Ta 32
Wohe Mawu ƒe Dɔmedzoe la Va Nuwuwui
1. Ne wokɔ kplu adreawo ɖi vɔ keŋkeŋ la, ekema nuka va eme, eye nyabiabia kawoe do mo ɖa azɔ ku ɖe kpluawo ŋu?
YOHANES ɖe mawudɔla siwo wode dɔ asi na be woakɔ kplu adreawo ɖi la fia mí xoxo. Egblɔ na mí be esiawoe nye “mamletɔ adreawo . . . elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe la nu le.” (Nyaɖeɖefia 15:1; 16:1) Ele be woakɔ fuwɔame siawo siwo ɖe Yehowa ƒe tohehe na ame vɔ̃ɖiwo le anyigba dzi fia la ɖi keŋkeŋ. Ne wokɔ wo ɖi vɔ la, ekema wohe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ vɛ. Satana ƒe xexeame maganɔ anyi o! Nukae fuwɔame siawo ahe va ameƒomea kple fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe dziɖulawo dzi? Aleke Kristotɔwo ate ŋu aƒo asa na fu si woakpe kple xexeme sia si le tsɔtsrɔ̃ ge lae? Esiawo nye nyabiabia veviwo, eye wole wo ŋu ɖo ge azɔ. Amesiwo katã le didim be dzɔdzɔenyenye naɖu dzi la atsɔ ɖe le nusi Yohanes gakpɔ la me vevie.
Yehowa ƒe Dziku ɖe “Anyigba” Ŋu
2. Nukae do tso mawudɔla gbãtɔ la ƒe kplua kɔkɔ ɖe anyigba dzi me, eye nukae “anyigba” la tsi tre ɖi na?
2 Mawudɔla gbãtɔ dze dɔ gɔme! “Eye gbãtɔa yi, eye wòtrɔ eƒe kplu la kɔ ɖe anyigba dzi, eye ƒoƒoe vɔ̃, si vena ŋutɔ la, ƒo amesiwo ŋu lã la ƒe dzesi le kple amesiwo de ta agu na eƒe legba la.” (Nyaɖeɖefia 16:2) Abe alesi wònɔ le kpẽkuku gbãtɔa gome ene la, le afisia la “anyigba” la tsi tre ɖi na dunyahenuɖoanyi si dze abe ɖe wòli ke ene, si Satana dze ɖoɖo anyi ɖe anyigba dzi afisia gɔme le Nimrod ƒe ŋkekea me, si nye ƒe 4,000 kple vɔe nye sia la.—Nyaɖeɖefia 8:7.
3. (a) Aleke dziɖuɖu geɖe bia nusi va nye tadedeagu la tso wo te viwo sie? (b) Nukae dukɔwo to vɛ ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea teƒe, eye aleke nɔnɔmeawo nɔna na amesiwo dea ta agu nɛ?
3 Le ŋkeke mamle siawo me la, dziɖuɖu geɖewo bia nusi va nye tadedeagu tso wo te viwo gbɔ, eye wotea tɔ ɖe edzi be ele be woana nɔƒe si kɔ wu Mawu alo ame bubu ɖesiaɖe tɔ la Dukɔa. (Timoteo II, 3:1; tsɔe sɔ kple Luka 20:25; Yohanes 19:15.) Tso ƒe 1914 me la, enye nusi bɔ be dukɔwo kplɔa woƒe sɔhɛwo dea asrafodɔ me be woawɔ aʋa alo woanɔ klalo be woawɔ aʋa si lɔ dukɔwo katã ɖe eme, esi na egbegbeŋutinya yɔ kple ʋukɔkɔɖi la. Le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me la, dukɔwo ɖo lã la ƒe legba—si nye Dukɔwo ƒe Nubabla kpakple Dukɔ Ƒoƒuawo si va xɔ ɖe eteƒe—la ɖi abe nusi xɔ ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea teƒe ene. Busunya kae nye si wònye be woaɖe gbe ƒã abe alesi papa siwo nɔ anyi nyitsɔ laa la wɔe ene be habɔbɔ sia si amegbetɔ ɖo lae nye dukɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia hena ŋutifafa! Etsia tre ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu vevie. Amesiwo dea ta agu nɛ la va zua amesiwo ŋu mekɔ o le gbɔgbɔ me, eye abi le wo ŋu abe alesi abi kple ƒoƒoe ŋutɔŋutɔ va nɔ Egiptetɔ siwo tsi tre ɖe Yehowa ŋu le Mose ŋɔli la ŋu ene.—Mose II, 9:10, 11.
4. (a) Nuka dzie nusi le Mawu ƒe dɔmedzoekplu gbãtɔa me la te gbe ɖo vevie? (b) Aleke Yehowa bua amesiwo xɔa lã wɔadã la ƒe dzesi lae?
4 Nusiwo le kplu sia me te gbe ɖe tiatia si dze ŋgɔ amegbetɔwo la dzi vevie. Ele be woakpe fu tso ŋudzedze si xexeame makpɔ ɖe wo ŋu o me loo alo le Yehowa ƒe dziku ta. Wole eƒom ɖe ameƒomea nu be woaxɔ lã wɔadã la ƒe dzesi la kple susu be “ame aɖeke magate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe amesi ŋu lã la ƒe ŋkɔ alo eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme ƒe dzesi le la ko.” (Nyaɖeɖefia 13:16, 17) Gake esia wɔwɔ gblẽa nu le ame ŋu! Yehowa bua amesiwo xɔa dzesi la be “ƒoƒoe vɔ̃, si vena ŋutɔ la” ƒo wo. Tso ƒe 1922 me la, wode dzesi wo le dutoƒo be wogbe Mawu gbagbe la. Woƒe dunyahehe ƒe ɖoɖowo medzea edzi o, eye woxaxana. Le gbɔgbɔ me la, wo ŋu mekɔ o. Ne wometrɔ dzime o la, dɔléle “vɔ̃” sia awu wo, elabena fifiae nye Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbe la. Akpa aɖeke dzi mademade ƒe nɔƒe aɖeke meli le xexemenuɖoanyia ƒe akpa aɖe nyenye kpakple Yehowa si woasubɔ le Kristo ƒe akpa dzi la dome o.—Luka 11:23; tsɔe sɔ kple Yakobo 4:4.
Atsiaƒu Trɔ Zu Ʋu
5. (a) Nukae dzɔ esime wokɔ kplu evelia ɖi? (b) Aleke Yehowa bua amesiwo le kpɔɖeŋu ƒe atsiaƒua mee?
5 Ele be woakɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu evelia ɖi azɔ. Nukae wòahe vɛ na ameƒomea? Yohanes gblɔe na mí be: “Eye evelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe atsiaƒu me, eye wòtrɔ zu abe ame kuku ƒe ʋu ene, eye luʋɔ gbagbe siaa luʋɔ gbagbe, si le ƒua me la ku.” (Nyaɖeɖefia 16:3, New World Translation) Abe kpẽkuku evelia ene la, wokɔ kplu sia ɖe “atsiaƒu”—si nye amegbetɔ dzeaglã madzeakɔanyi siwo te ɖa le Yehowa gbɔ la—me. (Yesaya 57:20, 21; Nyaɖeɖefia 8:8, 9) Le Yehowa ŋkume la, “atsiaƒu” sia le abe ʋu ene, eye medze be nuwɔwɔwo nanɔ eme o. Ema tae mele be Kristotɔwo nanye xexeame ƒe akpa aɖeke o. (Yohanes 17:14) Mawu ƒe dɔmedzoekplu evelia kɔkɔ ɖi la ɖee fia be ameƒomea me tɔ siwo katã le atsiaƒu sia me la ku le Yehowa ŋkume. To hame ƒe agbanɔamedzi dzi la, ameƒomea ɖi ʋu maɖifɔ kɔkɔ ɖi si gbɔ eme ƒe fɔ. Ne Yehowa ƒe dɔmedzoedogbea ɖo la, woaku ŋutɔŋutɔ le eƒe nutsrɔ̃lawo si me.—Nyaɖeɖefia 19:17, 18; tsɔe sɔ kple Efesotɔwo 2:1; Kolosetɔwo 2:13.
Wotsɔ Ʋu na Wo be Woano
6. Nukae dzɔ esime wokɔ kplu etɔ̃lia ɖi, eye nya kawoe wose le mawudɔla aɖe nu kple tso vɔsamlekpuia me?
6 Abe kpẽkuku etɔ̃lia ene la, Mawu ƒe dɔmedzoekplu etɔ̃lia wɔ dɔ ɖe tsi viviwo dzi. “Eye mawudɔla etɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe tɔsisiwo kple tsi dzidziwo me, eye wotrɔ zu ʋu. Eye mese tsiawo ƒe mawudɔla le gbɔgblɔm bena: Wò amesi li, eye nenɔ anyi, wò kɔkɔetɔ la, wòe nye dzɔdzɔetɔ, le esi nèdrɔ̃a ʋɔnu ale la ŋuti; elabena wotrɔ ame kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo ƒe ʋu kɔ ɖe anyi, eye nètsɔ ʋu na wo, bena woano, eye wòdze wo nenema. Eye mese vɔsamlekpui la le gbɔgblɔm bena: Ẽ, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ la, nyateƒe kple dzɔdzɔe nye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo.”—Nyaɖeɖefia 16:4-7.
7. Nukae “tɔsisiwo kple tsi dzidziwo” tsi tre ɖi na?
7 ‘Tɔsisi kple tsi dzidzi’ siawo tsi tre ɖi na yeaɖi mɔfiafia- kple nunyatsoƒe nyui siwo dzi xexeme sia daa asi ɖo la, abe dunyahehe, ganyawo, dzɔdzɔmeŋutinunya, agbalẽsɔsrɔ̃, hadomegbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ me xexemenunya siwo fiaa mɔ amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo kple nyametsotsowo la ene. Le esi teƒe be woaɖo ŋu ɖe Yehowa Agbedzɔƒe la ŋu hena nyateƒe si naa agbe ame la, amewo ‘ɖe tsido siwo gɔme ŋɔ na wo ɖokui’ eye wono “xexe sia me nunya [si nye] bometsitsi le Mawu gbɔ” la fũ ŋutɔ.—Yeremya 2:13; Korintotɔwo I, 1:19; 2:6; 3:19; Psalmo 36:10.
8. Mɔ kawo dzie ameƒomea to ɖi ʋufɔ?
8 “Tsi” ƒoɖi mawo na amewo ɖi ʋufɔ, le kpɔɖeŋu me, le dzi dede ƒo na wo be woakɔ ʋu gbogbo aɖe ɖi le ƒe alafa sia ƒe aʋawɔwɔ siwo ɖe amesiwo wu miliɔn alafa ɖeka ƒe agbe ɖa fifia me la me. Vevietɔ le Kristodukɔa si me xexemeʋa eveawo dzɔ le la me la, amewo “[le] abla ɖem, be woakɔ ʋu maɖifɔ ɖi,” eye Mawu ŋutɔ ƒe ɖasefowo ƒe ʋu le esia me. (Yesaya 59:7; Yeremya 2:34) Ameƒomea gaɖi ʋufɔ hã be wòzã ʋu gbogbo aɖe le mɔ gbegblẽ nu le ʋudodo me hetsɔ da le Yehowa ƒe se dzɔdzɔeawo dzie. (Mose I, 9:3-5; Mose III, 17:14; Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Le esia ta la, nuxaxa va wo dzi xoxo to alesi AIDS, asrãdɔ si gblẽa nu le aklã ŋu kple dɔléle bubuwo va bɔ to ʋudodo dzi la dzi. Tohehe blibo ɖe ʋufɔɖiɖia katã ta la ava kpuie ne wotsɔ tohehe gãtɔ kekeake na vodalawo, esi nye be woafanya wo le “Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe weinfiãnu gã la” me.—Nyaɖeɖefia 14:19, 20.
9. Nukae kplu etɔ̃lia kɔkɔ ɖi lɔ ɖe eme?
9 Esime Nil-tɔsisia trɔ zu ʋu le Mose ŋɔli la, Egiptetɔwo te ŋu tsi agbe to tsi didi le teƒe bubuwo dzi. (Mose II, 7:24) Gake egbea le gbɔgbɔ me fuwɔamea me la, teƒe aɖeke meli le Satana ƒe xexea me si amewo ate ŋu akpɔ tsi siwo nana agbe le o. Kplu etɔ̃lia sia kɔkɔ ɖi nye gbe ƒã ɖeɖe be xexeame ƒe “tɔsisiwo kple tsi dzidziwo” le abe ʋu ene, eye wohea gbɔgbɔ me ku vɛ na amesiwo katã noa wo la. Ne amewo metrɔ va Yehowa gbɔ o la, eƒe fɔbubu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava wo dzi.—Tsɔe sɔ kple Xezekiel 33:11.
10. Nukae “tsiawo ƒe mawudɔla” la ɖe fia, eye ɖaseɖiɖi kae “vɔsamlekpui la” tsɔ kpe ɖe eŋu?
10 “Tsiawo ƒe mawudɔla” si nye mawudɔla si kɔ kplu sia ɖe tsiawo me la kafua Yehowa be enye Xexeame Katã ƒe Ʋɔnudrɔ̃la, amesi ƒe nyametsotso dzɔdzɔeawo ƒo ɖesiaɖe ta. Eyata egblɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ sia ŋu be: ‘Edze wo nenema.’ Ðikekemanɔmee la, mawudɔla la ŋutɔ kpɔ ʋukɔkɔɖi kple ŋuta si wosẽ ƒe akpe geɖe to alakpanufiafiawo kple xexeme vɔ̃ɖi sia ƒe nunya dzi la teƒe. Eyata enya be Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nyametsotsoa dze. Mawu ƒe “vɔsamlekpui la” gɔ̃ hã ƒo nu. Le Nyaɖeɖefia 6:9, 10 me la, wogblɔ be amesiwo ku xɔsetaku la ƒe luʋɔwo le vɔsamlekpui ma te. Eyata “vɔsamlekpui la” tsɔ ɖaseɖiɖi si nu sẽ si ku ɖe Yehowa ƒe nyametsotsowo ƒe dzedze kple dzɔdzɔenyenye ŋu la kpe ɖe eŋu.a Kakaɖedzitɔe la, esɔ be woana amesiwo kɔ ʋu gbogbo ma gbegbe ɖi hezãe ɖe mɔ gbegblẽ nu la ŋutɔ nano ʋu akpasesẽtɔe, esi nye kufia si Yehowa atso na wo la ƒe kpɔɖeŋu.
Dzo Tsɔtsɔ Afiã Amewoe
11. Nuka dzie woakɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu enelia ɖo, eye nukae dzɔ esime wokɔe ɖi?
11 Ɣe la dzie woakɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu enelia ɖo. Yohanes gblɔ na mí be: “Eye mawudɔla enelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe ɣe dzi, eye wona ŋusẽe be, wòatsɔ dzo afiã amewo, eye dzoxɔxɔ gã ŋutɔ ɖu amewo, eye wode busu Mawu ƒe ŋkɔ, si kpɔ ŋusẽ ɖe fuwɔame siawo dzi, eye wometrɔ le woƒe dzi me, bene woatsɔ kafukafu nɛ o.”—Nyaɖeɖefia 16:8, 9.
12. Nukae nye xexeme sia ƒe “ɣe,” eye ŋusẽ kae wona kpɔɖeŋu ƒe ɣe sia?
12 Egbea le nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu la, Yesu ƒe gbɔgbɔ me nɔviwo “[le keklẽm] abe ɣe ene le wo fofo ƒe fiaɖuƒe la me.” (Mateo 13:40, 43) Yesu ŋutɔe nye “dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe” la. (Maleaxi 3:20) Gake ameƒomea ŋutɔ ƒe “ɣe” le esi, esi nye eya ŋutɔ ƒe dziɖula siwo dzea agbagba be yewoaklẽ atsi tre ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu la. Kpẽkuku enelia ɖe gbe ƒãe be le nyateƒe me la, menye kekeli o ke boŋ viviti tsoƒee ‘ɣe kple ɣleti kpakple ɣletivi’ siwo le Kristodukɔa ƒe dziƒo la nye. (Nyaɖeɖefia 8:12) Mawu ƒe dɔmedzoekplu enelia ɖee fia azɔ be xexeame ƒe “ɣe” la ƒe dzoxɔxɔa nu asẽ akpa. Amesiwo ŋu woɖoa ŋu ɖo be wonye kplɔla siwo le abe ɣe ene la “afiã” ameƒomea. Woana ŋusẽ sia kpɔɖeŋu ƒe ɣe la. Ne woagblɔe bubue la, Yehowa aɖe mɔ esia nadzɔ abe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si nu sẽ si ava ameƒomea dzi la ƒe akpa aɖe ene. Aleke wofiãe?
13. Aleke xexe sia me dziɖula siwo le abe ɣe ene “ɖu” ameƒome lae?
13 Le xexemeʋa gbãtɔ megbe la, xexe sia me dziɖulawo ɖo Dukɔwo ƒe Nubabla la anyi le agbagbadzedze be yewoakpɔ xexeame ƒe dedienɔnɔ ƒe kuxia gbɔ me, gake esia medze edzi o. Eyata wote dziɖuɖu ƒomevi bubuwo kpɔ, abe Fasitɔwo tɔ kple Nazitɔwo tɔ ene. Dziɖuɖu siwo me nusianu nye dziɖuɖua tɔ la yi edzi nɔ ta kekem. Le esi teƒe be dziɖula siwo le abe ɣe ene le nuɖoanyi siawo me la nana nuwo naka ɖe eme na ameƒomea la, wova ‘tsɔ dzoxɔxɔ gã ŋutɔ nɔ amewo fiãmee.’ Dukɔmeʋa siwo wonɔ wɔwɔm le Spania, Etiopia kple Mantsuria he xexemeʋa evelia vɛ. Egbegbeŋutinya ƒe nuŋlɔɖiwo ɖee fia be ŋutasẽdziɖula siwo nye Mussolini, Hitler kple Stalin gbɔe ame miliɔn geɖe siwo dome woa ŋutɔwo devi geɖewo nɔ la ƒe ku tso tẽ kpakple le mɔ aɖe nu. Nyitsɔ laa la, dukɔwo dome aʋawɔwɔwo alo dukɔmeʋawɔwɔwo “ɖu” dukɔ aɖewo abe Vietnam, Kamputsia, Iran, Lebanon kple Ireland kpakple dukɔ aɖewo siwo le Latin Amerika kple Afrika la me tɔwo. Tsɔ ʋiʋli si le edzi yim le dukɔ ŋusẽtɔ siwo ƒe nukliaʋawɔnu dziŋɔawo ate ŋu afiã ameƒomea katã la dome la kpe ɖe eŋu. Le ŋkeke mamle siawo me la, wona “ɣe” si nu sẽ, si nye ameƒomea ƒe dziɖula madzɔmadzɔawo la ɖu wo. Mawu ƒe dɔmedzoekplu enelia kɔkɔ ɖi tɔ asi ŋutinya me nyateƒenya siawo dzi, eye Mawu ƒe amewo ɖe gbe ƒã wo le anyigba katã dzi.
14. Nukae Yehowa Ðasefowo fia amewo ɣesiaɣi be eyae nye ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu ɖeka kolia, eye aleke ameƒome bliboa wɔ nu ɖe ema ŋue?
14 Yehowa Ðasefowo fia amewo ɣesiaɣi be ameƒomea ƒe kuxi siwo na wotɔtɔ la gbɔ kpɔnu ɖeka kolia lae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe si dzi Yehowa ɖo be yeato akɔ yeƒe ŋkɔ ŋu. (Psalmo 83:5, 18, 19; Mateo 6:9, 10) Gake ameƒome bliboa gbe toɖoɖo egbɔkpɔnu sia. Ame geɖe siwo gbea Fiaɖuƒea gblɔa busunya ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋu hã abe alesi Farao wɔe ene esime wògbe be yemalɔ̃ ɖe Yehowa ƒe fianyenye dzi o la. (Mose II, 1:8-10; 5:2) Esi tsitretsiɖeŋula siawo medi Mesia Fiaɖuƒea o ta la, wolɔ̃ be yewoakpe fu le yewo ŋutɔwo ƒe amegbetɔ ƒe dziɖuɖu si tea ame ɖe to ƒe “ɣe” si nu sẽ la te.
Lã Wɔadã la ƒe Fiazikpui La
15. (a) Nuka dzie wokɔ kplu atɔ̃lia ɖo? (b) Nukae nye “lã la ƒe zikpui” la, eye nukae kplu la tɔtrɔ akɔ ɖe edzi lɔ ɖe eme?
15 Nuka dzie mawudɔla si kplɔe ɖo la kɔ eƒe kplua ɖo? “Eye mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã la ƒe zikpui dzi.” (Nyaɖeɖefia 16:10a) “Lã la” ye nye Satana ƒe dziɖuɖu ƒe nuɖoanyia. Fiazikpui ŋutɔŋutɔ mele esi o, abe alesi lã wɔadã la menye lã ŋutɔŋutɔ o ene. Gake fiazikpui si ŋu woƒo nu le la ɖee fia be lã wɔadã la ɖu fia ɖe ameƒomea dzi; esia wɔ ɖeka kple nyateƒe si wònye be fiakuku le lã la ƒe tawo dometɔ ɖesiaɖe dzi la. Le nyateƒe me la, “lã la ƒe zikpui” lae nye ŋusẽ ma ƒe gɔmeɖoanyi alo eƒe dzɔtsoƒe.b Biblia ɖe lã wɔadã la ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋusẽ ƒe nɔnɔmea ŋutɔŋutɔ fia esime wògblɔ be “ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋutete kple eƒe fiazikpui kpakple eƒe ŋusẽ gã [na lã wɔadã la].” (Nyaɖeɖefia 13:1, 2; Yohanes I, 5:19) Eyata kplu la tɔtrɔ akɔ ɖe lã wɔadã la ƒe fiazikpui dzi la ku ɖe nyagbɔgblɔ si ɖe ama akpa si Satana wɔ eye wògakpɔtɔ le wɔwɔm ŋutɔŋutɔ be wònɔa megbe na lã wɔadã la hedoa alɔe la ŋu.
16. (a) Dukɔwo ɖanya alo womeɖanya o, ameka subɔmee wole? Ðe eme. (b) Aleke xexeame ɖea Satana ƒe nɔnɔme fianae? (d) Ɣekaɣie woamu lã wɔadã la ƒe fiazikpui la aƒu anyi?
16 Aleke wowɔna be ƒomedodo sia yia edzi nɔa Satana kple dukɔawo dome? Esi Satana nɔ Yesu tem kpɔ la, etsɔ xexemefiaɖuƒewo katã fiae le ŋutega me eye wògblɔ be yeatsɔ “ŋusẽ sia katã kple woƒe ŋutikɔkɔe” nɛ. Gake eku ɖe nane ŋu—ele be Yesu nade ta agu na Satana gbã. (Luka 4:5-7) Ðe míate ŋu asusui be xexemedziɖuɖuwo wɔa nusi mede ema nu o hafi xɔa woƒe ŋusẽa? Kura o. Le Biblia ƒe nya nu la, Satanae nye nuɖoanyi sia ƒe mawu, eyata dukɔwo ɖanya alo womeɖanya o, wosubɔnɛ. (Korintotɔwo II, 4:3, 4)c Nɔnɔme sia dze le alesi fifi xexemenuɖoanyia si wotu ɖe dukɔmevinyahehe, fuléle kple ɖokuitɔdidi dzi le la me. Wowɔ ɖoɖo ɖe eŋu ɖe alesi Satana dii nu—be ameƒomea nanɔ eƒe ŋusẽ te. Nu gbegblẽ siwo wowɔna le dziɖuɖuwo me, ŋusẽ didi vevie, dziɖuɖaŋu me aʋatsokaka, kɔ lili aʋawɔnuwo ɖi—esiawo katã ɖea Satana ƒe gbɔɖiɖi ƒe nɔnɔme la fiana. Xexeame da asi ɖe Satana ƒe dzidzenu madzɔmadzɔawo dzi, eye woto ema dzi wɔe woƒe mawue. Woamu lã wɔadã la ƒe fiazikpuia aƒu anyi ne wotsrɔ̃ lã ma ɖa eye Mawu ƒe nyɔnua ƒe Dzidzimevia de Satana ŋutɔ aʋli me mlɔeba.—Mose I, 3:15; Nyaɖeɖefia 19:20, 21; 20:1-3.
Viviti Kple Vevesese Vevie
17. (a) Aleke kplu atɔ̃lia kɔkɔ ɖi ku ɖe gbɔgbɔ me viviti si bla lã wɔadã la ƒe fiaɖuƒea ŋue? (b) Aleke amewo wɔa nu ɖe Mawu ƒe dɔmedzoekplu atɔ̃lia kɔkɔ ɖi ŋue?
17 Lã wɔadã sia ƒe fiaɖuƒe la nɔ gbɔgbɔ me viviti me tso eƒe gɔmedzedze ke. (Tsɔe sɔ kple Mateo 8:12; Efesotɔwo 6:11, 12.) Kplu atɔ̃lia na gbeƒãɖeɖe tso viviti sia ŋu le dutoƒo la dzi ɖe edzi. Ewɔ eƒe wɔwɔfia gɔ̃ hã le esi wotrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu sia kɔ ɖe kpɔɖeŋu ƒe lã wɔadã la ƒe fiazikpui ŋutɔŋutɔ dzi. “Eye eƒe fiaɖuƒe do viviti, eye woɖu aɖe le fukpekpe la ta, eye wodo busu dziƒo Mawu la le woƒe fukpekpe kple woƒe ƒoƒoeawo ta, eye wometrɔ tso woƒe nuwɔnawo me o.”—Nyaɖeɖefia 16:10b, 11.
18. Ƒomedodo kae le kpẽkuku atɔ̃lia kple Mawu ƒe dɔmedzoekplu atɔ̃lia dome?
18 Kpẽkuku atɔ̃lia mesɔ pɛpɛpɛ kple Mawu ƒe dɔmedzoekplu atɔ̃lia o, elabena kpẽkukua ɖe gbe ƒã ʋetsuviwo ƒe fuwɔame. Gake de dzesii be esime wohe ʋetsuviwo ƒe fuwɔame ma vɛ la, ɣe kple yame do viviti. (Nyaɖeɖefia 9:2-5) Eye míexlẽ ku ɖe ʋetsuvi siwo Yehowa tsɔ wɔ fu Egipte la ŋu le Mose II, 10:14, 15 bena: “Wodze ɖe anyigba la ƒe afisiafi taŋtaŋ; wo tɔgbe meva kpɔ o, eye magava alea hã akpɔ o. Eye wonyẽ tsyɔ anyigba blibo la katã dzi, ale bena anyigba megale dzedzem o.” Ẽ, vivitie! Egbea xexeame ƒe gbɔgbɔ me viviti la va le dzedzem keŋkeŋ le kpẽ atɔ̃lia kuku kple Mawu ƒe dɔmedzoekplu atɔ̃lia tɔtrɔ kɔ ɖi ta. Gbedasi teame si egbegbeʋetsuviwo ƒe ha la le gbe ƒã ɖemee la wɔa fu ame vɔ̃ɖi mawo siwo “lɔ̃a viviti la wu kekeli la” eye wònana wosea veve.—Yohanes 3:19.
19. Le ɖekawɔwɔ me kple Nyaɖeɖefia 16:10, 11 la, nukae ha si woɖe Satana be enye nuɖoanyi sia ƒe mawu la he vɛ?
19 Abe xexeame ƒe dziɖula ene la, Satana he dzidzɔmakpɔmakpɔ kple fukpekpe geɖe vɛ. Dɔwuame, aʋawɔwɔwo, ʋunyaʋunyawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, atikewo zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, agbegbegblẽnɔnɔ, nulɔdɔwo, anukwaremaɖimaɖi, mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔ—esiawo kple nu geɖe bubuwo nye Satana ƒe nuɖoanyia ƒe dzesiwo. (Tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 5:19-21.) Togbɔ be ele alea hã la, alesi woɖe ha Satana be enye nuɖoanyi sia ƒe mawu la he vevesese kple ŋukpe vɛ na amesiwo nɔa agbe ɖe eƒe dzidzenuwo nu la. “Woɖu aɖe le fukpekpe la ta” vevietɔ le Kristodukɔa me. Evea dɔme na ame geɖe be nyateƒea kloa nu le yewoƒe agbenɔnɔ dzi. Ame aɖewo bunɛ be enye afɔku na yewo, eye wotia amesiwo ɖea gbe ƒãe la yome. Wogbea nu le Mawu ƒe Fiaɖuƒea gbɔ eye woɖua fewu le Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu. Wokloa nu le alesi wole dɔ lém eye abi le wo ŋu le mawusubɔsubɔ gome la dzi ale be wodoa busu Dziƒomawu la. Ao, ‘wometrɔna tso woƒe nuwɔnawo me o.’ Eyata míate ŋu akpɔ mɔ be wo katã natrɔ dzime hafi nuɖoanyi sia nawu nu o.—Yesaya 32:6.
Frat-tɔsisi la Mie
20. Aleke kpẽkuku adelia kple kplu adelia kɔkɔ ɖi siaa lɔ Frat-tɔsisia ɖe emee?
20 Kpẽkuku adelia ɖe gbe ƒã asiɖeɖe le “dɔla ene, siwo wobla ɖe Frat-tɔsisi gã la to” ŋu. (Nyaɖeɖefia 9:14) Le ŋutinya me la, Babilon ye nye du gã si nɔ Frat-tɔsisi la to. Eye le ƒe 1919 me la, kpɔɖeŋu ƒe mawudɔla eneawo tutu kpe ɖe Babilon Gã la ƒe anyidzedze ɖedzesi aɖe ŋu. (Nyaɖeɖefia 14:8) Ekema enye nusi dze be woade dzesii be Mawu ƒe dɔmedzoekplu adelia lɔ Frat-tɔsisia hã ɖe eme: “Eye mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat-tɔsisi gã la dzi, eye eme tsi la mie, bene woadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo.” (Nyaɖeɖefia 16:12) Esia hã nye nya vɔ̃ na Babilon Gã la!
21, 22. (a) Aleke Frat-tɔsisia me tsi siwo nye takpɔkpɔ na Babilon la mie le ƒe 539 D.M.Ŋ. mee? (b) Nukawoe nye “tsi” siwo dzi Babilon Gã la bɔbɔ nɔ la, eye aleke kpɔɖeŋu ƒe tsi siawo le miemiem fifia gɔ̃ hãe?
21 Esime ŋusẽ nɔ blema Babilon ŋu la, Frat-tɔsisia me tsi gbogboawo nye eɖokui taʋiʋli ƒe ɖoɖoa ƒe akpa vevi aɖe. Le ƒe 539 D.M.Ŋ. me la, tsi mawo mie esime Persiatɔwo ƒe kplɔla Kores na tsia to mɔ bubu. Eyata mɔ ʋu na Persiatɔ Kores kple Mediatɔ Dario, amesiwo nye fia siwo tso ‘ɣedzeƒe’ la be woge ɖe Babilon eye woɖu edzi. Le afɔku ƒe ɣeyiɣi ma me la, Frat-tɔsisia mete ŋu nye taʋlinu na dugã ma o. (Yesaya 44:27–45:7; Yeremya 51:36) Nu ma tɔgbe le dzɔdzɔ ge ɖe egbegbe Babilon si nye xexeame katã ƒe alakpasubɔsubɔ ƒe nuɖoanyia dzi kpuie.
22 Babilon Gã la “bɔbɔ nɔ tsi geɖewo dzi.” Le Nyaɖeɖefia 17:1, 15 ƒe nya nu la, esiawo tsi tre ɖi na “dukɔwo kple amehawo kple xexemedukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo”—siwo nye eyomedzela gbogbo siwo wòbuna be wonye takpɔkpɔ na ye la. Gake ‘tsiawo’ le miemiem! Le Ɣetoɖoƒe Europa, afisi ŋusẽ gã aɖe nɔ esi le tsã la, ame miliɔn alafa geɖe ŋe aɖaba ƒu mawusubɔsubɔ dzi le gaglãgbe. Le anyigba bubu aɖewo dzi la, woɖe tameɖoɖo aɖe gblɔ be yewoadze agbagba agblẽ subɔsubɔhawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me. Ameha siwo le dukɔ mawo me metso be yewoaʋli eta o. Nenema kee ne ɣeyiɣia de be woatsrɔ̃ Babilon Gã la, eyomedzela siwo ƒe agbɔsɔsɔme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ la manye takpɔkpɔ aɖeke nɛ kura o. (Nyaɖeɖefia 17:16) Togbɔ be Babilon Gã la gblɔna be hamevi miliɔn akpe geɖe ye le ye si hã la, akpɔ be taʋlinu aɖeke mele ye si yeatsɔ atsi tre ɖe “ɣedzeƒefiawo” ŋu o.
23. (a) Amekawoe nye “ɣedzeƒefiawo” le ƒe 539 D.M.Ŋ. me? (b) Amekawoe nye “ɣedzeƒefiawo” le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me, eye aleke woatsrɔ̃ Babilon Gã lae?
23 Amekawoe nye fia siawo? Le ƒe 539 D.M.Ŋ. me la, woawoe nye Mediatɔ Dario kple Persiatɔ Kores, amesiwo ŋudɔ Yehowa wɔ be woɖu blema Babilon-dua dzi. Le Aƒetɔ ƒe ŋkeke sia me la, dziɖula amegbetɔwoe atsrɔ̃ alakpasubɔsubɔ ƒe nuɖoanyi si nye Babilon Gã la hã. Gake esia hã anye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃. Yehowa Mawu kple Yesu Kristo, amesiwo nye “ɣedzeƒefiawo” lae ade “tameɖoɖo” la dzime na dziɖula amegbetɔwo be woatrɔ adze Babilon Gã la dzi ahatsrɔ̃e keŋkeŋ. (Nyaɖeɖefia 17:16, 17) Kplu adelia tɔtrɔ akɔ ɖi ɖea gbe ƒãe le dutoƒo be wole ʋɔnudɔdrɔ̃ sia he ge vɛ!
24. (a) Aleke wowɔ ɖe gbe ƒã Yehowa ƒe dɔmedzoekplu ade gbãtɔwo me nyawo, eye nukae do tso eme? (b) Hafi Nyaɖeɖefia nagblɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu mamlea ŋuti nya na mí la, nukae wòɖe fia?
24 Gbedasi si ʋuʋua ame le Yehowa ƒe dɔmedzoekplu ade gbãtɔ siawo me. Mawu ƒe subɔla siwo le anyigba dzi eye mawudɔlawo le megbe na wo la le gbe ƒã ɖem wo me nyawo kple ŋkubiã le anyigba katã dzi. To mɔ sia dzi la, wona nuxlɔ̃me si dze la Satana ƒe xexemenuɖoanyia ƒe akpawo katã, eye Yehowa na mɔnukpɔkpɔ amewo ɖekaɖeka be woawɔ nu dzɔdzɔe eye woanɔ agbe. (Xezekiel 33:14-16) Mawu ƒe dɔmedzoekplu ɖeka gasusɔ. Gake hafi Nyaɖeɖefia ƒo nu tso eŋu na mí la, eɖe alesi Satana kple eƒe dɔtsɔvi siwo le anyigba dzi la le agbagba dzem be yewoagblẽ gbeƒãɖeɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo mee la fia.
Amewo Nu Ƒoƒo Ƒu Yi Harmagedon
25. (a) Nukae Yohanes gblɔ na mí ku ɖe “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe gbɔgbɔ” makɔmakɔ siwo le abe akpɔkplɔwo ene la ŋu? (b) Aleke gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe gbɔgbɔ” nyɔŋu siwo le abe akpɔkplɔwo ene la va le Aƒetɔ ƒe ŋkekea mee, eye nukae do tso eme?
25 Yohanes gblɔe na mí be: “Eye mekpɔ gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃, siwo le abe akpɔkplɔwo ene la, do go tso ʋɔ driba la kple lã la kpakple aʋatsonyagblɔɖila ƒe nu me; elabena wonye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe gbɔgbɔ, siwo nɔa dzesiwo wɔm, eye wonɔa xexeame katã ƒe fiawo gbɔ yim, bena woaƒo wo nu ƒu hena Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.” (Nyaɖeɖefia 16:13, 14) Le Mose ŋɔli la, Yehowa he akpɔkplɔwo ƒe fuwɔame nyɔŋu aɖe va Farao ƒe Egipte dzi ale be “anyigba la katã dzi va ʋeʋẽ ge kũ.” (Mose II, 8:1-11) Le Aƒetɔ ƒe ŋkekea hã me la, nu nyɔŋu siwo le abe akpɔkplɔwo ene va, togbɔ be afisi wotso la to vovo gake. Esiawoe nye Satana ƒe “gbɔgbɔ makɔmakɔ etɔ̃” siwo edze ƒã be wotsi tre ɖi na nyagbɔgblɔ siwo ŋu wòtrɔ asi le be woana dziɖula amegbetɔwo katã, siwo woyɔ be “fiawo” la natsi tre ɖe Yehowa Mawu ŋu. Eyata Satana toa esia dzi kpɔa egbɔ be Mawu ƒe dɔmedzoekpluawo kɔkɔ ɖi menana wotrɔna o ke boŋ woanɔ Satana ƒe akpa dzi sesĩe esime “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” adzɔ.
26. (a) Teƒe etɔ̃ kawoe Satana ƒe nyagbɔgblɔwo tsona? (b) Nukae nye “aʋatsonyagblɔɖila” la, eye aleke míewɔ nya?
26 Nyagbɔgblɔ mawo tsoa “ʋɔ driba” (Satana) kple “lã la” (Satana ƒe anyigba dzi dunyahenuɖoanyia), siwo nye lã siwo ŋuti míeke ɖo xoxo le Nyaɖeɖefia me la gbɔ. Gake nukae nye “aʋatsonyagblɔɖila” la? Eƒe ŋkɔ koe nye nu yeye. Do ŋgɔ la, woɖe lã wɔadã aɖe si si dzo eve le abe alẽvi ene eye wòwɔ dzesi gãwo le lã wɔadã si ta adre li na la ŋkume la fia mí. Lã bleame sia wɔ nu abe lã wɔadã ma ƒe nyagblɔɖila ene. Edo tadedeagu na lã wɔadã la ɖe ŋgɔ, eye wòna wowɔ eƒe legba gɔ̃ hã. (Nyaɖeɖefia 13:11-14) Ele be lã wɔadã si si dzo eve le abe alẽvi ene la ke nanye “aʋatsonyagblɔɖila” si woyɔ ɖe afisia. Le kpeɖoɖo esia dzi me la, míexlẽe emegbe be abe kpɔɖeŋu ƒe lã wɔadã si si dzo eve le la ene la, aʋatsonyagblɔɖila la “wɔ dzesiwo le [lã wɔadã si si ta adre le la] ŋku me, esiwo wòtsɔ ble amesiwo xɔ lã la ƒe dzesi kple amesiwo de ta agu na eƒe legba” la.—Nyaɖeɖefia 19:20.
27. (a) Nuxlɔ̃me si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi kae Yesu Kristo ŋutɔ na? (b) Nuxlɔ̃me kae Yesu na esime wònɔ anyigba dzi? (d) Aleke apostolo Paulo gblɔ nya si ɖi Yesu ƒe nuxlɔ̃me lae?
27 Esi Satana ƒe nyagbɔgblɔwo bɔ ɖi alea gbegbe ta la, nya siwo Yohanes gaŋlɔ la sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi ŋutɔ be: “Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bene wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpeƒe o.” (Nyaɖeɖefia 16:15) Amekae gbɔna “abe fiafitɔ ene”? Yesu ŋutɔe, eye ava le vo me abe Yehowa ƒe Nutsrɔ̃la ene. (Nyaɖeɖefia 3:3; Petro II, 3:10) Esime Yesu kpɔtɔ nɔ anyigba dzi hã la, etsɔ eƒe vava sɔ kple fiafitɔ tɔ, esime wògblɔ be: “Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o. Eyaŋuti miawo hã misu te; elabena amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.” (Mateo 24:42, 44; Luka 12:37, 40) Esime apostolo Paulo nɔ nuxlɔ̃me sia tɔgbe nam la, egblɔ be: “Aƒetɔ [Yehowa] ƒe ŋkeke la gbɔna, abe alesi fiafitɔ vana le zã me ene. Ne wole gbɔgblɔm be: ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ li’ la, tete tsɔtsrɔ̃ kpata ava lili wo kpoyi.” Fifia gɔ̃ hã la, Satana le ʋume tutum na dukɔwo be woagblɔ “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” ƒe alakpanya ma.—Tesalonikatɔwo I, 5:2, 3, NW.
28. Nuxlɔ̃me kae Yesu na ku ɖe tsitretsitsi ɖe xexeame ƒe nyaƒoɖeamenuwo ŋu la ŋuti, eye nukae nye “ŋkeke ma” si Kristotɔwo medi be wòava yewo dzi “abe mɔ̃ ene” o?
28 Yesu gaxlɔ̃ nu hã ku ɖe nyaƒoɖeamenu sesẽ siwo ƒomevi xexeme sia si yɔ fũ kple nyagbɔgblɔwo la ahe va Kristotɔwo dzi la ŋu. Egblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe agbe ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o. . . . Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã ɣi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be miatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.” (Luka 21:34-36, NW) “Ŋkeke ma” ye nye “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la.” (Nyaɖeɖefia 16:14) Esi Yehowa ƒe fianyenye ŋu kɔkɔ ƒe “ŋkeke ma” le aƒe tum la, eva le sesẽm ɖe edzi be woakpe akɔ kple agbe me dzimaɖitsitsiwo. Ehiã be Kristotɔwo naɖɔ ŋu ɖo eye woanɔ mo xexi ahanɔ ŋudzɔ vaseɖe esime ŋkeke ma naɖo.
29, 30. (a) Nukae Yesu ƒe nuxlɔ̃me be woana ŋu nakpe amesiwo woakpɔ be wole alɔ̃ dɔm la to woƒe “awuwo” xɔxɔ le wo si dzi la fia? (b) Nukae awuwo fiana be wo dola la nye? (d) Nukae ame awɔ si ana woaxɔ eƒe kpɔɖeŋu ƒe awuwo le esi, eye nukae ado tso eme?
29 Gake nukae nuxlɔ̃me si gblɔ be woaxɔ “awuwo” le amesiwo wokpɔ be wole alɔ̃ dɔm la si atsɔ ado ŋukpe woe la fia? Le blema Israel la, agba gã aɖe nɔ nunɔla alo Lewi-vi ɖesiaɖe si nɔ dzɔladɔ wɔm le gbedoxɔa me la dzi. Nyameɖela Yudatɔwo gblɔ na mí be ne wokpɔ ame aɖe wòle alɔ̃ dɔm esime wòle dɔ ma wɔm la, woate ŋu aɖe eƒe awuwo le eŋu ahatɔ dzo wo ale be ŋu nakpee le dutoƒo.
30 Yesu xlɔ̃ nu mí le afisia be nu ma tɔgbe ate ŋu adzɔ egbea. Nunɔlawo kple Lewi-viwo tsi tre ɖi na Yesu nɔvi amesiaminawo. (Petro I, 2:9) Gake ne míekekee ɖe enu la, Yesu ƒe nuxlɔ̃mea lɔ ameha gã la hã ɖe eme. Awu siwo ŋuti woƒo nu le le afisia la ɖenɛ fiana be edola la nye Yehowa ƒe ɖasefo Kristotɔ. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 3:18; 7:14.) Ne wo dometɔ aɖe ɖe mɔ be Satana ƒe xexeame ƒe teteɖeamedzi ble wo nu be wodɔ alɔ̃ alo wodzudzɔ dɔwɔwɔ la, woaxɔ awu siawo le wo si godoo—ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, woaxɔ woƒe dzeside dzadzɛ abe Kristotɔwo ene la le wo si. Nɔnɔme ma anye ŋukpenanu. Ana afɔku nanɔ anyi be nu agblẽ le amea ŋu keŋkeŋ.
31. (a) Aleke Nyaɖeɖefia 16:16 te gbe ɖe alesi wòhiã be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ la dzie? (b) Nya kae subɔsubɔha ƒe ŋgɔnɔla aɖewo gblɔ ku ɖe Harmagedon ŋu?
31 Alesi wòhiã be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ la va hiã vevie wu esime Nyaɖeɖefia ƒe kpukpui si kplɔe ɖo la ƒe emevava le aƒe tum: “Eye [gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nyagbɔgblɔawo ƒo] wo [anyigba dzi fiawo alo dziɖulawo] nu ƒu ɖe teƒe, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Harmagedon.” (Nyaɖeɖefia 16:16) Zi ɖeka pɛ koe ŋkɔ sia si wobɔna ŋlɔna le Eŋlisigbe me be Armageddon la dze le Biblia me. Gake ena ameƒomea le nu vovovowo ŋu bum. Xexeame ƒe ŋgɔnɔlawo xlɔ̃ nu tso nuklia ƒe Harmagedon si ate ŋu ava ŋu. Wogatsɔ Harmagedon ku ɖe blema Megido-du si nye teƒe si wowɔ aʋa mamletɔ geɖe le le blema ƒe ɣeyiɣiwo me la ŋu, eyata subɔsubɔha ƒe ŋgɔnɔla aɖewo le bubum be aʋa mamlea si woawɔ le anyigba dzi la adzɔ le teƒe sue ma. Le esia me la, woƒe nya to vovo kura tso nyateƒea gbɔ.
32, 33. (a) Le esi teƒe be Harmagedon alo Armageddon nanye teƒe ŋutɔŋutɔ la, nukae ŋkɔ ma tsi tre ɖi na? (b) Biblia me nyagbɔgblɔ bubu kawoe ɖi “Harmagedon” alo do ƒome kplii? (d) Ɣekaɣie ɣeyiɣia ade be mawudɔla adrelia nakɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu mamlea ɖi?
32 Ŋkɔ Harmagedon gɔmee nye “Megido-to.” Gake le esi teƒe be wòanye teƒe ŋutɔŋutɔ la, etsi tre ɖi na xexeame ƒe nɔnɔme si me woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖo woatsi tre ɖe Yehowa Mawu ŋu eye wòatsrɔ̃ wo mlɔeba le eme la. Esia lɔ xexeame katã ɖe eme. (Yeremya 25:31-33; Daniel 2:44) Esɔ kple “Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe weinfiãnu gã la” kple “nyametsobali” alo “Yosafat ƒe bali” si me woaƒo dukɔwo nu ƒu ɖo be Yehowa natsrɔ̃ wo la. (Nyaɖeɖefia 14:19; Yoel 4:12, 14) Edo ƒome hã kple “Israel-nyigba,” afisi woatsrɔ̃ Gog si tso Magog la ƒe aʋakɔ siwo nye Satana tɔ la le kple teƒe ma si le “atsiaƒu kple to kɔkɔe nyo la dome,” afisi anyiehefia la ‘ƒe nuwuwu aɖo’ le le amegãwo ƒe tatɔ Mixael si me la.—Xezekiel 38:16-18, 22, 23; Daniel 11:45–12:1.
33 Ne nyagbɔgblɔ si le abe akpɔkplɔ ƒe xɔxlɔ̃ ene si tso Satana kple eƒe anyigba dzi dɔtsɔviwo gbɔ la ƒo dukɔwo nu ƒu ɖe nɔnɔme sia me vɔ la, ekema ɣeyiɣia de be mawudɔla adrelia nakɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu mamlea ɖi.
“Wowɔe Vɔ!”
34. Nuka dzie mawudɔla adrelia trɔ eƒe kplua kɔ ɖo, eye nya kae ɖi “tso gbedoxɔa me tso fiazikpui la gbɔ”?
34 Eye mawudɔla adrelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe ya me, eye gbe gã aɖe ɖi tso gbedoxɔa me tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Wowɔe vɔ!”—Nyaɖeɖefia 16:17.
35. (a) Nukae nye Nyaɖeɖefia 16:17 ƒe “ya” la? (b) Le mawudɔla adrelia ƒe kplua kɔkɔ ɖe ya dzi me la, nukae wòɖe fia?
35 “Ya” lae nye nusiwo léa agbe ɖe te ƒe mamletɔ si dzi wohe fuwɔame vɛ. Gake esia menye ya ŋutɔŋutɔ o. Naneke mele ya ŋutɔŋutɔ ŋu si na wòdze be Yehowa nadrɔ̃ fɔbuʋɔnui o, abe alesi ko anyigba, atsiaƒu, tsi viviwo, alo ɣe la ŋutɔŋutɔ medze be ʋɔnudɔdrɔ̃ si tso Yehowa gbɔ nava edzi o ene. Ke boŋ “ya” sia ŋue Paulo nɔ nu ƒom le esime wòyɔ Satana be “yameŋusẽ ƒe fia” la. (Efesotɔwo 2:2) Eyae nye Satana ƒe “ya” si xexeame gbɔna egbea, esi nye gbɔgbɔ alo tamesusu ƒe nɔnɔme si ɖe dzesi le eƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi bliboa ŋu, eye wònye Satana ƒe tamesusu si xɔ aƒe ɖe agbenɔnɔ ƒe akpa ɖesiaɖe me le Yehowa ƒe habɔbɔa godo la. Eyata esi mawudɔla adrelia trɔ eƒe kplua kɔ ɖe ya dzi la, eɖe Mawu ƒe dɔmedzoe si wòkpɔ ɖe Satana, eƒe habɔbɔa kple nusianu si ʋãa ameƒomea be wòanɔ Satana yome atsi tre ɖe Yehowa ƒe fianyenye ŋu la ŋuti fia.
36. (a) Nukae fuwɔame adreawo nye? (b) Nukae Yehowa ƒe gbeƒãɖeɖe be: “Wowɔe vɔ!” la fia?
36 Fukpekpe sia kple fukpekpe ade siwo do ŋgɔ nɛ la nye Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo katã ɖe Satana kple eƒe nuɖoanyia ŋu. Wonye dzɔgbevɔ̃e si ava Satana kple eƒe dzidzimeviwo dzi la ŋuti gbeƒãɖeɖe. Esime wokɔ kplu mamle sia ɖi vɔ la, Yehowa ŋutɔ ɖe gbe ƒã be: “Wowɔe vɔ!” Nya bubu aɖeke meli woagblɔ o. Ne woɖe gbe ƒã Mawu ƒe dɔmedzoekpluawo me nyawo alesi Yehowa dii vɔ la, womahe ɖe megbe le ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo gbedasi siawo ɖe gbe ƒãe la hehe vɛ me o.
37. Aleke Yohanes ɖɔ nusi dzɔ le Mawu ƒe dɔmedzoekplu adrelia tɔtrɔ kɔ ɖi megbe lae?
37 Yohanes yi edzi be: “Eye dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu gã aɖe, si tɔgbe meva kpɔ, tso esime amewo le anyigba dzi o la, va dzɔ, ale anyigbaʋuʋu gã ŋutɔ sia tɔgbe va dzɔ. Eye du gã la mã ɖe akpa etɔ̃ me, eye dukɔwo ƒe duwo mu; eye woɖo ŋku Babilon gã la dzi le Mawu ƒe ŋku me, bene woana eƒe dɔmedzoedziku ƒe ahakplui, ne wòano. Eye ƒukpowo katã si, eye womegakpɔ towo o. Eye tsikpe gã, siwo ƒe kpekpeme anɔ talento ɖeka la, dza tso dziƒo hlẽ ɖe amewo dzi, eye amewo do busu Mawu le tsikpeawo ƒe fuwɔame la ŋuti; elabena woƒe fuwɔame la nu sẽ ŋutɔ.”—Nyaɖeɖefia 16:18-21.
38. Nukae esiawo tsi tre ɖi na: (a) “anyigbaʋuʋu gã” la? (b) nyateƒe si wònye be “du gã” Babilon Gã la mã ɖe “akpa etɔ̃” me? (d) nyateƒe si wònye be “ƒukpowo katã si, eye womegakpɔ towo o”? (ɖ) “tsikpeawo ƒe fuwɔame la”?
38 Yehowa gawɔ nu ɖikekemanɔmetɔe kple ameƒomea, eye “dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo” va nye esia ƒe dzesi. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 4:5; 8:5.) Woaʋuʋu ameƒomea le mɔ si tɔgbe medzɔ kpɔ o nu, abe anyigbaʋuʋu gblẽnu aɖe ye ʋuʋu wo ene. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 13:13; Yoel 4:16.) Anyigbaʋuʋu sesẽ sia akaka “du gã” Babilon Gã la ale be wòamã ɖe “akpa etɔ̃” me—esi nye eƒe mumu agblẽ gbidigbidi la ƒe dzesi. Azɔ hã “dukɔwo ƒe duwo” amu. “Ƒukpowo katã” kple “towo”—siwo nye nuɖoanyi kple habɔbɔ siwo dze abe ɖe woli ke ene le nuɖoanyi sia me la—nu ayi. ‘Tsikpe gã’ siwo nu sesẽ wu esiwo ɖe fu na Egipte le fuwɔame adrelia me la ato ameƒomea vevesesetɔe, eye tsikpeawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe kpekpeme anɔ talento ɖeka.d (Mose II, 9:22-26) Tsikpe sia si adza wòanye tohehe la anya tsi tre ɖi na Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ŋuti nyagbɔgblɔ siwo nu sẽ wu tsã siwo nye dzesi be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ɖo mlɔeba la! Yehowa ate ŋu azã tsikpewo ŋutɔŋutɔ hã le eƒe nutsɔtsrɔ̃dɔa me.—Hiob 38:22, 23.
39. Togbɔ be wokɔ fuwɔame adreawo ɖi hã la, aleke amegbetɔƒomea me tɔ akpa gãtɔ awɔ nue?
39 Eyata Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ava Satana ƒe xexeame dzi. Amegbetɔƒomea me tɔ akpa gãtɔ ayi edzi anɔ tsitre tsim ɖe Mawu ŋu ahanɔ busu domee vaseɖe nuwuwua. Abe alesi wònɔ le blema Farao gome ene la, fuwɔame siwo ava enuenu kple fuwɔame mawo ƒe nuwuwu mlɔeba si ahe ku vɛ la mana woƒe dzi nabɔbɔ o. (Mose II, 11:9, 10) Ame akpa gãtɔ matrɔ dzime do ŋgɔ teti na nuwuwua o. Ne wole kukum la, woagblɔ busunya ɖe Mawu si gblɔ be: “Woadze sii be, nyee nye Yehowa” la ŋu. (Xezekiel 38:23) Gake ɣemaɣi la, woakɔ Yehowa Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe fianyenye ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Tsɔe sɔ kple Mose I, 4:10; 31:44-53; Hebritɔwo 12:24 hena nusiwo me agbe mele o ƒe ɖasefonyenye alo ɖaseɖiɖi ƒe kpɔɖeŋuwo.
b “Fiazikpui” zazã sia tɔgbe dze le nya siwo wogblɔ na Yesu le nyagblɔɖi me la me be: “Mawu, wò fiazikpui li ɖaa tegbee.” (Psalmo 45:7 ) Yehowae nye Yesu ƒe fiaɖuŋusẽ la tsoƒe alo eƒe gɔmeɖoanyi.
c Kpɔ Hiob 1:6, 12; 2:1, 2; Mateo 4:8-10; 13:19; Luka 8:12; Yohanes 8:44; 12:31; 14:30; Hebritɔwo 2:14; Petro I, 5:8.
d Ne Helatɔwo ƒe talentoe nɔ susu me na Yohanes la, ekema tsikpeawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe kpekpeme anɔ kilogram 20. Anye tsikpe si agblẽ nu ŋutɔ.
[Aɖaka si le axa 221]
“Ðe Anyigba Dzi”
Yohanes habɔbɔa tsɔ nyagbɔgblɔwo abe esiwo gbɔna ene ɖe gbe ƒã Yehowa ƒe dziku ɖe “anyigba” ŋu:
“Le ƒe alafa geɖe ƒe agbagbadzedze megbe la, dunyahehabɔbɔwo ɖee fia be yewomate ŋu akpe akɔ kple fifi nɔnɔmewo ahakpɔ kuxi siwo le fu ɖem na ame la gbɔ o. Gaŋutinunyala kple dukplɔla siwo léa ŋku ɖe nya la ŋu vevie la kpɔnɛ be yewomate ŋu awɔ naneke tso eŋu o.”—Millions Now Living Will Never Die, ƒe 1920, axa 61.
“Dziɖuɖu aɖeke mele anyigba dzi egbea si nana xexeame ƒe akpa si lolo nyuie la ƒe dzi dzea eme o. Ŋutasẽdziɖulawoe ɖua dukɔ geɖewo dzi. Xexeme bliboa katã ɖu agba.”—A Desirable Government, ƒe 1924, axa 5.
“Nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwu . . . koe aɖe nu vɔ̃ɖiwo ɖa le xexeame eye wòana mɔ ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye nayi edzi nyuie.”—“Fiaɖuƒeŋutinya Nyui Sia,” ƒe 1954, axa 24.
“Xexeame ƒe nuɖoanyi si li fifia la ɖe eɖokui fia to nuvɔ̃, madzɔmadzɔnyenye kple aglãdzedze ɖe Mawu kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋu la dzidzi ɖe edzi me . . . Womate ŋu aɖɔe ɖo o. Eyata ele be woaɖee ɖa!”—Gbetakpɔxɔ, September 1, 1982, axa 3, 4.
[Aɖaka si le axa 223]
“Ðe Atsiaƒu Me”
Nyagbɔgblɔ siwo gbɔna la nye esiwo Yohanes habɔbɔa ta le ƒe siwo va yi me tsɔ ɖe gbe ƒã Mawu ƒe dziku si wòdo ɖe amegbetɔ mavɔ̃mawuwo ƒe “atsiaƒu” dzeaglã madzeakɔanyi si ɖe eɖokui ɖa le Yehowa ŋu la ŋuti la dometɔ ʋee aɖewo ko:
“Dukɔ ɖesiaɖe ƒe ŋutinya ɖee fia be ʋiʋli nɔ amewo ƒe ha vovovoawo dome. Enye esi me ame ʋee aɖewo tsi tre ɖe ame akpa gãtɔ ŋu le. . . . Ʋiʋli siawo he tɔtrɔ kpata geɖewo, fukpekpe geɖe kple ʋukɔkɔɖi fũ vɛ.”—Government, ƒe 1928, axa 244.
Le xexeme yeyea me la, “kpɔɖeŋu ƒe ‘atsiaƒu,’ si nye ame mavɔ̃mawuwo, siwo tsi dzimaɖeɖi, aglãdzelawo, siwo dome kpɔɖeŋu ƒe lã wɔadã la do go le gbaɖegbe ke si va yi hena Abosam ƒe ŋudɔwɔwɔ la nu ayi ɖikaa.”—Gbetakpɔxɔ, September 1, 1972, axa 139 .
“Amegbetɔ ƒe habɔbɔ, si li fifia la dze dɔ hele dɔ lém le gbɔgbɔ me. Mía dometɔ aɖeke mate ŋu aɖee o, elabena Mawu ƒe Nya ɖee fia be eƒe dɔlélea ɖo ta eƒe ku me.”—Ŋutifafa kple Dedienɔnɔ Vavãtɔ—Afikae Wòatso Ava?, ƒe 1973, axa 130 .
[Aɖaka si le axa 224]
“Ðe Tɔsisiwo Kple Tsi Dzidziwo Me”
Fuwɔame etɔ̃lia tsɔ nyagbɔgblɔwo abe esiwo gbɔna ene la ɖe ama “tɔsisiwo kple tsi dzidziwo”:
“Osɔfowo, amesiwo gblɔna be yewonye [Kristo ƒe] nufiafiawo fialawo la kɔ aʋawɔwɔ ŋu hewɔe nu kɔkɔe. Edzɔ dzi na wo be woatsɔ woƒe nɔnɔmetatawo kple kpememewo ada ɖe aʋawɔla siwo kɔ ʋu ɖi la tɔ xa.”—Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, September 15, 1924, axa 275.
“Gbɔgbɔyɔyɔ nɔ te ɖe alakpa gã aɖe dzi, esi nye agbenɔnɔ le ku megbe kple amegbetɔ ƒe luʋɔ ƒe nu makumaku nyenye ƒe aʋatso la dzi.”—What Do the Scriptures Say About “Survival After Death?,” 1955, axa 51.
“Amegbetɔ ƒe xexemenunya, dunyahehe ƒe aɖaŋufialawo, hadomegbenɔnɔ ƒe ɖoɖowɔlawo, ganyaŋutiɖaŋuɖolawo kple subɔsubɔha ƒe kɔnyinyitaʋlilawo mehe gbɔdzɔe aɖeke si naa agbe ame vɛ o . . . Tsi mawo na wo nolawo da le Wɔla la ƒe se si ku ɖe ʋu ƒe kɔkɔenyenye ŋu la dzi eye woƒo wo ɖokui ɖe mawusubɔsubɔ ƒe yometitiwo me gɔ̃ hã.”—Tameɖoɖo kplikpa aɖe si dzi woda asi ɖo le “Nya Nyui Mavɔ” Dukɔwo Dome Takpekpea me, ƒe 1963.
“Menye dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe xɔnamee nye nusi woakpɔ mɔ na tso amegbetɔ ŋutɔ gbɔ o, ke boŋ amegbetɔƒomea ƒe tsɔtsrɔ̃e. . . . Míate ŋu aɖo ŋu ɖe xexeame ƒe nɔnɔmeŋutinunyalawo kple tagbɔdɔléle ƒe atikewɔlawo ŋu be woatrɔ alesi ameƒomea bua tamee la o . . . Míate ŋu aɖo ŋu ɖe dukɔwo dome kpovitɔwo ƒe ha aɖe si woaɖo ŋu . . . be ana anyigba sia nazu teƒe si le dedie be woanɔ o.”—Saving the Human Race—In the Kingdom Way, ƒe 1970, axa 5.
[Aɖaka si le axa 225]
“Ðe Ɣe Dzi”
Esi amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ƒe “ɣe” la “ɖu” ameƒomea le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me la, Yohanes habɔbɔa tsɔ nyagbɔgblɔwo abe esiwo gbɔna ene la he susu yi nusi le dzɔdzɔm la dzi:
“Egbea Hitler kple Mussolini, amesiwo nye ŋutasẽdziɖula siwo na ŋusẽ wo ɖokui la na xexeme bliboa ƒe ŋutifafa va le afɔku me, eye Roma Katolikotɔwo ƒe Bisiɔpwo de wo dzi bliboe le ablɔɖe si ɖem wole ɖa la me.”—Fascism or Freedom, ƒe 1939, axa 12.
“Le ŋutinya katã me la, dziɖuɖaŋu si dzi amesiwo nye ŋutasẽdziɖulawo wɔ ɖoe nye, Ðu edzi alo natsrɔ̃e! Gake se si ŋudɔ Mawu ƒe Fia Yesu Kristo si wòɖo la awɔ ɖe anyigba katã ŋu lae nye be, Na woaɖu dziwò alo natsrɔ̃.”—When All Nations Unite Under God’s Kingdom, ƒe 1961, axa 23.
“Tso ƒe 1945 me la, wowu amesiwo wu miliɔn 25 le aʋawɔwɔ abe 150 ene siwo wowɔ le anyigba katã dzi la me.”—The Watchtower, January 15, 1980, axa 6.
“Dukɔ siwo le anyigba katã dzi . . . metsɔ ɖeke gobii aɖeke le dukɔwo dome agbanɔamedzi alo agbenɔnɔ ƒe sewo me o. Be dukɔ aɖewo nawɔ nusi dim wole la, wosena le wo ɖokui me be yewo tɔ dzɔ be yewoato mɔ ɖesiaɖe si yewokpɔ be ehiã la dzi—amewo tsɔtsrɔ̃, dumegãwo wuwu, yameʋuwo kpɔkplɔ ayi teƒe bubu akpasesẽtɔe, bɔmbdada kple bubuwo—awɔe . . . Ɣeyiɣi didi kae dukɔwo ado dzi ana wo nɔewo nanɔ susumanɔmee ƒe ɖekematsɔleme ƒe agbe ma nɔm?”—The Watchtower, February 15, 1985, axa 4.
[Aɖaka si le axa 227]
“Ðe Lã la ƒe Zikpui Dzi”
Yehowa Ðasefowo klo nu le lã wɔadã la ƒe fiazikpuia ŋu hetsɔ nyagbɔgblɔwo abe esiawo ene ɖe gbe ƒã alesi Yehowa bu fɔe la be:
“Ŋusẽ siwo tri akɔ wu amegbetɔ eye woɖo tame vɔ̃ la kpɔ ŋusẽ ɖe dukɔwo ƒe dziɖulawo kple dunyahehe me mɔfialawo dzi hele wo kplɔm madzudzɔmadzudzɔe le ameɖokuiwuwu ƒe zɔzɔ ɖo ta Harmagedon ƒe avuwɔwɔ si anye mamlea gbɔ la me.”—After Armageddon—God’s New World, ƒe 1953, axa 8.
“Amegbetɔ ƒe dziɖuɖu si menye teokrasi tɔ o ƒe ‘lã wɔadã’ la kpɔ eƒe ŋusẽ kple dziɖuɖu kpakple fiazikpui la tso Ʋɔ Driba la gbɔ. Eyata ele be wòawɔ nu ɖe alesi Ʋɔ Driba la wɔa nui la nu.”—After Armageddon—God’s New World, ƒe 1953, axa 15.
“Mawu ƒe Futɔ Gãtɔ, Satana Abosam ƒe akpa dzi . . . koe Trɔ̃subɔdukɔwo ate ŋu akpɔ wo ɖokui le.”—Tameɖoɖo kplikpa si dzi woda asi ɖo le “Mawu ƒe Aʋadziɖuɖu” Dukɔwo Dome Takpekpe la me, ƒe 1973.
[Aɖaka si le axa 229]
“Eme Tsi la Mie”
Fifia gɔ̃ hã la, megbenɔnɔ na Babilon ƒe subɔsubɔhawo le to yim le teƒe geɖe, esi ɖe nusi adzɔ ne “ɣedzeƒefiawo” ho aʋa la fia.
“Dukɔ me godoo ƒe numekuku aɖe ɖee fia be amesiwo le [Thailand ƒe] dugãwo me la dometɔ 75 le alafa ɖesiaɖe me meyia Buddhatɔwo ƒe gbedoxɔwo me be yewoase mawunya kura o, eye kɔƒeduwo me tɔ siwo yia gbedoxɔwo me la ƒe agbɔsɔsɔ le to yim va ɖo abe ame blaatɔ̃ le alafa ɖesiaɖe me ene.”—Bangkok Post, September 7, 1987, axa 4.
“Tao-subɔsubɔ meganye nu tɔxɛ le [China] dukɔ si me woɖoe anyi le anɔ abe ƒe akpe eve ene enye sia la me o. . . . Esi akunyawɔnu siwo nunɔlawo kple amesiwo do ŋgɔ na wo tsɔ kpɔ hamevi geɖewo la megale wo si o ta la, amesiwo ava xɔ ɖe wo teƒe meli o, eye Tao-subɔsubɔ ƒe búbu keŋkeŋ abe xɔsehabɔbɔ si le dukɔa me ene la dze ŋgɔ wo.”—The Atlanta Journal and Constitution, September 12, 1982, axa 36-A.
“Japan . . . ye dutamawunyagblɔlawo sɔ gbɔ ɖo wu teƒe bubu ɖesiaɖe le xexeame; wode 5,200 kloe, gake . . . dukɔa me tɔ siwo nye Kristotɔwo mede 1 le alafa ɖesiaɖe me o. . . . Nunɔla Fransistɔ aɖe si le dɔ wɔm le afima tso ƒe 1950 ƒe ƒeawo me la . . . xɔe se be ‘dutamawunyagblɔlawo ƒe anyinɔɣi le Japan la va yi.’”—The Wall Street Journal, July 9, 1986, axa 1.
Le ƒe blaetɔ̃ siwo va yi me le England la, “wotu Anglikantɔwo ƒe sɔlemexɔ 16,000 la dometɔ 2,000 kloe le esi womele wo zãm o ta. Sɔlemedede yi to ale gbegbe be eva le esiwo yi to wu ɖesiaɖe le dukɔ siwo ka atam be Kristotɔwoe yewonye dome la me. . . . [Durham ƒe Bisiɔp la] gblɔ be, ‘Fifia England meganye Kristotɔwo ƒe dukɔ o.’”—The New York Times, May 11, 1987, axa A4.
“Le gaƒoƒo geɖe ƒe nyaʋiʋli adãtɔe megbe la, [Hela ƒe] Sewɔtakpekpe la da asi ɖe se aɖe dzi egbea, esi ɖe mɔ be Dziɖuɖua, si ƒe dziɖuɖaŋue nye be nusianu nye dziɖuɖua tɔ la naxɔ anyigba gã siwo nɔ Helatɔwo ƒe Orthodoks Sɔlemeha la si la dometɔ aɖewo . . . Gawu la, se la na ŋusẽ amesiwo menye osɔfowo o la ɖe sɔlemeha la ƒe adaŋudetakpekpewo kple akameti siwo kpɔa dɔ siwo me sɔlemeha la de gae wòle vevie na wo la dzi, esiwo dometɔ aɖewoe nye amedzrodzeƒewo, kpe zɔzrɔ̃e kuƒewo kple dɔwɔƒexɔwo.”—The New York Times, April 4, 1987, axa 3.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 222]
Mawu ƒe dɔmedzoekplu ene gbãtɔawo hea fuwɔame siwo le abe esiwo tso kpẽkuku ene gbãtɔawo me ene la vɛ
[Nɔnɔmetata si le axa 226]
Kplu atɔ̃lia klo nu le lã wɔadã la ƒe fiazikpui la ŋu be enye ŋusẽ si Satana tsɔ na lã wɔadã la
[Nɔnɔmetata siwo le axa 231]
Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nyagbɔgblɔwo le anyigba dzi dziɖulawo nu ƒom ƒu ɖe nɔnɔme ɖeka si nye Harmagedon me, afisi woakɔ Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ɖe wo dzi le
[Nɔnɔmetata si le axa 233]
Ele be Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔewo nava amesiwo Satana ƒe “ya” ƒoɖi la ʋãna la dzi