Tadeagula Vavãwo Ƒe Ameha Gã Aɖe—Afikae Wotso?
“Kpɔ ɖa, ameha gã [aɖe], . . . tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me.”—NYAÐEÐEFIA 7:9.
1. Nukatae míetsɔ ɖe le Nyaɖeɖefia me nyagblɔɖi ƒe ŋutegawo me vevie egbea?
ESI ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. yina ɖe eƒe nuwuwu la, apostolo Yohanes kpɔ Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋuti nudzɔdzɔ wɔnukuwo ƒe ŋutegawo. Nusiwo wòkpɔ le ŋutega me la dometɔ aɖewo le eme vam fifia. Eteƒe madidi kura hafi bubuwo nava eme o. Esiawo katã ku ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo wɔnuku si nye be yeakɔ yeƒe ŋkɔ ŋuti le yeƒe nuwɔwɔwo katã ŋkume ƒe taƒoƒo wɔdɔɖeamedzi ŋu. (Xezekiel 38:23; Nyaɖeɖefia 4:11; 5:13) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woku ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe agbekpɔkpɔ ŋu. Le mɔ ka nu?
2. (a) Nukae apostolo Yohanes kpɔ le eƒe ŋutega enelia me? (b) Ŋutega sia ŋuti nyabiabia kawo me dzro ge míala?
2 Le Nyaɖeɖefia me ŋutega siwo tsiã ɖe enu ƒe enelia me la, Yohanes kpɔ mawudɔlawo wolé tsɔtsrɔ̃ ƒe yaƒoƒowo ɖe asi halase esime woatre “mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo” ƒe ŋgowo nu vɔ hafi. Le esia megbe la, ekpɔ nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi ŋutɔ aɖe—“ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me,” wowɔ ɖeka le ta dem agu na Yehowa eye wodea bubu Via ŋu. Wogblɔ na Yohanes be amesiawoe ado go tso xaxa gã la me. (Nyaɖeɖefia 7:1-17) Amekawoe nye amesiwo woyɔ be “mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo”? Eye amekawoe anye “ameha gã” siwo atsi agbe le xaxa gã la me? Ànɔ wo domea?
Amekawoe Nye “Mía Mawu ƒe Dɔtsɔlawo”?
3. (a) Aleke Yesu wɔ ƒomedodo si le wo kple eyomedzelawo dome ƒe kpɔɖeŋui le Yohanes 10:1-18? (b) Nuka wɔwɔe va le bɔbɔe na Yesu ƒe alẽwo to eƒe vɔsakua me?
3 Anye ɣleti ene do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, eyɔ eɖokui be “alẽkplɔla nyui la” eye wòyɔ eyomedzelawo be “alẽwo,” amesiwo wòatsɔ eƒe agbe aɖo anyi na. Egblɔ nya tɔxɛ aɖe tso alẽ siwo ŋu wòke ɖo siwo le kpɔɖeŋulẽxɔ aɖe me siwo wòtsɔ beléle tɔxɛ na le ema megbe la ŋu. (Yohanes 10:1-18)a Yesu tsɔ eƒe luʋɔ ɖo anyi ɖe eƒe alẽawo ta lɔlɔ̃tɔe nyateƒe, eye eto esia wɔwɔ me na tafe si hiã bene woaɖe wo tso nuvɔ̃ kple ku si me.
4. Amekawoe nye alẽ siwo nu woƒo ƒu gbã le Yesu ƒe nya siwo le afisia la nu?
4 Gake hafi Yesu, Alẽkplɔa Nyui la nawɔ ema la, eya ŋutɔ ƒo nusrɔ̃lawo nu ƒu. Amesiwo Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela si nye “agbonudzɔla” le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me ɖe fiae lae nye amesiwo nu wòƒo ƒu gbã. Yesu nɔ amesiwo alɔ̃ azã mɔnukpɔkpɔ si wònye be woava zu ‘Abraham ƒe dzidzimevi’ si anye ame geɖe ƒe ƒuƒoƒo me tɔwo la dim. (Mose I, 22:18; Galatiatɔwo 3:16, 29) Eƒã ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Dziƒofiaɖuƒea ŋu ɖe woƒe dzi me, eye wòka ɖe edzi na wo be yeyina teƒe aɖe dzra ge ɖo na wo le ye Fofo si le dziƒo ƒe aƒeme. (Mateo 13:44-46; Yohanes 14:2, 3) Egblɔe wòsɔ be: “Tso Yohanes [Amenyrɔ̃ɖetsimela] ƒe ŋkekeawo dzi vaseɖe egbegbe dzi la woƒo zi ɖe dziƒofiaɖuƒe la ŋuti, eye amesiwo ƒo zi ɖe eŋuti la, woawoe le eham.” (Mateo 11:12) Amesiawo siwo dze eyome be yewoƒe asi nasu taɖodzinu ma dzi la nɔ alẽxɔ si ŋu Yesu ƒo nu le la me.
5. (a) Amekawoe nye “mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo” siwo woyɔ le Nyaɖeɖefia 7:3-8? (b) Nukae fia be ame geɖe ava kpe ɖe gbɔgbɔ me Israel-viwo ŋu le tadedeagu me?
5 Woyɔ amesiwo ʋlĩ sesĩe ɖo dziƒo ƒe taɖodzinu ma gbɔ la le Nyaɖeɖefia 7:3-8 me hã be “mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo.” (Kpɔ Petro I, 2:9, 16.) Dzɔdzɔme Yudatɔwo ɖeɖekoe ame 144,000 siwo woyɔ le afima la nyea? Ðe amesiwo anɔ Yesu ƒe kpɔɖeŋulẽxɔ sia me anye Yudatɔwo ɖeɖekoa? Kura o; Mawu ƒe gbɔgbɔ me Israel me tɔwoe wonye, wo katã woanye hatidziɖulawo kple Kristo le Abraham ƒe dzidzime si nye gbɔgbɔmetɔ la me. (Galatiatɔwo 3:28, 29; 6:16; Nyaɖeɖefia 14:1, 3) Gake ɣeyiɣia ava ɖo si me xexlẽme tiatia ma ade. Ke nukae adzɔ? Abe alesi Biblia gblɔe ɖi ene la, ame bubuwo—ameha gã aɖe—ava wɔ ɖeka kple gbɔgbɔ me Israel-vi siawo ade ta agu na Yehowa.—Zaxarya 8:23.
‘Alẽ Bubuawo’—Trɔ̃subɔla Zu Kristotɔwoe Wonyea?
6. Nudzɔdzɔ kae Yohanes 10:16 fia asii?
6 Esi Yesu yɔ alẽha ɖeka le Yohanes 10:7-15 vɔ la, eƒo nu tso ƒuƒoƒo bubu hã ŋu be: “Alẽ bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o; eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka.” (Yohanes 10:16) Amekawoe nye “alẽ bubu” mawo?
7, 8. (a) Nukatae nukpɔsusu si nye be Trɔ̃subɔla zu Kristotɔwoe alẽ bubuawo nye la nɔ te ɖe dzixɔse masɔmasɔ dzi? (b) Mawu ƒe tameɖoɖo ɖe anyigba la ŋuti ƒe nya kawoe wòle be wòakpɔ ŋusẽ ɖe alesi míase amesiwo nye alẽ bubuawo mee la dzi?
7 Kristodukɔa ƒe numeɖelawo ƒe akpa gãtɔ bunɛ be alẽ bubu siawoe nye Trɔ̃subɔla zu Kristotɔwo eye be amesiwo le alẽxɔ si ŋu woƒo nu le gbã la mee nye Yudatɔwo, amesiwo nɔ Se ƒe nubabla la te, eye be ƒuƒoƒo evea siaa ayi dziƒo. Gake wodzi Yesu wònye Yudatɔ ɖe Se ƒe nubabla la te. (Galatiatɔwo 4:4) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, amesiwo bua alẽ bubuawo be wonye Trɔ̃subɔla zu Kristotɔ siwo axɔ dziƒogbenɔnɔ ƒe fetu la mele Mawu ƒe tameɖoɖo ƒe akpa vevi aɖe kpɔm dze sii o. Esi Yehowa wɔ ame gbãtɔwo eye wòda wo ɖe Eden-bɔa me la, eɖe eme na wo kɔte be yeƒe tameɖoɖoe nye be woadzi ayɔ anyigba la dzi, be anyigba la katã nazu paradiso, eye be amegbetɔ siwo le edzi kpɔm la nanɔ agbe tegbee—ne wonya de bubu wo Wɔla ŋu heɖo toe ko.—Mose I, 1:26-28; 2:15-17; Yesaya 45:18.
8 Adam ƒe nuvɔ̃wɔwɔ megblẽ Yehowa ƒe tameɖoɖoa me o. Mawu wɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe be Adam ƒe dzidzimeviwo nakpɔ mɔnu ase vivi le nusi ŋu Adam mekpɔ ŋudzedze ɖo o la me. Yehowa gblɔe ɖi be yeaɖo ɖela, dzidzimevi aɖe, ɖa amesi dzi woato ayra dukɔwo katã. (Mose I, 3:15; 22:18) Ŋugbedodo ma mefia be woakplɔ ame nyuiwo katã ayi dziƒoe o. Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:9, 10) Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ hafi Yesu nagblɔ lododo si le Yohanes 10:1-16 la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be “ha sue” aɖe koe dze ye Fofo ŋu be yeatsɔ Dziƒofiaɖuƒea ana. (Luka 12:32, 33) Eyata ne míexlẽ kpɔɖeŋu si Yesu wɔ le eɖokui ŋu be yee nye Alẽkplɔla Nyui si tsɔ eƒe luʋɔ na ɖe eƒe alẽwo ta la, anye vodada be míaɖe ame akpa gãtɔ siwo Yesu kplɔ va eya ŋutɔ ƒe beléle te, amesiwo ava zu eƒe Dziƒofiaɖuƒea tevi siwo anɔ anyigba dzi la ɖa le susu me.—Yohanes 3:16.
9. Le ƒe 1884 me ke la, nuka gɔmee Biblia Nusrɔ̃viwo se le amesiwo alẽ bubuawo nye la ŋu?
9 Le ƒe 1884 me ke la, Gbetakpɔxɔ gblɔe be alẽ bubuawoe nye amesiwo woana mɔnukpɔkpɔ be woanɔ anyigba sia dzi le nɔnɔme siwo asɔ ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo gbãtɔa nu la me. Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔ mawo kpɔe dze sii be alẽ bubu siawo dometɔ aɖewo anye amesiwo nɔ anyi heku do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze. Gake nanewo nɔ anyi siwo gɔme womese tututu o. Le kpɔɖeŋu me, wosusu be ne amesiaminawo katã xɔ woƒe fetu le dziƒo vɔ hafi woaƒo alẽ bubuawo nu ƒu. Gake hã wonya kɔte be menye Trɔ̃subɔla zu Kristotɔwo koe alẽ bubuawo nye o. Woʋu alẽ bubuawo me tɔ nyenye ƒe mɔnu ɖi na Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa, na dukɔ ɖesiaɖe me tɔwo, kple ameƒomevi ɖesiaɖe.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.
10. Nɔnɔme kae wòle be nenɔ mía si be míanye amesiwo tututu Yesu buna eƒe alẽ bubuawoe?
10 Hafi alẽ bubuawo nasɔ ɖe alesi Yesu ɖɔ woe nu la, ele be woaxɔ Yesu Kristo be eyae nye Alẽkplɔla Nyui la, eɖanye ŋutigbalẽ kae le wo ŋu alo afikae wotso o. Nukae ema bia? Ele be woaɖe tufafa kple lɔlɔ̃ faa be woakplɔ yewo, siwo nye nɔnɔme siwo le alẽwo si la afia. (Psalmo 37:11) Abe alẽha sue la ene la, ele be ‘woadze si alẽkplɔla nyui la ƒe gbe’ eye womagaɖe mɔ be ame bubu siwo adi be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la nakplɔ wo atrae o. (Yohanes 10:4; Yohanes II, 9, 10) Ele be woakpɔ asixɔxɔ si le Yesu ƒe luʋɔ tsɔtsɔ ɖo anyi ɖe eƒe alẽawo ta ŋu adze sii eye woaxɔ mɔnuɖoɖo ma dzi ase bliboe. (Dɔwɔwɔwo 4:12) Ele be ‘woase’ Alẽkplɔla Nyui la ƒe gbe ne egblɔ na wo be woatsɔ subɔsubɔ kɔkɔe ana Yehowa ɖeka ko, woanɔ Fiaɖuƒea dim gbãgbiagbã, woaɖe wo ɖokui ɖa tso xexeame, eye woaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia wo nɔewoe. (Mateo 4:10; 6:31-33; Yohanes 15:12, 13, 19) Ðe wò agbenɔnɔ sɔ ɖe amesiwo Yesu buna eƒe alẽ bubuawoe nua? Èdi be wòasɔ ɖe enua? Ƒomedodo xɔasi kae nye si li na amesiwo va zua Yesu ƒe alẽ bubuawo le nyateƒe me la!
Bubudede Fiaɖuƒea ƒe Ŋusẽ Ŋu
11. (a) Nukae Yesu gblɔ le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋu le eƒe anyinɔnɔ ŋuti dzesi la me? (b) Amekawoe nye nɔvi siwo ƒe nya Yesu gblɔ?
11 Esi Yesu wɔ kpɔɖeŋu si ŋu míeƒo nu tsoe va yi ɣleti geɖe megbe la, egava Yerusalem. Esi wòbɔbɔ nɔ Amitoa dzi nɔ gbedoxɔa kpɔm ɖaa la, egblɔ ‘eƒe anyinɔnɔ kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi ƒe dzesia’ ŋu nya na eƒe nusrɔ̃lawo tsitotsito. (Mateo 24:3) Egaƒo nu tso alẽwo nu ƒoƒo ƒu ŋu. Nya siwo wògblɔ ƒe ɖewoe nye: “Ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi; eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòamã wo me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene; eye wòatsɔ alẽwo aɖo eƒe nuɖusi me, ke atsɔ gbɔ̃wo aɖo eƒe mia me.” Yesu ɖee fia le lododo sia me be alesi amesiwo me mãm Fia la le wɔ nu ɖe ‘nɔviawo’ ŋui dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu wo. (Mateo 25:31-46) Amekawoe nye nɔvia siawo? Woawoe nye Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzi eye le esia ta wozu ‘Mawu viwo.’ Yesue nye Mawu ƒe Ŋgɔgbevi. Eyata wonye Kristo nɔviwo. Woawoe nye “mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo,” siwo woyɔ le Nyaɖeɖefia 7:3, amesiwo wotia tso amegbetɔƒomea me be woakpɔ gome kple Kristo le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me.—Romatɔwo 8:14-17.
12. Nukatae alesi amewo wɔa nu ɖe Kristo nɔviwo ŋu le vevie ŋutɔ?
12 Alesi amegbetɔ bubuwo wɔa nu ɖe Fiaɖuƒea ƒe domenyila siawo ŋu la le vevie ŋutɔ. Ðe nèbua wo abe alesi Yesu Kristo kple Yehowa bua woe enea? (Mateo 24:45-47; Tesalonikatɔwo II, 2:13) Nɔnɔme si woɖena fiana ɖe amesiamina siawo ŋu la fiaa nɔnɔme si woɖena fiana ɖe Yesu Kristo kple Fofoa, Xexeame Katã ƒe Fiagã la ŋu.—Mateo 10:40; 25:34-46.
13. Afikae Biblia Nusrɔ̃viwo se alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe lododoa me se ɖo le ƒe 1884 me?
13 Gbetakpɔxɔ la gblɔe wòsɔ nyuie le eƒe tata si nye August 1884 tɔ me be “alẽ” siwo le lododo sia mee nye amesiwo si agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le. Wose egɔme hã be ele be lododoa nava eme le ɣeyiɣi si me Kristo anɔ fia ɖum tso eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui dzi le dziƒo. Gake womete ŋu nya ɣeyiɣi si me wòadze memamãdɔ si ŋu woƒo nu tsoe le afima kple ɣeyiɣi didi si esia wɔwɔ axɔ la ɣemaɣi o.
14. Aleke ƒe 1923 takpekpe me nuƒo aɖe kpe ɖe Biblia Nusrɔ̃viwo ŋu be wonya ɣeyiɣi si me Yesu ƒe nyagblɔɖilododoa ava eme?
14 Gake le nutome gã takpekpe me nuƒo aɖe me le ƒe 1923 me la, J. F. Rutherford si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi la kɔ ɣeyiɣi si me alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe lododoa ava eme la me. Nukatae? Le go aɖe me la, le esi lododoa fia be Fia la nɔviwo—ne mede ɖeke o hã—wo dometɔ aɖewo agakpɔtɔ anɔ anyigba dzi tae. Le amegbetɔwo dome la, eyomedzela siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii koe woate ŋu ayɔ be nɔviawo. (Hebritɔwo 2:10-12) Amesiawo manɔ anyigba dzi le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua katã me si ana mɔnukpɔkpɔ amewo be woawɔ nyui na wo le mɔ siwo ŋu Yesu ƒo nu le nu o.—Nyaɖeɖefia 20:6.
15. (a) Nudzɔdzɔ kawoe kpe ɖe Biblia Nusrɔ̃viwo ŋu be wose amesiwo alẽ siwo le Yesu ƒe lododoa me nye la gɔme? (b) Aleke alẽawo ɖee fia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe Fiaɖuƒea ŋu?
15 Le nuƒo ma me le ƒe 1923 me la, wodze agbagba be woade dzesi amesiwo sɔ ɖe amesiwo Aƒetɔ la ɖɔ be wonye alẽwo kpakple gbɔ̃wo nu la, gake ehiã be woase nya bubuwo gɔme hafi lododoa katã me nakɔ nyuie. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, Yehowa he esubɔlawo ƒe susu yi nya vevi siawo dzii. Esiawo dometɔ aɖewoe nye be wose egɔme nyuie le ƒe 1927 me be “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” lae nye Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na siwo le anyigba dzi la katã ƒe ƒuƒoƒo; eme kɔ na wo le ƒe 1932 me hã be ehiã be yewoaɖee afia vɔvɔ̃manɔmee be yewowɔ ɖeka kple Yehowa subɔla amesiaminawo abe alesi Yonadab ɖee fia Yehu ene. (Mateo 24:45; Fiawo II, 10:15) Wonɔ te ɖe Nyaɖeɖefia 22:17 dzi ɣemaɣi de dzi ƒo na amesiawo siwo si alẽwo ƒe nɔnɔme le la tẽ be woakpɔ gome le Fiaɖuƒegbedasia gbɔgblɔ na ame bubuwo me. Menye dɔmenyo koe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mesia Fiaɖuƒea ŋu aʋã wo be woawɔ na Aƒetɔ la ƒe amesiaminawo o, ke boŋ woatsɔ woƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa to Kristo dzi eye woava de ha kple eƒe amesiaminawo kplikplikpli ahawɔ dɔ si wɔm wole. Èle dɔ ma wɔma? Fia la agblɔ na amesiwo wɔnɛ la be: “Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!” Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si nye agbe mavɔ nɔnɔ le blibodede me le Fiaɖuƒea te le anyigba dzi la asu wo si.—Mateo 25:34, 46.
“Ameha Gã” la—Afika Yim Wole?
16. (a) Nukpɔsusu masɔmasɔ kawoe nɔ Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔwo si le amesiwo ameha gã si woyɔ le Nyaɖeɖefia 7:9 me nye la ŋu? (b) Ɣekaɣie woɖɔ woƒe nukpɔsusu sia ɖo eye nuka dzie wonɔ te ɖo?
16 Ɣeaɖeɣi la, Yehowa subɔlawo xɔe se be ameha gã si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 7:9, 10 la to vovo na alẽ bubu siwo ŋu nya wogblɔ le Yohanes 10:16 kple alẽ siwo le Mateo 25:33. Esi Biblia gblɔ be “[wole] tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ” ta la, wosusu be efia be woanɔ dziƒo, menye le fiazikpuiwo dzi anye hatidziɖulawo kple Kristo o, ke boŋ woanɔ teƒe si bɔbɔ ɖe anyi wu le fiazikpui la ŋgɔ. Wobu wo be wonye Kristotɔ siwo ƒe nuteƒewɔwɔ mede ame gbãtɔawo tɔ nu o, amesiwo meɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ vavãtɔ fia o. Woɖɔ nukpɔsusu ma ɖo le ƒe 1935 me.b Esi wodzro Nyaɖeɖefia 7:9 me hetsɔ mawunyakpukpui aɖewo abe Mateo 25:31, 32 ene sɔ kplii la, eme kɔ na wo be amesiwo le anyigba dzi afisia ate ŋu anɔ “fiazikpui la ŋgɔ.” Woɖe eme hã be menye nuteƒewɔwɔ ƒe dzidzenu evee le Mawu si o. Ele be amesiwo katã ŋu wòakpɔ ŋudzedze ɖo la nalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi nɛ.—Mateo 22:37, 38; Luka 16:10.
17, 18. (a) Nuka gbɔe amesiwo le mɔ kpɔm na agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe dzidziɖedzi gã si wokpɔ tso ƒe 1935 me ke la tso? (b) Dɔ vevi ka wɔwɔ mee ameha gã la me tɔwo tsɔ dzonɔameme le gome kpɔm le?
17 Yehowa ƒe amewo ƒo nu tso Mawu ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe anyigba ŋu la ŋuti ƒe geɖe. Le nusiwo wonɔ mɔ kpɔm na be woadzɔ le ƒe 1920 ƒeawo me ta la, woɖe gbeƒãe be “Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O.” Gake amesiwo xɔ mɔnuɖoɖo siwo Mawu wɔ na agbekpɔkpɔ la mede miliɔn ɣemaɣi o. Gbɔgbɔ kɔkɔea de dziƒogbenɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ amesiwo xɔ nyateƒea ɣemaɣi ƒe akpa gãtɔ me. Gake tɔtrɔ ɖedzesi aɖe va vevietɔ tso ƒe 1935 megbe. Menye ɖe Gbetakpɔxɔ mefia agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa o. Yehowa subɔlawo ƒo nu le esia ŋu ƒe geɖe eye wodi amesiwo sɔ ɖe Biblia ƒe nuɖɔɖɔ sia nu. Gake le ɣeyiɣi si sɔ me la, Yehowa kpɔ egbɔ be amesiawo dze.
18 Nuŋlɔɖi siwo li fia be ƒe geɖe la, Ŋkuɖodzia valawo ƒe akpa gãtɔ ɖu kpɔɖeŋunuawo. Gake le ƒe 25 siwo va ɖe 1935 yome la, amesiwo vaa Kristo ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe la dzi ɖe edzi zi gbɔ zi alafa ɖeka wu nua ɖulawo. Amekawoe nye ame bubu siawo? Amesiwo ava nye ameha gã la me tɔwoe. Eme kɔ ƒã be Yehowa ƒe ɣeyiɣia de be woaƒo wo nu ƒu adzra wo ɖo na agbetsitsi le xaxa gã si gbɔna kpuie me. Abe alesi wogblɔe ɖi ene la, wotso “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” (Nyaɖeɖefia 7:9) Wole dɔ si ƒe nya Yesu gblɔ ɖi la wɔm dzonɔamemetɔe, esi wògblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.”—Mateo 24:14.
[Etenuŋɔŋlɔwo]]
a Kpɔ February 15, 1984, axa 10-20, 31 Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ hena alẽha siwo le Yohanes ta 10 me ŋuti numedzodzro deto si le fifi gɔmesese nu.
b August 1 kple 15, 1935 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ.
Aleke Nàɖe Wo Mee?
◻ Nukatae míetsɔ ɖe le Nyaɖeɖefia ta 7 me ŋutega la me etɔxɛe?
◻ Nukatae alẽ bubu siwo dze le Yohanes 10:16 la menye Trɔ̃subɔla zu Kristotɔwo o?
◻ Nɔnɔme kawoe wòle be nenɔ amesiwo Biblia ɖɔ be wonye alẽ bubuawo la si?
◻ Aleke alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe lododo la te gbe ɖe bubudede Fiaɖuƒea ƒe ŋusẽ ŋu dzii?
◻ Nukae ɖe ɣeyiɣi si me Yehowa ƒe ɣeyiɣia de be wòaƒo ameha gã si le Nyaɖeɖefia 7:9 la nu ƒu la fia?