Ta Etɔ̃lia
“Nye Ame Tiatia, si ƒe Nu Nyo Ŋunye!”
1, 2. Nukata Kristotɔ siwo li egbea tsɔ ɖe le Yesaya ta 42 lia me?
“YEHOWA be: Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla, si metia.” (Yesaya 43:10) Yehowa ƒe nya sia si nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ ɖi le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me ɖee fia be Yehowa ƒe ame siwo wòbla nu kplii le blema la nye ɖasefowo ƒe dukɔ. Wonye Mawu ƒe dɔla si wòtia. Le ƒe 1931 me, si nye ƒe siwo ade 2,600 megbe la, Kristotɔ amesiaminawo ɖe gbeƒãe le gaglãgbe be yewo ŋue nya sia ku ɖo. Wotsɔ ŋkɔ Yehowa Ðasefowo eye wotsɔ dzi blibo xɔ agbanɔamedzi siwo le Mawu ƒe dɔlanyenye le anyigba dzi me.
2 Yehowa Ðasefowo di vevie be yewoadze Mawu ŋu. Esia ta wo dometɔ ɖesiaɖe tsɔ ɖe le Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta 42 lia me vevie, elabena eƒo nu tso dɔla aɖe si ƒe nu nyo Yehowa ŋu kple dɔla bubu si wògbe ŋu. Nyagblɔɖi sia kple emevava me dzodzro na míekpɔ nusi ana ame ƒe nu nanyo Mawu ŋu kple nusi ana makpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu o.
“Meda Nye Gbɔgbɔ Ðe Edzi”
3. Nya kae Yehowa gblɔ ɖi to Yesaya dzi le “nye dɔla” ŋu?
3 Yehowa to Yesaya dzi gblɔ dɔla aɖe si eya ŋutɔ atia ƒe vava ɖi be: “Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne wòahe [nya dzɔdzɔe ayi, “NW”] na dukɔwo. Mado ɣli alo ado boboe o, eye mana woase eƒe gbe le kpɔdome o. Maɖe aƒla ŋeŋe la le enu o, eye matsi ɖovu bibi fiɖifiɖi la o. Ahe [nya dzɔdzɔe ayi, “NW”] le nyateƒe me. Ðeɖi mate eŋu o, eye eƒe lãme matu o, vaseɖe esime wòaɖo [nya dzɔdzɔe, “NW”] la anyigba dzi, ƒukpowo le mɔ kpɔm na eƒe nufiame.”—Yesaya 42:1-4.
4. Amekae nye “ame tiatia” si ŋu nya wogblɔ ɖi, eye aleke míewɔ nya?
4 Amekae nye Dɔla si woyɔ le afisia? Womeɣlae ɖe mí o. Míekpɔe be woyɔ nya siawo le Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa me eye wozãe na Yesu Kristo. (Mateo 12:15-21) Yesue nye Dɔla lɔlɔ̃, si nye “ame tiatia” la. Ɣekaɣie Yehowa da eƒe gbɔgbɔ ɖe Yesu dzi? Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi le ƒe 29 M.Ŋ. mee. Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la ƒo nu tso nyɔnyrɔxɔxɔ ma ŋu be esi Yesu fɔ tso tsia me la, “dziƒowo ʋu nɛ, eye wòkpɔ Mawu ƒe [gbɔgbɔ] la le ɖiɖim abe akpakpa ene va edzi; eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!” Yehowa ŋutɔ to mɔ sia dzi ɖe eƒe Dɔla lɔlɔ̃ la fia. Subɔsubɔdɔ kple nukunu siwo Yesu va wɔ emegbe ɖo kpe edzi be Yehowa ƒe gbɔgbɔ le edzi vavã.—Luka 3:21, 22; 4:14-21; Mateo 3:16, 17.
‘Ahe Nya Dzɔdzɔe Ayi na Dukɔwo’
5. Nukata wòhiã be woana nusi nya dzɔdzɔe nye me nakɔ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me?
5 Wogblɔ be Yehowa ƒe Ame Tiatia la “ahe” nya dzɔdzɔe ŋutɔŋutɔ “vɛ,” alo ana wòadze. ‘Aka ʋɔnudɔdrɔ̃ ta na dukɔwo.’ (Mateo 12:18) Aleke gbegbe nusia hiã le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. mee nye si! Nya dzɔdzɔe kple dzɔdzɔenyenye ŋuti nukpɔsusu totro aɖee Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo fiana. Wodi be yewoawɔ nu dzɔdzɔe to se kpaɖiiwo dzi wɔwɔ me—eye geɖe nye woa ŋutɔwo ƒe sewo. Nublanuikpɔkpɔ kple dɔmetɔtrɔ menɔ woƒe nya dzɔdzɔe si wotu ɖe sedziwɔwɔ dzi la me o.
6. Mɔ kawo nue Yesu ɖe nya dzɔdzɔe vavãtɔ fia le?
6 Gake Yesu ya ɖe Mawu ƒe nukpɔsusu le nya dzɔdzɔe ŋu fia. Yesu to eƒe nufiafia kple agbenɔnɔ dzi ɖee fia be dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ dzena le nya dzɔdzɔe vavãtɔ me. Wò ya bu eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa ŋu kpɔ. (Mateo, ta 5-7) Aleke gbegbe wòɖe alesi wòle be woawɔ nya dzɔdzɔe kple dzɔdzɔenyenye ŋudɔe me nyuie enye si! Ne míexlẽ Nyanyuigbalẽawo me nuŋlɔɖiwo la, ɖe alesi Yesu ƒe dɔme trɔna ɖe ame dahewo kple amesiwo le fu kpem ŋu mewɔa dɔ ɖe mía dzi oa? (Mateo 20:34; Marko 1:41; 6:34; Luka 7:13) Etsɔ eƒe gbedasi fakɔnamea yi na ame geɖe siwo nɔ abe aƒla ŋeŋe, siwo bi ɖe dzi eye woƒo ƒu anyi ene. Wonɔ abe ɖovu bibi si le tsitsim ene, eye agbe vɔ le wo me keŋkeŋ kloe. Yesu meɖe “aƒla ŋeŋe” le enu alo tsi “ɖovu bibi fiɖifiɖi” o. Ke boŋ eƒe nya kple nuwɔna siwo me lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ dze le la na agbe gaɖo ame fafawo ŋu.—Mateo 11:28-30.
7. Nukata nyagblɔɖia te ŋu gblɔ be Yesu ‘mado ɣli alo ado boboe le kpɔdome o’?
7 Gake nukatae nyagblɔɖia gblɔ be Yesu “mado ɣli alo ado boboe o, eye mana woase eƒe gbe le kpɔdome o”? Elabena medo eɖokui ɖe dzi abe alesi ame geɖe wɔ le eƒe ŋkekea me ene o. (Mateo 6:5) Esi wònɔ gbe dam le anyidzela aɖe ŋu la, egblɔ na ŋutsu si wòda dɔ na la be: “Megagblɔ naneke na ame aɖeke o.” (Marko 1:40-44) Le esi teƒe be Yesu nadi ŋkɔxɔxɔ eye wòana amewo nanɔ te ɖe nyasegblɔ dzi aƒo nya ta la, edi boŋ be woa ŋutɔwo nanɔ te ɖe kpeɖodzi sẽŋu dzi akpɔe be yee nye Kristo, Yehowa ƒe Dɔla si wòsi ami na.
8. (a) Aleke Yesu he ‘nya dzɔdzɔe vɛ na dukɔwoe’? (b) Nukae Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃laa ŋu fia mí le nya dzɔdzɔe ŋu?
8 Wogblɔ be Dɔla si Wotia la ahe “nya dzɔdzɔe ayi na dukɔwo.” Yesu wɔ esia. Tsɔ kpe ɖe alesi wòte gbe ɖe alesi dɔmetɔtrɔ dzena le mawumedzɔdzɔenyenye me dzi ŋu la, Yesu fia nu be ele be woaɖee afia amewo katã. Ɣeaɖeɣi Yesu ɖo ŋku edzi na ŋutsu aɖe si bi ɖe Sea me be ele be wòalɔ̃ Mawu kple ehavi. Ŋutsua bia Yesu be: “Amekae nye hanyevi mahã?” Ðewohĩ enɔ mɔ kpɔm be Yesu aɖo eŋu be: “Eyae nye nɔviwò Yudatɔ.” Gake Yesu gblɔ Samariatɔ havilɔ̃la ƒe kpɔɖeŋu la. Le kpɔɖeŋua me la, Samariatɔ aɖe va kpe ɖe ŋutsu aɖe si dzi adzodalawo dze ŋu, esi Lewitɔ kple nunɔla aɖe ya gbe kpekpeɖeŋu nanae. Nyabiala la va lɔ̃ ɖe edzi be le nudzɔdzɔ sia me la, Samariatɔ si wobuna ame ɖigbɔe lae nye ame havi, ke menye Lewitɔ alo nunɔla lae o. Yesu ƒo eƒe kpɔɖeŋua ta kple aɖaŋuɖoɖo sia be: ‘Wɔ nenema ke.’—Luka 10:25-37; Mose III, 19:18.
“Ðeɖi Mate Eŋu O, eye Eƒe Lãme Matu O”
9. Ŋusẽ kae nya dzɔdzɔe vavãtɔ gɔme sese akpɔ ɖe mía dzi?
9 Esi Yesu na nusi nya dzɔdzɔe vavãtɔ nye me kɔ ta la, eƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃ alesi woaɖe nɔnɔme sia afiae. Ele be míawo hã míaɖee afia. Gbã la, ele be míalɔ̃ ɖe nusi nye Mawu ƒe dzidzenu le nyui kple vɔ̃ ŋu dzi, elabena eya sie ŋusẽ le be wòaɖo nusi sɔ hele dzɔdzɔe. Ne míedze agbagba be míawɔ nu ɖe Yehowa ƒe mɔ nu la, míaƒe agbenyuinɔnɔ agblɔ nya geɖe le nusi nya dzɔdzɔe vavãtɔ nye ŋu.—Petro I, 2:12.
10. Nukata dzɔdzɔenyenye ɖeɖefia bia be míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me?
10 Míeɖea dzɔdzɔenyenye vavãtɔ fiana hã ne míekpɔ gome le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me veviedodotɔe. Yehowa nyo dɔme hena sidzedze si xɔa ame ɖe agbe si ku ɖe eya ŋutɔ, Via, kple eƒe tameɖoɖowo ŋu la mí. (Yohanes 17:3) Manyo alo asɔ be míamiã nu ɖe sidzedze ma dzi wòatsi mía gbɔ o. Salomo gblɔ be: “Megate nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.” (Lododowo 3:27) Mina míatsɔ dzi blibo agblɔ nusi míenya tso Mawu ŋu na amewo katã, eɖanye to, gbegbɔgblɔ, alo dukɔ ka me tɔwoe wonye o.—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.
11. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu le Yesu sɔsrɔ̃ me?
11 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Kristotɔ vavãtɔ wɔa nu ɖe ame bubuwo ŋu abe alesi Yesu wɔe ene. Ame geɖe dze ŋgɔ kuxi ɖedzileameƒowo egbea eye wohiã na dɔmetɔtrɔ kple dzideƒoname. Nɔnɔmewo ate ŋu ate ɖe Kristotɔ ɖeadzɔgbe aɖewo gɔ̃ hã dzi ale gbegbe be woaɖi aƒla ŋeŋe alo ɖovu si mete ŋu le bibim o. Ðe womehiã na míaƒe kpekpeɖeŋu oa? (Luka 22:32; Dɔwɔwɔwo 11:23) Aleke gbegbe wòtua ame ɖoe nye si be woanye Kristotɔ vavã siwo dzea agbagba be yewoasrɔ̃ Yesu le nya dzɔdzɔe ŋudɔwɔwɔ me la ƒe habɔbɔa me tɔ!
12. Nukata míate ŋu aka ɖe edzi be eteƒe madidi o ava eme ŋutɔŋutɔ be woawɔ nu dzɔdzɔe ɖe amesiame ŋu?
12 Ðe woava wɔ nu dzɔdzɔe ɖe amesiame ŋu gbaɖegbea? Ẽ, ava eme nenema. ‘Ðeɖi mate Yehowa ƒe Ame Tiatia la ŋu o, eye eƒe lãme matu o, vaseɖe esime wòaɖo nya dzɔdzɔe la anyigba dzi.’ Eteƒe madidi kura o Fia si woɖo zi dzi, si nye Kristo Yesu si wofɔ ɖe tsitre la, ‘abia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o.’ (Tesalonikatɔwo II, 1:6-9; Nyaɖeɖefia 16:14-16) Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava xɔ ɖe amegbetɔdziɖuɖu teƒe. Nya dzɔdzɔe kple dzɔdzɔenyenye axɔ aƒe ɖe afisiafi. (Lododowo 2:21, 22; Yesaya 11:3-5; Daniel 2:44; Petro II, 3:13) Yehowa subɔla siwo le afisiafi—amesiwo le adzɔge ʋĩ ke, le “ƒukpowo” dzi gɔ̃ hã—tsɔ didi vevie le mɔ kpɔm na ŋkeke ma.
‘Matsɔe Awɔ Kekeli na Dukɔwo’
13. Nya kae Yehowa gblɔ ɖi le eƒe Dɔla Tiatia la ŋu?
13 Yesaya yi edzi be: “Ale Mawu Yehowa, amesi wɔ dziƒowo, eye wòhe wo me, amesi keke anyigba kple eƒe numiemiewo ɖe nu, amesi na agbe dukɔ, si le edzi, kple gbɔgbɔ amesiwo zɔa edzi la, gblɔ esi.” (Yesaya 42:5) Aleke gbegbe woɖɔ Yehowa, mía Wɔla la, wòwɔ dɔ ɖe ame dzii enye si! Ŋkuɖoɖo Yehowa ƒe ŋusẽ dzi alea na kpekpeme geɖe gava le eƒe nyaa ŋu. Yehowa gblɔ be: “Nye Yehowa ye yɔ wò le dzɔdzɔenyenye me, melé wò alɔnu, eye mekpɔ tawò, eye metsɔ wò wɔ nubabla na dukɔ la kple kekeli na anyigba dzi dukɔwo, ne naʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo, eye naɖe amesiwo wode gae la, tso ga me, kple amesiwo bɔbɔ nɔ viviti me la, tso gaxɔ me.”—Yesaya 42:6, 7.
14. (a) Nukae wòfia be Yehowa nalé eƒe Dɔla si ƒe nu nyo eŋu la ƒe alɔnu? (b) Akpa kae Dɔla Tiatia la wɔna?
14 Xexeame katã Wɔla Gã, Agbenala kple Eléɖetela la, lé eƒe Dɔla Tiatia la ƒe alɔnu hedo ŋugbe be yeanɔ megbe nɛ bliboe ɣesiaɣi. Aleke gbegbe nya ma naa kakaɖedzi amee nye si! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa akpɔ eta ale be wòatsɔe awɔ “nubabla na dukɔ la.” Nubabla nye nya si dzi amewo ƒe hatsotsowo lɔ̃ ɖo, ɖoɖo si dzi woda asi ɖo, kple atamkaka. Enye ɖoɖo si ŋu kakaɖedzi le. Ẽ, Yehowa tsɔ eƒe Dɔla la “ka atam na dukɔ la.”—An American Translation.
15, 16. Mɔ ka nue Yesu zu ‘kekeli na dukɔwo’ le?
15 Dɔla si ŋugbe wodo si nye ‘kekeli na dukɔwo’ la aʋu “ŋku na ŋkuagbãtɔwo” eye wòaɖe “amesiwo bɔbɔ nɔ viviti me.” Yesu wɔ nusiawo. Yesu ɖi ɖase le nyateƒea ŋu tsɔ kafu Fofoa si le dziƒo ƒe ŋkɔ. (Yohanes 17:4, 6) Eklo nu le mawusubɔsubɔ me alakpanuwo dzi, eɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia, eye wòʋu mɔ na amesiwo le mawusubɔsubɔ ƒe aboyo me be woakpɔ gbɔgbɔmeblɔɖe. (Mateo 15:3-9; Luka 4:43; Yohanes 18:37) Exlɔ̃ nu le vivitimedɔwo wɔwɔ ŋu eye wòklo nu le Satana ŋu be enye “aʋatsokafofo” kple “xexe sia me fia.”—Yohanes 3:19-21; 8:44; 16:11.
16 Yesu gblɔ be: “Nyee nye xexeame ƒe kekeli.” (Yohanes 8:12) Eɖe esia fia le mɔ ɖedzesi aɖe nu esime wòtsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo na tafee. Eto esia me ʋu mɔ ɖi na amesiwo ɖea xɔse fiana be woakpɔ nuvɔ̃ tsɔtsɔke kple tenɔnɔ nyui le Mawu gbɔ, eye agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ nasu wo si. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16) Yesu lé mawusosroɖa deblibo me ɖe asi le eƒe agbenɔnɔ katã me tsɔ do Yehowa ƒe dziɖulanyenye ɖe dzi eye wòɖee fia be Abosam nye alakpatɔ. Yesu nye amesi ʋua ŋku na ŋkuagbãtɔwo kple amesi ɖea amesiwo wode gae ɖe gbɔgbɔmeviviti me vavã.
17. Mɔ kawo nue míenye kekeliviwo le?
17 Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le Todzimawunya la me be: “Miawoe nye xexeame ƒe kekeli.” (Mateo 5:14) Ðe menye kekeliviwoe míawo hã míenye oa? Mɔnukpɔkpɔ su mía si be míato alesi míenɔa agbee kple míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi afia mɔ amewo va Yehowa, Kekelitsoƒe vavãtɔ la, gbɔ. Míesrɔ̃a Yesu henaa amewo nyaa Yehowa ƒe ŋkɔa, míedoa Eƒe dziɖulanyenye ɖe dzi, eye míeɖea gbeƒã Eƒe Fiaɖuƒea be enye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi míenye kekeliviwo ta la, míekloa nu le mawusubɔsubɔ me alakpanuwo dzi, míexlɔ̃a nu le vivitimedɔ makɔmakɔwo ŋu, eye míekloa nu le Satana si nye vɔ̃ɖitɔ la ŋu.—Dɔwɔwɔwo 1:8; Yohanes I, 5:19.
“Midzi Ha Yeye na Yehowa”
18. Nukae Yehowa naa eƒe amewo nyana?
18 Azɔ Yehowa trɔ eƒe susu ɖe eƒe amewo ŋu hegblɔ be: “Nyee nye Yehowa, ŋkɔnyee, nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o. Kpɔ ɖa, gbaɖegbe nyawo va me, magblɔ yeyewo, eye mana miasee, hafi woava dzɔ.” (Yesaya 42:8, 9) Mawu vavã ɖeka kolia si le agbe lae gblɔ nya ɖi le “nye dɔla” ŋu, ke menye mawu maɖinu aɖekee o. Ele be nya ma nava eme kokoko, eye eva eme hã. Le nyateƒe me la, Yehowa Mawue nye Amesi gblɔa nya yeyewo ɖi, eye ena eƒe amewo nyaa nu tso wo ŋu hafi wova dzɔna. Nukae wòle be míawo hã míawɔ le esia ta?
19, 20. (a) Ha kae wòle be amewo nadzi? (b) Amekawoe le kafukafuha la dzim na Yehowa egbea?
19 Yesaya ŋlɔ bena: “Mi amesiwo toa atsiaƒu dzi, kple atsiaƒu me nuwo, mi ƒukpowo kple wo dzi nɔlawo, midzi ha yeye na Yehowa, miɖe gbeƒã eƒe kafukafu tso anyigba ƒe mlɔenu! Gbegbe kple woƒe duwo kpakple kɔƒe, siwo me Kedar le la, negli! Agakpe dzi nɔlawo netso aseye, woado ɣli tso towo ƒe tsutsuẽƒe ke! Woade bubu Yehowa ŋu, eye woaɖe gbeƒã eƒe kafukafu le ƒukpowo dzi!”—Yesaya 42:10-12.
20 Wode dzi ƒo na dugãwo kple kɔƒe siwo le gbegbe la me tɔwo, ƒukpowo dzinɔlawo, “Kedar” tɔwo gɔ̃ hã, alo amesiwo le amenɔƒe siwo le dzogbewo—amewo le afisiafi ko—be woadzi kafukafuha na Yehowa. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be ame miliɔn geɖe wɔ ɖe nyagblɔɖimeyɔyɔ sia dzi le míaƒe ŋkekea me! Woxɔ Mawu ƒe Nya la me nyateƒea eye wowɔ Yehowa woƒe Mawui. Yehowa ƒe amewo le ha yeye sia dzim—wole ŋutikɔkɔe dom Yehowa—le dukɔ siwo wu 230 me. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be woadzi ha sia le teƒe vovovowo, gbegbɔgblɔ vovovowo, kple to vovovowo me!
21. Nukata Mawu ƒe amewo ƒe futɔwo mate ŋu atɔ te kafukafuha dzidzi na Yehowa o?
21 Ðe tsitretsiɖeŋulawo ate ŋu anɔ te ɖe Mawu nu ahatɔ te kafukafuha sia dzidzia? Kura o! “Yehowa ho abe kalẽtɔ ene, ede dzo ŋuʋaʋã me abe aʋawɔla ene, edo ɣli, eye wòtso ayiboopɛɛ, eɖe ŋusẽ fia ɖe eƒe futɔwo ŋu.” (Yesaya 42:13) Ŋusẽ kae ate ŋu anɔ te ɖe Yehowa nu? Anɔ ƒe 3,500 enye si va yi la, nyagblɔɖila Mose kple Israel-viwo dzi ha be: “Yehowa enye aʋawɔla, eŋkɔe nye Yehowa. Ede Farao ƒe tasiaɖam kple eƒe aʋakɔ la ƒu, eye eƒe aʋawɔla veviwo nyrɔ ɖe Avaƒu la me.” (Mose II, 15:3, 4) Yehowa ɖu aʋakɔ sesẽtɔ kekeake si nɔ anyi ɣemaɣi dzi. Mawu ƒe amewo ƒe futɔ aɖeke mate ŋu akpɔ dzidzedze o ne Yehowa si nye aʋakalẽtɔ la ho.
“Mezi Ðoɖoe Eteƒe Didi”
22, 23. Nukata Yehowa ‘zi ɖoɖoe eteƒe didi’?
22 Yehowa wɔa nusi sɔ kple nusi le dzɔdzɔe, ne ele ʋɔnu drɔ̃m eƒe futɔwo gɔ̃ hã. Egblɔ be: “Mezi ɖoɖoe eteƒe didi, memiã nu kpoo, eye mezi ɖokuinye dzi; azɔ mado ɣli abe nyɔnu léku ene, eye malɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo anɔ gbɔgbɔm fuxefuxe. Magblẽ towo kple togbɛwo, eye mana woƒe gbe mumuwo katã naƒu, mana tɔsisiwo nado kpo, eye mana táwo namie.”—Yesaya 42:14, 15.
23 Hafi Yehowa nahe to na ame la, elalana be yeana mɔnukpɔkpɔ nuvɔ̃wɔlawo be woatrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi. (Yeremya 18:7-10; Petro II, 3:9) Bu Babilontɔ siwo nye xexemefiaɖuƒe si wɔ Yerusalem aƒedoe le ƒe 607 D.M.Ŋ. me ŋu kpɔ. Yehowa ɖe mɔ nusia dzɔ be wòatsɔ ahe toe na Israel-viwo le woƒe nuteƒemawɔmawɔ ta. Gake Babilontɔwo mete ŋu kpɔ akpa si wowɔ le esia me dze sii o. Wowɔ ŋlɔmi ɖe Mawu ƒe dukɔa ŋu wu alesi Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ bia. (Yesaya 47:6, 7; Zaxarya 1:15) Aleke wòave Mawu vavã lae nye si be wòakpɔ eƒe dukɔ woanɔ fu kpem! Gake ezi eɖokui dzi eye meɖe afɔ aɖeke o vaseɖe esime eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi de hafi. Ɣemaɣi la, edze agbagba vevie alo lé ku—abe nyɔnu funɔ ene—be yeaɖe yeƒe dukɔ si yebla nu kplii eye wòdzi wo wonye dukɔ nɔɖokuisi. Bene wòawɔ esia la, ena be le ƒe 539 D.M.Ŋ. me, Babilon ƒe tsiwo mie eye wògblẽ dua ƒe takpɔnuwo hetsrɔ̃ dua ŋutɔ.
24. Mɔ kae Yehowa ʋu ɖi na eƒe dukɔ Israel?
24 Dzidzɔ ka gbegbee nye si Mawu ƒe dukɔa akpɔ esime aƒemɔ va ʋu ɖi na wo mlɔeba le aboyomenɔnɔ ƒe gbogbo aɖewo megbe! (Kronika II, 36:22, 23) Adzɔ dzi na wo be yewokpɔ ŋugbe si Yehowa do la me vava, si nye be: “Mana ŋkuagbãtɔwo nazɔ mɔ, si womenya o la dzi, eye makplɔ wo ato toƒe manyamanyae, mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye kpoƒeewo nazu zɔzrɔ̃e. Nusiawo wɔ ge mala, eye [nyemagblẽ wo ɖi] o.”—Yesaya 42:16.
25. (a) Nuka dzie Yehowa ƒe ame siwo li egbea ate ŋu aka ɖo? (b) Nukae wòle be wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa?
25 Aleke nya siawo ka míi egbea? Ɣeyiɣi didi aɖe—ƒe alafa geɖe—enye sia si Yehowa ɖe mɔ dukɔwo wɔ nusi dze wo ŋu. Gake ɣeyiɣi si wòɖo ɖi be wòatsɔ akpɔ nyawo gbɔe la gogo. Le egbeŋkekeawo me la, eɖo ame aɖewo ɖa be woaɖi ɖase le yeƒe ŋkɔ ŋu. Ena woɖu tsitretsiɖeŋu ɖesiaɖe si wodo goe dzi tsɔ kɔ mɔ dzi na wo be woade ta agu na ye “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:24) Edo ŋugbe be: “nyemagblẽ wo ɖi o,” eye ewɔ ɖe eƒe nya dzi hã. Ke amesiwo yia edzi dea ta agu na alakpamawuwo ya ɖe? Yehowa gblɔ be: “Amesiwo ɖoa dzi ɖe aklama kpakpɛwo ŋu, eye wogblɔna na legbawo be: Miawoe nye míaƒe mawuwo la, woate gbugbɔ ɖe megbee, eye ŋu akpe wo vevie.” (Yesaya 42:17) Aleke gbegbe wòle vevie enye si be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, abe eƒe Ame Tiatia la ene!
‘Dɔla si Nye Tokunɔ Kple Ŋkunɔ’
26, 27. Aleke Israel wɔ va zu ‘dɔla si nye tokunɔ kple ŋkunɔ,’ eye nukae esia he vɛ?
26 Mawu ƒe Dɔla Tiatia, Yesu Kristo, wɔ nuteƒe vaseɖe ku me. Gake Yehowa ƒe dukɔ Israel ya va zu dɔla mawɔnuteƒe, tokunɔ kple ŋkunɔ le gbɔgbɔmegɔmesese nu. Yehowa gblɔ na wo be: “Mi tokunɔwo, mise nu, mi ŋkuagbãtɔwo, mifɔ kɔ dzi miakpɔ nu! Amekae nye ŋkunɔ, ɖe menye nye dɔlae oa? Amekae nye tokunɔ abe nye amesi medɔ la enea? Amekae nye ŋkunɔ abe Mawu ƒe xɔlɔ̃ ene, eye amekae nye ŋkunɔ abe Yehowa ƒe dɔla ene? Èkpɔ nu geɖe, ke mèlé wo ɖe ta me o; èke to, ke mèse nu o. Edze Yehowa ŋu be, wòade gãnyenye kple ŋutikɔkɔe se la ŋu le eƒe dzɔdzɔenyenye ta.”—Yesaya 42:18-21.
27 Aleke Israel do kpo nu wòwɔ nublanui enye si! Dukɔa me tɔwo trɔ megbe enuenu va nɔ dukɔwo ƒe mawu siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo la subɔm. Yehowa yi edzi nɔ eƒe dɔlawo ɖom ɖe wo edziedzi, gake eƒe dukɔa meɖo to wo o. (Kronika II, 36:14-16) Yesaya gblɔ nusi ado tso eme ɖi be: “Ke dukɔ, si woha, eye woda adzoe la wonye, mɔ̃ ɖe wo katã le do me, eye woɣla ɖe gaxɔ me; woɖe aboyo wo, ke ame aɖeke mexɔ wo o, woha wo, ke ame aɖeke megblɔ be: Migbugbɔ wo vɛ o. Mia dometɔ kae ase nusiawo, alé ŋku ɖe nusiwo gbɔna la ŋu, eye woaƒu to anyi ɖe wo ŋu? Amekae de Yakob asi, be woaha, eye wòde Israel asi na adzodalawo? Ðe menye Yehowa, amesi ŋu míewɔ nuvɔ̃ ɖo, míegbe eƒe mɔwo dzi zɔzɔ, eye míese eƒe nufiame o lae oa? Etrɔ eƒe dziku ƒe dɔmedzoe kple aʋa ƒe ŋusẽ kɔ ɖe wo dzi, eye wòlé dzo bi ƒo xlã wo, ke womedze sii o, efiã wo, ke mede dzi gbɔ na wo o.”—Yesaya 42:22-25.
28. (a) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Yudatɔwo ƒe kpɔɖeŋua me? (b) Aleke míate ŋu adi Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔe?
28 Le Yudatɔwo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ta la, Yehowa ɖe mɔ woha Yuda-nyigba heda adzoe le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Babilontɔwo tɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔa, wowɔ Yerusalem aƒedoe, eye wolé Yudatɔwo yi aboyo me. (Kronika II, 36:17-21) Mina nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu sia nade dzi gbɔ na mí be míagado toku Yehowa ƒe nufiamewo alo aŋe aɖaba aƒu eƒe Nya si woŋlɔ ɖi dzi gbeɖe o. Neva eme boŋ be míadi Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ to Kristo Yesu, Dɔla si ƒe nu nyo Yehowa ŋutɔ ŋu la, sɔsrɔ̃ me. Mina míanɔ abe Yesu ene ato míaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna dzi ana amewo nanya nusi dzɔdzɔenyenye vavãtɔ nye. Ne míewɔe alea la, míakpɔtɔ anɔ Yehowa ƒe amewo dome anye kekelivi siwo kafua Mawu vavã la hedea bubu eŋu.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 33]
Dzɔdzɔenyenye vavãtɔ ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu eye wòkpɔa nublanui na ame
[Nɔnɔmetata si le axa 34]
Yesu ɖee fia le Samariatɔ havilɔ̃la ƒe kpɔɖeŋua me be dzɔdzɔenyenye vavãtɔ lɔ̃a amewo katã
[Nɔnɔmetata siwo le axa 36]
Míeɖea mawumedzɔdzɔenyenye fiana ne míedea dzi ƒo na amewo henyoa dɔme na wo
[Nɔnɔmetata siwo le axa 39]
Míetoa míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi ɖea mawumedzɔdzɔenyenye fiana
[Nɔnɔmetata si le axa 40]
Wotsɔ Dɔla si ŋu wokpɔa ŋudzedze ɖo la wɔ ‘kekeli na dukɔwo’