Dzɔdzɔenyenye Vavãtɔ Ɣekaɣie Eye Alekee?
MELE be ame maɖifɔwo navɔ̃ naneke ne dzɔdzɔenyenye vavãtɔ li o. Le nyateƒe me dumevi siwo le afisiafi ada akpe ne ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo le woƒe dukɔ me si na wokpɔa egbɔ be wodrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe. Sewo, kpovitɔ siwo na wowɔa wo dzi, kple ʋɔnudrɔ̃ƒe siwo drɔ̃a nya dzɔdzɔe la nɔa ɖoɖo sia me. Kristotɔ vavãwo wɔna ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃me be ‘woabɔbɔ wo ɖokui na dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na’ dzi tsɔ dea bubu dukɔ si me wole ƒe senyawo ŋu.—Romatɔwo 13:1-7.
Gake wowɔ vodada gblẽnu siwo nye ŋukpenyawo le dukɔ geɖe ƒe ʋɔnudrɔ̃nyawo me.a Le esi woahe to na agɔdzelawo eye woakpɔ fɔmaɖilawo ta teƒe la, ɣeaɖewoɣi fɔmaɖilawoe wohea to na ɖe hlɔ̃nu siwo womewɔ o ta. Ame aɖewo hã nɔa game ƒe gbogbo aɖewo, eye ɖeko wova ɖea asi le wo ŋu hafi woƒe ƒewo dena evɔ womenyana nenye be ɖe yewodze agɔ loo alo ɖe wòdze be woade yewo game hafi o. Eyata ame geɖe biana be, Ðe woava drɔ̃ nya dzɔdzɔe ŋutɔŋutɔ na amesiame gbaɖegbea? Ne nenemae la, ke ɣekaɣie eye alekee? Ameka ŋue míate ŋu aɖo ŋu ɖo be wòakpɔ fɔmaɖilawo ta? Eye mɔkpɔkpɔ kae li na amesiwo wodrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ na?
Dzɔdzɔenyenye Trɔ Gbo
Le ƒe 1980 ƒe ƒeawo me la, “ʋɔnunya siwo wɔ dɔ ɖe ame dzi wu ɖesiaɖe le aʋaƒeawo megbe dometɔ ɖeka” dzɔ le Germany, esime wode vinɔ aɖe game be wòanɔ afima vaseɖe eƒe kugbe le esi wòwu vianyɔnuvi eve ta. Gake le ƒe aɖewo megbe la, wogbugbɔ dzro nya siwo wotsɔ ɖe eŋu me, eye woɖee le game be woagadrɔ̃ nya la. Die Zeit ka nya ta le ƒe 1995 me be “anye be wodrɔ̃ nya madzɔmadzɔ” le ʋɔnudɔdrɔ̃ gbãtɔa me. Vaseɖe esime míenɔ nyati sia ŋlɔm la, nyɔnu sia nɔ game ƒe asieke xoxo eye menya nenye ɖe wòdze agɔ loo alo medze agɔ o.
Le fiẽ aɖe me le November 1974 la, woda bɔmb eve ɖe Birmingham, England, ƒe ablɔgã me eye ame 21 ku. Chris Mullen si le Sewɔtakpekpe me ŋlɔ be, enye nudzɔdzɔ aɖe si “Birmingham-nɔla aɖeke maŋlɔ be gbeɖe akpɔ o.” Emegbe la, “wobu fɔ ŋutsu ade ɖe amewuwu gãtɔ kekeake le Britain ƒe ŋutinya me ta.” Wova te fli ɖe woƒe fɔbubua me emegbe—gake ŋutsuawo nɔ gaxɔ me ƒe 16 vɔ xoxo!
Amenuɖela Ken Crispin ka nya ta le ʋɔnunya aɖe si “wɔ dɔ ɖe amewo dzi si tɔgbe medzɔ kpɔ woŋlɔ ɖe Australiatɔwo ƒe seŋutinyawo me o” ŋu. Ƒome aɖe ƒu asaɖa anyi ɖe Ayers Rock eye woƒe vidzĩ bu, eye womegakpɔe gbeɖe o. Wotsɔ amewunya ɖe vinɔa ŋu, wobu fɔe, eye wodee game be wòanɔ afima vaseɖe eƒe kugbe. Le ƒe 1987 me esime wònɔ game ƒe etɔ̃ megbe la, wokpɔe le numekuku si setɔwo wɔ me be nya siwo wotsɔ ɖe eŋu mesɔ be woadee game o. Woɖe asi le eŋu eye wotsɔe kee.
Wowu ɖetugbi aɖe si xɔ ƒe 18 le United States ƒe anyiehe gome le ƒe 1986 me. Wotsɔ nya ɖe ŋutsu aɖe si le eƒe ƒe blaeneawo me ŋu, wobu fɔe, eye wotso kufia nɛ. Wosikae ɖi ƒe ade sɔŋ wònɔ ewuwu lalam hafi wova kpɔe be hlɔ̃nua metsɔ egbɔ kura o.
Ʋɔnu madzɔmadzɔ dɔdrɔ̃ madzɔkpɔwoe kpɔɖeŋu siawo nyea? David Rudovsky si le Pennsylvania Yunivɛsiti ƒe Sesrɔ̃ƒe gblɔ be: “Mele sedɔ wɔm anye ƒe 25 fifia eye mekpɔ nya geɖe teƒe kpɔ. Magblɔ be amesiwo wobua fɔe la . . . dometɔ atɔ̃ va ɖo 10 le alafa me meɖi fɔ kura hafi o.” Crispin bia nya ɖefuname sia be: “Ðe ame maɖifɔ bubuwo kpɔtɔ le gaxɔwo me nublanuitɔea?” Aleke wòdzɔnae be wowɔa vodada gã siawo?
Amegbetɔ ƒe Ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo—Kple Amegbetɔ ƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo
Britain ƒe Nyagbugbɔdrɔ̃ƒea gblɔ le ƒe 1991 me be: “Amegbetɔ ƒe ɖoɖo aɖeke made blibo akpɔ o.” Ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo ate ŋu anɔ dzɔdzɔe eye woaka ɖe edzi ne amesiwo wɔe eye wokpɔa eta le dzɔdzɔe eye kakaɖedzi le wo ŋu. Vodada, anukwaremaɖimaɖi, kple nazãbubu le amewo me. Eyata mewɔ nuku be gbagbãƒe siawo dzena le amegbetɔ ƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo me o. Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ.
Ʋɔnudrɔ̃la Rolf Bender si tso Germany gblɔ be, le hlɔ̃nya 95 le alafa me la, wote ŋu zãa ɖaseɖilawo ƒe nyagbɔgblɔwo abe kpeɖodzi ene tsɔ tsoa nya mee. Gake ɖe woate ŋu aɖo ŋu ɖe ɖaseɖila mawo ŋu le ʋɔnu ɣesiaɣia? Ʋɔnudrɔ̃la Bender mekpɔe nenema o. Eƒe akɔntabubu fia be ɖaseɖila siwo va toa nya le ʋɔnu la ƒe afã daa alakpa. Nya ma tɔgbee Bernd Schünemann si nye nufialagã bubudzenatɔ si fiaa hlɔ̃sewo le Munich ƒe Yunivɛsiti, Germany, hã gblɔ. Esi Die Zeit bia gbe Schünemann la, eɖo kpe edzi be ɖaseɖilawo ƒe nyagbɔgblɔwoe nyea kpeɖodzinya vevitɔwo—togbɔ be kakaɖedzi menɔa wo ŋu o hã. “Magblɔ be susu vevi si ta wodrɔ̃a nya madzɔmadzɔe nye be ʋɔnudrɔ̃la la nɔa te ɖe ɖaseɖilawo ƒe nyagbɔgblɔ siwo ŋu kakaɖedzi mele o dzi.”
Ðaseɖilawo daa vo; kpovitɔwo hã daa vo. Vevietɔ ne hlɔ̃nu aɖe na amewo do dɔmedzoe vɔ la, ezua dzizizi na kpovitɔwo be woalé ame. Le nɔnɔme mawo me la, nu gloa kpovitɔ aɖewo wokpaa ɖaseɖinyawo alo wozia nya ɖe ame aɖe si ŋu wobu vɔ̃ ɖo dzi. Esi woɖe asi le ŋutsu ade siwo wode game be woawoe da bɔmb ɖe Birmingham ŋu vɔ la, tanya sia dze le Britain ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ The Independent me be: “Wobu Fɔ Kpovitɔ Fitiwo ɖe Ame Ade Siwo Wode Game Ta.” The Times gblɔ be: “Kpovitɔawo da alakpa, wokpa nya, eye woflu ame.”
Le go aɖewo me la, nazãbubu ate ŋu ana kpovitɔwo kple amewo nabu agɔdzedze ɖe amesi ƒe ŋutigbalẽ, subɔsubɔha, alo dukɔ to vovo ŋu. Abe alesi U.S.News & World Report gblɔ ene la, hlɔ̃nya gbɔ kpɔkpɔ ate ŋu atrɔ azu “ameƒomevinyenye ƒe nya tsɔ wu be woada nyaawo akpɔ.”
Ne wotsɔ nya ɖo ʋɔnu ko la, menye ɖaseɖilawo ƒe nyawo koe kpɔa ŋusẽ ɖe edzi o ke dzɔdzɔmeŋutinunya me kpeɖodziwo hã ye. Le ʋɔnunyaʋiʋli siwo va le sesẽm ɖe edzi me la, woate ŋu abia tso ʋɔnudrɔ̃la alo ʋɔnunyamedzroha si be woanɔ te ɖe tu alo tukpe ƒe nɔnɔme dzi alo alé ŋku ɖe asibidenudzesiwo, asinuŋɔŋlɔ, ʋu ƒe nɔnɔme, ɖa ƒe amadede, avɔkawo, alo domenyiŋusẽmãnuwo dzi abu agɔdzedze alo fɔmaɖimaɖi na ame. Senyala aɖe gblɔ be ʋɔnudrɔ̃ƒewo dzea ŋgɔ “dzɔdzɔmeŋutinunyala gagã siwo va ɖea nya siwo gɔmesese sesẽ wu gbɔgblɔ me.”
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, magazine si nye Nature gblɔ be menye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo katãe lɔ̃na ɖe ʋɔnunyaʋiʋli me kpeɖodziwo ŋuti numeɖeɖewo dzi o. “Anɔ eme be dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo nye nyadrɔ̃lawo tɔ dzɔ ne woƒe nu mesɔ o.” Ewɔ nublanui be “ʋɔnunyaʋiʋli me kpeɖodzi dadawoe na wobu fɔ ame geɖe madzemadzee.”
Afika kee míeɖale o, amegbetɔ ƒe vodadawo nɔa ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo katã zãm wole fifia me. Eyata ameka ŋue míate ŋu aɖo ŋu ɖo be wòakpɔ ame maɖifɔwo ta? Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be dzɔdzɔenyenye vavãtɔ ava gbaɖegbea? Eye mɔkpɔkpɔ kae li na amesiwo wodrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ na?
“Nye Yehowa Melɔ̃a Nya Dzɔdzɔe”
Ne wòdzɔ be wodrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ na wò loo alo wò ƒometɔ aɖe la, Yehowa Mawu kple Via, Yesu, wonya nusi me tom nèle. Ʋɔnu madzɔmadzɔ vɔ̃ɖitɔ kekeake si wodrɔ̃ kpɔe nye esime wowu Kristo ɖe fuwɔameti ŋuti. Apostolo Petro gblɔ na mí be Yesu “mewɔ nuvɔ̃ aɖeke o.” Gake aʋatsoɖaseɖilawo va tso enu, wobu fɔe, eye wowui.—Petro I, 2:22; Mateo 26:3, 4, 59-62.
Bu alesi Yehowa ase le eɖokui me le ŋlɔmi si wowɔ ɖe Via ŋu ŋuti kpɔ! Dzɔdzɔenyenye nye Yehowa ƒe nɔnɔme veviwo dometɔ ɖeka. Biblia gblɔ na mí be: “Eƒe mɔwo katã dzɔ.”—Mose V, 32:4; Psalmo 33:5.
Yehowa na ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo nyuitɔ kekeake Israel-dukɔa. Ne wowu ame eye womenya amewula la o la, wosaa vɔ tsɔ léa avu ɖe amea ƒe ku ta. Menyea dzizizi be woakpɔ ta na hlɔ̃nya ɖesiaɖe kokoko ahabu fɔ ame maɖifɔ o. Wometsona ko bua nya aɖewo ŋu alo zãa dzɔdzɔmeŋutinunya me kpeɖodzi aɖewo tsɔ bua fɔ ame be ewu ame o; ele be ame eve ya teti nanye ɖaseɖilawo. (Mose V, 17:6; 21:1-9) Kpɔɖeŋu siawo fia be dzidzenu kɔkɔwo le Yehowa si eye edi vevie be woadrɔ̃ ʋɔnu le mɔ nyuitɔ nu. Le nyateƒe me egblɔ be: “Nye Yehowa melɔ̃a nya dzɔdzɔe.”—Yesaya 61:8.
Ele eme baa be amegbetɔ siwo ŋu vodada le abe míawo ke ene si mee Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖoa nɔ. Edzɔ ɣeaɖewoɣi be womedrɔ̃ nya dzɔdzɔe o. Fia Salomo ŋlɔ be: “Ne èle ame dahewo teteɖeanyi kple nya dzɔdzɔe tsitsri kpakple dzɔdzɔenyenyetsitsri kpɔm le anyigba dzi la, nya la megawɔ nuku na wò o.”—Nyagblɔla 5:7.
Yehowa te ŋu ɖɔ ʋɔnu madzɔmadzɔ si wodrɔ̃ Via ɖo. Kaka ɖe nya sia dzie do ŋusẽ Yesu, amesi “do dzi kpe [fuwɔameti] ƒe fu . . . le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta.” Nenema ke dzidzɔmɔkpɔkpɔ be míava nɔ paradisonyigba si dzi Mesia la aɖu, si me dzɔdzɔenyenye anɔ la, ate ŋu ado ŋusẽ mí be míado dzi ne míese wodrɔ̃ nya madzɔmadzɔ na ame aɖe alo wodrɔ̃e na mí le nuɖoanyi xoxo sia me gɔ̃ hã. Nuvevi alo vɔ̃ aɖeke meli si Yehowa mate ŋu aɖɔ ɖo le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi o. Woafɔ amesiwo ku le ʋɔnu madzɔmadzɔ dɔdrɔ̃ ta gɔ̃ hã ɖe tsitre.—Hebritɔwo 12:2; Dɔwɔwɔwo 24:15.
Ne wodrɔ̃ nya madzɔmadzɔ na mí la, míate ŋu ada akpe be se ɖe mɔ ɖe afɔɖeɖe aɖewo ŋu le ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo geɖe me siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖɔ nɔnɔmea ɖo. Kristotɔwo ate ŋu aɖe afɔ mawo. Gake woaɖo ŋku nya sia dzi be: Ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo madeblibowo nye kpeɖodzi be amegbetɔƒomea hiã ɖɔɖɔɖo blibo. Nu ma adzɔ kpuie—Mawue awɔe.
Madidi o Yehowa aɖe nuɖoanyi madzɔmadzɔ sia ɖa eye wòatsɔ nuɖoanyi yeye si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” la aɖo eteƒe. Kakaɖedzi blibo nenɔ mía si be mía Wɔla la ato eƒe Mesia Fia, Yesu Kristo dzi, adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe. Dzɔdzɔenyenye vavãtɔ ava na amesiame kpuie! Aleke gbegbe míedaa akpe ɖe mɔkpɔkpɔ sia tae nye si.—Petro II, 3:13.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le nya siwo míegblɔ le afisia nu la, menye ɖe Gbetakpɔxɔ le gbɔgblɔm be ame aɖe ɖi fɔ loo alo meɖi fɔ o, eye menye ɖe magazinea le dukɔ aɖe ƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo dzi dem be enyo wu dukɔ bubu tɔ o. Gawu la, magazine sia meʋlia tohehe aɖe ta be enyo wu bubu o. Nyateƒenya siwo amesiame nya le esime wonɔ nyati sia ŋlɔm ko gblɔm nyati sia le.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]
Ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo madeblibowo—kpakple dziɖuɖu fitifitiwo, subɔsubɔha ɖigbɔwo, kple asitsatsa manɔsenu—nye kpeɖodzi be amegbetɔƒomea hiã ɖɔɖɔɖo blibo
[Aɖaka si le axa 28]
Akɔfafa Si Tso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo Me
Le November 1952 me la, Derek Bentley kple Christopher Craig gbã ʋɔ ge ɖe adzɔnudzraɖoƒe aɖe me le Croydon, si te ɖe London, England, ŋu. Bentley xɔ ƒe 19 eye Craig xɔ ƒe 16. Woyɔ kpovitɔwo vɛ eye Craig da tu kpovitɔawo dometɔ ɖeka hewui. Craig nɔ game ƒe asieke, gake wode ka ve na Bentley ɖe amewuwu ta le January 1953 me.
Bentley nɔvinyɔnu Iris, ʋli eta ƒe 40 sɔŋ be yeakɔ eŋu be mewu ame o. Le 1993 me la, Fiahawo ɖe kuku ɖe nyametsotsoa ta, wolɔ̃ ɖe edzi be mehiã be woade ka ve na Derek Bentley kura hafi o. Iris Bentley ŋlɔ nu tso nyaa ŋu le agbalẽ si nye Let Him Have Justice (Midrɔ̃ Nya Dzɔdzɔe Nɛ) me be:
“Ƒe ɖeka do ŋgɔ na amewuwua la, edo go Yehowa Ðasefo aɖe le ablɔdzi . . . Nɔvinyɔnu Lane ƒe aƒe le Fairview Road si medidi tso mía gbɔ o eye ekpea Derek be wòava ye ƒeme ava se Biblia ŋutinyawo. . . . Nu nyui aɖee nye be wolé Biblia ŋutinya siwo nɔ Nɔvinyɔnu Lane si ɖe agba dzi, eye wòɣea wo nɛ [esi nu menyaxlẽna na Derek o ta]. . . . Zi geɖe ne [Derek] gbɔ la, eva gblɔa nya siwo wòse la nam, siwo ƒe ɖee nye be míagagbɔ agbe ne míeku.”
Iris Bentley yi ɖasrã nɔviaŋutsua kpɔ esime wònɔ lalam be woava wui. Aleke wòse le eɖokui mee? “Nya siwo Nɔvinyɔnu Lane gblɔ nɛ la lée ɖe te le ŋkeke ʋee mawo me.”—Míawoe te gbe ɖe edzi.
Ne èkpe fu le nya madzɔmadzɔ dɔdrɔ̃ ta la, aɖe vi na wò ne èxlẽ Biblia me nyateƒeawo hede ŋugble le wo ŋu. Nusia ate ŋu afa akɔ na wò ale gbegbe, elabena Yehowa Mawu nye ‘dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu, amesi faa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me.’—Korintotɔwo II, 1:3, 4.
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Wodrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ vɔ̃ɖi aɖe esime wowu Kristo