Ta 27
Wodzi Mawu ƒe Fiaɖuƒe La!
Ŋutega 7—Nyaɖeɖefia 12:1-17
Nyati: Dziƒonyɔnu la dzi vi, Mixael wɔ aʋa kple Satana eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe anyigba
Emevaɣi: Tso esime woɖo Kristo Yesu fiae le ƒe 1914 me vaseɖe xaxa gã la dzi
1. Aleke dzesi siwo ŋuti woƒo nu le le Nyaɖeɖefia 12 vaseɖe 14 me la gɔme sese akpe ɖe mía ŋue?
WOÐE nutsyɔnua ɖa le Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la dzi. (Nyaɖeɖefia 10:7) Yehowa ƒe Fiaɖuƒe si le eƒe Mesia la si me la nye nusi li si le dɔ wɔm ŋusẽtɔe azɔ. Ele dzi ɖum! Eƒe anyinɔnɔ ahe dzɔgbevɔ̃e vɛ na Satana kple eƒe dzidzimeviwo eye wòahe ŋutikɔkɔe ƒe aʋadziɖuɖu vɛ na Mawu ƒe dziƒohabɔbɔa ƒe Dzidzimevi la. Gake mawudɔla adrelia mewu eƒe kpẽa kuku nu haɖe o, elabena nu geɖe wu gali wòaɖe afia mí ku ɖe vɔ̃ etɔ̃lia ŋu. (Nyaɖeɖefia 11:14) Dzesi siwo ŋu woƒo nu le le Nyaɖeɖefia ta 12 vaseɖe 14 me la akpe ɖe mía ŋu be gɔmesese si le mía si ku ɖe nusiwo katã vɔ̃ ma kple Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔea hehe va eƒe nuwuwui lɔ ɖe eme ŋu la nadzi ɖe edzi.
2. (a) Dzesi gã kae Yohanes kpɔ? (b) Ɣekaɣie woɖe nusi dzesi gã la fia la ɖe go?
2 Azɔ Yohanes kpɔ dzesi gã aɖe—esi me Mawu ƒe amewo tsɔ ɖe le vevie ŋutɔ. Ehe nyagblɔɖi ƒe ŋutega dodzidzɔname aɖe vɛ, esi ƒe gɔmesese wota zi gbãtɔ ɖe March 1, 1925 ƒe The Watch Tower ƒe nyati si nye “Dukɔ la Dzidzi” me, eye emegbe wogatae le ƒe 1926 me ɖe agbalẽ si nye Deliverance me. Biblia gɔme sese ƒe numekɔkɔ vevi sia va zu nu ɖedzesi aɖe le Yehowa ƒe dɔa ƒe ŋgɔyiyi ƒe ŋutinya me. Eyata na Yohanes naɖɔ nudzɔdzɔa na mí tso eƒe gɔmedzedze be: “Eye wokpɔ dzesi gã aɖe le dziƒo: Nyɔnu aɖe do ɣe, eye ɣleti le eƒe afɔ te, eye [ɣletivi] wuieve ƒe fiakuku le eta, eye fu le eƒo, eye wòle ɣli dom le fuɖuame ŋuti, eye vidzidzi nye dɔ nɛ.”—Nyaɖeɖefia 12:1, 2.
3. Amekae nye nyɔnu si wokpɔ le dziƒo la?
3 Yohanes kpɔ nyɔnu le dziƒo zi gbãtɔ. Gake menye nyɔnu ŋutɔŋutɔe wònye o. Ke boŋ dzesi alo kpɔɖeŋue wònye. (Nyaɖeɖefia 1:1) Nukae wòtsi tre ɖi na? Le nyagblɔɖi siwo tso gbɔgbɔ me me la, ɣeaɖewoɣi la wotsɔa nyɔnuwo tsia tre ɖi na habɔbɔ siwo nye ame ŋkutawo ‘srɔ̃wo.’ Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, woƒo nu tso Israel ŋu abe Yehowa Mawu srɔ̃ ene. (Yeremya 3:14) Le Hela Ŋɔŋlɔawo me la, woƒo nu tso Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea ŋu be wonye Kristo ƒe ŋugbetɔ. (Nyaɖeɖefia 21:9-14) Nyɔnu si Yohanes kpɔ le afisia hã nye ame aɖe srɔ̃, eye eƒe vidziɣi ɖo. Amekae nye srɔ̃a? Emegbe la “wotsɔ via yi Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔ.” (Nyaɖeɖefia 12:5) Yehowa to ema dzi xɔ ɖevia be ye ŋutɔ ye tɔe. Eyata ele be nyɔnu si Yohanes kpɔ la nanye Yehowa srɔ̃ le kpɔɖeŋumɔ nu.
4. Amekawoe nye Mawu srɔ̃ le kpɔɖeŋumɔ nu la ƒe viwo, eye aleke apostolo Paulo yɔ nyɔnu si Yohanes kpɔ lae?
4 Anɔ abe ƒe alafa enyi ene do ŋgɔ la, Yehowa gblɔ na kpɔɖeŋusrɔ̃ sia be: “Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo.” (Yesaya 54:5, 13) Yesu yɔ nyagblɔɖi sia hetsɔ ɖee fia be vi siawoe nye ye yomedzela ɖianukwareawo, amesiwo va zu Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea emegbe. (Yohanes 6:44, 45) Eyata hame sia me tɔ siwo ŋu woƒo nu le be wonye Mawu ƒe viwo la nye Mawu srɔ̃ le kpɔɖeŋumɔ nu la hã ƒe viwo. (Romatɔwo 8:14) Apostolo Paulo tsɔ numeɖeɖe mamlea kpee esime wògblɔ be: “Yerusalem si le dziƒo la le ablɔɖe me, eye eyae nye mía dada.” (Galatiatɔwo 4:26, New World Translation) Ekema ‘nyɔnu’ si Yohanes kpɔ lae nye “Yerusalem si le dziƒo” la.
5. Esi wònye ɣletivi 12 ƒe fiakuku le Yehowa ƒe kpɔɖeŋusrɔ̃ la ta ta la, nukae Yerusalem si le dziƒo la nye ŋutɔŋutɔ?
5 Gake nuka tututue nye Yerusalem si le dziƒo la? Esi Paulo ƒo nu tso eŋu be ele “dziƒo” eye Yohanes kpɔe le dziƒo ta la, edze ƒã be menye anyigba dzi due wònye o; eye menye eya kee nye “Yerusalem yeye” la o, elabena habɔbɔ ma nye Kristo ƒe ŋugbetɔ, ke menye Yehowa srɔ̃ o. (Nyaɖeɖefia 21:2) De dzesii be ɣletivi 12 ƒe fiakuku le eta. Wotsɔna xexlẽme 12 la kuna ɖe blibonyenye le habɔbɔ gome ŋu.a Eyata edze abe ɖe ɣletivi 12 siawo fia be enye habɔbɔ ƒe ɖoɖo si le dziƒo ene, abe alesi blema Yerusalem nɔ le anyigba dzi ene. Yerusalem si le dziƒo la nye Yehowa ƒe xexeame katã ƒe habɔbɔ si me gbɔgbɔ me nuwɔwɔwo le, esi wɔa nu abe srɔ̃a ene le esubɔsubɔ kple vi dzidzi nɛ me.
6. (a) Nukae nyateƒe si wònye be nyɔnu si Yohanes kpɔ la do ɣe eye ɣleti le eƒe afɔ te, eye ɣletiviwo ƒe fiakuku le eta la fia? (b) Nukae nyɔnu funɔa ƒe fuɖuame la tsi tre ɖi na?
6 Yohanes kpɔ nyɔnu sia be edo ɣe eye ɣleti le eƒe afɔ te. Ne míetsɔ ɣletiviwo ƒe fiakuku si le eta la kpe ɖe eŋu la, ekema dziƒokaɖiwo ƒo xlãe keŋkeŋ. Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu zã kple keli. Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔ gã la ƒe dzesi kae nye si sɔ alea! Efɔ fu hã, eye fu le eɖum. Ɣli si dom wòle be Mawu nakpe ɖe ye ŋu la ɖee fia be eƒe vidziɣi ɖo. Le Biblia me la, zi geɖe la wotsɔa fuɖuame tsia tre ɖi na dɔ si wòhiãna be woawɔ sesĩe be nu vevi aɖe nado tso eme la. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 90:2; Lododowo 25:23; Yesaya 66:7, 8.) Ðikeke mele eme o be Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔa lé ku alea esime wònɔ dzadzram ɖo ɖe vidzidzi sia si nye ŋutinya ƒe akpa vevi aɖe la ŋu.
Ʋɔ Driba Dzĩ Gã Aɖe
7. Dzesi bubu kae Yohanes kpɔ le dziƒo?
7 Nukae Yohanes gakpɔ? “Eye wokpɔ dzesi bubu aɖe le dziƒo, eye kpɔ ɖa, ʋɔ driba dzĩ gã aɖe, si ta adre kple dzo ewo li na, eye fiakuku adre le eƒe tawo. Eye eƒe asike he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. Eye ʋɔ driba la tsi tre ɖe nyɔnu, si le vi dzi ge la ƒe ŋku me, bena ne edzi via ko la, ne yeatsɔe ami.”—Nyaɖeɖefia 12:3, 4.
8. (a) Amekae ʋɔ driba dzĩ gã la nye? (b) Nukae ta adre kple dzo ewo si le ʋɔ driba la si eye fiakuku le ta ɖesiaɖe dzi la fia?
8 Ʋɔ driba siae nye Satana, “da xoxo la.” (Nyaɖeɖefia 12:9; Mose I, 3:15) Enye nutsrɔ̃la si wɔa adã—ʋɔ driba alo numila si si ta adre le eye wòate ŋu ami nusi wòlé la keŋkeŋ. Aleke eƒe dzedzeme nye nu wɔmoyaae nye si! Ta adre kple dzo ewo mawo ɖee fia be eyae he dunyahehe ƒe lã wɔadã si eteƒe madidi hafi woaƒo nu tso eŋu le Nyaɖeɖefia ta 13 me o la vɛ. Ta adre kple dzo ewo le lã sia hã si. Esi wònye fiakuku le Satana ƒe ta ɖesiaɖe dzi—ye katã le adre—ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be xexemeŋusẽ siwo ƒe kpɔɖeŋue lã wɔadã ma nye la le eƒe dziɖuɖu te. (Yohanes 16:11) Dzo ewoawo nye alesi wòkpɔ ŋusẽ ɖe xexeme sia dzi bliboe la ƒe kpɔɖeŋu si sɔ.
9. Nukae nyateƒe si wònye be ʋɔ driba la ƒe asike “he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia” ƒu gbe ɖe anyigba la fia?
9 Ŋusẽ le ʋɔ driba la si le gbɔgbɔ me nutowo me hã. Etsɔ eƒe asike “he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia.” Ɣletiviwo ate ŋu atsi tre ɖi na mawudɔlawo. (Hiob 38:7) “Akpa etɔ̃lia” si woyɔ la te gbe ɖe edzi be Satana kplɔ mawudɔla gbogbo aɖewo trae. Esi wova eƒe ŋusẽ te ko la, sisiƒe aɖeke megali na wo o. Womagate ŋu atrɔ ava Mawu ƒe habɔbɔ kɔkɔe la me o. Wova zu gbɔgbɔ vɔ̃wo, abe ɖe woƒe fia alo dziɖula Satana le wo hem ene. (Mateo 12:24) Azɔ hã Satana tsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. Ðikeke mele eme o be esia ku ɖe Noa ƒe ŋkekea ŋu do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa, esime Satana na Mawu ƒe vi sẽtowo va anyigba dzi eye wova ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo. Abe tohehe ene la, Mawu tsɔ ‘mawudɔla wɔnuvɔ̃’ siawo ƒu gbe ɖe nɔnɔme aɖe si le abe gaxɔ me nɔnɔ ene si woyɔ be Tartaro la me.—Mose I, 6:4; Petro II, 2:4; Yuda 6.
10. Habɔbɔ siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu kawoe va dze, eye nukatae ʋɔ driba la di be yeami ɖevia ne nyɔnua dzii?
10 Eyata habɔbɔ eve siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu va dze ƒã—esiwo nye Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔ si nyɔnua tsi tre ɖi na kple Satana ƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe habɔbɔ si tɔa gbe Mawu ƒe fianyenye. Ele be woakpɔ fianyenye ƒe nya gã la gbɔ. Gake le mɔ ka nu? Satana si kpɔtɔ le gbɔgbɔ vɔ̃wo hem le yiyimee la le abe lã wɔadã lénu aɖe si ƒe ŋku le lã si wòalé ŋu la ene. Ele lalam be nyɔnua nadzi vi. Edi be yeami vi sia si wole mɔ kpɔm na la elabena enya be anye afɔku na ye kple xexeme si dzi ɖum yele la ƒe anyinɔnɔ.—Yohanes 14:30.
Ŋutsuvi
11. Aleke Yohanes ɖɔ nyɔnua ƒe vi la dzidzie, eye nukatae woyɔ ɖevia be ‘ŋutsuvi, atsu’?
11 Ɣeyiɣi si woɖo ɖi na dukɔwo be woaɖu dzi eye Mawu made nu eme o la wu enu le ƒe 1914 me. (Luka 21:24) Nyɔnua dzi via ɣemaɣi esime ɣeyiɣia de tututu: “Eye wòdzi ŋutsuvi, si latsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo katã; eye wotsɔ via yi Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔ. Eye nyɔnu la si yi gbedzi, afisi Mawu dzra teƒe aɖe ɖo ɖi nɛ le, bena woanyii le afima ŋkeke akpe ɖeka alafa eve kple blaade.” (Nyaɖeɖefia 12:5, 6) Ðevia nye ‘ŋutsuvi, atsu.’ Nukatae Yohanes gblɔ nya ɖeka sia zi eve? Egblɔe be wòatsɔ afia ɖevia ƒe dzedze kple ŋutete si le esi be wòatsɔ ŋusẽ si sɔ aɖu dukɔwo dzie. Egate gbe hã ɖe alesi vidzidzi sia nye nudzɔdzɔ vevi kple alesi wònye dzidzɔ ƒe ɣeyiɣi la dzi! Ewɔa akpa vevi aɖe le Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔea hehe va nuwuwui me. Vi ŋutsuvi sia “latsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo katã”!
12. (a) Ŋugbe kae Yehowa do le nyagblɔɖi me ku ɖe Yesu ŋu le Psalmowo me? (b) Nukae vi “si latsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo katã” si nyɔnua dzi la tsi tre ɖi na?
12 Ðe nyagbɔgblɔ ma ɖi nya si míese kpɔa? Ẽ, Yehowa do ŋugbe le nyagblɔɖi me ku ɖe Yesu ŋu be: “Àtsɔ gatikplɔ ato wo nyanyanya, eye agbã wo abe zemela ƒe ze ene!” (Psalmo 2:9) Wogagblɔe ɖi ku ɖe eyama ŋu be: “Yehowa ado wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖa tso Zion be: Ðu fia le wò futɔwo titina!” (Psalmo 110:2) Eyata vidzidzi si Yohanes kpɔ la lɔ Yesu Kristo ɖe eme vevie. Ao, menye Yesu si ɖetugbi leaƒe dzi do ŋgɔ na Mía Ŋɔli ƒe ƒe alafa gbãtɔ lae o; eye mate ŋu aku ɖe Yesu fɔfɔ ɖe tsitre ayi gbɔgbɔmegbenɔnɔ me ake le ƒe 33 M.Ŋ. me la hã ŋu o. Hekpe ɖe eŋu la, menye tɔtrɔ ayi agbenɔnɔ bubu mee wònye o. Ke boŋ enye Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzidzi le ƒe 1914 me abe nu ŋutɔŋutɔ ene, eye wotsɔ Yesu—si le dziƒo xoxo ƒe alafa 19 kloe nye sia la—ɖo Fiae azɔ ɖe edzi.—Nyaɖeɖefia 12:10.
13. Nukae ŋutsuvia ‘tsɔtsɔ yi Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔ’ la fia?
13 Yehowa maɖe mɔ be Satana nami Ye srɔ̃ alo Ye viŋutsu vidzĩ la gbeɖe o! Esi wodzi ŋutsuvia la, ‘wotsɔe yi Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔ.’ Eto ema dzi va le Yehowa, amesi alé be na Fiaɖuƒe yeye sia si nye nusi dzi wòato akɔ Eƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu bliboe la ƒe takpɔkpɔ te keŋkeŋ. Le ɣeyiɣi ma ke me la, nyɔnua si yi teƒe si Mawu dzra ɖo ɖi nɛ le gbedzi. Ema ƒe numeɖeɖe bubuwo ava emegbe! Le Satana gome la, nɔnɔmeawo sɔ azɔ be nu vevi aɖe si ana magate ŋu ado ŋɔdzi na Fiaɖuƒea le dziƒo o la nadzɔ. Eyae nye nudzɔdzɔ ka?
Aʋa Dzɔ le Dziƒo!
14. (a) Abe alesi Yohanes gblɔe ene la, nudzɔdzɔ kae na Satana magate ŋu anye afɔku na Fiaɖuƒe la o? (b) Afikae wosika Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo?
14 Yohanes gblɔ na mí be: “Eye aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la. Eye ʋɔ driba kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la, eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o. Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.” (Nyaɖeɖefia 12:7-9) Eyata abe nudzɔdzɔ ɖedzesi aɖe le Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔea hehe va nuwuwui me ene la, wonyã Satana hetsɔe ƒu gbe tso dziƒo, eye wotsɔ eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo kpe ɖe eŋu ƒu gbe ɖe anyigba. Mlɔeba la, wosika amesi ble anyigbadzinɔlawo katã ale gbegbe be wòzu anyigba ƒe mawu la ɖe ɣletinyigba sia si dzi eƒe aglãdzedze dze egɔme le gbã la ƒe nutowo me.—Korintotɔwo II, 4:3, 4.
15, 16. (a) Amekae nye Mixael, eye aleke míewɔ nya? (b) Nukatae wòsɔ be Mixael ye nye amesi tsɔ Satana ƒu gbe tso dziƒo?
15 Amekawoe kpɔ aʋadziɖuɖu gã alea le Yehowa ƒe ŋkɔ me? Biblia gblɔ be Mixael kple eƒe dɔlawoe. Gake amekae nye Mixael? Ŋkɔ “Mixael” gɔmee nye “Amekae Le Abe Mawu Ene?” Eyata Mixael anye amesi tsɔ ɖe le Yehowa ƒe fianyenye ŋu kɔkɔ to eɖeɖe fia be ame aɖeke mate ŋu asɔ kplii o dzi la me la. Le Yuda kpukpui 9 me la, woyɔe be “Mixael, mawudɔla gã la.” Enye nusi ɖe dzesi be le Biblia ƒe akpa bubuwo la, ame ɖeka—Yesu Kristo—koe wozãna dzesideŋkɔ “mawudɔla gã” na.b Paulo gblɔ tso eyama ŋu be: “Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo.” (Tesalonikatɔwo I, 4:16) Dzesideŋkɔ “mawudɔla gã” la gɔmee nye “mawudɔlawo ƒe amegã.” Eyata mewɔ nuku be Nyaɖeɖefia ƒo nu tso “Mixael kple eƒe dɔlawo” ŋuti o. Teƒe bubu siwo Biblia ƒo nu tso mawudɔlawo ŋu le be wobɔbɔ ɖe Mawu ƒe subɔla dzɔdzɔe aɖe te la ku ɖe Yesu ŋu. Eyata Paulo ƒo nu tso “Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo” la ŋuti.—Tesalonikatɔwo II, 1:7; kpɔ Mateo 24:30, 31; 25:31 hã.
16 Ŋɔŋlɔ siawo kple bubuwo na míate ŋu aƒo nya ta bubu tsɔ wu esia o be Mixael menye ame bubu ɖeke tsɔ wu Yesu Kristo si le eƒe dziƒonɔƒe la o. Fifia le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me la, megagblɔna na Satana dzro ko be: “Aƒetɔ [Yehowa] laka mo na wò!” o. Esi wònye ʋɔnudrɔ̃ɣie nye sia ta la, Yesu si nye Mixael tsɔ Satana vɔ̃ɖitɔ la kple eƒe dɔla siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒu gbe tso dziƒo. (Yuda 9; Nyaɖeɖefia 1:10) Esɔ ŋutɔ be Eyae nye Amesi wɔ esia, elabena Eyae nye Fia yeye si woɖo la. Yesue nye Dzidzimevi si ŋugbe wodo le Eden la hã, Amesi ava gbã da xoxo ma ƒe ta mlɔeba ahato ema dzi aɖee ɖa tegbee la. (Mose I, 3:15) To Satana nyanyã tso dziƒo dzi la, Yesu wɔ afɔɖeɖe ɖo ta etsɔtsrɔ̃ mlɔeba ma gbɔ.
“Dzi Nedzɔ Mi, Mi Dziƒowo”
17, 18. (a) Aleke Yohanes gblɔ be wowɔ nu le dziƒoe esime Satana ge tso dziƒo? (b) Afikae gbe gã si Yohanes se la atso kokoko?
17 Yohanes ka nya ta le alesi wowɔ nu dzidzɔtɔe le dziƒo ɖe Satana ƒe anyidzedze gã sia ŋu la ŋuti be: “Eye mese gbe gã aɖe le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Azɔ xɔname kple ŋusẽ kpakple fiaɖuƒe la zu mía Mawu la tɔ, eye ŋusẽ la zu eƒe Kristo la tɔ; elabena wotsɔ mía nɔviwo nutsola, si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli la, ƒu gbe. Eye woɖu edzi to alẽvi la ƒe ʋu kple woƒe ɖaseɖiɖi ƒe nya la me, eye womelɔ̃ woƒe agbe o vaseɖe ku me. Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la!”—Nyaɖeɖefia 12:10-12a.
18 Ameka ƒe gbee nye gbe gã si Yohanes se la? Biblia megblɔe na mí o. Gake gbeɖiɖi ma tɔgbe si ŋuti woka nya ta le le Nyaɖeɖefia 11:17 me la tso amegã xoxo 24 siwo wofɔ ɖe tsitre la gbɔ le woƒe dziƒonɔƒewo, afisi woate ŋu atsi tre ɖi na ame kɔkɔe 144,000 la le azɔ la. (Nyaɖeɖefia 11:18) Eye esi wònye woƒoa nu tso Mawu ƒe subɔla amesiamina siwo yome tim wole, amesiwo kpɔtɔ le anyigba dzi afisia ŋu be “mía nɔviwo” ta la, nyagbɔgblɔ sia ate ŋu atso ame mawo ke gbɔ. Ðikeke mele eme o be anukwareɖila siawo ate ŋu akpɔ gome le nya la gbɔgblɔ me elabena woƒe tsitretsitsi ava ɣeyiɣi kpui aɖe le Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃ hawo nyanyã tso dziƒo la megbe.
19. (a) Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔea nu wuwu ʋu mɔ be Yesu nawɔ nuka? (b) Nukae Satana yɔyɔ be “mía nɔviwo nutsola” la fia?
19 Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔea nu wuwu bia be Yesu nadze dziɖuɖu gɔme le Yehowa ƒe fiaɖuƒea me. Ema ʋu mɔ be Mawu nana eƒe tameɖoɖo gã be yeaɖe ameƒomea me tɔ ɖianukwarewo la nava eme. Menye Yesu ƒe nusrɔ̃la Mawuvɔ̃la siwo le anyigba dzi fifia la koe Yesu hea ɖeɖe vɛ na o, ke ehenɛ vɛ na ame kuku miliɔn manyaxlẽ siwo dzi Mawu ɖoa ŋkui la hã. (Luka 21:27, 28) Satana yɔyɔ be “mía nɔviwo nutsola” la ɖee fia be togbɔ be woɖee fia be Hiob nu si wòtso la nye aʋatso hã la, ekpɔtɔ yi edzi nɔ gbe tɔm Mawu ƒe subɔla siwo le anyigba dzi la ƒe nuteƒewɔwɔ. Edze ƒã be egagblɔ nutsotso si nye be ame atsɔ nusiwo katã le esi la ana ɖe eƒe luʋɔ ta la zi geɖe. Aleke Satana do kpo nu keŋkeŋ enye si!—Hiob 1:9-11; 2:4, 5.
20. Aleke Kristotɔ ɖianukwarewo ɖu Satana dzie?
20 Kristotɔ amesiamina siwo wobu ame dzɔdzɔewoe “to alẽvi la ƒe ʋu . . . me” la yi edzi le ɖase ɖim tso Mawu kple Yesu Kristo ŋuti togbɔ be wole wo yome tim gake. Ƒe alafa ɖeka kple vɔe nye sia si Yohanes habɔbɔ sia le asi fiam nya gã siwo Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣia ƒe nuwuwu le ƒe 1914 me la lɔ ɖe eme. (Luka 21:24) Eye ameha gã la kpe ɖe wo ŋu le subɔsubɔm nuteƒewɔwɔtɔe fifia. Amesiawo dometɔ aɖeke ‘mevɔ̃a amesiwo wua ŋutilã gake womate ŋu awu luʋɔa o la o,’ abe alesi Yehowa Ðasefowo ƒe agbe me nuteƒekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔwo ɖee fia edziedzi le ƒe alafa 20 lia sia mee ene. To nyagbɔgblɔ kple Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ nyui dzi la, woɖu Satana dzi heɖee fia enuenu be aʋatsokalae wònye. (Mateo 10:28; Lododowo 27:11; Nyaɖeɖefia 7:9) Ne wofɔ Kristotɔ amesiaminawo yi dziƒoe la, dzi kae nye si dzɔa wo, le esi Satana megale dziƒo afima be wòatso wo nɔviwo nu o ta! Le nyateƒe me la, ɣeyiɣia de be mawudɔlawo katã natsɔ dzidzɔ awɔ ɖe yɔyɔ be: “Dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la!” dzi.
Vɔ̃ si Va le Ɣeyiɣi Ma Ke Me!
21. Aleke Satana he vɔ̃ va anyigba kple atsiaƒu dzie?
21 Esi vɔ̃ etɔ̃lia na dzi le Satana kum ta la, eɖoe kplikpaa azɔ be yeahe ye ŋutɔ yeƒe vɔ̃ ava ameƒomea dzie. Eyae nye: “Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” (Nyaɖeɖefia 12:12b) Satana nyanyã tso dziƒo nye vɔ̃ na anyigba ŋutɔŋutɔ si amegbetɔ ɖokuitɔdila siwo le eƒe ŋusẽ te le gbegblẽm la vavã. (Mose V, 32:5) Gawu la, mɔ si dzi Satana tona si nye ‘ɖu edzi alo gblẽe’ la hea vɔ̃ vaa kpɔɖeŋu ƒe anyigba si nye ɖoɖo si nu amegbetɔwo le la kpakple kpɔɖeŋu ƒe atsiaƒu si nye ameƒome madzeakɔnyia ŋutɔŋutɔ dzi. Le xexemeʋa eveawo me la, Satana ƒe dziku dze le dukɔ siwo le ete la ƒe dziku me, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe dziku ƒe flafla nenema le edzi yim vaseɖe egbea—gake magayi edzi ɣeyiɣi didi o! (Marko 13:7, 8) Togbɔ be Abosam ƒe aye vɔ̃wo vɔ̃ɖi hã la, womade fuwɔame ƒe dɔ si vɔ̃ etɔ̃lia—si nye nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ—ahe va Satana ƒe habɔbɔ si wokpɔna dzi la nu gbeɖe o!
22, 23. (a) Nukae Yohanes gblɔ be edzɔ le ʋɔ driba la tsɔtsɔ aƒu gbe ɖe anyigba dzi megbe? (b) Aleke ʋɔ driba la te ŋu tia “nyɔnu, si dzi ŋutsuvi la” yomee?
22 Tso esime wonyã Satana wònye dzɔgbevɔ̃e nɛ la, Kristo nɔvi siwo kpɔtɔ le anyigba dzi la ŋue wòɖe eƒe dzikua ɖo koŋ. Yohanes ka nya ta be: “Eye esime ʋɔ driba la kpɔ bena, wotsɔ ye ƒu gbe ɖe anyigba la, eti nyɔnu, si dzi ŋutsuvi la yome. Eye wotsɔ hɔ̃ gã aɖe ƒe aʋala eve na nyɔnu la, bena wòadzo ayi gbedzi ayi ɖe teƒe, afisi woanyii le ɣeyiɣi aɖe kple ɣeyiɣiwo kple ɣeyiɣi afã tso da la ƒe ŋku me.”—Nyaɖeɖefia 12:13, 14.
23 Le afisia la ŋutega la yi nya si wodo ɖa le kpukpui 6 lia me la dzi, esi gblɔ na mí be esi nyɔnua dzi via vɔ la, esi le ʋɔ driba la gbɔ yi gbedzi. Ðewohĩ míanɔ alesi ʋɔ driba la ate ŋu ati nyɔnua yome le ɣeyiɣi si me nyɔnua le dziƒo eye wotsɔ ʋɔ driba la ƒu gbe ɖe anyigba azɔ la biam mía ɖokui. Ðo ŋku edzi be vi siwo nye nyɔnua ƒe dzidzimeviwo le esi le anyigba dzi afisia. Wogblɔ na mí emegbe le ŋutega sia me be Satana ɖe dzi si kui ɖe nyɔnua ŋu la fia to nyɔnua ƒe ƒome yome titi dzi. (Nyaɖeɖefia 12:17) Woate ŋu abu nusi dzɔ ɖe nyɔnua ƒe dzidzime si le anyigba dzi afisia la dzi be edzɔ ɖe nyɔnua ŋutɔ dzi. (Tsɔe sɔ kple Mateo 25:40.) Eye yometiti siawo ava dzidzimevi siwo le anyigba dzi la ƒe zɔhɛ siwo le agbɔ sɔm ɖe edzi la hã dzi.
Dukɔ Yeye
24. Nukae dzɔ ɖe Biblia Nusrɔ̃viwo dzi si ɖi Israel-viwo ɖeɖe tso Egipte?
24 Esime wonɔ xexemeʋa gbãtɔ wɔm la, Yesu nɔviwo yi woƒe ɖaseɖiɖia dzi anukwareɖiɖitɔe alesi woate ŋui. Wowɔ esia togbɔ be Satana kple eyomedzela sẽŋutawo ƒe tsitretsiɖeŋua nu sẽ ɖe edzi gake. Mlɔeba la, wotɔ te Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe dutoƒoɖaseɖiɖi keŋkeŋ kloe. (Nyaɖeɖefia 11:7-10) Ɣemaɣie nusi dzɔ ɖe Israel-viwo dzi le Egipte, amesiwo hã do dzi le teteɖeanyi gã aɖe te la, tɔgbe dzɔ ɖe wo dzi. Ɣemaɣie Yehowa kplɔ wo kabakaba, abe hɔ̃ ƒe aʋala dzie wòkɔ wo ɖo ene, va dedienɔƒe le Sinai-gbedzi. (Mose II, 19:1-4) Nenema kee le ƒe 1918-19 ƒe yometiti sesẽ la megbe la, Yehowa ɖe eƒe ɖasefo siwo nye eƒe nyɔnua teƒenɔlawo la yi gbɔgbɔ me nɔnɔme si me wonɔ dedie le abe alesi gbeadzi nɔ na Israel-viwo ene la me. Esia va nye woƒe gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 55:7-10.
25. (a) Nukae Yehowa dzi le ƒe 1919 me, abe alesi wòdzi Israel-viwo abe dukɔ ene le gbeadzie ene? (b) Amekawoe le dukɔ sia me, eye nuka mee wokplɔ wo vɛ?
25 Le gbeadzi la, Yehowa dzi Israel-viwo abe dukɔ ene, eye wòna woƒe nuhiahiãwo wo le gbɔgbɔ me kple ŋutilã me. Nenema kee tso ƒe 1919 me la, Yehowa dzi nyɔnua ƒe dzidzimevi la abe gbɔgbɔ me dukɔ ene. Menye esia kee nye Mesia Fiaɖuƒe si le dzi ɖum tso dziƒo tso ƒe 1914 me la o. Ke boŋ dukɔ yeye sia me tɔwoe nye ɖasefo amesiamina susɔea siwo le anyigba dzi, amesiwo wokplɔ va gbɔgbɔ me ŋutikɔkɔe ƒe anyigba aɖe dzi le ƒe 1919 me. Esi wonɔ “woƒe nuɖuɖu” nam “wo le ɣeyiɣi nyui dzi” ta la, ŋusẽ ɖo amesiawo ŋu hena dɔ si le ŋgɔ la wɔwɔ.—Luka 12:42; Yesaya 66:8.
26. (a) Ɣeyiɣi didi kae ɣeyiɣi si woyɔ ɖe Nyaɖeɖefia 12:6, 14 la nye? (b) Tameɖoɖo kae nɔ ɣeyiɣi etɔ̃ kple afã la ŋu, ɣekaɣie wòdze egɔme, eye ɣekaɣie wòwu nu?
26 Ɣeyiɣi didi kae Mawu ƒe nyɔnu la ƒe dzidzimevia ƒe dzudzɔa xɔ? Nyaɖeɖefia 12:6 gblɔ be ŋkeke 1,260. Nyaɖeɖefia 12:14 yɔ ɣeyiɣia be ɣeyiɣi aɖe kple ɣeyiɣiwo kpakple ɣeyiɣi afã; ne woagblɔe bubui la, enye ɣeyiɣi etɔ̃ kple afã. Le nyateƒe me la, nyagbɔgblɔ eveawo siaa tsi tre ɖi na ƒe etɔ̃ kple afã, si nye tso ƒe 1919 ƒe ada me vaseɖe ƒe 1922 ƒe kele me le Xexeame ƒe Anyiehenutowo me. Esia nye hayahaya kple ɖoɖo yeye wɔwɔ ƒe ɣeyiɣi tuameɖo aɖe na Yohanes habɔbɔ si wogbugbɔ ɖo anyi la.
27. (a) Abe alesi Yohanes ƒe nyatakakaa gblɔe ene la, nukae ʋɔ driba la wɔ le ƒe 1922 megbe? (b) Tameɖoɖo kae nɔ Satana si esime wòtu yometiti ƒe tɔɖɔɖɔ ɖe Ðasefowo yome?
27 Ʋɔ driba la mena ta o! “Eye da la tu tsi tso eƒe nu me ɖe nyɔnua yome abe tɔsisi ene, bene tɔsisi la nalée ayii.” (Nyaɖeɖefia 12:15) Nukae “tsi . . . abe tɔsisi ene” alo “tɔɖɔɖɔ” la fia? (The New English Bible) Fia Dawid si nɔ anyi le blema la ƒo nu tso ame vɔ̃ɖi siwo tsi tre ɖe eyama ŋu la ŋuti be wonye “gbegblẽ ƒe tɔʋuwo” [“yakamewo ƒe tɔʋuwo,” Young]. (Psalmo 18:5, 6, 17, 18) Nusi Satana he vɛ azɔ la hã nye yometiti si tso yakamewo alo ‘ame gbegblẽwo’ gbɔ nenema ke. Le ƒe 1922 megbe la, Satana tu yometiti ƒe tɔɖɔɖɔ ɖe Ðasefowo yome. (Mateo 24:9-13) Ameƒoƒo ŋutasẽtɔe, ‘fuɖename hehe vɛ to se dzi,’ gaxɔmenɔnɔ, kple amewuwu gɔ̃ hã, to kadede ve na ame, tudada ame, kple tatsotso le ame nu dzi va nɔ esia me. (Psalmo 94:20) Esi woxe mɔ na Satana si woɖi gbɔe be mate ŋu ate ɖe Mawu ƒe dziƒonyɔnua ŋu tẽ o ta la, eɖoe dɔmedzoetɔe be yeadze nyɔnua ƒe dzidzimevi la me tɔ siwo susɔ ɖe anyigba dzi la dzi eye yeatsrɔ̃ wo tẽ alo yeana woaɖe asi le nuteƒewɔwɔ ŋu ale be Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o. Gake woƒe tameɖoɖo kplikpaa la nɔ abe Hiob tɔ ene be: “Nyemasẽ nu le nye fɔmaɖimaɖi ŋu, vaseɖe esime mamia nu o.”—Hiob 27:5.
28. Aleke yometiti ƒe tɔɖɔɖɔ la ɖo sesẽaƒe le Xexemeʋa II mee?
28 Ŋutasesẽ ƒe yometiti ƒe tɔɖɔɖɔ sia ɖo eƒe sesẽaƒe le Xexemeʋa II me. Le Europa la, wolé Ðasefo siwo ade akpe ewo de Nazi-fuwɔamegaxɔwo me, eye akpe geɖe ku. Ðasefo anukwareɖilawo kpe ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe fu ma tɔgbe le aʋafia siwo ɖu Italia, Japan, Korea kple Taiwan dzi la te. Le dukɔ siwo me wobe amewo ate ŋu agblɔ woƒe susu le faa la gɔ̃ hã me la, Katolikotɔwo ƒe Dɔwɔhawo ƒo Ðasefowo, wokɔ aŋɔ kple fu ɖe wo ŋu, eye wonyã wo do go le duwo me. Wogblẽ Kristotɔwo ƒe takpekpewo me eye wonyã ɖevi Ðasefowo le suku.
29. (a) Aleke Yohanes ɖɔ gbɔdzɔe si tso teƒe si womekpɔ mɔ be atso o lae? (b) Aleke ‘anyigba xɔ na nyɔnu’ lae? (d) Nukae ʋɔ driba la yi edzi le wɔwɔm?
29 Gbɔdzɔe va tso teƒe si womenɔ mɔ kpɔm be atso o: “Ke anyigba xɔ na nyɔnua, eye anyigba ke nu, eye wòno tɔsisi, si ʋɔ driba la tu tso eƒe nu me la. Eye dzi ku ʋɔ driba la ɖe nyɔnua ŋuti, eye wòdzo yi aʋa wɔ ge kple nyɔnua ƒe ƒome, siwo susɔ, amesiwo léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.” (Nyaɖeɖefia 12:16, 17) “Anyigba”—si nye nusiwo le Satana ŋutɔ ƒe nuɖoanyia me—dze “tɔsisi” alo ‘tɔɖɔɖɔ’ la nono gɔme. Le ƒe 1940 ƒe ƒeawo me la, wodrɔ̃ nya siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu le United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ la tsɔ de Ðasefowo dzi, eye dziɖula siwo nɔ dukɔ bubuwo me hã wɔe nenema, eye esiawo na tadedeagu ƒe ablɔɖe nɔ anyi. Mlɔeba la, dukɔ siwo wɔ ɖeka kple Britania la mi Nazi- kple Fasitɔwo ƒe dziɖuŋusẽa, eye wòna Ðasefo siwo kpe fu le ŋutasẽdziɖuɖu mawo te la kpɔ gbɔdzɔe. Yometitiwo metɔ te keŋkeŋ o, elabena ʋɔ driba la ƒe dziku la yi edzi vaseɖe egbea, eye eyi edzi le aʋa wɔm kple amesiwo “Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.” Le dukɔ geɖe me la, Ðasefo wɔnuteƒewo kpɔtɔ le gaxɔ me, eye wo dometɔ aɖewo kpɔtɔ le kukum le woƒe nuteƒewɔwɔ ta. Gake le dukɔ siawo dometɔ aɖewo me la, dziɖulawo ɖea woƒe teteɖeamedzia dzi kpɔtɔna ɣeaɖewoɣi, eye Ðasefowo sea vivi le ablɔɖe geɖe wu me.c Eyata le nyagblɔɖia ƒe emevava me la, anyigba la yi edzi le yometiti ƒe tɔsisi la nom.
30. (a) Anyigba la na gbɔdzɔe si sɔ gbɔ nyuie ale be nuka le dzɔdzɔm? (b) Nukae Mawu ƒe amewo ƒe nuteƒewɔwɔ he vɛ?
30 To mɔ sia dzi la, anyigba la na gbɔdzɔe si sɔ gbɔ nyuie ale be Mawu ƒe dɔa te ŋu keke ta ɖo dukɔ siwo wu 200 me eye nya nyuia ƒe gbeƒãɖela ɖianukware siwo wu miliɔn ene do tso eme. Dukɔwo dome ameha gã aɖe si nye xɔsetɔ yeyewo kpe ɖe nyɔnua ƒe dzidzimevia ƒe ame susɔeawo ŋu le wɔwɔm ɖe Mawu ƒe se siwo ku ɖe ɖokui ɖeɖe ɖe vovo tso xexeame gbɔ, agbenyuinɔnɔ, kple havilɔlɔ̃ ŋu la dzi, eye wole ɖase ɖim tso Mesia Fiaɖuƒea ŋu. Woƒe nuteƒewɔwɔ la ɖo Satana ƒe vlodoame ƒe gbetɔamea ŋu, ale be Satana kple eƒe nuɖoanyia ƒe kuɣi ɖo.—Lododowo 27:11.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Tsɔe sɔ kple ŋutilã me Israel ƒe to 12 la, apostolo 12 la, gbɔgbɔ me Israel ƒe to 12 la, kpakple Yerusalem Yeyea ƒe agbo 12, mawudɔla 12 kple gɔmeɖokpe 12 la.—Nyaɖeɖefia 21:12-14.
b Gake de dzesii be Nyaɖeɖefia 12:9 ƒo nu tso “ʋɔ driba gã . . . kple . . . eƒe dɔlawo” ŋuti. Eyata menye ɖeko Abosam wɔ eɖokui alakpamawu o, ke egadze agbagba hã be yeazu mawudɔla gã togbɔ be Biblia meyɔ dzesideŋkɔ ma nɛ gbeɖe o gake.
c Ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ siwo le anyigba geɖe dzi na gbɔdzɔe Yehowa Ðasefowo; woŋlɔ nyametsotso siawo dometɔ aɖewo ɖe aɖaka si le axa 92 la me.
[Aɖaka si le axa 185]
“Anyigba Ke Nu”
Satana ƒe yometiti ƒe tɔɖɔɖɔ si va le vo me la va Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo dzi le dukɔ geɖe me. Gake zi geɖe la, nusiwo dzɔ le Satana ŋutɔ ƒe nuɖoanyia me la no tɔɖɔɖɔ ma.
Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe nyametsotso siwo de ame dzi la no nuvlowɔlawo ƒe hawo ƒe hoho ɖe ame ŋu kple amedede gaxɔ me ƒe tɔɖɔɖɔ si va le United States le ƒe 1940 ƒe ƒeawo me la ƒe akpa gãtɔ
Ƒe 1945: Britaniatɔwo kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kpli wo ƒe aʋadziɖuɖu le Xexemeʋa II me la na ŋutasesẽ ƒe yometiti si nɔ dukɔ siwo dzi Germania kple Japan kpɔ ŋusẽ ɖo me la tɔ te.
Esime woɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi le Dominikan Repɔblik la, wode Ðasefowo gaxɔ me, woƒo wo, eye wotsɔ tuzɔwo tu woe. Le ƒe 1960 me la, ŋutasẽdziɖula Rafael Trujillo kple Roma Katoliko-sɔlemeha la dome si gblẽ la na woɖe asi si woɖo Yehowa Ðasefowo dzi la ɖa.
Tudada Ðasefowo, dzo tɔtɔ wo, wo gbɔ dɔdɔ sesẽe, wo ƒoƒo, fu wɔwɔ wo, kple wo wuwu le dukɔmeviwo ƒe aʋa aɖe si wowɔ le Nigeria me la tɔ te le ƒe 1970 me esime dziɖuɖua ƒe asrafowo ɖu nuto si dze aglã si me nusiawo nɔ dzɔdzɔm le la dzi.
Le Spania la, woge ɖe aƒewo me akpasesẽtɔe eye wodo fe na Kristotɔwo hede wo gaxɔ me le nuƒoƒo tso Mawu ŋu kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo wɔwɔ ƒe “nuvɔ̃” la ta. Yometiti sia wu nu mlɔeba le ƒe 1970 me esime dziɖuɖu yeye si va la ɖe asi si woɖo Yehowa Ðasefowo dzi la ɖa.
Le Portugal la, woka aƒe geɖe me esime womelé esia wɔwɔ ƒe mɔnagbalẽvi ɖe asi hafi o. Wowɔ nuvevi Ðasefowo hede wo gaxɔ me, eye woxɔ woƒe Bibliawo le wo si. ‘Wono’ nuvlowɔwɔ sia esime tɔtrɔ kpata aɖe si asrafowo wɔ le ƒe 1974 me ɖo dziɖuɖu yeye anyi eye wode se si na takpekpe ƒe ablɔɖe ame la.
Le Argentina la, wonyã Yehowa Ðasefowo ƒe viwo le suku esime asrafowo ƒe dziɖuɖu aɖe ye nɔ zia dzi, eye wolé Ðasefowo le dukɔa katã me le nya nyuia si wole gbe ƒã ɖemee ta. Yometiti sia wu nu mlɔeba le ƒe 1984 me esime dziɖuɖu si nɔ zia dzi ɣemaɣi la da asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Habɔbɔa dzi le se nu.
[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 183]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Ƒe 1914 Fiaɖuƒe la dzidzi
1919 Dukɔ yeye dzidzi
1919–1922 Hayahaya ƒe ɣeyiɣi
1922– Yometiti ƒe tɔɖɔɖɔ
[Nɔnɔmetata siwo le axa 182]
Baba na anyigba