INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wcg ta 54 axa 242-245
  • Dzi Nɔ Eƒo Le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzi Nɔ Eƒo Le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me
  • Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ku Nu Me
  • De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu
  • Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu
  • Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee
  • Edzra Mɔ Dzi Ðo Na Mesia La
    Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
  • Srɔ̃ Nu Tso Nuteƒewɔla Tsitsiwo Ƒe Nya Mamlɛwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Di Ŋuɖoɖo Na Nyabiase Siawo
    Ƒe 2025-2026 Nutome Sue Takpekpe Si Woawɔ Kple Nutome Sue Dzikpɔla
  • Wò Nyametsotsowo Neɖee Fia Be Èɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
Kpɔ Bubuwo
Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
wcg ta 54 axa 242-245

54 APOSTOLO YOHANES

Dzi Nɔ Eƒo Le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me

Tatatɔ
Tatatɔ

LE APOSTOLO Yohanes ƒe tsitsime la, eŋlɔ ɖi be “gaƒoƒo mamlɛtɔ lae nye esia.” Enya be Yesu kple Paulo gblɔe ɖi be ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime alakpanufialawo ava xɔ hamea me, eye woana amewo nadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ le mɔ nyuitɔ nu. Esi nu sia dzɔ la, Yohanes kple apostolo bubuawo dze agbagba be yewoakpɔ hamea ta. (Mat. 7:15; Dɔw. 20:​29, 30; 2 Tes. 2:​6, 7) Gake apostoloawo katã va ku eye wòsusɔ Yohanes ɖeka. Esia tae wògblɔ be “gaƒoƒo mamlɛtɔ lae nye esia.” Yohanes kpɔe be alakpanufiafiawo va le ta kekem tso hame yi hame. Anya susui be madidi o, Kristotɔ vavã aɖeke maganɔ anyi o. Gake nu siawo meɖe dzi le eƒo alo na wòna ta o.

Aleke apostolo tsitsi Yohanes te ŋu do dzi esime woti eyome eye woɖe aboyoe, kple esi alakpanufialawo va xɔ hamea me?

Le Yohanes ƒe ƒe 90-awo me gɔ̃ hã la, enɔ “nuƒoƒo tso Mawu ŋu kple ɖaseɖiɖi le Yesu ŋu” dzi dzonɔamemetɔe. Esia wɔe be woɖe aboyoe yi Patmo. Enye ƒukpo aɖe si le gbedadaƒo, afi si kpe glidzaglidzawo le. Nu kae kpe ɖe Yohanes ŋu be dzi meɖe le eƒo o? Anɔ eme godoo be ŋugbe si Yesu do na eƒe nusrɔ̃lawo la nɔ susu me nɛ, si nye be: “Kpɔ ɖa, meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.”—Mat. 28:20.

Ƒe 60 kple edzivɔe nye ema Yesu do ŋugbe ma, eya ta dzi anya dzɔ Yohanes godoo esi Yesu ɖe eɖokui fiae gaƒo nu nɛ le mɔ wɔnuku aɖe nu le ƒukpoa dzi. Yesu ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme la fia Yohanes. Ðeɖefiaa ku ɖe “Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la,” si nye ɣeyiɣi si me woagbugbɔ aɖo Kristo hamea te eye wòawɔ ɖeka la ŋu. Yesu ɖee fiae hã be yeakpe ɖe ye yomedzelawo ŋu woanɔ te ɖe dodokpɔ kple nɔnɔme sesẽ siwo Satana ahe va wo dzi la nu.

Yesu ɖe ŋutega la fiae “to dzesiwo me.” Anɔ eme be Yohanes mese nu siwo wòkpɔ la ƒe akpa gãtɔ gɔme o. Gake nu ɖeka aɖe ya teti me kɔ nɛ, eyae nye be: Yehowa kple Yesu maɖe mɔ be alakpanufiafia nagblẽ nu le hamea ŋu keŋkeŋ o. Le Aƒetɔ la ƒe ŋkekea me la, Mawu ƒe amewo adzi ɖe edzi eye Yehowa ayra wo geɖe. Woaɖu Satana dzi le aʋa aɖe si woawɔ le dziƒo me eye woanyae ɖo ɖe anyigba dzi. Mlɔeba la, woava tsrɔ̃e tegbee. Ŋutega ma anya do ŋusẽ Yohanes ŋutɔ eye dzi ɖo eƒo wòŋlɔ “nu siwo katã wòkpɔ” la ɖi.

Apostolo Yohanes le nu siwo Yesu ɖe fiae le ŋutega me la ŋlɔm ɖi. Ekpɔ Yesu si woɖo fia wòle ʋɔ driba hɛ̃ gã la kple gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam ɖo ɖe anyigba dzi.

Togbɔ be Yohanes nɔ aboyo me le Patmo hã la, dzi meɖe le eƒo o, eye eƒe xɔse megbɔdzɔ o. Anɔ eme be esi Roma Fiagã Domitian, si lé fu Kristotɔwo vevie ku la, woɖe asi le Yohanes ŋu eye anya gbɔ va Efeso. Esi Yohanes xɔ abe ƒe 100 ene la, dɔ sesẽ yeye aɖe dze ŋgɔe.

Yehowa na Yohanes ŋlɔ Nyanyuigbalẽ enelia, si nye agbalẽ mamlɛtɔ si ƒo nu tso nu siwo dzɔ le Yesu ƒe agbe me ŋu. Anɔ eme be enya be yeƒe nuŋlɔɖi sia akaka aɖo hamewo me kabakaba, ana dzi naɖo Kristotɔwo ƒo eye woagaxɔ Yesu dzi ase geɖe wu. Yohanes nya hã be esia aku dzi na ame siwo lé fu Kristotɔwo la vevie. Gake esia mena wòna ta o.

Togbɔ be ƒe 70 aɖewoe nye ema va yi tso esime Yesu ku hã la, gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe Yohanes ŋu wòɖo ŋku nu siwo Yesu wɔ kple nya siwo wògblɔ dzi nyuie eye wòŋlɔ wo ɖi. Nu siwo wòŋlɔ ɖi tso Yesu ŋu la lé dzi na ame ŋutɔ eye eƒe akpa gãtɔ medze le Nyanyuigbalẽ etɔ̃ susɔe siwo woŋlɔ do ŋgɔ la me o. Le kpɔɖeŋu me, Yohanes koe gblɔ ale si Yesu fɔ Lazaro kple ale si subɔsubɔhaŋgɔnɔla vɔ̃ɖiwo di be yewoawu Lazaro. (Yoh. 11:​1-46; 12:10) Yohanes ƒe nuŋlɔɖia kee na míenya nya geɖe siwo Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo kple gbe si wòdo ɖa ɖe wo ta le zã si do ŋgɔ na eƒe kua me. Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be Yohanes ŋlɔ nya siawo katã ɖi be wòade dzi ƒo na mí Kristotɔwo katã!

Le ɣeyiɣi ma ke lɔƒo me la, gbɔgbɔ ʋã Yohanes wògaŋlɔ lɛta etɔ̃ aɖewo na nɔvia Kristotɔwo. Dzi nɔ eƒo wòxlɔ̃ nu wo be woagaxɔ alakpanufiafia siwo nɔ kakam ɖe hamea me la dzi ase o eye woagade ha kple alakpanufialaawo o. Yohanes ƒe lɛta etɔ̃awo naa mɔkpɔkpɔ ame, eye eƒo nu tso lɔlɔ̃ ŋu zi geɖe le wo me hã. Yohanes ŋlɔ ɖi be “Mawu nye lɔlɔ̃,” eye Yohanes ɖe lɔlɔ̃ ma fia le nya siwo wòtsɔ de dzi ƒo na nɔviawo kple esiwo wòtsɔ xlɔ̃ nu wo la me. Egblɔ be dzi dzɔa ye ale gbegbe ne yekpɔ ame siwo yefia nui la yi edzi “le zɔzɔm le nyateƒe la me.” Eƒe nya siawo anya ʋã ame geɖe be woayi edzi awɔ nuteƒe.

Mele be Kristotɔ siwo li egbea natsi dzi be alakpanufiafia ava xɔ hamea me abe ale si wòdzɔ le Yohanes ƒe ŋkekea me ene o. Elabe Biblia me nyagblɔɖiwo na míekpɔe be xɔsegbegbe magagblẽ nu le Kristo hamea ŋu abe ale si wònɔ ƒe alafa aɖewo le Yohanes ƒe ku megbe ene o. (Yes. 54:17; Dɔw. 3:21) Gake ate ŋu adzɔ be míato nɔnɔme sesẽwo kple yometitiwo me eye ɖewohĩ woade mí gaxɔ me abe ale si wòdzɔ ɖe Yohanes dzi ene. Mina míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu aɖoe kplikpaa be nu ka kee ɖadzɔ o, míayi edzi azɔ kple Mawu dzinɔameƒotɔe!

Xlẽ ŋutinyaa le Biblia me:

  • Yohanes 16:1–17:26

  • 1 Yohanes 2:18; 4:8

  • 2 Yohanes 9-11

  • 3 Yohanes 4

  • Nyaɖeɖefia 1:​1, 2, 9-11; 12:9; 20:​1-6; 21:​1-5

Numedzodzro:

Aleke Yohanes ɖe dzinɔameƒo fiae?

Ku Nu Me

  1. 1. Nu kae ɖee fia be Yohanes mefa tsã o? (bt 33, aɖaka ¶3-4)

  2. 2. Nu ka tae wogblɔ le Yohanes ŋu be ‘menya agbalẽ o, eye wònye ame tsɛ’? (Dɔw. 4:13; w08 5/15 30 ¶6)

  3. 3. Yesu gblɔ na Yohanes be anɔ anyi va se ɖe esime yeava. Nya sia gɔme ɖe? (w05 1/15 13 ¶14-15-wcgr)

  4. 4. Aleke míewɔ nya be Yohanes ye ŋlɔ Nyanyuigbalẽ si ŋu eƒe ŋkɔ le? (bsi08-1 12 ¶3) A

    Fondation Martin Bodmer, Cologny (Genève)

    Foto A: Agbalẽ si woŋlɔ kple asi le ƒe 200 K.Ŋ me lɔƒo. Eƒe tanya (si wote fli ɣi ƒo xlã) ye nye “Nya Nyui La Abe Ale Si Yohanes Ŋlɔe Ene”

De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu

  • Le Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa me la, eƒo nu tso Yesu ƒe vɔsakua alo nu nyui siwo do tso eme la ŋu wòwu zi 100 sɔŋ. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yohanes aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe vɔsaa ŋu?

  • Yohanes anya xɔ abe ƒe 100 kloe ene esime Yehowa na wòŋlɔ Biblia-gbalẽ atɔ̃ sɔŋ. Nu kae esia fia mí tso ale si Yehowa bua ame tsitsiwo ŋu? B

    Fotoawo: Nɔvinyɔnu aɖe le vevie dom nu le eƒe tsitsime gɔ̃ hã. 1. Ele Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm to videokadodo dzi. 2. Ele nunana aɖe tsɔm na nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe si le eƒe hamea me. Sɔhɛa lé Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Suku gbalẽa ɖe asi.

    Foto B

  • Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Yohanes ƒe dzinɔameƒo?

Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu

  • Nu kae ŋutinya sia fiam tso Yehowa ŋu?

  • Aleke ŋutinya sia wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖo?

  • Nu ka tae wòdzɔ dzi na wò be wotia Yohanes be wòaɖu fia kple Kristo le dziƒo?

Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee

Ðe dzi ate ŋu anɔ nɔvi siwo tsi egbea la ƒo abe Yohanes enea?

Dzi Nenɔ Ƒowò . . . Ame Tsitsi (2:04)

Yohanes ŋlɔ nu geɖe tso lɔlɔ̃ ŋu. Kpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Yohanes ɖo kple eƒe nuŋlɔɖiwo me.

“Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso ‘Nusrɔ̃la Si Yesu Lɔ̃na Vevie’ La Gbɔ” (w21.01 8-13)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe