Ta Atɔ̃lia
Woƒe Xɔse Na Wote Ŋu To Dodokpɔ Sesẽ La Me
1. Aleke ame geɖe buna le wo ɖokui tsɔtsɔ na Mawu kple wo denyigba ŋui?
MAWUE wòle be nàtsɔ ɖokuiwò na loo alo dukɔ si me nèle yea? Ame geɖe aɖo eŋu be, ‘Medea bubu evea siaa ŋu. Medea ta agu na Mawu le subɔsubɔha si me mele ƒe ɖoɖowo nu; le ɣeyiɣi ma ke me la, meka atam be mawɔ nuteƒe na mía denyigba.’
2. Aleke Babilon-fia la xɔ ŋkɔ le mawusubɔsubɔ kple dunyahehe siaa mee?
2 Ðewohĩ vovototo si le mawusubɔsubɔ me ɖokuitsɔtsɔna kple dulɔlɔ̃ dome madze nyuie egbea o, gake vovototo gobii aɖeke menɔ wo dome le blema Babilon o. Le nyateƒe me la, wotsɔ dusewo tɔtɔ nu kɔkɔewo ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi menya wɔna be woade vovototo wo dome o. Nufialagã Charles F. Pfeiffer ŋlɔ bena: “Le blema Babilon la, fia lae nyea Nunɔlagã kple dufia siaa. Eyae saa vɔwo eye wòɖoa subɔsubɔ ƒe agbe si tɔgbe eteviwo anɔ.”
3. Nukae ɖee fia be Nebukadnezar tsɔa dzo ɖe mawusubɔsubɔ ŋu vevie?
3 Bu Fia Nebukadnezar ŋu kpɔ. Eƒe ŋkɔa gɔmee nye “O Nebo, Kpɔ Domenyila la Ta!” Nebo ye nye nunya kple agbledede mawu le Babilon. Nebukadnezar tsɔa dzo ɖe mawusubɔsubɔ ŋu ale gbegbe. Abe alesi míede dzesii va yi ene la, etu gbedoxɔwo na Babilon-mawu geɖe heɖo atsyɔ̃ na wo eye vevietɔ Marduk, mawu si wòxɔ se be eya gbɔe yeƒe aʋadziɖuɖuwo tso koŋue wòsubɔna.a Edze hã be Nebukadnezar ɖo ŋu ɖe afakaka ŋu ŋutɔ le ɖoɖowɔwɔ ɖe eƒe aʋakpekpewo ŋu me.—Xezekiel 21:18-23.
4. Ƒo nu tso mawusubɔsubɔ ƒe nɔnɔme si nɔ Babilon ŋu.
4 Nyateƒe wònye be mawusubɔsubɔ ƒe nɔnɔme xɔ aƒe ɖe Babilon ƒe afisiafi. Gbedoxɔ 50 kple edzivɔ siwo me wosubɔa mawu kple mawunɔ vovovo geɖe siwo dometɔ aɖewoe nye Anu ƒe mawuɖekaetɔ̃ (dziŋgɔli ƒe mawu), Enlil (anyigba, ya, kple ahom ƒe mawu), kple Ea (tsiwo dzi mawu) le la nɔ dua me. Mawuɖekaetɔ̃ bubue nye Sin (dzinumawu), Shamash (ɣemawu), kple Ishtar (vidzidzimawunɔ). Akunyawɔwɔ, dzosasa, kple ɣletivimefakaka nye nu veviwo le Babilontɔwo ƒe tadedeagu me.
5. Kuxi kae mawusubɔsubɔ ƒe nɔnɔme si bɔ ɖe Babilon la he vɛ na Yudatɔ aboyomenɔlawo?
5 Amesiwo subɔa mawu geɖe dome nɔnɔ zu kuxi gã aɖe na Yudatɔ aboyomenɔlawo. Mose xlɔ̃ nu Israel-viwo ƒe alafa geɖe do ŋgɔ be ne wodze aglã ɖe Senala Gãtɔ ŋu la, woakpɔ emetsonu dziŋɔwo. Mose gblɔ na wo be: “Yehowa akplɔ wò kple fia, si nava ɖo na ɖokuiwò la, ayi dukɔ, si mia kple fofowòwo mienya o la dome, eye nasubɔ mawu bubuwo, siwo nye ati kple kpe.”—Mose V, 28:15, 36.
6. Nukata Babilon nɔnɔ nye kuxi sesẽ na Daniel, Xananya, Misael, kple Azarya?
6 Nɔnɔme sesẽ ma tututu mee Yudatɔwo va kpɔ wo ɖokui le fifia. Nuteƒewɔwɔ na Yehowa asesẽ, vevietɔ na Daniel, Xananya, Misael, kple Azarya. Wotia Hebri-vi sɔhɛ ene siawo koŋ be woaxɔ hehe ɖe dziɖuɖudɔ wɔwɔ ŋu. (Daniel 1:3-5) Ðo ŋku edzi be wotsɔ Babilon-ŋkɔwo gɔ̃ hã na wo—Beltsazar, Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego—ɖewohĩ be wòakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi ne woatrɔ ɖe nɔnɔme yeye si me wova le ŋu.b Ðoƒe kɔkɔ siwo ŋutsu siawo le ana woƒe gbegbe be yewomade ta agu na dukɔa ƒe mawu o nadze gaglã—adze tsitretsitsi ɖe dziɖuɖua ŋu gɔ̃ hã.
SIKALEGBA AÐE DE WOƑE AGBE AFƆKU ME
7. (a) Ƒo nu tso legba si Nebukadnezar li anyi ƒe dzedzeme ŋu. (b) Taɖodzinu ka tae woli legba la anyi ɖo?
7 Edze ƒã be esi Nebukadnezar di be yeado ŋusẽ yeƒe fiaɖuƒea ƒe ɖekawɔwɔ tae wòli sikalegba anyi ɖe Dura-bali me ɖo. Ekɔ abɔklugui 60 (meta 27) eye wòkeke abɔklugui 6 (meta 2.7).c Ame aɖewo xɔe se be legba la nye sɔti, alo kpememe kɔkɔ aɖe si ƒe tame le tsutsuɛ ko. Ðewohĩ wolii anyi ɖe nu kɔkɔ aɖe si dzi amegbetɔ ƒe nɔnɔmewɔwɔ gã aɖe le, si anye be etsi tre ɖi na Nebukadnezar ŋutɔ alo mawu si woyɔ be Nebo la dzi. Aleke ke wòɖanɔ o, ŋkuɖodzinu kɔkɔ sia nye Babilonia Fiaɖuƒea ƒe dzesi. Esi wòle alea ta la, woɖoe be amewo nakpɔe ahasubɔe.—Daniel 3:1.
8. (a) Amekawoe wokpe va legba la ŋukɔƒe, eye nukae wobia tso vavalawo katã si be woawɔ? (b) Nukae wogblɔ be woatsɔ ahe to na amesi madze klo ade ta agu na legba la o?
8 Eyata Nebukadnezar wɔ ɖoɖo ɖe eŋukɔkɔ ŋu. Eƒo eƒe amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aɖaŋudelawo, ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe amegãwo, nudzikpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, sefialawo, kple dziɖuɖudɔwɔla siwo katã le nutoawo me nu ƒu. Gbeɖela aɖe do ɣli sesĩe be: “Mi dukɔwo, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo, wole se dem na mi be: Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, miadze klo ado gbe ɖa na sikalegba, si fia Nebukadnezar li anyi la! Ke amesi medze klo do gbe ɖa o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe kpo, si me dzo le bibim le la me enumake!”—Daniel 3:2-6.
9. Edze ċ be nukae tadedeagu na legba si Nebukadnezar li anyi la fia?
9 Ame aɖewo xɔe se be Nebukadnezar wɔ ɖoɖo ɖe azã sia ŋu tsɔ te kpɔ be yeazi Yudatɔwo dzi ne woaɖe asi le woƒe tadedeagu na Yehowa ŋu. Anɔ eme be menye nenemae o, elabena kpeɖodziwo fia be dziɖuɖumegãwo koe wokpe va wɔna la teƒe. Eyata Yudatɔ siwo nɔ dziɖuɖudɔ aɖewo wɔm koe ayi teƒea. Eyata edze abe woɖoe be tadedeagu na legba la nado ŋusẽ dziɖuɖumegãawo ƒe ɖekawɔwɔ ene. Agbalẽnyala John F. Walvoord de dzesii be: “Le mɔ aɖe nu la, amegãwo nu ƒoƒo ƒu alea nye Nebukadnezar ƒe fiaɖuƒea ƒe ŋusẽ ɖeɖefia dodzidzɔname aɖe eye le mɔ bubu nu la, enye nu ɖedzesi si woatsɔ aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia mawu siwo wobu be woawo gbɔe yewoƒe aʋadziɖuɖuwo tso.”
YEHOWA SUBƆLAWO GBE TANANA
10. Nukata wɔwɔ ɖe Nebukadnezar ƒe sededea dzi manye kuxi aɖeke na amesiwo menye Yudatɔwo o?
10 Togbɔ be amesiwo ƒo ƒu ɖe Nebukadnezar ƒe legbaa ŋkume ƒe akpa gãtɔ subɔa mawugã vovovowo hã la, tadedeagu nɛ meɖe fu na wo kura o. Biblia ŋu nunyala aɖe ɖe eme be: “Legbawo subɔsubɔ mã wo katã, eye legba aɖe subɔsubɔ mexe mɔ na wo be woagbe bubudede bubu ŋu o.” Eyi edzi be: “Esɔ ɖe nukpɔsusu siwo le trɔ̃subɔlawo si nu be mawu geɖewoe li . . . eye be menye nu gbegblẽ be woade bubu ame aɖewo ƒe Mawu alo dukɔ aɖe tɔ ŋu o.”
11. Nukata Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego gbe be yewomade ta agu na legba la o?
11 Gake Yudatɔwo ya mebunɛ nenema o. Woƒe Mawu, Yehowa, de se na wo be: “Megawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Megawɔ nusiwo le dziƒo, alo nusiwo le anyigba dzi, alo nusiwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye.” (Mose II, 20:4, 5) Eyata esi haƒoƒoa dze egɔme eye amesiwo va ƒo ƒu bɔbɔ de ta agu na legbaa la, Hebri-vi sɔhɛ etɔ̃awo—Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego—ya kpɔtɔ nɔ tsitrenu.—Daniel 3:7.
12. Nya kae Kaldeatɔ aɖewo gblɔ tsɔ tso Hebri-vi etɔ̃awo nui, eye nukata wotso wo nu?
12 Alesi Hebri-vi dziɖuɖumegã etɔ̃awo gbe be yewomade ta agu na legba la o ku dzi na Kaldeatɔ aɖewo. Woyi fia gbɔ enumake va “tso Yudatɔwo nu.”d Womedi numeɖeɖe aɖeke be yewoase o. Esi amenutsolaawo di be woahe to na Hebri-viawo ɖe woƒe nuteƒemawɔmawɔ kple aglãdzedze ɖe dziɖuɖua ŋu ta la, wogblɔ be: “Yuda-ŋutsu, siwo nètsɔ ɖo Babel-nyigba ƒe dziɖuɖu dɔ nu: Sadrax, Mesax kple Abed-Nego la, fia ƒe se la metsɔ fu lã me na wo o, womesubɔ wò mawuwo o, eye womedo gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o.”—Daniel 3:8-12.
13, 14. Aleke Nebukadnezar wɔ nu ɖe Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ƒe nuwɔnaa ŋui?
13 Aleke gbegbe wòatɔtɔ Nebukadnezar enye si be Hebri-vi etɔ̃awo gbe toɖoɖo yeƒe sedede! Edze ƒã be mete ŋu trɔ Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego be woazu Babilonia Fiaɖuƒea dzidela akuakuwo o. Ðe mena wofia Kaldeatɔwo ƒe nunya wo oa? Etrɔ woƒe ŋkɔwo gɔ̃ hã ɖe! Gake ne Nebukadnezar bui be nufiafia deŋgɔ ana woatrɔ ɖe tadedeagu yeye aɖe ŋu alo be woƒe ŋkɔwo tɔtrɔ ana woƒe amenyenye natrɔ la, ke eda ƒu ŋutɔ. Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego kpɔtɔ nye Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo.
14 Dzi ku Nebukadnezar vevie. Ena woyɔ Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego vɛ enumake. Ebia wo be: “Sadrax, Mesax kple Abed-Nego, vavãe miegbe be, yewomasubɔ nye mawu, eye miado gbe ɖa na sikalegba, si meli anyi la oa?” Ðikeke mele eme o be Nebukadnezar ƒe nue ku wòtsɔ bia nya sia. Ne mede ɖeke o hã la, abu le susu me be, ‘Aleke ŋutsu etɔ̃ siwo ƒe susu me kɔ agbe sedede si me kɔ alea dzi wɔwɔ—esi ŋu tohehe sesẽ aɖe le ne womewɔ ɖe edzi o?’—Daniel 3:13, 14.
15, 16. Mɔnukpɔkpɔ kae Nebukadnezar gana Hebri-vi etɔ̃awo?
15 Nebukadnezar lɔ̃ be yeagana mɔnukpɔkpɔ bubu Hebri-vi etɔ̃awo. Egblɔ be: “Miɖɔ ɖo! Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, saŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, ekema miadze klo ado gbe ɖa na legba, si mewɔ la; ke ne miedo gbe ɖa nɛ o la, ekema woatsɔ mi aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me enumake. Mawu kae ate ŋu aɖe mi tso asinye me?”—Daniel 3:15.
16 Edze ƒã be drɔ̃e me legbaa ŋuti nusɔsrɔ̃a (si woŋlɔ ɖe Daniel ta 2 lia me) la metsi Nebukadnezar ƒe susu kple dzi me o. Ðewohĩ eŋlɔ nya si eya ŋutɔ gblɔ na Daniel la be xoxo, si nye be: “Miaƒe Mawu la enye mawuwo dzi Mawu kple fiawo dzi Aƒetɔ.” (Daniel 2:47) Fifia edze abe Nebukadnezar le gbe tɔm Yehowa ene, esi wògblɔ be Eya gɔ̃ hã mate ŋu axɔ na Hebri-viawo le tohehe si le wo lalam la me o.
17. Aleke Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego wɔ nu ɖe mɔnukpɔkpɔ si fia la na wo ŋui?
17 Mehiã be Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego nagbugbɔ nyawo ŋu abu o. Woɖo eŋu enumake be: “Nebukadnezar, nya sia ŋuɖoɖo meve mí o. Kpɔ ɖa, mía Mawu, si subɔm míele la, ate ŋu aɖe mí tso kpodzo bibi la me, eye wòate ŋu aɖe mí tso wò fia si me. Ke ne menɔ alea o hã la, fia, nyae be, míele wò mawuwo subɔ ge akpɔ gbeɖe o, eye míado gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o.”—Daniel 3:16-18.
WOTSƆ WO ƑU GBE ÐE KPODZO BIBI LA ME!
18, 19. Nukae dzɔ esime wotsɔ Hebri-vi etɔ̃awo ƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me?
18 Esi dzi ku Nebukadnezar vevie la, ede se na eƒe dɔlawo be woado dzo ɖe kpoa me wòaxɔ wu alesi wònɔna zi gbɔ zi adre. Azɔ eɖe gbe na “ŋutsu sesẽ” aɖewo be woabla Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe “kpodzo bibi” la me. Wowɔ ɖe fia ƒe sededewo dzi, eye Hebri-vi etɔ̃awo ƒe awuwo nɔ wo ŋu wotsɔ wo ƒu gbe ɖe dzoa me—ɖewohĩ wowɔe nenema kple susu be woate ŋu afiã kaba. Gake Nebukadnezar ƒe ameawo ŋutɔ boŋue dzoƒaɖewo wu.—Daniel 3:19-22.
19 Gake nu wɔnuku aɖe nɔ dzɔdzɔm. Togbɔ be Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego nɔ kpodzoa titina hã la, dzoa menɔ wo fiãm o. Kpɔ alesi gbegbe Nebukadnezar ƒe nu kui ɖa! Wobla wo nyuie tsɔ wo ƒu gbe ɖe dzobibi si nu sẽ ŋutɔ me, gake wogakpɔtɔ le agbe. Wonɔ zɔzɔm le dzoa me faa mablamablae! Gake Nebukadnezar de dzesi nu bubu aɖe hã. Ebia eƒe fiaŋumegãwo be: “Ðe menye ŋutsu etɔ̃e míebla tsɔ ƒu gbe ɖe dzoa me oa?” Woɖo eŋu be: “Ẽ, fia!” Nebukadnezar do ɣli be: “Kpɔ ɖa, mele ŋutsu ene kpɔm, ka tu le wo ŋu, eye womexɔ abi o; enelia ƒe nɔnɔme le abe mawuwo vi tɔ ene.”—Daniel 3:23-25.
20, 21. (a) Nukae Nebukadnezar de dzesii le Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ŋu esi wodo tso kpodzoa me? (b) Nya ka dzie Nebukadnezar va lɔ̃ ɖo?
20 Nebukadnezar te ɖe kpodzo bibia ƒe mɔa nu. Eyɔ wo gblɔ be: “Sadrax, Mesax kple Abed-Nego, mi dziƒoʋĩtɔ la viwo, mido va!” Hebri-vi etɔ̃awo do tso dzoa me. Ðikeke mele eme o be amesiwo katã kpɔ nukunu sia teƒe—kple amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe amegãwo, kple dziɖuɖumegãwo—ƒe nu ku. Ðeko wònɔ abe ɖe ɖekakpui etɔ̃ siawo mege ɖe kpodzoa me kura o ene! Dzo meʋẽ le wo ŋu o, eye woƒe taɖa ɖeka hɔ̃ hã mefiã o.—Daniel 3:26, 27.
21 Fifia ɖeko wòle be Fia Nebukadnezar nalɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la. Egblɔ be: “Woakafu Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ƒe Mawu la, amesi dɔ eƒe dɔla ɖa, be wòaɖe eƒe subɔla, siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu, wo amesiwo da fia ƒe nya dzi, eye wotsɔ wo ɖokui na, be yewomagasubɔ mawu bubu aɖeke alo ado gbe ɖa nɛ akpe ɖe yewoƒe Mawu la ŋu o.” Azɔ fia la na nuxlɔ̃ame vevi sia kpe ɖe eŋu be: “Se, si dem mele, enye si: Ne ame aɖe gblɔ nya tovo aɖe ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ƒe Mawu ŋu le dukɔwo, anyigba dzi dukɔwo kple [gbegbɔgblɔwo] katã dome la, woaflii kakɛkakɛ, eye eƒe aƒe azu aɖukpo; elabena mawu bubu aɖeke meli ate ŋu aɖe ame abe eya ene o.” Esia megbe wogatsɔ Hebri-vi etɔ̃awo ɖo woƒe fiadɔwo nu eye ‘eme nyo na wo le Babilon-nyigba dzi.’—Daniel 3:28-30.
XƆSE KPLE DODOKPƆ SESẼ SIWO LI EGBEA
22. Aleke Yehowa subɔla siwo li le egbeŋkekea me doa go nɔnɔme si ɖi esi me Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego to?
22 Egbea Yehowa subɔlawo dze ŋgɔ nɔnɔme si me Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego to la tɔgbe. Enye nyateƒe be ɖewohĩ Mawu ƒe amewo manye aboyomewo ŋutɔŋutɔ ya o. Ke hã Yesu gblɔ be ye yomedzelawo manye “xexeame ƒe akpa aɖeke o.” (Yohanes 17:14, NW ) Wonye “amedzrowo” le gɔmesese sia nu be womesrɔ̃a amesiwo dome wole ƒe agbenɔnɔ, nɔnɔme, kple nuwɔna siwo menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o la o. Apostolo Paulo ŋlɔ be Kristotɔwo ‘megana woƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o.’—Romatɔwo 12:2.
23. Aleke Hebri-vi etɔ̃awo ɖe tenɔnɔ sesĩe fiae, eye aleke Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋui?
23 Hebri-vi etɔ̃awo gbe Babilonia-nuɖoanyia ƒe nɔnɔme sɔsrɔ̃. Kaldeatɔwo ƒe nunya si wofia wo nyuie gɔ̃ hã mena wotra o. Nya aɖeke mete ŋu na wotrɔ akpa si wole le tadedeagu gome o, eye Yehowa koe wowɔ nuteƒe na. Ele be Kristotɔwo hã nanɔ te sesĩe egbea nenema ke. Mele be ŋu nakpe wo le esi woto vovo tso amesiwo le xexeame gbɔ ta o. Le nyateƒe me la, “xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo.” (Yohanes I, 2:17) Eyata anye bometsitsi kple tofloko be woatrɔ nɔnɔme wòasɔ ɖe nuɖoanyi sia si ɖo kudonu tɔ nu.
24. Aleke Kristotɔ vavãtɔwo ƒe tenɔnɔ ɖi Hebri-vi etɔ̃awo tɔe?
24 Ele be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ ɖesiaɖe ƒomevi ŋu, esiwo menya kpɔna dzea sii o hã le eme.e (Yohanes I, 5:21) Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ɖo to hetsi tre ɖe sikalegba la ŋkume bubutɔe, gake wokpɔe be klodzedze le eŋkume menye bubudedenuŋu ƒe nuwɔna dzro aɖe ko o. Enye subɔsubɔ nuwɔna, eye gomekpɔkpɔ le eme ana Yehowa nado dɔmedzoe ɖe yewo ŋu. (Mose V, 5:8-10) John F. Walvoord ŋlɔ bena: “Ðeko wòsɔ kple gbedodo na aflaga, togbɔ be ɖewohĩ mawusubɔsubɔ ƒe nɔnɔme adze le eme hã, le ƒomedodo kplikplikpli si nɔ mawusubɔsubɔ kple nuteƒewɔwɔ na dukɔa dome ta.” Egbea Kristotɔ vavãwo nɔa te sesĩe nenema ke gbea trɔ̃subɔsubɔ.
25. Nukae nèsrɔ̃ tso Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ƒe agbemenudzɔdzɔa me?
25 Nya si Biblia gblɔ le Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ŋu nye nufiamekpɔɖeŋu nyui aɖe na amesiwo katã ɖoe be yewoasubɔ Yehowa ɖeɖeko. Edze ƒã be Hebri-vi etɔ̃ siawoe nɔ susu me na apostolo Paulo esime wòƒo nu tso ame geɖe siwo ɖe xɔse fia, kple amesiwo ‘tsi dzo ƒe ŋusẽ nu’ ŋu. (Hebritɔwo 11:33, 34) Yehowa ayra amesiwo katã srɔ̃a xɔse sia tɔgbe. Eɖe Hebri-vi etɔ̃awo tso kpodzo bibi la me, gake míate ŋu aka ɖe edzi be afɔ nuteƒewɔla siwo katã bu woƒe agbe le nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi ta la ɖe tsitre eye wòatsɔ agbe mavɔ ayra woe. Yehowa to mɔ evea siaa nu le “eƒe mawumemewo ƒe luʋɔ ta [kpɔm], eye wòɖea wo tsoa ame vɔ̃ɖiwo si me.”—Psalmo 97:10.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ame aɖewo xɔe se be Marduk si wobuna be eyae ɖo Babilon Fiaɖuƒea anyi la tsi tre ɖi na Nimrod si wotsɔ wɔ mawui. Gake kakaɖedzi mele nya sia ŋu o.
b “Beltsazar” gɔmee nye “Kpɔ Fia ƒe Agbe Ta.” Ðewohĩ “Sadrax” gɔmee nye Sumertɔwo ƒe dzinumawu “Aku ƒe Sedede.” Anye be “Mesax” nye Sumertɔwo ƒe mawu aɖe ƒe ŋkɔ, eye “Abed-Nego” fia “Nego” alo Nebo “ƒe Dɔla.”
c Esi Biblia ŋuti nunyala aɖewo bu legba la ƒe lolome ŋu la, woxɔe se be atie wotsɔ wɔe hefa sika ɖe eŋu.
d Aramgbe me nyagbɔgblɔ si gɔme woɖe be ‘tso ame nu’ la fia be ‘woaɖu’ ame ‘keŋkeŋ’—woavuvui le kpɔɖeŋumɔ nu to eŋu gbegblẽ me.
e Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be trɔ̃subɔsubɔe nutsuɖuɖu kple ŋukeklẽ nye.—Filipitɔwo 3:18, 19; Kolosetɔwo 3:5.
NUKAWO GƆMEE NÈVA SE?
• Nukata Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego gbe be yewomade ta agu na legba si Nebukadnezar li anyi la o?
• Aleke Nebukadnezar wɔ nu ɖe Hebri-vi etɔ̃awo ƒe nuwɔnaa ŋui?
• Aleke Yehowa ɖo eteƒe na Hebri-vi etɔ̃awoe le xɔse si woɖe fia ta?
• Nukae nèsrɔ̃ tso Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego ƒe agbemenudzɔdzɔa me dzodzro me?
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 68]
[Nɔnɔmetata siwo le axa 70]
1. Gbedoxɔ tame xɔ tsrala (xɔ tame tsutsuɛ) le Babilon
2. Marduk ƒe gbedoxɔ
3. Gadzẽ si dzi wota mawu Marduk (miame) kple Nebo (ɖusime) ɖo wotɔ ɖe ʋɔ dribawo dzi
4. Nebukadnezar si xɔ ŋkɔ le eƒe xɔtudɔwo ta la ƒe kpedzinutata
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 76]
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 78]