeɖefia me la va eme le egbeŋkekeawo me wòɖe dzesi le ƒe 1919 me esime Yehowa gagbɔ agbe eƒe ɖasefo “kukuawo” hena lãmesẽ wo.
24. Esi ɖaseɖila eveawo gbɔ agbe la, aleke wòwɔ dɔ ɖe subɔsubɔha me tɔ siwo ti wo yome la dzie?
24 Aleke wòhena dzidzi ƒo yometila mawoe nye si! Le vo me la, ɖaseɖila eveawo ƒe kukuawo gagbɔ agbe eye wogale dɔ wɔm ake. Enye nya si ve osɔfo mawo ŋutɔ, vevietɔ esi woɖe asi le subɔla Kristotɔ siwo wotsɔ tame vɔ̃ ɖoɖo na wode wo gaxɔ me la ŋu eye wotso afia na wo keŋkeŋ emegbe be womeɖi fɔ o la. Dzidziƒoame ma nu anya sẽ ɖe edzi wu esime Biblia Nusrɔ̃viawo wɔ takpekpe le ƒe 1919 ƒe September me le Cedar Point, Ohio, U.S.A. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla J. F. Rutherford si woɖe le gaxɔ me eteƒe medidi o la tsɔ eƒe nuƒo si nye “Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe La,” si nɔ te ɖe Nyaɖeɖefia 15:2 kple Yesaya 52:7 dzi la ʋã takpekpea valawo le afisia. Yohanes habɔbɔa me tɔwo gadze ‘nyagbɔgblɔɖi’ alo gbeƒãɖeɖe le dutoƒo gɔme ake. Woƒe ŋusẽ nɔ dzidzim ɖe edzi eye woklo nu le Kristodukɔa ƒe alakpanuwɔwɔ dzi vɔvɔ̃manɔmee.
25. (a) Ɣekaɣie wogblɔ na ɖaseɖila eveawo be, “Miva dziƒo afii,” eye aleke ema va emee? (b) Aleke agbe si wogbɔ ɖaseɖila eveawo na dzidzi ƒo du gã lae?
25 Kristodukɔa gadze agbagba enuenu be dziɖuɖu si yekpɔ le ƒe 1918 me la nagasu ye si ake. Etrɔ ɖe nuvlowɔlawo ƒe hawo ƒe nuwɔwɔ, se zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, gaxɔmenɔnɔ, kple amewuwuwo gɔ̃ hã ŋu—gake ye katã medze edzi o! Le ƒe 1919 megbe la, ɖaseɖila eveawo ƒe gbɔgbɔ me nɔƒe la megatsɔ ɖe egbɔ o. Le ƒe ma me la Yehowa gblɔ na wo be: “Miva dziƒo afii,” eye wolia yi gbɔgbɔ me nɔnɔme kɔkɔ aɖe si me woƒe futɔwo te ŋu kpɔ wo le gake womete ŋu ka asi wo ŋu o la me. Yohanes ɖɔ alesi agbe si wogagbɔ wo la na dzidzi ƒo du gã lae be: “Eye le gaƒoƒo kema ke me la, anyigba ʋuʋu ŋutɔ, eye du la ƒe akpa ewolia mu dze anyi, eye wowu ame akpe adre le anyigbaʋuʋu la me, eye susɔeawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la.” (Nyaɖeɖefia 11:13) Mawusubɔsubɔhawo ʋuʋu vevie vavã. Ðeko wònɔ abe ɖe anyigba le ʋuʋum le sɔlemeha siwo woɖo la ƒe ŋgɔnɔlawo te ene esime Kristotɔ siwo wogagbɔ agbee ƒe habɔbɔ sia dze dɔwɔwɔ gɔme. Ewɔ dɔ ɖe woƒe dua ƒe akpa ewolia si nye kpɔɖeŋu ƒe ame 7,000 dzi ale gbegbe be wogblɔ be wowu wo.
26. Amekawoe Nyaɖeɖefia 11:13 me “du la ƒe akpa ewolia” kple “ame akpe adre” la tsi tre ɖi na? Ðe eme.
26 Nyagbɔgblɔ “du la ƒe akpa ewolia” ɖo ŋku edzi na mí be Yesaya gblɔ nya ɖi ku ɖe blema Yerusalem ŋu be akpa ewolia atsi agbe le dua ƒe tsɔtsrɔ̃ me abe dzidzime kɔkɔe ene. (Yesaya 6:13) Nenema kee xexlẽme 7,000 la ɖo ŋku edzi na mí be esime Eliya se le eɖokui me be ye ɖeka koe kpɔtɔ nɔ anukware ɖim le Israel la, Yehowa gblɔ nɛ be le nyateƒe me la ame 7,000 kpɔtɔ li, amesiwo mede ta agu na Baal o. (Fiawo I, 19:14, 18) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, apostolo Paulo gblɔ be ame 7,000 siawo tsi tre ɖi na Yudatɔ susɔe siwo wɔ nu ɖe Kristo ŋuti nya nyuia nu. (Romatɔwo 11:1-5) Ŋɔŋlɔ siawo kpena ɖe mía ŋu be míase egɔme be Nyaɖeɖefia 11:13 me “ame akpe adre” kple “du la ƒe akpa ewolia” lae nye amesiwo va wɔ ɖeka kple ɖaseɖila eve siwo wogagbɔ agbee la eye wodzo le du gã si wɔ nuvɔ̃ la me la. Ele abe ɖe woku le Kristodukɔa gome ene. Woɖe woƒe ŋkɔwo ɖa le woƒe hameviwo dome. Le eya gome la, womegali o.d
27, 28. (a) Aleke ‘ame susɔewo tsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu lae’? (b) Nuka dzie woƒoe ɖe Kristodukɔa ƒe osɔfowo nu be woalɔ̃ ɖo?
27 Gake aleke Kristodukɔa ƒe ame ‘susɔeawo tsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu lae’? Kakaɖedzitɔe la, menye to asiɖeɖe le woƒe xɔsegbegbe ƒe subɔsubɔ ŋu kple Mawu ƒe subɔlawo zuzu dzie o. Ke boŋ ele abe alesi woɖe eme ɖe Vincent ƒe Word Studies in the New Testament me ene le nyagbɔgblɔ “wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la” me dzodzro me. Wogblɔ le afima be: “Nyagbɔgblɔ la mefia tɔtrɔ ato mɔ bubu dzi, alo dzimetɔtrɔ, alo akpedada o, ke boŋ lɔlɔ̃ ɖe nu dzi, si nye gɔmesese si nu wozãnɛ ɖo le ŋɔŋlɔa me. Tsɔe sɔ kple Yos. vii. 19 (Sept.). Yoh. ix. 24; Dɔw. xii. 23; Rom. iv. 20.” Le ŋukpe me la, eva hiã be Kristodukɔa nalɔ̃ ɖe edzi be Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe Mawu la wɔ nu dzɔtsu le Kristotɔwo ƒe dɔwɔna gɔme si wòna wogadze ake me.
28 Anye be osɔfoawo lɔ̃ ɖe esia dzi le susu me ko, alo na wo ɖokui. Kakaɖedzitɔe la, wo dometɔ aɖeke mekafu ɖaseɖila eveawo ƒe Mawua le dutoƒo o. Gake Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi to Yohanes dzi la kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ nusi nɔ woƒe dzi me la adze sii eye míakpɔ dzidzi si ƒo wo ŋukpenatɔe le ƒe 1919 me la. Tso ƒe ma dzi la, esi “ame akpe adre” la nɔ dzodzom togbɔ be Kristodukɔa dze agbagba vevie be yeƒe alẽwo nanɔ ye gbɔ gake la, eƒoe ɖe osɔfoawo nu be woakpɔe adze sii be Yohanes habɔbɔa ƒe Mawu sẽ ŋu wu yewoƒe mawua. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, woagava kpɔ esia adze sii kɔte wu esime woƒe alẽha la me tɔ geɖe wu adzo ahanɔ nya siwo dukɔ la gblɔ esime Eliya ɖu Baal-subɔlawo dzi le Karmel-toa dzi la ke gblɔm be: “Yehowae nye Mawu [vavã la], Yehowae nye Mawu [vavã la]!”—Fiawo I, 18:39.
29. Nukae Yohanes gblɔ be egbɔna kaba, eye aleke wogale Kristodukɔa ʋuʋu gee?
29 Gake ɖo to! Yohanes gblɔ na mí be: “Vɔ̃ evelia nu va yi, kpɔ ɖa, vɔ̃ etɔ̃lia gbɔna kaba.” (Nyaɖeɖefia 11:14) Ne nusi dzɔ vaseɖe afisia la ʋuʋu Kristodukɔa la, nukae wòawɔ ne woɖe gbe ƒã vɔ̃ etɔ̃lia, mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽa, eye wowu Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔea nu mlɔeba?—Nyaɖeɖefia 10:7.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ nyati siwo nye “Yehowa ƒe Gbɔgbɔmegbedoxɔ Gã La” si le July 1, 1996 ƒe Gbetakpɔxɔ me, kple “Gbedoxɔ Vavã Ðeka si me Woade Ta Agu Le” si le December 1, 1972 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me la hena gbɔgbɔ me gbedoxɔ gã sia ŋuti numedzodzro blibo.
b “Aʋli” (Helagbe, aʹbys·sos; Hebrigbe, tehohmʹ) la fia dɔmawɔmawɔ ƒe teƒe aɖe le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. (Kpɔ Nyaɖeɖefia 9:2.) Gake le nya la nu la, ate ŋu aku ɖe atsiaƒu gã gbanaa la hã ŋu. Woɖea Hebri-nya la gɔme zi geɖe be “tɔ gɔme.” (Psalmo 71:20; 106:9; Yona 2:6 ) Eyata míate ŋu akpɔe be “lã, si do tso aʋli me” la kee nye “lã aɖe [si] le dodom tso atsiaƒu me.”—Nyaɖeɖefia 11:7; 13:1.
c De dzesii be le Mawu ƒe amewo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo me dzodzro me le ɣeyiɣi sia me la, edze abe togbɔ be ɣleti 42 la tsi tre ɖi na ƒe etɔ̃ kple afã ŋutɔŋutɔ hã la, ŋkeke etɔ̃ kple afã la metsi tre ɖi na gaƒoƒo 84 ƒe ɣeyiɣi ŋutɔŋutɔ o ene. Anye kokoko be woyɔ ŋkeke etɔ̃ kple afã ƒe ɣeyiɣia tututu zi eve (le kpukpui 9 kple 11 me) be woatsɔ aɖee afia be ne wotsɔe sɔ kple dɔwɔwɔ ƒe ƒe etɔ̃ kple afã ŋutɔŋutɔ si do ŋgɔ nɛ la, ɣeyiɣi kpui aɖe koe wòanye.
d Tsɔe sɔ kple alesi wozã nya “mieku,” “ku,” kple ‘nɔ agbe’ le ŋɔŋlɔwo abe Romatɔwo 6:2, 10, 11; 7:4, 6, 10; Galatiatɔwo 2:19; Kolosetɔwo 2:20; 3:3 ene me.
[Aɖaka si le axa 168]
Nyaɖeɖefia 11:10 me Aseyetsotso La
Le Ray H. Abrams ƒe agbalẽ si nye Preachers Present Arms si wota le ƒe 1933 me la me la, eƒo nu tso alesi osɔfowo tsi tre ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ si nye The Finished Mystery ŋu vevie la ŋuti. Edzro osɔfoawo ƒe agbagbadzedze be yewoaɖe Biblia Nusrɔ̃viawo kple woƒe “nufiafia siwo le abe dɔvɔ̃ ene” la ɖa le yewoƒe ŋkuta la me. Esia he ʋɔnudrɔ̃ƒeyiyi si me tsonue nye be wodrɔ̃ ʋɔnu be J. F. Rutherford kple eƒe zɔhɛ adreawo nanɔ gaxɔ me ƒe geɖe la vɛ. Ðk. Abrams gblɔ kpee be: “Nya bliboa me dzodzro nana míeƒoa nya ta be sɔlemehawo kple osɔfoawoe nɔ agbagbadzedze be woaɖe Russelltɔawo ɖa la megbe le gɔmedzedzea me. Le Kanada, le ƒe 1918 ƒe February me la, nunɔlawo dze hoho ɖe woawo kple woƒe agbalẽwo, vevietɔ The Finished Mystery, ŋu gɔme le ɖoɖo nu. Le Winnipeg ƒe Tribune ƒe nya nu la, . . . woxɔe se be ‘osɔfoawo ƒe kokoƒoƒo’ tae woɖo asi woƒe agbalẽa dzi.”
Ðk. Abrams yi edzi be: “Esi mɔ̃ me si wobe woanɔ ƒe blave la ŋuti nyatakaka ɖo mawusubɔsubɔ ƒe nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe nuŋɔŋlɔmetolawo gbɔ la, agbalẽ siawo katã kloe, gãtɔwo kple suetɔwo siaa, tso aseye le nudzɔdzɔ la ta. Nyemete ŋu kpɔ veveseɖeamenunya aɖeke le subɔsubɔha gãwo ƒe agbalẽwo me o. Upton Sinclair ƒo nya ta be: ‘Ðikeke aɖeke mele eme o be yometitia . . . ƒe akpa aɖe tso nyateƒe si wònye be mawusubɔsubɔhabɔbɔ “gãwo” lé fu wo la gbɔ.’ Edze abe ɖe dziɖuɖu la te ŋu wɔ nusi sɔlemehawo ƒe agbagbadzedze ɖekae mete ŋu wɔ o la na wo azɔ ene.” Esi wòyɔ mawusubɔsubɔgbalẽ geɖewo me gbɔɖinyawo vɔ la, agbalẽŋlɔla la fia asi alesi Gbugbɔgadrɔ̃ʋɔnudrɔ̃ƒea te fli ɖe nyametsotso gbãtɔa me la eye wògblɔ be: “Wozi ɖoɖoe toŋtoŋ le sɔlemeawo me esime wose nyametsotso sia.”
[Nɔnɔmetata si le axa 163]
Yohanes dzidze gbɔgbɔ me gbedoxɔa—ele be nunɔla siwo wosi ami na la naɖo dzidzenu aɖewo gbɔ
[Nɔnɔmetata siwo le axa 165]
Gbugbɔgatudɔ si Zerubabel kple Yosua wɔ la ɖee fia be le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me la, dzidziɖedzi gã ava ɖe gɔmedzedze nyaŋui yome le Yehowa Ðasefowo dome. Eva hiã be woakeke agbalẽtaƒewo, abe esiwo woɖe fia le etame siwo le Brooklyn, New York ene la, ɖe enu fũ ŋutɔ be woana kpekpeɖeŋu le woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me
[Nɔnɔmetata siwo le axa 166]
Ʋɔnudrɔ̃gbedasi siwo le abe dzo ene si ɖaseɖila eveawo ɖe gbe ƒãe la ƒe kpɔɖeŋue nye nyagblɔɖidɔ si Mose kple Eliya wɔ la
[Nɔnɔmetata si le axa 169]
Abe Xezekiel ta 37 me ƒu ƒuƒuawo ene la, wogagbɔ agbe ɖaseɖila eveawo hena egbegbeɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ